INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 66
  • Izebel—Fianyɔnu Vɔ̃ɖi Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Izebel—Fianyɔnu Vɔ̃ɖi Aɖe
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wohe To Na Fianyɔnu Vɔ̃ɖi Aɖe
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Míaƒe Ɣeyiɣia Hiã Nu Wɔwɔ Kpata
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ekpɔ Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Teƒe Gake Edo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • “Ahab Ƒe Aƒe Blibo La Katã Atsrɔ”—2Fi 9:8
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 66
Ŋutsu siwo le fiasãa me la le Fianyɔnu Izebel kɔm be yewoatsɔe aƒu gbe to fesre nu

ŊUTINYA 66

Izebel—Fianyɔnu Vɔ̃ɖi Aɖe

LE FIA Yerobeam ƒe ku megbe la, fia ɖesiaɖe, si ɖu Israel ƒe to 10 fiaɖuƒea dzi la vɔ̃ɖi. Fia Axab ye vɔ̃ɖi wu wo katã. Ènya nusitaea? Susu vevi ɖeka, si ta lae nye srɔ̃a, Fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel.

Izebel menye Israel-nyɔnu o. Enye Zidon-fia vinyɔnu. Esubɔa alakpamawu Baal, eye wònana Axab kple Israeltɔ geɖe hã subɔa Baal. Izebel lé fu Yehowa, eye wòwua eƒe nyagblɔɖila geɖe. Ame aɖewo be ɖe agadowo me be womagawu wo o. Ne Izebel le nane dim la, ewua ame kura gɔ̃ hã be eƒe asi nasu edzi.

Gbeɖeka la, Fia Axab lé blanui vevie. Eye Izebel biae be: ‘Nukatae nèlé blanui egbea?’

Axab ɖo ŋu be: ‘Nusi Nabot gblɔ nam egbea la tae. Medi be maƒle eƒe weingble la. Gake ebe yemadzrae nam o.’

Izebel gblɔ be: ‘Mègaxa nu o. Maxɔe na wò.’

Eye Izebel ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe afisi Nabot le la ƒe dumegãwo. Egblɔ na wo be: ‘Midi yakame aɖewo ne woagblɔ be Nabot do ɖiŋu na Mawu kple fia la, eye miakplɔ Nabot ado goe ɖe dua godo aƒu kpee wòaku.’

Esi Izebel se be Nabot ku teti ko la, egblɔ na Axab be: ‘Azɔ heyi nàxɔ eƒe weingble la.’ Ðe mèxɔe se be ele be woahe to na Izebel le ŋɔdzinu, si wòwɔ la ta oa?

Eyata emegbe la, Yehowa dɔ Yehu be wòahe to nɛ. Esi Izebel se be Yehu gbɔna la, esi nu ɖe eƒe ŋkuwo, eye wòdze agbagba ɖo atsyɔ̃ na eɖokui be yeanya kpɔ. Gake esi Yehu va, eye wòkpɔ Izebel le fesre nu la, egblɔ na amesiwo le fiasa la me be: ‘Mitutui ƒu anyi!’ Ameawo tu asii ƒu anyi abe alesi nàte ŋu akpɔe le nɔnɔmetataa me ene. Wotu asii ƒu anyigba wòku. Fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel ƒe nuwuƒee nye esia.

Fiawo I, 16:29-33; 18:1-4; 21:1-16; Fiawo II, 9:30-37.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe