NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME
“Ahab Ƒe Aƒe Blibo La Katã Atsrɔ”—2Fi 9:8
YUDA FIAÐUƑE
Yehosafat zu fia
Ƒe 911 lɔƒo: Yehoram (Yehosafat viŋutsu; si nye Ahab kple Izebel vinyɔnu Ataliya srɔ̃) ɖeka koe nɔ dzi ɖum
Ƒe 906 lɔƒo: Ahaziya (Ahab kple Izebel viŋutsu ƒe vi) zu fia
Ƒe 905 lɔƒo: Ataliya wu fiaƒomea me tɔwo katã eye wòxɔ fiazikpuia. Mamayɔvia Yehoas koe tsi agbe elabe Nunɔlagã Yehoyada tsɔe ɣla.—2Fi 11:1-3
Ƒe 898: Yehoas zu fia. Nunɔlagã Yehoyada na wowu Fianyɔnu Ataliya.—2Fi 11:4-16
ISRAEL FIAÐUƑE
Ƒe 920 lɔƒo: Ahaziya (Ahab kple Izebel viŋutsu) zu fia
Ƒe 917 lɔƒo: Yehoram (Ahab kple Izebel viŋutsu) zu fia
Ƒe 905 lɔƒo: Yehu wu Israel fia Yehoram kple nɔviaŋutsuwo, Yehoram dada (Izebel), kple Yuda fia Ahaziya kple nɔviaŋutsuwo.—2Fi 9:14–10:17
Ƒe 904 lɔƒo: Yehu dze fiaɖuɖu gɔme