INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 74
  • Ŋutsu Si Mevɔ̃na O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋutsu Si Mevɔ̃na O
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yeremiya Medzudzɔ Yehowa Ƒe Nya Gbɔgblɔ Na Amewo O
    Fia Nu Viwòwo
  • Esubɔ ‘Le Ŋkekeawo Ƒe Nuwuɣi’
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • Yehowa Dɔ Yeremiya Be Wòaɖe Gbeƒã
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • “Metsɔ Nye Nyawo Le Nuwò Dem”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 74
Nyagblɔɖila Yeremiya le nu xlɔ̃m Israel-viwo vɔvɔ̃manɔmee, gake ɖeko wole ekom

ŊUTINYA 74

Ŋutsu Si Mevɔ̃na O

KPƆ, amesiawo le ɖekakpui sia kom. Ènya amesi wònyea? Yeremyae. Mawu ƒe nyagblɔɖila vevi aɖee wònye.

Esi Fia Yosiya dze legbawo gbagbã gɔme le anyigba dzi megbe teti ko la, Yehowa gblɔ na Yeremya be wòanye Yeƒe nyagblɔɖila. Gake Yeremya bu be yemetsi ne yeanye nyagblɔɖila o. Gake Yehowa gblɔ be yeakpe ɖe eŋu.

Yeremya gblɔ na Israel-viwo be woadzudzɔ nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ. Egblɔ be: ‘Mawu, si dukɔwo subɔna la, alakpamawuwo wonye.’ Gake Israel-vi geɖe subɔ legbawo hegblẽ Mawu vavã, Yehowa, ya ɖi. Esi Yeremya gblɔ na ameawo be Mawu ahe to na wo le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta la, ɖeko wonɔ ekom.

Ƒewo va yi, Yosiya ku, eye ɣleti etɔ̃ megbe la, viaŋutsuvi Yoyakim zu fia. Yeremya nɔ egbɔgblɔ dzi na dukɔ la bena: ‘Ne mietrɔ miaƒe mɔ vɔ̃wo o la, woatsrɔ̃ Yerusalem.’ Nunɔlawo léa Yeremya hedoa ɣli be: ‘Ele be woawu wò le nya siawo gbɔgblɔ ta.’ Eye wogblɔna na Israel-amegãwo bena: ‘Ele be woawu Yeremya, elabena eƒo nu tsi tre ɖe míaƒe du la ŋu.’

Nuka wɔ ge Yeremya ala fifia? Mele vɔvɔ̃m o! Egblɔ na wo katã be: ‘Yehowae dɔm be magblɔ nya siawo na mi. Ne mietrɔ miaƒe agbenɔnɔ vɔ̃wo o la, Yehowa atsrɔ̃ Yerusalem. Gake minya esia bena: ‘Ne miewum la, ke miewu amesi mewɔ nuvɔ̃ aɖeke o.’

Amegãwo mewu Yeremya o, gake Israel-viwo metrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo yome o. Emegbe la, Babilon-fia, Nebukadnezar va wɔ aʋa kple Yerusalem. Mlɔeba la, Nebukadnezar tsɔ Israel-viwo wɔ eƒe dɔlawoe. Ekplɔ ame akpe geɖe yi Babilon. Bu eŋu kpɔ be alekee ma wòanɔ; be amedzro aɖe nava kplɔ wò tso wò aƒeme ayi dzronyigba aɖe dzie!

Yeremya 1:1-8; 10:1-5; 26:1-16; Fiawo II, 24:1-17.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe