Ta 11
Fiaɖuƒea Ŋuti Kpɔɖeŋuwo
1. Nukata mawusubɔlawo katã tsɔa ɖe le Yesu ƒe lododowo me vevie?
ESIME Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ la, edo lo alo gblɔ kpɔɖeŋu geɖe na wo. Esiawo ɖe nusi Dziƒofiaɖuƒea me tɔ nyenye bia tso ame si la fia. Wofia nusi wòle be Fiaɖuƒedomenyilawo ƒe “ha sue” la kple amesiwo hã akpɔ agbe mavɔ le anyigba dzi le Fiaɖuƒe ma te la nawɔ. Edzɔa dzi na ‘alẽ bubu’ siawo hã be yewoanya nu tso Fiaɖuƒea ŋuti nyagblɔɖiwo ŋu, eye wodoa gbe ɖa vevie be ‘wòava.’—Luka 12:32; Yohanes 10:16; Tesalonikatɔwo I, 5:16-20.
2, 3. (a) Nukata Yesu zã kpɔɖeŋuwo? (b) Nukatae ame bubuwo mete ŋu se wo gɔme o negbe eƒe nusrɔ̃lawo ko? (d) Nukata wòle be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la vevie wòato vovo na amesiwo ŋu woƒo nu tsoe le Mateo 13:13-15 ƒe nuwɔna?
2 Esime Yesu do lo siawo dometɔ ɖeka na ameawo vɔ la, eƒe nusrɔ̃lawo va biae be: “Nukaŋuti nèle nu ƒom na wo le lododowo me ɖo?” Yesu ɖo eŋu na wo bena:
“Miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womena wo o.” (Mateo 13:10, 11)
Nukatae womena wo o? Elabena womedi be yewoaku nu me be yewoase eƒe nyawo gɔme bliboe, ale be yewoƒe dzi naʋã yewo be yewoawɔ nu atsɔ ade “nyanyui” la dzi o. Womebu Fiaɖuƒea be enye “kesinɔnu” alo ‘dzonu si xɔ asi ŋutɔ’ o.—Mateo 13:44-46.
3 Yesu yɔ Yesaya ƒe nyagblɔɖia hegblɔ be ele eme vam ɖe dzimaxɔsetɔ mawo dzi be: “Miase nu kple to, eye miele egɔme se ge gbeɖe o; miakpɔ nu kple ŋku, eye miele si dze gee gbeɖe o; elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.” (Mateo 13:13-15) Ele be wòanye míaƒe didi be míagaɖi ŋudzedzemakpɔla mawo o. Ekema mina míado vevie Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃.
4. (a) Dzi ka ƒomeviwoe nya la mete ŋu ɖe vi na o? (b) Ne míedze agbagba se nya la gɔme la, aleke woayra míi?
4 Le Yesu ƒe lododo si gɔme wòdze le Mateo 13:3-8 me la, eƒo nu le eɖokui ŋu be yenye “nukuwula.” Eƒã “fiaɖuƒe la ŋutinya” ɖe dzi vovovowo me. Ame aɖewo ƒe dzi le abe ke si le mɔto ene. Hafi nukua namie la, Abosam dɔa eƒe dɔla siwo le abe “xeviwo” ene ɖa wova ɖea “nya la le woƒe dzi me yinɛ, bena woagaxɔ ase, eye woakpɔ ɖeɖe o.” Dzi bubuwo le abe kpenyigba ene. Gbã la, woxɔa nya la kple dzidzɔ, gake nuku fɛ̃ la yrɔna le dodokpɔ alo yometiti me. Nuku aɖewo gena ɖe “ŋuwo” me, afisi “xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble” vuna tsyɔa wo dzi. Gake “nuku” aɖe hã li si wowu ɖe anyigba nyui dzi!
“Eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.” (Mateo 13:18-23; Marko 4:3-9, 14-20; Luka 8:4-8, 11-15)
Ẽ, ne míexɔ nya la de dzi nyuiwo me eye míewɔ míaƒe ŋutetewo tsɔ de Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzii la, woayra mí eye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si míewɔna na Mawu atse ku vavã!
“NUKUWULA” BUBU
5. (a) Kpɔɖeŋu bubu kawo ŋue wode dzi ƒo na mí be míalé to ɖo? (b) Nukata ‘ame’ sia mate ŋu anye Aƒetɔ Yesu o?
5 Le Nyanyuiawo dome la, Marko ƒe nuŋlɔɖia ɖeɖekoe gblɔ “nukuwula” bubu ƒe kpɔɖeŋu tsɔ kpe ɖe “nukuwula” ƒe lododo sia ŋu. Do ŋgɔ teti hafi Yesu nagblɔ kpɔɖeŋu sia la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖeko be: “Milé to ɖe nusi sem miele la ŋuti.” Emegbe etsiã lododo la ɖe enu be:
“Mawufiaɖuƒe la le ale, abe alesi ame tsɔa nuku dea anyigbatu me ene; eye wòdɔa alɔ̃, eye wòfɔna zã kple keli, eye nuku la miena, eye wòtsina ale bena, eya ŋutɔ menyanɛ o.” (Marko 4:24-27)
Edze ƒã be “ame” sia menye Aƒetɔ Yesu Kristo si ŋuti wokɔ la o, elabena megahiã be Yesu nadɔ alɔ̃ le anyigba dzi o. Eye masɔ hã be míagblɔ be Mawu ƒe Vi si wɔ dɔ kple Fofoa le nuwo katã wɔwɔ me la ‘menya’ alesi nuwo wɔna tsina ‘o.’ (Kolosetɔwo 1:16) Eyata míate ŋu akpɔe le nya siawo me be “ame” la fia Kristotɔ si wòle be ‘wòalé to ɖe’ “mawufiaɖuƒe la” ŋuti nyawo ŋu.
6. Nu eve kawo ŋue wòle be “nukuwula” ɖesiaɖe nanɔ ŋudzɔ ɖo, eye nukatae?
6 Ele be “nukuwula” ɖesiaɖe nalé ŋku ɖe amenyenye si ƒomevi ƒãm wòle kple nɔnɔme si me wòle eƒãm ɖo la ŋu. Le míaƒe manyamanya me la, amenyenye si míetuna ɖo la ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui alo gbegblẽa ɖe mía dzi, esi nɔ te ɖe ‘anyigba’ alo amesiwo ƒomevi míedea ha kpli le míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo tutuɖo me dzi—eɖanye le hamea me alo egodo o. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 15:33.) Mlɔeba la, “kutsetse blibo” la aɖi, eye míaŋe nusi míeƒã la. (Marko 4:28, 29) Aleke gbegbe wòle vevie be “ha sue” la me tɔwo kple, le nyateƒe me la, amesiwo katã dia agbe mavɔ vevie le Mawu ƒe Fiaɖuƒeɖoɖoa me la nalé ŋku ɖe nusi woƒãna le Kristotɔwo ƒe amenyenyewo tutuɖo me kple afisi woƒãnɛ ɖo ŋue nye si!—Efesotɔwo 4:17-24; Galatiatɔwo 6:7-9.
ALAKPAFIAÐUƑE AÐE
7. Aleke lododo vovovoawo kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ Fiaɖuƒe lae?
7 Marko ƒe nuŋlɔɖia ɖe nusi Yesu yi edzi gblɔ fia be:
“Nuka ŋu míatsɔ mawufiaɖuƒe la aɖoe mahã? Alo lo ka woado le eŋuti mahã?” (Marko 4:30)
Emegbe ehe míaƒe susu yi Fiaɖuƒea dzi le nɔnɔme bubu me. Vavãe, kpɔɖeŋu siawo kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ Fiaɖuƒea le nɔnɔme vovovowo me, abe alesi ko míalé ŋku ɖe xɔ aɖe ŋu le eme kple egodo eye míanɔ teƒe vovovowo akpɔe ene.
8. (a) Nukata logokua ƒe tsitsi nukutɔe la meku ɖe Fiaɖuƒea domenyilawo ŋu o? (b) Nukata susu le eme be esia sɔ na Kristodukɔa ƒe “fiaɖuƒe”? (d) Aleke nya si Mawu gblɔ le Israel si gbe xɔse ŋu ɖo kpe nukpɔsusu sia dzii?
8 Eyata nukae míatsɔ mawufiaɖuƒea asɔ kpli? Yesu ɖo eŋu be:
“Ele abe logoku ene, esi ne woƒãe ɖe anyigba me la, ele sue wu atiku, siwo katã le anyigba la dzi; eye ne woƒãe la, emiena, eye wòva lolona wua abɔ me tiwo katã, eye wòɖea alɔ gãwo nenem bena, dziƒoxeviwo ate ŋu adze ɖe eƒe vɔvɔli me.” (Marko 4:30-32)
Le nyateƒe me la, nusi lolo sã—wu Fiaɖuƒedomenyila 144,000 ƒe “ha sue” siwo ‘ƒe nu dze Fofo la ŋu be yeatsɔ Fiaɖuƒea ana’ la ƒe tsitsi nukutɔe ŋue esia ku ɖo! (Luka 12:32; Nyaɖeɖefia 14:1, 3) Enye Kristodukɔa ƒe ‘alakpati’ gã si ado tso ha si gɔme Yesu ɖo anyi la me boŋ. (Luka 13:18, 19) Elolo ŋutɔ! Eme tɔwo wu 900,000,000 le xexeame katã, amesiwo wògblɔna na be wogbɔna dziƒo yi ge. Israel-vi xɔsegbelawoe nye vɔvɔli na xɔsegbegbe ƒe fiaɖuƒe sia ɣeyiɣi didi aɖe nye sia, amesiwo ŋu Yehowa gblɔ le be: “Weinka nyuitɔ tso ka vavãtɔwo dome nènye metsɔ do, ke aleke wɔ nètrɔ zu ʋuka ƒe alɔwo nam?”—Yeremya 2:21-23; kpɔ Hosea 10:1-4 hã.
9. (a) Amekawoe nye “xeviwo” kple ‘ati’ la ƒe alɔwo? (b) Le nya siwo le Tesalonikatɔwo II, ta 1 kple Mateo ta 7 nu la, nukata wòle be míate mía ɖokui ɖa tso ‘ati’ ma gbɔ?
9 Mateo ƒo nu tso ‘ati’ sia ŋu be “dziƒoxeviwo va wɔa atɔ ɖe eme.” Edze ƒã be ‘xevi’ mawo ke siwo le lododo gbãtɔa me siwo mi “fiaɖuƒe la ŋutinya” siwo ge ɖe mɔto lae. (Mateo 13:4, 19, 31, 32) ‘Xevi’ siawo wɔ atɔ ɖe ‘atia’ ƒe alɔ siwo nye kɔmamã alafa geɖe me. Wotsi tre ɖi na ‘sedzimawɔla’ xɔsegbela si nye Kristodukɔa ƒe osɔfowo. Womagakpɔ woƒe atɔ la me anɔ akpɔ o ne Mawu lã ‘ati’ ma kple alakpasubsubɔha bubuwo ɖa. Te ɖokuiwò ɖa tso wo ŋu fifia! Elabena ‘ati’ ma ƒe tsɔtsrɔ̃ tu aƒe!—Tsɔe sɔ kple Tesalonikatɔwo II, 1:6-9; 2:3; Mateo 7:19-23.
10, 11. (a) Nya kawo mee Mateo kple Luka ŋlɔ “logoku” ŋuti lododoa le, eye nukatae wòsɔ nenema? (b) Aɖaŋuɖoɖo kple nuxlɔ̃ame kawoe le Fiaɖuƒea ŋuti lododo le amɔwɔ ʋaʋã ŋuti la me na mí?
10 Esɔ be Luka ƒo nu le “logoku” ŋuti lododoa ŋu tsɔ yi Yesu ƒe fɔ bubu subɔsubɔnyahela xɔsegbela siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la dzi. Eye Mateo kple Luka ƒo nu le Yesu ƒe lododo le “amɔwɔ ʋaʋã” la ŋuti wòdze abe ɖe wole kpe ɖom edzi ene. (Mateo 13:32, 33; Luka 13:10-21) Zi geɖe ne wozã amɔwɔ ʋaʋã le Biblia me le kpɔɖeŋumɔnu la, efiaa nuwɔna gbegblẽ aɖe, abe alesi wònɔ esime Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be ‘woakpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti’ kple esime apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be woatsɔ “vɔ̃ɖiwɔwɔ kple nu tovo wɔwɔ ƒe amɔwɔ ʋaʋã” aƒu gbe la ene.—Mateo 16:6, 11, 12; Korintotɔwo I, 5:6-8; Galatiatɔwo 5:7-9.
11 Wogblɔ le kpɔɖeŋua me be “dziƒofiaɖuƒe la” ƒe akpa aɖe le abe amɔwɔ ʋaʋã si nyɔnu aɖe tsɔ ɣla ɖe wɔ dzidzenu etɔ̃ me ene. Eyata amɔwɔ bliboa katã ʋã. Esia fia Babilon ƒe alakpanufiafia kple nuwɔna gbegblẽ si wotsɔ va de nusi wogblɔ be enye Kristo-hame la me dzaa, esi na Kristodukɔa ƒe alakpafiaɖuƒea lolo ɖe edzi. Ele be esia nanye nuxlɔ̃ame na mí. Esi Fiaɖuƒedomenyilawo ƒe “ha sue” la kple woƒe zɔhɛ siwo li egbea le nu gbegblẽ si xɔsegbegbe he va Kristodukɔa me teƒe kpɔm la, ele be woakpɔ nyuie be woagaɖe mɔ be alakpanufiafia si blea ame ƒe “amɔwɔ ʋaʋã” la nagblẽ nu le woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe “fiaɖuƒea ŋutinya” la ƒe kɔkɔenyenye kple nyateƒenyenye ŋu si tso dzi me la ŋuti gbeɖe o.
NUKUWULA LA KPLE EƑE “FUTƆ”
12, 13. (a) Aleke Yesu ɖe amesiwo ŋu eƒe lododo le “lu” kple “gbe wuwluiawo” ŋu ku ɖo la fiae? (b) Nukae nye nuŋeŋe la, eye ɖaseɖiɖi kae míekpɔ be ele eme vam egbea?
12 Le kpɔɖeŋu bubu me la, Yesu tsɔ “dziƒofiaɖuƒe” la sɔ kple “amesi le nuku nyui wum ɖe eƒe abɔ me.” Eye “esi amewo dɔ alɔ̃ la, eƒe futɔ la va wu gbe wuwlui ɖe lua domee, eye wòdzo.” Kutsetse kawoe ate ŋu ado tso agble ma me? Yesu yi edzi ɖee fia be ye ŋutɔe nye nukuwula la, “Amegbetɔvi,” si ƒe Fiaɖuƒea ƒe nukuwo wuwu mee ‘Fiaɖuƒea ƒe vi’ siwo nye Kristotɔ siwo le abe lu ene la do tso. Futɔ lae nye “Abosam,” eye “gbe wuwluiawo” nye “vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo”—eƒe subɔsubɔha ƒe ‘dzidzimevi’ alakpanuwɔlawo. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 3:15.) Le nya sia me vava me la, Kristotɔwo tsi ɖe edzi le ‘gbe wuwlui’ ƒomevi vovovo siwo he xɔsegbegbe gã vɛ tso ƒe alafa gbãtɔ me la dome. Gake le míaƒe ƒe alafa 20 lia sia me la, míele nuŋeɣia me—“xexeame ƒe nuwuwu, eye nuŋelawoe nye mawudɔlawo”!—Mateo 13:24-30, 36-39.
13 Mlɔeba le mawudɔlawo ƒe mɔfiafia nu la, woƒo “lu” la nu ƒu tso “gbe wuwluiawo” gbɔ. Wona vovototo si le nu eveawo dome la dze ƒã. Abe alesi míakpɔe ene la, kpeɖodzi geɖe li be “Amegbetɔvi la” va le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me egbea hele Kristotɔ vavãtɔ siwo le abe lu ene la nu ƒom ƒu ɖe Fiaɖuƒedɔ me. Ke Kristodukɔa kple eƒe xɔsegbegbefialawo ya ɖe? Yesu ƒe lododoa yi edzi gblɔ be:
“Amegbetɔvi la ladɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo amenuɖianuwo katã kple amesiwo le nu madzɔmadzɔ wɔm la, nu ƒu tso eƒe fiaɖuƒe la me.”
Le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, Kristodukɔa ƒe osɔfowo tsɔ woƒe alakpanufiafia kple gota gome mawusubɔsubɔ ɖia anukwaretɔwo nui. Gake Mawu drɔ̃ ʋɔnu wo eye wole ‘avi fam hele aɖukli ɖum.’ Egbea la, wole nu xam le woƒe hamevi siwo dzi le ɖeɖem kpɔtɔ kple mamã si le woa ŋutɔwo dome la ta. Gake Yehowa subɔla siwo le abe lu ene ya le ɖase ɖim le eƒe Fiaɖuƒea ŋu dzidzɔtɔe. Wole keklẽm “abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me.”—Mateo 13:40-43; tsɔe sɔ kple Yesaya 65:13, 14.
‘LÃÐEDƆ’ SI LE DZIDZEDZE KPƆM
14, 15. (a) Aleke Yesu dze ‘lãɖedɔ’ gã aɖe gɔmee, gake ‘lãɖeɖe’ ƒomevi bubu kawoe yi edzi tso ɣemaɣi, eye nukawoe ‘woɖe’? (b) Akpa kae mawudɔlawo wɔ, eye aleke woawɔ ‘tɔmelã’ la ŋudɔe? (d) Mɔnukpɔkpɔ ka tae wòle be míada akpe ɖo?
14 Yesu gblɔ be: “Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi ɖɔ, si woɖi ɖe ƒu me, eye wòɖe lã ƒomevi geɖewo.” (Mateo 13:47) Yesu ŋutɔe dze ‘lãɖedɔ’ sia gɔme esime wòyɔ eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo tso woƒe ɖɔwo gbɔ be yeana woanye “ameɖelawo.” (Mateo 4:19) Gake le xɔsegbegbe gã ƒe ɣeyiɣia me la, anukwaretɔwo ƒe ƒuƒoƒo suewo yi edzi ‘ɖe lã’ siwo nye dzimetrɔlawo le mawudɔlawo ƒe dzikpɔkpɔ te eye Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo hã nɔ eɖem. Gake ɖe kpɔɖeŋuƒumelã miliɔn alafa geɖe siawo katã nye ‘lã nyuiwoa’? Abe alesi míede dzesii ene la, Kristodukɔa ƒe sɔlɔmehawo tu woƒe nufiafiawo ɖe Plato ƒe Hela-xexemenunya kple blema Babilon ƒe “nya ɣaɣlawo” dzi. Woƒe kutsetsewo nye fuléle, aʋawɔwɔ kple ʋukɔkɔɖi si yɔ Kristodukɔa ƒe ŋutinya katã me, kple míaƒe ƒe alafa 20 lia sia me xexemeʋa siwo ŋu wokpe asi ɖo.
15 Mlɔeba le “xexeame ƒe nuwuwu” sia me la, ɣeyiɣia de be mawudɔlawo nahe “ɖɔ” la va gotae. Esia nye kpɔɖeŋu na habɔbɔ siwo le anyigba dzi siwo gblɔna be Yesu Kristo yomedzelawoe yewonye la—vavãtɔwo kple aʋatsotɔwo siaa. Woatsɔ ‘tɔmelã siwo menyo’ na “dziƒofiaɖuƒe la” me yiyi o la aƒu gbe ɖe tsɔtsrɔ̃ ƒe “dzokpo” me. “Afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.” (Mateo 13:48-50) Gake mawudɔlawo hã le ‘tɔmelã nyuiwo’ nu ƒom ƒu tso kpɔɖeŋuɖɔ la me. Aleke gbegbe wòle be míada akpe ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be woabu mí ɖe amesiawo dome tae nye si—amesiwo to vovo siwo ɖe adzɔgbe be yewoakafu Yehowa ƒe ŋkɔ eye wodoa gbe ɖa vevie be eƒe Fiaɖuƒe “nava!”
16. Biabia kawoe lododo mamletɔ sia fɔ ɖe te, eye nukata wòle be míadi vevie be míanya ŋuɖoɖoawo?
16 Gake nukae nye “xexeame ƒe nuwuwu” si ŋu Yesu ƒo nu tsoe ŋusẽtɔe le lododo mamletɔ sia me? Nukae nye ‘ŋkeke mamle’ siwo ŋu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe ŋlɔ nu tsoe? Ðe míele ŋkeke mawo me fifia? Ne nenemae la, nukae esia fia na mí, eye na ameƒomea katã?
[Aɖaka si le axa 104]
ÐO TO YESU ƑE FIAÐUƑEA ŊUTI KPƆÐEŊUWO!
● Woɖee fia be Fiaɖuƒea nye nu vevi, abe “kesinɔnu” alo ‘kpe xɔasi’ ene. Wotsɔ edilawo sɔ kple “anyigba nyui,” “lu,” ‘tɔmelã nyuiwo.’
● Wotsɔ ‘logoti’ si ŋu alɔ geɖe le kple amɔwɔ ʋaʋã wɔ alakpafiaɖuƒe la ƒe kpɔɖeŋui. Amesiwo le eme lae nye “xeviwo,” “gbe wuwluiwo,” ‘tɔmelã manyomanyowo.’
● Ŋkuléle ɖe Fiaɖuƒea ŋu le nɔnɔme vovovowo me nana míete ŋu sea nya gã si dze ŋgɔ ameƒomea egbea la gɔme nyuie wu, eye edea dzi ƒo na mí be míatsɔ nuteƒewɔwɔ anɔ Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi sesĩe.