Ta 43
Kpɔɖeŋuwo Tsɔtsɔ Fia Nui
ANYE Kapernaum ye Yesu nɔ esi wòka mo na Farisitɔwo. Emegbe gbemagbe ke la, edzo le aƒeme hezɔ yi Galilea-ƒua si te ɖe afima ŋu la gbɔ, afisi ameha geɖe ƒo ƒu ɖo. Le afima la, ege ɖe tɔdziʋu aɖe me hekui yi megbe vie eye wòdze nu fiafia ameawo gɔme le ƒua ta tso Dziƒofiaɖuƒea ŋu. Etsɔ lododo alo kpɔɖeŋu siwo kplɔ wo nɔewo ɖo fia nua woe, eye wo dometɔ ɖesiaɖe nye nusi ŋu ameawo nya nu le nyuie.
Gbã la, Yesu gblɔ nukuwula aɖe si le nuku wum la ŋuti nya. Nukuawo dometɔ aɖewo ge ɖe mɔ to eye xeviwo mi wo. Nuku bubuwo ge ɖe anyigba si te kpe gbadza le la dzi. Esi keawo mekpɔ ke sɔgbɔ o ta la, ŋdɔkutsu si ɖu numiemie fẽawo sesĩe la na woyrɔ. Nuku bubuwo hã ge ɖe ŋuwo me, eye esi womie la, ŋuawo vu tsyɔ wo dzi. Mlɔeba la, nuku aɖewo ge ɖe anyigba nyui dzi eye wòtse ku alafa ɖeka, ɖewo tse blaade, eye bubuwo tse blaetɔ̃.
Le kpɔɖeŋu bubu me la, Yesu tsɔ Dziƒofiaɖuƒea sɔ kple ame aɖe si le nuku wum. Esi ŋkekeawo va nɔ yiyim eye ŋutsua nɔ anyi mlɔm henɔ fɔfɔm la, nukua nɔ tsitsim. Amea menya alesi wòwɔ tsi o. Etsi ɖe eɖokui si hetse ku. Esi nukuawo tsi la, amea yi ɖaŋe wo.
Yesu gawɔ kpɔɖeŋu etɔ̃lia ku ɖe ame aɖe si ƒã nuku nyui la ŋu, gake esime ‘amewo nɔ alɔ̃ dɔm’ la, futɔ aɖe va ƒã gbe wuwluiwo ɖe luawo me. Amea ƒe dɔlawo biae se be yewoayi aɖaho gbe wuwluiawo hã. Ke eɖo eŋu be: ‘Ao, ne mieyi wo ho ge la, miava ho luawo dometɔ aɖewo hã. Mina wo kple evea siaa natsi vaseɖe nuŋeɣi la. Ekema magblɔ na nuŋelawo be woatsiã gbeawo le eme eye woatɔ dzo wo eye woaƒo lua nu ƒu ɖe ava la me.’
Esi Yesu nɔ nuƒoƒo dzi na ameawo le ƒua ta la, egawɔ kpɔɖeŋu eve bubu. Eɖe nu me be “dziƒofiaɖuƒe la” ɖi logoku si ame aɖe ƒã. Togbɔ be eyae nye suetɔ le nukuwo dome hã la, egblɔ be etsina zua ati si lolo wu bubuawo katã. Ezua ati si me xeviwo dzena ɖo eye wowɔa atɔ ɖe eƒe alɔwo me.
Egbea ame aɖewo hea nya be nuku bubuwo li siwo gale sue wu logoku. Gake menye atiŋutinunya fiam Yesu le o. Le nuku siwo Galileatɔ siwo nɔ anyi le eŋɔli la nya nyuie dome la, logokue nye suetɔ kekeake nyateƒe. Eyata woate ŋu ase eƒe lolo nukutɔe si Yesu tsɔ le kpɔɖeŋu wɔmee la gɔme.
Mlɔeba la, Yesu tsɔ “dziƒofiaɖuƒe la” sɔ kple amɔwɔ ʋaʋã si nyɔnu aɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu gã etɔ̃ me heblui kplii. Egblɔ be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amɔwɔ bliboa katã ʋã.
Esi Yesu wɔ kpɔɖeŋu atɔ̃ siawo vɔ la, eɖe asi le ameha la ŋu eye wòtrɔ yi aƒe si me wònɔna la me. Eteƒe medidi o, eƒe apostolo 12 la kple ame bubuwo va egbɔ le afima.
Viɖekpɔkpɔ tso Yesu ƒe Kpɔɖeŋuawo Me
Esi nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ le eƒe nuƒoƒo na amehawo le ƒua ta vɔ megbe la, wodi vevie be yewoanya nu tso eƒe nufiafiamɔnu yeyea ŋu. Ẽ, wosee wòzã kpɔɖeŋuwo tsɔ fia nui kpɔ gake womesɔ gbɔ nenema gbegbe kpɔ o. Eyata wobia se be: “Nukaŋuti nèle nu ƒom na wo le lododowo me?”
Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be wòana nyagblɔɖila la ƒe nya siwo nye: “Make nye nu kple lododowo; eye maɖe nu ɣaɣla, siwo woɣla tso keke xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me ke la afia” la nava eme. Gake menye ema ɖeɖe ta koe o. Eƒe kpɔɖeŋuwo zazã ƒe taɖodzinu ɖekae nye be wòana nusi le amewo ƒe dzi me nadze.
Le nyateƒe me la, Yesu ƒe nu dzɔa dzi na ame akpa gãtɔ le esi wònye ŋutinyagblɔla nyui kple nukunuwɔla ta, ke menye abe amesi woasubɔ abe Aƒetɔ ene eye woatsɔ ɖokuitɔmadimadi adze eyome ene o. Womedi be woaɖe fu na yewo le nusi nye yewoƒe nukpɔsusu le nuwo ŋu alo alesi yewobua yewoƒe agbenɔnɔe la me o. Womedi be gbedasia naɖo afima ke o.
Yesu gblɔ le esia ta be: “Eyata mele nu ƒom na wo le lododowo me ɖo, elabena wole nu kpɔm, eye womekpɔa nu o; wole nu sem, eye womesea nu ahayi egɔme se ge o. Eye woawu Yesaya ƒe nyagblɔɖi, si wògblɔ le wo ŋuti la nu bena: ‘. . . elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri.’ ”
Yesu yi edzi gblɔ be: “Ke woayra miaƒe ŋkuwo, elabena wokpɔa nu, kple miaƒe towo hã, elabena wosea nu. Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyagblɔɖilawo kple ame dzɔdzɔe geɖewo di be, yewoakpɔ nusiwo kpɔm miele, eye womekpɔe o; eye be, yewoase nusiwo sem miele la, eye womesee o.”
Ẽ, dzi si sea nu hewɔna ɖe edzi le apostolo 12 la kple amesiwo kpe ɖe wo ŋu la si. Eyata Yesu gblɔ be: “Miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womena wo o.” Esi nusrɔ̃lawo di be yewoase egɔme ta la, Yesu ɖe nukuwula ƒe lododoa gɔme na wo.
Yesu gblɔ be: “Nuku la enye Mawu ƒe nya” eye anyigba lae nye dzi la. Eɖe nuku siwo woƒã ɖe mɔtonyigba sesẽ dzi la me be: “Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me yinɛ, bena woagaxɔ ase, eye woakpɔ ɖeɖe o.”
Ke nuku si woƒã ɖe anyigba si te kpe gbadza le dzi la ku ɖe amesiwo tsɔa dzidzɔ xɔa nya lae ƒe dzi ŋu. Gake esi nya la mate ŋu aƒo ke ɖe to le dzi mawo me o ta la, amesiawo dzea anyi le ɣeyiɣi si me dodokpɔ alo yometiti aɖe va.
Le nuku si ge ɖe ŋuwo dome gome la, Yesu yi edzi be esia ku ɖe amesiwo se nya la ŋu. Gake agbe sia me dzimaɖitsitsiwo kple kesinɔnuwo kpakple dzidzɔkpɔkpɔwo kpɔa ŋusẽ ɖe amesiawo dzi ale gbegbe be wovuna tsyɔa wo dzi keŋkeŋ eye womewɔa naneke wòdea blibo o.
Mlɔeba le nuku si woƒã ɖe anyigba nyui dzi gome la, Yesu gblɔ be woawoe nye amesiwo, le dzi nyui si le dzɔdzɔe si le wo si ta la, woléa eme ɖe asi eye wotsɔa dzidodo nɔa ku tsemee.
Aleke gbegbee woyra nusrɔ̃la siawo siwo di Yesu be yewoase eƒe nufiafiawo mee nye si! Yesu di be woase yeƒe kpɔɖeŋuawo gɔme bene woana nyateƒea naɖo ame bubuwo gbɔ. Ebia be: “Ðe wotsɔa akaɖi vanae, be woada ɖe afianu alo abati te mahã?” Ao, ke “be woatsɔe ada ɖe akaɖiti dzi” boŋ. Eyata Yesu gblɔ kpee be: ‘Milé ŋku ɖe alesi míeɖoa toe la ŋu.’
Wotsɔ Nufiafia Bubuwo Yra Woe
Esi nusrɔ̃lawo se alesi Yesu ɖe nukuwula ŋuti kpɔɖeŋua mee vɔ la, wodi be yewoagasrɔ̃ nu bubuwo kpee. Wobia be: “Ðe abɔ me gbe wuwluiawo ƒe lododoa gɔme na mí.”
Aleke gbegbee nye si nusrɔ̃lawo ƒe nɔnɔme to vovo tso ameha siwo nɔ ƒua ta la tɔ gbɔe nye si! Didi vevie be woanya gɔmesese si le kpɔɖeŋuawo ŋu la menɔ wo me o eye wo me nya siwo wose la ɖeɖe sɔ gbɔ na wo. Le nyasela mawo siwo nɔ ƒua ta tsɔtsɔ sɔ kple eƒe nusrɔ̃la siwo biaa nu me sena siwo va egbɔ le aƒea me la me la, Yesu gblɔ be:
“Dzidzenu, si mietsɔ dzidze nui la, eya ke woatsɔ adzidze nui na mi, eye woade edzi na mi.” Nusrɔ̃lawo tsɔ didi vevie kple ŋudzɔnɔnɔ le nu dzidzem na Yesu, eyata wotsɔ nufiame geɖe wu yra woe. Eyata le eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nyabiabia la ŋu ɖoɖo me la, Yesu ɖe eme be:
“Amesi le nuku nyuia wum la, eya nye Amegbetɔvi la; ke abɔ la enye xexe la me; eye nuku nyui la enye fiaɖuƒe la ƒe viwo; ke gbe wuwluiawo nye vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo; eye futɔ, si le wo wum la, enye Abosam, eye nuŋeɣi la enye xexeame ƒe nuwuwu, ke nuŋelawo nye mawudɔlawo.”
Esi Yesu gblɔ nusi eƒe kpɔɖeŋua ƒe akpa ɖesiaɖe nye vɔ la, egblɔ nusi nye emetsonu la. Egblɔ be le nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu la, nuŋelawo, alo mawudɔlawo, amã yeaɖi Kristotɔwo, amesiwo le abe gbe wuwluiwo ene la atso ‘fiaɖuƒea ƒe vi’ vavãtɔwo gbɔ. Woade dzesi “vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo” hena tsɔtsrɔ̃ ɣemaɣi, gake “ame dzɔdzɔeawo,” siwo nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe viwo aklẽ nyuie le wo Fofo ƒe Fiaɖuƒe la me.
Yesu tsɔ kpɔɖeŋu etɔ̃ bubu yra eƒe nusrɔ̃la siwo nɔ nu me biam se la. Egblɔ gbã be: “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu, si woɣla ɖe abɔ me, esi ame aɖe kpɔ, eye wòtsɔe ɣla; eye le dzidzɔ, si wòkpɔ le eŋuti ta la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒle nenem abɔ ma.”
Eyi edzi be: “Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi asitsala, si le dzonu nyuiwo dim; eye esi wòkpɔ dzonu ɖeka, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒlee.”
Yesu ŋutɔ le abe amesi fɔ kesinɔnu ɣaɣla kple asitsala si kpɔ dzonu nyui la ene. Ðeko wòle abe ɖe wòdzra eƒe nusianu ene, esime wògblẽ eƒe nɔƒe si ŋu bubu le le dziƒo la ɖi be wòva zu amegbetɔ si wobɔbɔ ɖe anyi. Eye esi wònye amegbetɔ le anyigba dzi la, ekpe vlodoame kple fuléle ƒe yometiti ƒe fu eye wòɖo kpe edzi be yedze be yeazu Dziɖula le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me.
Wotsɔ gbetɔamea ɖo Yesu yomedzelawo ŋkume be woawo hã nadzra woƒe nusianu ale be fetu gã si nye hatidziɖulanyenye kple Kristo alo Fiaɖuƒea tevi nyenye le anyigba dzi la nasu wo si. Ðe míabu gome kpɔkpɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me be enye nane si xɔ asi wu nu bubu ɖesiaɖe le agbe me, abe kesinɔnu si ƒe asixɔxɔ ƒo ɖesiaɖe ta alo abe dzonu xɔasi enea?
Mlɔeba la, Yesu tsɔ “dziƒofiaɖuƒe la” sɔ kple ɖɔ si ɖe tɔmelã ɖesiaɖe ƒomevi. Esi wotsiã tɔmelã siawo me la, wotsɔ manyomanyoawo ƒu gbe gake wogblẽ nyuitɔwo ɖi. Yesu gblɔ be nenemae wòanɔ le nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu; mawudɔlawo amã ame vɔ̃ɖiwo tso ame dzɔdzɔewo gbɔ, eye woagblẽ ame vɔ̃ɖiwo ɖi hena tsɔtsrɔ̃ gbidii.
Yesu ŋutɔ dze lãɖeɖe sia gɔme eye wòbia tso eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo si be woanye “ameɖelawo.” Le mawudɔlawo ƒe mɔfiafia te la, amewo ɖeɖedɔa yi edzi le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me. Mlɔeba la, ɣeyiɣia de be woahe “ɖɔ,” si nye kpɔɖeŋu na habɔbɔ siwo le anyigba dzi siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la ado goe.
Togbɔ be wotsɔ tɔmelã manyomanyoawo ƒu gbe ɖe tsɔtsrɔ̃ me hã la, míada akpe be míate ŋu anɔ amesiwo woabu ɖe ‘tɔmelã nyui’ siwo wogblẽ ɖi me la dome. To didi vevie si ɖi esi nɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo me be sidzedze kple gɔmesese geɖe wu nasu yewo si ƒe mía si nɔnɔ dzi la, woayra mí, menye be nufiame bubuwo nasu mía si ko o, ke boŋ Mawu ƒe yayra si nye agbe mavɔ hã asu mía si. Mateo 13:1-52; Marko 4:1-34; Luka 8:4-18; Psalmo 78:2; Yesaya 6:9, 10.
▪ Ɣekaɣie Yesu zã kpɔɖeŋuwo tsɔ ƒo nu na amehawo eye afikae wòzã wo le?
▪ Kpɔɖeŋu atɔ̃ kawoe Yesu gblɔ na amehawo azɔ?
▪ Nukatae Yesu gblɔ be logokue nye nuku suetɔ kekeake le nukuwo katã dome?
▪ Nukatae Yesu wɔa kpɔɖeŋuwo?
▪ Aleke Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖee fia be yewoto vovo tso amehawo gbɔe?
▪ Numeɖeɖe kae Yesu na le nukuwula ƒe kpɔɖeŋu la me?
▪ Aleke Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖee fia be yewoto vovo tso ameha siwo nɔ ƒua ta la gbɔe?
▪ Ameka alo nukae nukuwula la, agble la, nuku nyui la, futɔ la, nuŋeɣi la, kple nuŋelawo tsi tre ɖi na?
▪ Kpɔɖeŋu etɔ̃ bubu kawoe Yesu gawɔ, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso wo me?