INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kc ta 16 axa 151-161
  • “Ameha Gã” Aɖe Kafua Fia La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Ameha Gã” Aɖe Kafua Fia La
  • “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • FIA LA YRAA EƑE ‘ALẼAWO’
  • “GBƆ̃WO” KPLE YOMETITIWO
  • “ALẼ” ANUKWARETƆWO LÉA NUTEƑEWƆWƆ ME ÐE ASI
  • FIAÐUƑEA ƑE HEHENAÐOÐO
  • Tadeagula Vavãwo Ƒe Ameha Gã Aɖe—Afikae Wotso?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Etsɔme Kae Li Na Alẽawo Kple Gbɔ̃awo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Èxɔ “Nyateƒegbɔgbɔ” Laa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
“Wò Fiaɖuƒe Nava”
kc ta 16 axa 151-161

Ta 16

“Ameha Gã” Aɖe Kafua Fia La

1, 2. (a) Aleke Yehowa na eƒe nyagblɔɖi si le Yesaya 60:22 le eme vamee? (b) Mawu ƒe nyateƒe ɖedzesi kae woɖe fia le ƒe 1935 me?

YEHOWA gblɔ to eƒe nyagblɔɖila dzi be: “Ame suewo azu akpe, eye ame ʋeewo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.” (Yesaya 60:22) Eye nukutɔe la, Yehowa ‘do tsɔtsɔe’ hã. Le ƒe 1935 me la, Yehowa Ðasefowo wɔ takpekpe le Washington, D.C., U.S.A. Wogblɔe le afima be Yehowa aƒo “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” aɖe nu ƒu—mawuvɔ̃la siwo akpɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea ‘va.’—Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 7:9.

2 Nyaɖeɖefia ta 7 ƒo nu tso wo ŋu ale: Esi wotre ‘alẽha sue’ si nye Fiaɖuƒedomenyila siwo ƒe xexlẽme nye ame 144,000 nu vɔ “megbe” la, wokpɔ “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” le tsitre ɖe Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ. Wolɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye si to eƒe Kristo dzi la dzi. Wogblɔ kple dzidzɔ be xɔname tso Mawu kple Alẽvi la gbɔ. Mahiã gbeɖe be ƒuƒoƒo sia naku o, elabena woawoe nye “amesiwo do go tso xaxa gã la me” be woanɔ agbe tegbee le anyigba si ŋu wokɔ la dzi.—Nyaɖeɖefia 7:4, 9, 10, 14; Luka 12:32.

3. (a) Ðe “ame suewo” zu “akpe” vavãa? (b) Aleke nàwɔ akpɔ gome le Nyaɖeɖefia 7:15-17 me nyawo me vava mee?

3 Ðe nèle subɔla siwo nye “ameha gã” siawo dome egbea? Ðe nèle ame 4,900,000 kple edzivɔ siwo le ‘subɔsubɔ dzadzɛ tsɔm na Mawu’ le anyigba katã dzi la domea? Nyateƒee, ègale Satana ƒe ameteteɖeanyi ƒe xexe vɔ̃ɖia me ko, eye ehiã be nàdo dzi le nyaƒoɖeamenu geɖe me le wò gbesiagbegbenɔnɔ me. Gake ne Aƒetɔ la ƒe ‘alẽawo’ dometɔ ɖekae nènye la, ke èle Mawu ƒe ametakpɔkpɔ te. Mehiã be dɔ kple tsikɔ nagawu wò azɔ le gbɔgbɔmenuɖuɖu ƒe anyimanɔmanɔ ta o. Mehiã be nàgavɔ̃ Mawu ƒe ŋudzedze makpɔmakpɔ ɖe ame ŋu si ɖua ame abe ŋdɔkutsu ene o elabena Alẽvi la le kplɔwòm hele mɔ fiam wò yina “agbetsi dzidziwo gbɔ.” Eyata le kpɔɖeŋumɔ nu la, ŋugbedodo sia le eme vam na wò xoxo be: “Eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.”—Nyaɖeɖefia 7:15-17.

FIA LA YRAA EƑE ‘ALẼAWO’

4. Ƒomedodo kae le Yesu kple eƒe “ha sue” la dome?

4 Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me kple egbea gɔ̃ hã la, ƒomedodo kplikplikpli nɔa Ɣedzeƒelẽkplɔla kple eƒe alẽwo dome. Eyɔa ɖesiaɖe ƒe ŋkɔ eye wonya eƒe gbe hetɔna enumake ne ekplɔ wo le go domee le alẽkpɔa me eye wògakplɔ wo gbɔnae. Gbã la, Yesu ƒo nu tso kpɔɖeŋu sia ŋu le Yohanes ta 10 ku ɖe lɔlɔ̃ ƒe ƒomedodo si le eya kple eyomedzela amesiamina ame 144,000 si nye eƒe ‘alẽha sue’ la dome ŋu, esime wògblɔ be: “Nyee nye alẽkplɔla nyui la; eye menya tɔnyewo, eye tɔnyewo hã nyam; sigbe alesi Fofo la nyam, eye nye hã menya Fofo la ene, eye metsɔ nye agbe ɖo anyi ɖe alẽawo ta.” Amesiawo va zu “Abraham ƒe ƒome” si me anyigba dzi “ƒomeawo katã” woayra wo ɖokui le.—Yohanes 10:14, 15; Mose I, 12:3; Galatiatɔwo 3:28, 29.

5. (a) Ƒomedodo si me dzidzɔ le bubu ka ŋue wogaƒo nu tsoe le Yohanes 10:16? (b) Mɔnukpɔkpɔ kawoe le ‘alẽ bubuawo’ si fifia, eye etsɔ me mɔkpɔkpɔ kae le ƒuƒoƒo sia si?

5 Ke ƒomedodo kae le “alẽkplɔla nyui” la kple amegbetɔƒome siwo anɔ anyigba dzi tegbee la dome? Ƒomedodo si me yayra gbogbowo le ye wònye! Elabena Yesu gblɔ le amesiawo ŋu be:

“Alẽ bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ [si nye “ha sue”] sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.”

Egbea la, wokpɔa “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” siawo le ‘alẽha sue’ la ŋu le lãnyiƒe ɖeka—wo katã wɔ ɖeka le to ɖom wo kplɔla la ƒe “gbe” le gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia . . . le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã” me. Àkpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne ènye amesiawo dometɔ ɖeka! (Yohanes 10:16; Mateo 24:14) ‘Alẽ bubuawo’ ƒe xexlẽme adzi ɖe edzi le Fiaɖuƒedziɖuɖua te azu ame biliɔn geɖe to anyigbadzitɔ siwo ku la fɔfɔ ɖe tsitre me, ne Mawu ƒe tameɖoɖo be yeana ame dzɔdzɔewo nayɔ anyigba dzi la yina eƒe nuwuwu.—Mose I, 1:28.

6. Aleke Yesu ƒe nyagblɔɖia ɖe ɣeyiɣi si me ‘alẽ bubuawo’ va dze ƒã la fiae?

6 Woɖe alesi ‘alẽ bubuawo’ adze ƒã le ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi’ me fia le kpɔɖeŋu si Yesu tsɔ ƒo eƒe anyinɔnɔ ƒe “dzesi” ŋuti nyagblɔɖia tae la me. (Mateo 24:3) Egblɔ be:

“Ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi; eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene; eye wòatsɔ alẽwo aɖo eƒe nuɖusi me, ke atsɔ gbɔ̃wo aɖo eƒe mia me.” (Mateo 25:31-33)

Esi wònye amegbetɔwo mate ŋu akpɔ Fia si wodo ŋutikɔkɔe na la kple eƒe dɔlawo kple ŋku o ta la, aleke wòawɔ memamãdɔ lae?

7. (a) Aleke wole mɔ fiam amewo me mamã ƒe dɔ lae? (b) Nukae wòle be nàwɔ be woave nuwò le ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye nukatae?

7 Mawudɔla kɔkɔeawoe le mɔ fiam dɔ ma. (Nyaɖeɖefia 14:6-12; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 8:26-29; 10:1-8.) Eye “ha sue” la me tɔ siwo woyɔ le Mateo 25:40 be wonye Fia la ‘nɔviwo’ la ƒe susɔeawo xɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖe “nyanyuia” me le anyigba dzi afisia. Fia la drɔ̃a ʋɔnu amewo ɖe alesi wowɔa nu ɖe ‘nɔviawo’ kple Fiaɖuƒegbedasi si woɖea gbeƒã ŋui nu. Etsɔe be nusiwo wowɔ na ye ‘nɔviawo’ la, ye ŋutɔe wowɔe na. Woayra amesiwo xɔa Fia la ‘nɔviwo’ dɔmenyotɔe. Wo dometɔ ɖekae nènyea? Le nyateƒe me la, ele be nàxɔ Fiaɖuƒegbedasia kple dzi blibo ahaɖe adzɔgbe na Yehowa azu esubɔla xɔnyɔnyrɔ̃ le Yesu ƒe ŋkɔa me—elabena “menye ame bubu aɖeke me xɔxɔ la le o.”—Dɔwɔwɔwo 4:12; Mateo 25:35-40.

8. Amekpekpe kple ŋugbedodo kawo mee nàte ŋu akpɔ gome le?

8 Esi nèle Aƒetɔ la ƒe ‘alẽ bubuawo’ dome la, nukae nàkpɔ mɔ na? Nukae ado tso toɖoɖo wò “alẽkplɔla nyui” kple “fia” la ƒe gbe me? Esi Fia la nɔ afia tsom la, egblɔ na “alẽ” ɖokuibɔbɔla siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo le eƒe nuɖusime la be: “Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la ƒe dome!” Àte ŋu akpɔ mɔ be yeaxɔ Fiaɖuƒea ƒe yayra siwo atso Fofo la gbɔ ne ‘ame dzɔdzɔeawo yi ɖe agbe mavɔ la me.’ (Mateo 25:34, 46) Ẽ, àte ŋu akpɔ mɔ be yease vivi le ŋugbedodo geɖe si wogblɔ la me vava me, abe esi Yesaya gblɔ le Yehowa ŋu ene be: “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me, eye wòaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.” Ɣeyiɣi kpui aɖe koe ame vɔ̃ɖiwo agaɖu fewu le ŋuwò. Elabena Mawu do ŋugbe be eteƒe madidi o amesiwo katã ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la ayi ɖe “anyigba yeye” si dzi woatsɔ nu nyuiwo ‘atu aglo’ le la dzi. Ðe mèdi be yeanɔ “aglo” ma tuƒe oa?—Yesaya 25:6-9; 66:22.

“GBƆ̃WO” KPLE YOMETITIWO

9, 10. (a) Nukata nudzɔdzɔewɔwɔ mele bɔbɔe egbea o? (b) Nukae le be wòanye wò nɔnɔme ɖe tsitretsiɖeŋulawo ŋu, eye kpekpeɖeŋu kae nàte ŋu akpɔ mɔ na tso Mawu gbɔ?

9 Manɔ bɔbɔe na wò be nàto dzɔdzɔenyenyemɔ dzi le ‘ŋkeke mamle’ siawo me o. Satana kple amesiwo wòble aɖu fewu le ŋuwò esi wole woƒe agbagba mamletɔ dzem be yewoatsrɔ̃ anyigba sia kple amegbetɔ siwo le edzi. (Petro II, 3:3, 4; Timoteo II, 3:1) Ne ètsɔ Fiaɖuƒegbedasia yi na wò aƒelikawo la, àdo go wo dometɔ aɖewo siwo aɖe gbɔ̃ ƒe nɔnɔmewo afia. Woato ɖekematsɔleme kple amemabumabu alo yometiti tẽ dzi awɔ esia.—Mateo 25:33, 42-45.

10 Gake esi nènye Aƒetɔ ƒe ‘alẽawo’ dometɔ ɖeka ta la, mele be nàbu ame aɖe be enye ‘gbɔ̃’ o. Fia lae adrɔ̃ ʋɔnu sia ke menye eƒe “alẽ” siwo le anyigba dzi afisia ye o. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 14:10-12.) Eye togbɔ be woati yowòme le esi nèva zu “nyanyuia” ƒe gbeƒãɖela ta hã la, Mawu ado ŋusẽ wò be nàwɔ eƒe lɔlɔ̃nu, abe alesi apostolo Petro gblɔe le nya siawo me ene: “Amenuveve katã ƒe Mawu . . . la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu vi aɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi.” (Petro I, 5:10; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 12:10.) Apostolo Paulo na nuxlɔ̃ame nyui sia hã mí be: “Ne veviedodo hiã la, migawɔ ƒome [le miaƒe Fiaɖuƒedɔa ŋu] o; mixɔ dzo le gbɔgbɔ me; [misubɔ Yehowa], miwɔ nusi ɣeyiɣi la hiã! Dzi nedzɔ mi le mɔkpɔkpɔ me, mido dzi le xaxa me, minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi.”—Romatɔwo 12:11, 12.

11. Nu nyui kae ado tso Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui si nàɖo me?

11 Wò subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe kple gbedodoɖa na Yehowa vevie kpakple kpɔɖeŋu nyui si nàɖo le Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me ana amesiwo dzé ‘gbɔ̃woe’ gbã la nava trɔ azu “alẽwo.” Kristotɔ srɔ̃nyɔnuwo ƒe nuwɔna le dzigbɔɖi kple bubu me “nya aɖeke magblɔe” kpɔa ŋusẽ ɖe wo srɔ̃ dzimaxɔsetɔwo dzi ŋutɔ zi geɖe be wova zua xɔsetɔwo. (Petro I, 3:1, 2) Nyateƒee, míedi be míakpɔ amewo ‘woayi ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me’ o, ke boŋ ele be míadi be míakpe ɖe wo ŋu woaɖe asi le gbɔ̃ ƒe nɔnɔmewo ŋu bene woakpɔ agbe mavɔ.—Mateo 25:41, 46.

“ALẼ” ANUKWARETƆWO LÉA NUTEƑEWƆWƆ ME ÐE ASI

12. Aleke Fia la ‘nɔviwo’ kple ‘alẽawo’ kpe ɖe wo nɔewo ŋu le míaƒe ŋkekeawo mee?

12 Ele be míade dzesii be “alẽ” siwo le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la lɔ̃ faa subɔ Fia la ‘nɔviwo’ esime wodze dɔ alo wode wo gaxɔ me. Eye le anyigba la ƒe akpa aɖewo egbea la, menye “ha sue” la koe kpea fu le hiãkame kple yometiti, dɔléle kple gaxɔmenɔnɔ me o, ke ‘alẽ bubuawo’ siwo le subɔsubɔm kpli wo le ɖekawɔwɔ me nuteƒewɔwɔtɔe la hã kpea fu siawo. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefowo kpe fu le yometiti me vevie le ƒe 1933 vaseɖe ƒe 1945 me, esime Nazitɔ Hitler nɔ ʋiʋlim be yeaɖu xexeame dzi—gbã la, le dukɔ siwo dzi ɖum Nazitɔwo kple Fasitɔwo nɔ la me, eye emegbe le dukɔ siwo katã kpe aʋa la me. Wowu “ha sue” la me tɔwo kple Aƒetɔ la ƒe ‘alẽ bubuawo’ dometɔ geɖe. Gake woɖu dzi nukutɔe le woƒe nuteƒewɔwɔ na Fia la kple eƒe Fiaɖuƒea me léle ɖe asi sesĩe me!

13, 14. Vovototo kae wokpɔ le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ƒe tenɔnɔ kple Yehowa Ðasefowo tɔ dome?

13 Ŋutinyaŋlɔlawo ƒo nu tso vovototo si le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ƒe tenɔnɔ si me wonaa ta le bɔbɔe kple Yehowa Ðasefowo ƒe nuteƒewɔwɔ le amemiamia te dome ŋu zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Paul Johnson gblɔ le agbalẽ si nye A History of Christianity si wota le London, England, le ƒe 1976 me ku ɖe Katoliko kple Protestant ha siwo nɔ Hitler ƒe Germania ŋu gbã be: “Subɔsubɔha gã evea siaa da megbe na dziɖuɖua le nu geɖe me. Katoliko-bɔsiɔpwo lɔ̃ ɖe ‘gbetete ɖe dziɖuŋusẽ yeye dzi le Germania-dukɔa me’ dzi; Bisiɔp Bornewasser gblɔ na Katoliko-sɔhɛwo le Trier Gbedoxɔgã me be: ‘Míekɔ míaƒe tawo dzi hete afɔ ɖe to sesĩe tsɔ ge ɖe dziɖuɖu yeyea me eye míele klalo be míatsɔ míaƒe ŋutilã kple luʋɔ ƒe ŋusẽ katã asubɔe.’ Le January 1934 me la, Hitler kpe kple Protestanttɔwo ƒe ŋgɔnɔla wuieve, eye le kpekpe sia megbe la . . . wowɔ gbeƒãɖeɖe aɖe si ɖe atam si ‘Germania Protestant-ha la ƒe ŋgɔnɔla gbogbotɔ ka tsɔ ɖo kpe woƒe nuteƒewɔwɔ matrɔmatrɔ na Germania Fiaɖuƒe Etɔ̃lia la kple eƒe kplɔla la dzi.’”

14 Emegbe esime nuŋlɔla la nɔ nu ƒom tso ame ʋee siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, amesiwo wòbe “wolé woƒe dzidzenuwo me ɖe asi” ŋuti la, egblɔ be: “Amesiwo ƒo dzi nɔ wue nye Yehowa Ðasefo siwo ɖe gbeƒã woƒe tsitretsiɖeŋu le woƒe dzixɔse ta tẽ le gɔmedzedzea me eye wokpe fu ɖe enu hã. Wogbe be yewomawɔ ɖeka kple Nazi-dziɖuɖu si wogblɔ be evɔ̃ɖi ŋutɔ la o. . . . Wotso kufia na wo dometɔ geɖe le esi wogbe asrafodɔ wɔwɔ ta . . . ; alo wokplɔ wo yi Dachau alo tsukunɔwo ƒe asaɖawo mee. Wowu woƒe akpa etɔ̃lia ŋutɔŋutɔ; woti wo dome ame blaasieke vɔ adre le alafa me yome le mɔ vovovowo nu. Woawo koe nye Kristotɔwo ƒe habɔbɔ ɖeka si ƒe nu lé dzi na Himmler.”

15. (a) Aleke nèse le ɖokuiwò me le lɛta siawo dometɔ si le afisia la ŋu? (b) Agbagba kae Satana dze le Xexemeʋa II me, eye nukae ɖo kpe edzi be edo kpo nu?

15 Sɔhɛ Ðasefowo dze ŋgɔ gaxɔmenɔnɔ kple ku tsɔ wu be woagblẽ woƒe nuteƒewɔwɔ me, menye abe avulélawo ene o ke boŋ abe Kristotɔ akpaɖekedzimadela siwo de Mawu ƒe Fiaɖuƒe si gbɔna la dzi ene, abe alesi ‘lɛta mamle’ siawo dometɔ ɖeka si le afisia ɖo kpe edzii ene. Nuvlowɔhawo ƒo zi ɖe Fia la ‘nɔviwo’ kple woƒe zɔhɛ siwo nye “alẽwo” ŋu, woƒo wo, wode wo game, eye wowɔ fu wo le xexeame katã, woɖale Dukɔ Siwo De Germania Dzi alo Dukɔ Siwo Bla Nu ɖe Germania ŋu me o. Gake woɖu dzi le woƒe gbɔgbɔmeʋa la me. Abosam mete ŋu gblẽ woƒe nuteƒewɔwɔ na Fiaɖuƒea me o. Woɖee fia be yewomenye Satana ƒe xexeame ƒe ‘akpa aɖeke o,’ abe alesi Yesu wɔe do ŋgɔ na wo ene.—Yohanes 15:19.

FIAÐUƑEA ƑE HEHENAÐOÐO

16, 17. (a) Hehenaɖoɖo kple dɔ si keke ɖe enu kawo ƒe mɔe ʋu ɖi fifia? (b) Dɔ sia ƒe kutsetse kawoe míate ŋu akpɔ?

16 J. F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla la ku le ƒe 1942 me eye Nathan H. Knorr xɔ ɖe eteƒe. Woɖo Teokrasi Subɔsubɔ Sukuwo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo katã me le ema megbe kpuie, eye esiawo na hehe Ðasefo ŋutsuwo kple nyɔnuwo be woagblɔ Fiaɖuƒegbedasia na ame bubuwo nyuie wu wòawɔ dɔ ɖe wo dzi wu. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wota nusrɔ̃gbalẽ vovovowo ɖe suku siawo ŋu. Eye womegblẽ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa hã ɖi o. Le February 1, 1943 dzi la, woɖo Gbetakpɔxɔ Gilead Biblia Sukua ɖe New York Nutome. Wokplɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla (“mɔɖela”) bibi akpe geɖe tso anyigba dzi dukɔ geɖe me va U.S.A. va na hehe wo heɖo wo ɖe “anyigba blibo la katã dzi” be woava ɖe gbeƒã “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia.”—Mateo 24:14; Romatɔwo 10:18.

17 Kutsetse wɔnuku kae nye si do tso xexeame katã ƒe hehenadɔ sia me! Esi míele ŋgɔ yim le ƒe 1990 ƒeawo me la, amesiwo ɖua aboloa henoa wein la le Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe, si fia be woƒe mɔkpɔkpɔe nye be woawɔ ɖeka kplii le Dziƒofiaɖuƒea me la ƒe xexlẽme megade 9,000 o, le esi Fia la ‘nɔviwo’ dometɔ geɖe le woƒe anyigbadzidɔwo nu wum le nuteƒewɔwɔ me ta. Gake vavala bubu siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi tegbee anye Fiaɖuƒea teviwo la ƒe xexlẽme dzi ɖe dzi wu 12,000,000. Le Yehowa Ðasefowo ƒe hame 75,000 kple edzivɔ siwo le xexeame katã egbea me la, ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” lae le ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa gãtɔ wɔm. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si wònye na wò be nànye amesiawo dometɔ ɖeka!

18. (a) Aleke “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la yi eƒe subɔsubɔa dzii? (b) Dɔ vevi ka mee nàte ŋu akpɔ gome le fifia?

18 Togbɔ be Yesu ƒe “ha sue” si nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe amesiamina susɔeawo ƒe ha la ƒe xexlẽme le ɖiɖim hã la, woyi edzi le Fiaɖuƒedɔa dzi kpɔm. (Mateo 24:45-47) Ewɔa esia to dziɖuha aɖe dzi si nye ɖoɖo si sɔ kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea tɔ. (Dɔwɔwɔwo 15:6; Luka 12:42-44) Esi N. H. Knorr ku le ƒe 1977 me la, Frederick W. Franz si xɔ ƒe 83 ɣemaɣi la va zu Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla enelia. Eye le July 1, 1979 me la, Gbetakpɔxɔ magazine la ŋutɔ xɔ ƒe 100! Ele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒea ƒe alafa ɖekae nye sia. Ẽ, woto agbalẽwo kple numenyawo dzi le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe si woɖo anyi la ‘ŋuti nyanyuia’ le xexeame katã be wòanye ɖaseɖiɖi. Ðe wò hã nèle kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la srɔ̃m le mɔnukpɔkpɔ ƒe dɔ sia wɔwɔ mea? Paulo xlɔ̃ nu mí be:

“Mina míato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.”—Hebritɔwo 13:15.

19. (a) Nuka wɔwɔ ƒe dzie Paulo de ƒo le “dzi” kple “nu” ŋu? (b) Biabia siwo sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi kawoe wobia le afisia, eye aleke nàɖo wo ŋui?

19 Apostolo Paulo gblɔ le lɛta bubu me be: “Wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ la.” (Romatɔwo 10:10) Ðe nèxɔ ‘nyanyui’ si ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo ɖe dziƒo fifia tso ƒe 1914 me ke la dzi sea? Ðe ‘nèle eme ʋum le gaglãgbe hena agbexɔxɔ’ hele gbe dom ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea “nava” kple eƒe ametsrɔ̃ŋusẽwo katã be wòava ɖe Satana ƒe habɔbɔa ɖa le anyigba dzia? Ðe nètsɔ veviedodo le Fiaɖuƒea ƒe yayra siwo ava na ameƒomea esime eteƒe madidi o woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu “le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene” la ŋu nya gblɔm na ame bubuwo ‘le gaglãgbe kple tso aƒeme yi aƒemea’? Ðe nèle kpekpem ɖe Kristotɔ vavãwo ƒe amesiamina siwo nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe ha la ŋu nuteƒewɔwɔtɔe esi woyi edzi le ŋgɔ xɔm le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedasia me “le anyigba blibo la katã dzi, . . . de xexeme ƒe seƒewo ke” hele ‘dukɔwo katã me nɔlawo wɔm nusrɔ̃lawoe, eye wole wo nyrɔ̃m hele nu fiam wo’ la mea?—Mateo 6:10; 24:14, 45-47; 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 5:42; 20:20; Romatɔwo 10:18.

20. Mɔnukpɔkpɔ gã kae ate ŋu asu asiwò fifia?

20 Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe asu asiwò egbea ‘ne èle subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na zã kple keli le Mawu ƒe fiazikpuia ŋgɔ.’ Le ɣeyiɣi ma ke me la, àdze anye “ameha gã” si akpɔ agbe mavɔ le anyigba si ŋuti wokɔ dzi la dometɔ ɖeka. (Nyaɖeɖefia 7:9-17) Gake gbã la, ele be Fiaɖuƒea ‘nava’ wɔ Harmagedon-ʋa la! Nukae Harmagedon afia na ameƒomea kple míaƒe anyigba la?

[Aɖaka si le axa 159]

MEDE AKPA AÐEKE DZI O VASEÐE KU ME

Le xexemeʋa evelia me la, Yehowa ƒe Ðasefo sɔhɛ geɖe bu woƒe agbe le woƒe akpaɖekedzimademade ta. Lɛta si gbɔna la nye ‘lɛta mamle’ siwo Ðasefo dzideƒotɔ mawo ŋlɔ ɖo ɖe woƒe ƒometɔwo la dometɔ ɖeka. Marcel Sutter si xɔ ƒe 23 tso Alsace-Lorraine ye ŋlɔe gaƒoƒo ʋee aɖewo do ŋgɔ hafi wotsɔ fia tso ta le enu le Torgau-gaxɔ me le Germania le August 1942 me.

“Dzinyelawo kple nɔvinyenyɔnu lɔlɔ̃tɔwo,

“Nyemaganɔ agbe hafi miaxɔ lɛta sia o. Gaƒoƒo ʋee aɖewo koe tso mía kple nye ku dome. Mele didim tso mia si be miasẽ ŋu ahalé dzi ɖe ƒo; migafa avi o, elabena meɖu aʋa dzi. Mewu mɔzɔzɔ la nu eye melé xɔse la me ɖe asi. Yehowa Mawu nekpe ɖe ŋunye vaseɖe nuwuwu. Ɣeyiɣi kpui aɖe koe tso mía kple mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Fiaɖuƒea dome. Míagakpɔ mía nɔewo kpuie le ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye ƒe xexe si nyo wu me. Dzi dzɔam ne meɖo ŋku ŋkeke ma dzi, elabena ɣemaɣi la, nuxaxa maganɔ anyi o. Aleke gbegbe esia awɔ nukue nye si! Mele ŋutifafa dim vevie. Mele mia ŋu bum le gaƒoƒo ʋee siawo me eye veve tsi dzi dzi nam vie ne mebu eŋu be nyemate ŋu agbugbɔ nu na mi ahado ɖoaƒe na mi o. Gake ele be míagbɔ dzi ɖi. Ɣeyiɣia de vɔ esime Yehowa akɔ eƒe Ŋkɔ la ŋu eye wòaɖee afia nuwɔwɔwo katã be ye ɖeɖekoe nye Mawu vavã ɖeka la. Fifia medi be matsɔ gaƒoƒo ʋee siwo kpɔtɔ nam la nɛ, eyata matɔ lɛta sia ɖe afisia ado hede nyuie na mi vaseɖe esime míagado go kpuie. Woakafu mía Mawu Yehowa! Mixɔ nye lɔlɔ̃ kple gbedonamewo.

“Mia viŋutsu kple mia nɔviŋutsu lɔlɔ̃a,

Marcel”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe