Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Ne míagblɔe tututu la, ɖe vovototo aɖe le Biblia me nya siwo nye “alẽ bubuwo” kple “ameha gã” la domea?
Ẽ, gake mele be míatsi dzi fũ ɖe nya si wozã ŋu alo míana wòaɖe fu na mí ne wozã nya siawo dometɔ ɖeka ɖe evelia teƒe o.
Kristotɔwo ƒe akpa gãtɔ nya mawunyakpukpui siwo me míakpɔ nya siawo le nyuie. Ðeka le Yohanes 10:16. Yesu gblɔ le afima be: “Alẽ bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.” Nyagbɔgblɔ evelia si nye “ameha gã” la dze le Nyaɖeɖefia 7:9. Míexlẽ be: “Nusiawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.”
Mina míadzro Yohanes 10:16 me gbã. Amekawoe nye alẽawo? Ele be míade dzesii be woyɔ Yesu yomedzela wɔnuteƒewo katã be alẽwo. Le Luka 12:32 la, eyɔ amesiwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le be “ha sue.” Nuka ƒe ha? Alẽha. “Alẽ” siwo nye “ha sue” la me tɔwo anɔ Fiaɖuƒea me le dziƒo. Gake ame bubuwo hã li siwo ƒe etsɔ me mɔkpɔkpɔ to vovo, amesiwo hã Yesu buna be wonye alẽwo.
Míate ŋu akpɔ esia le Yohanes ta 10. Esi Yesu ƒo nu tso alẽwo, abe eƒe apostolo siwo wògbɔna yɔyɔ ge woanɔ agbe le dziƒo ene ŋu vɔ la, egblɔ kpee le kpukpui 16 lia me be: “Alẽ bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã.” Yehowa Ðasefowo kpɔe xoxoxo be amesiwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe le kpukpui sia me. Mɔkpɔkpɔ sia nɔ nuteƒewɔla geɖe siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli, abe Abraham, Sara, Noa, kple Maleaxi ene si. Eyata esɔ be míabu wo ade ‘alẽ bubu’ siwo le Yohanes 10:16 me la dome. Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, woafɔ ɖasefo mawo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli la ɖe tsitre, woasrɔ̃ nu tso Kristo Yesu ŋu eye woaxɔe, eye woanye Alẽkplɔla Nyui la ƒe “alẽ bubuwo.”
Míenya hã be tso esime wowu dziƒoyilawo ƒe habɔbɔ la ƒe ame akpa gãtɔ yɔyɔ nu la, ame miliɔn geɖewo va zu Kristotɔ vavãtɔwo. Esɔ be woyɔ amesiawo hã be “alẽ bubuwo,” elabena womele ‘alẽha sue’ la me o. Ke boŋ alẽ bubuawo siwo li egbea la le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe age ɖe anyigba dzi paradiso me.
Ke amekawoe míate ŋu agblɔ be “ameha gã” siwo woyɔ le Nyaɖeɖefia 7:9 me la nye? Lé ŋku ɖe kpukpui 13 lia kple biabia si nye, “Amekawoe nye esiawo . . . eye afika wotso mahã?” la ŋu. Míekpɔ ŋuɖoɖoa le Nyaɖeɖefia 7:14: “Amesiawo nye amesiwo do go tso xaxa gã la me.” Eyata amesiwo ado go tso xaxa gã la me, alo atsi agbe le emee nye “ameha gã” la. Abe alesi kpukpui 17 lia gblɔe ene la, ‘woakplɔ wo ayi agbetsidzidziwo gbɔe,’ le anyigba dzi.
Gake gɔmesese le eŋu be hafi amesiawo natsi agbe le xaxa gã si le aƒe tum me la, ele be woado ŋgɔ anyã woƒe awuwo le Alẽvi la ƒe ʋu me ava zu subɔla vavãtɔwo. Eyata togbɔ be ameha sia ƒe dodo tso xaxa gã la me megbe ŋue Nyaɖeɖefia 7:9 le nu ƒom le hã la, míate ŋu azã nya “ameha gã” na amesiwo katã si anyigba dzi mɔkpɔkpɔ le, amesiwo tsɔ subɔsubɔ kɔkɔe le Yehowa nam fifia, do ŋgɔ teti na dukɔwo ƒe alakpasubɔsubɔ dzi dzedze si anye xaxa gã la ƒe gɔmedzedze.
Kpuie ko la, míate ŋu abu “alẽ bubuwo” be enye nuyɔyɔ gbadza si me Mawu subɔla siwo si agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le. Alẽwo ƒe hatsotso si li egbea, amesiwo ŋkɔyɔyɔ sia sɔ na wu, siwo nu ƒom wole ƒu be woanye “ameha gã” si atsi agbe to xaxa gã si gbɔna me hã le wo me. Kristotɔ nuteƒewɔla mawo ƒe akpa gãtɔ siwo le agbe egbea la nye “alẽ bubuwo” me tɔwo eye woganye “ameha gã” la me tɔwo hã.
Enyo be míagagblɔe ake be, togbɔ be enyo be nya siawo ƒe gɔmeɖeɖe tsitotsito nasu mía si hã la, mehiã be Kristotɔ aɖeke natsi dzi ɖe nyawo ŋu fũ o—si míate ŋu agblɔ be enye nyahehe ɖe alesi wozãa nyawoe ŋu. Paulo xlɔ̃ nu le amesiwo ‘doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo’ eye wodea wo ɖokui “nyaʋawɔwɔ” me ŋu. (Timoteo I, 6:4) Ne mía ŋutɔwo míenya vovototo aɖewo le nyawo zazã me la, enyo. Gake mehiã be míabu fɔ ame bubu si mazã Biblia me nyayɔyɔawo wòasɔ tututu o la le míaƒe nyagbɔgblɔ me loo alo le míaƒe dzi me o.