Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me
Ne èkpɔ nɔnɔmetata si le trakt sia dzi la, aleke nèsena le ɖokuiwò me? Ðe ŋutifafa, dzidzɔkpɔkpɔ kple nudzedziname si kpɔm nèle le afima la dzroa wò le dzi mea? Edzroa wò godoo. Gake drɔ̃e alo susu aɖe bubu kpɔ ko wònye be woaxɔe se be nɔnɔme siawo ava nɔ anyigba dzia?
Edze abe nenemae ame akpa gãtɔ bunɛ ene. Nusiwo li egbea la dometɔ ʋɛ aɖewoe nye aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, dɔwuame, dɔléle kple amegãkuku. Gake gɔmesese li si ta mɔkpɔkpɔ nanɔ ame si. Esime Biblia nɔ nu ƒom tso etsɔ me ŋu la egblɔ be “míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.”—Petro II, 3:13; Yesaya 65:17.
Le Biblia ƒe nya nu la, “dziƒo yeye” kple “anyigba yeye” sia menye dziƒo ŋutɔŋutɔ alo anyigba ŋutɔŋutɔ si woawɔ yeye o. Wowɔ anyigba kple dziƒo ŋutɔŋutɔ la wole blibo, eye Biblia ɖee fia be woanɔ anyi tegbee. (Psalmo 89:37, 38; 104:5) “Anyigba yeye” la anye ame dzɔdzɔe siwo anɔ anyigba dzi, eye “dziƒo yeye” la anye dziƒofiaɖuƒe alo dziɖuɖu deblibo si aɖu amegbetɔ siawo siwo le anyigba dzi la dzi. Gake ɖe wònye nusi sɔ ɖe nyateƒea nu be woaxɔe se be “anyigba yeye” alo xexeme yeye nyui aɖe ate ŋu ava?
De ŋugble tso nyateƒe si wònye be nɔnɔme nyuitɔ mawo nye tame si Mawu ɖo ɖe anyigba sia ŋu le gɔmedzedzea me la ƒe akpa aɖe la ŋu kpɔ. Etsɔ atsu kple asi gbãtɔa ɖo anyigba dzi Paradiso si nye Eden la me eye wòna dɔ wɔnukua ɖe wo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” (Mose I, 1:28) Ẽ, Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be woadzi vi eye mlɔeba la woakeke Paradisoa ɖe nu ɖe anyigba katã dzi. Togbɔ be emegbe la wotia be yewomaɖo to Mawu o eye woto ema dzi ɖee fia be yewomedze hena agbe nɔnɔ tegbee o hã la, Mawu ƒe tameɖoɖo gbãtɔa metrɔ o. Eye ele be wòava eme le xexeme yeye me!—Yesaya 55:11.
Le nyateƒe me la, ne èdo Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa alo Mía Fofo si le Dziƒo la ɖa hebia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava la, èle gbe dom ɖa be eƒe dziƒodziɖuɖua nava ɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi eye wòaɖu xexeme yeye sia dzi. (Mateo 6:9, 10) Eye míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu aɖo gbedodoɖa ma ŋu elabena eƒe Nya do ŋugbe be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.
Agbenɔnɔ le Mawu ƒe Xexeme Yeyea Me
Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe viɖe siwo tɔgbe meli o la vɛ le anyigba dzi, eye wòawɔ nu nyui ɖesiaɖe si ŋu Mawu ɖo tame ɖo le gɔmedzedzea me be yeƒe amewo nase vivi le eme le anyigba dzi la. Fulélewo kple nazãbubuwo maganɔ anyi o, eye mlɔeba la amesiwo katã le anyigba dzi la anye xɔlɔ̃ vavãwo na wo nɔewo. Le Biblia me la Mawu do ŋugbe be ‘yeatsi aʋawɔwɔ nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.’ “Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”—Psalmo 46:10; Yesaya 2:4.
Ʋɛʋɛʋɛ la woana anyigba blibo la nava zu paradiso si le abe abɔ ene. Biblia la gblɔ be: “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene. . . . Elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba. Bleziblezi azu tá, eye kuɖiɖinyigba azu tsidzɔƒe.”—Yesaya 35:1, 6, 7.
Nusita woakpɔ dzidzɔ la anɔ anyi le Paradisonyigba la dzi. Dɔ magawu amewo le nuɖuɖu manɔanyi ta o. Biblia gblɔ be: ‘Anyigba amie eƒe nukuwo.’ (Psalmo 67:7; 72:16) Amesiame ase vivi le ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ ƒe kutsetsewo me, abe alesi mía Wɔla do ŋugbe ene be: “Woade weingble aɖu eme kutsetse . . . Womaƒã nu ame bubu naɖu o.”—Yesaya 65:21, 22.
Le Mawu ƒe xexeme yeyea me la, amewo magamimi ɖe aƒe gã siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo alo xɔ gbagbãwo me o, elabena Mawu ɖo tame be: “Woatu xɔ anɔ eme, . . . Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o.” Biblia gado ŋugbe hã be: “Womadze agbagba dzodzro o.” (Yesaya 65:21-23) Eyata dɔ tseku si nana dzidzeme la anɔ amewo si. Agbe nɔnɔ mati ame o.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la Mawu ƒe Fiaɖuƒea agaɖo ŋutifafa si nɔ lãwo dome kpakple le lãwo kple amegbetɔwo dome le Eden-bɔa me la kura gɔ̃ hã anyi ake. Biblia gblɔ be: “Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo.”—Yesaya 11:6-9; Hosea 2:20.
Bu eŋu kpɔ ko be le Paradisonyigbaa dzi la woada dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã hã! Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be: “Duametɔa ɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
Alesi Wòate Ŋu Ava Emee na Wò
Ŋugbe siwo Mawu do ku ɖe agbenɔnɔ le eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe xexeme yeyea me ŋuti la anya ʋã wò dzi. Togbɔ be ame aɖewo abu be yayra mawo mate ŋu ava o hã la, womenye nusiwo mía Wɔla lɔlɔ̃tɔ la mate ŋu awɔ o.—Psalmo 145:16; Mixa 4:4.
Nudidiwo li siwo gbɔ wòle be míaɖo nenye be míanɔ agbe tegbee le Paradiso si gbɔna anyigba dzi la me. Yesu ɖe vevitɔ aɖe fia esime wògblɔ na Mawu le gbedodoɖa me be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.
Eyata ne míedi vavã be míanɔ Mawu ƒe xexeme yeyea me la, ele be míasrɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ahawɔe. Elabena enye nyateƒe be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me,” be wòase vivi le yayra siwo mía Wɔla lɔlɔ̃tɔ la adudu ɖi la me tegbee.—Yohanes I, 2:17.
Biblia ƒe kpukpui siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.