Ta 9
Yesu ƒe Ŋkɔ me Léle Ðe Asi Sesĩe
PERGAMO
1. Hame kae Yesu ƒe gbedasi si kplɔe ɖo la yi na, eye du ka ƒomevi mee Kristotɔ mawo nɔ?
LE MƆZƆZƆ kilometa 80 tso Smirna to ƒutamɔa dzi ɖo ta anyiehe kple azɔ zɔzɔ kilometa 24 aɖe ƒua ɖe megbe ato Kaiko-tɔsisia ƒe balia me megbe la, míeɖo Pergamo si woyɔna fifia be Bergama. Dua xɔ ŋkɔ le Zeo alo Yupiter ƒe gbedoxɔ si le afima ta. Le ƒe 1800 ƒe ƒeawo me la, blematomenukulawo kɔ gbedoxɔ ma ƒe vɔsamlekpuia yi Germania, afisi woagate ŋu akpɔ woa kple trɔ̃subɔlawo ƒe mawuwo ƒe legba kple kpememe geɖewo le le Pergamon Blemanudzraɖoƒea le Berlin. Gbedasi kae Aƒetɔ Yesu aɖo ɖe hame si le trɔ̃subɔsubɔ gbogbo ma dome la?
2. Aleke Yesu ɖe amesi wònye la fiae, eye nukae ‘yi nu evee’ si le esi la fia?
2 Gbã la, Yesu ɖe amesi wònye la fia esime wògblɔ be: “Ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Pergamo la ƒe dɔla bena: Amesi yi ɖaɖɛ nu evee le esi la, eyae gblɔ esiawo.” (Nyaɖeɖefia 2:12) Le afisia la Yesu gagblɔ alesi woƒo nu tso eyama ŋue le Nyaɖeɖefia 1:16 la ake. Abe Ʋɔnudrɔ̃la kple Nutsrɔ̃la ene la, atsrɔ̃ amesiwo tia eƒe nusrɔ̃lawo yome la. Aleke nya ma hefa akɔ na ame enye si! Gake le ʋɔnudɔdrɔ̃ gome la, hamea me tɔwo katã hã nasee be to Yesu Kristo, “nubabla ƒe dɔla” sia dzi la, Yehowa ‘anye ɖasefo zãzɛ’ ɖe amesiwo katã be Kristotɔwoe yewonye evɔ wohele trɔ̃subɔsubɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, aʋatsokaka kple anukwaremaɖimaɖi yome eye womeléa be na ame dahewo o la ŋu. (Maleaxi 3:1, 5; Hebritɔwo 13:1-3) Ele be woaɖo to aɖaŋuɖoɖo kple mokaka si Mawu na Yesu na wo la!
3. Alakpatadedeagu kae yi edzi le Pergamo, eye nukatae woate ŋu agblɔ be “Abosam ƒe zikpui” nɔ afima?
3 Yesu gblɔ na hamea azɔ be: “Menya . . . afisi nènɔna, afisi Abosam ƒe zikpui le.” (Nyaɖeɖefia 2:13a) Nyateƒee, ta dede agu na Satana ƒo xlã Kristotɔ mawo. Hekpe ɖe Zeo ƒe gbedoxɔa ŋu la, gbedada ƒe mawu Aeskulapio ƒe mawuxɔ hã nɔ anyi. Pergamo xɔ ŋkɔ hã abe afisi wosubɔa fia le abe trɔ̃ ene la ene. Hebri-nya si gɔme woɖe be “Satana” la gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula,” eye eƒe “zikpui” la tsi tre ɖi na eƒe xexeamedziɖuɖu si ŋu Mawu ɖe mɔ le hena ɣeyiɣi aɖe. (Hiob 1:6, New World Translation Reference Bible, etenuŋɔŋlɔ) Alesi trɔ̃subɔsubɔ bɔ ɖe Pergamo la ɖee fia be Satana ƒe “zikpui” la li ke ɖe du ma me. Aleke wòanya do dziku na Satana enye si be Kristotɔ siwo nɔ afima mede ta agu na ye le dulɔlɔ̃ ƒe tadedeagu me o!
4. (a) Aleke Yesu kafu Kristotɔ siwo nɔ Pergamo lae? (b) Nukae Roma-fia la ƒe ame dɔdɔ Pliny ŋlɔ ɖo ɖe Fia Tradzan ku ɖe nu wɔwɔ ɖe Kristotɔwo ŋu la ŋuti? (d) Togbɔ be afɔku nɔ eŋu hã la, nukae Kristotɔ siwo nɔ Pergamo la wɔ?
4 Ẽ, “Abosam ƒe zikpui” la le Pergamo afima. Yesu yi edzi be: “Eye nèlé nye ŋkɔ me ɖe asi sesĩe, eye mèsẽ nu le dzinye xɔxɔse ŋuti le ŋkeke, siwo me ke wowu Antipa, si nye nye ɖaseɖila nuteƒewɔla le mia dome, afisi Abosam nɔna la o.” (Nyaɖeɖefia 2:13b) Kafukafu ʋãme kae nye si! Ðikeke mele eme o be Antipa ku xɔsetaku le esi wògbe gbɔgbɔ vɔ̃ ƒe nuwɔnawo wɔwɔ kple ta dede agu na Roma-fia la ta. Eteƒe medidi o le esime Yohanes xɔ nyagblɔɖi sia megbe la, Pliny Ðevitɔ si nye Roma-fia Tradzan ŋutɔ ƒe ame dɔdɔ ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Tradzan heɖe alesi wòwɔa nui ɖe amesiwo nu wotso be wonye Kristotɔwo ŋue la me—esi nye mɔ si dzi fia la da asi ɖo. Abe alesi Pliny gblɔe ene la, woɖea asi le amesiwo be yewomenye Kristotɔwo o la ŋu ne “meyɔ mawuawo eye woawo hã yɔ wo, wotsɔ dzudzɔ ʋeʋẽe kple wein sa vɔe na wò [Tradzan ƒe] legba . . . eye woƒo fi de Kristo ƒu edzi.” Wowua amesiwo wokpɔ be wonye Kristotɔwo. Togbɔ be afɔku ma dze ŋgɔ Kristotɔ siwo nɔ Pergamo hã la, womegbe nu le woƒe xɔse gbɔ o. ‘Wolé Yesu ƒe ŋkɔ me ɖe asi sesĩe’ le esi woyi edzi de bubu eƒe nɔƒe kɔkɔ abe Yehowa Ŋukɔla kple Ʋɔnudrɔ̃la si wòɖo ene ŋu ta. Nuteƒewɔwɔtɔe la, wodze Yesu ƒe afɔɖoƒe yome abe Fiaɖuƒe ɖaseɖilawo ene.
5. (a) Ta dede agu na fia ƒe egbegbe tɔ kae he dodokpɔ sesẽwo va Kristotɔwo dzi le ƒe alafa 20 lia sia me? (b) Kpekpeɖeŋu kae Gbetakpɔxɔ la na Kristotɔwo?
5 Yesu na wonya le ɣeyiɣi vovovowo me be Satanae le fifi xexeme vɔ̃ɖi sia dzi ɖum, gake le Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ ta la, Satana mete ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe eyama dzi o. (Mateo 4:8-11; Yohanes 14:30) Le ƒe alafa 20 lia sia me la, dukɔ sesẽwo, vevietɔ “anyiehefia” kple “dziehefia” la, le ho ʋlim hena xexeame dzi ɖuɖu. (Daniel 11:40) Wonyɔ dumevinyenye ƒe dzonɔameme, eye fia subɔsubɔ abe trɔ̃ ene ƒe egbegbe tɔe nye dulɔlɔ̃ si xɔ aƒe ɖe anyigba dzi la. Nyati siwo ku ɖe akpa aɖeke dzi mademade ŋu le November 1, 1939 ƒe The Watchtower me kpakple le September 1, 1980, kple February 1, 1987 Gbetakpɔxɔ me gblɔ nusi Biblia fia le nya sia ŋu la kɔte, eye wona mɔfiafia Kristotɔ siwo di be yewoazɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ me ahaɖu xexeame dzi abe alesi Yesu wɔe dzideƒotɔe ene la.—Mixa 4:1, 3, 5; Yohanes 16:33; 17:4, 6, 26; 18:36, 37; Dɔwɔwɔwo 5:29.
6. Abe Antipa ene la, aleke Yehowa Ðasefowo li ke sesĩe le egbeŋkekeawo mee?
6 Aɖaŋuɖoɖo ma hiã kpata. Le dulɔlɔ̃ susumanɔmetɔe ƒe dzonɔameme si li ta la, eva hiã be Yehowa Ðasefo amesiaminawo kple woƒe zɔhɛawo siaa nali ke le xɔse me. Le United States la, wonyã ɖevi kple nufiala alafa geɖe le suku le esi womedo gbe na dukɔa ƒe aflaga o ta, eye le Germania la, woti Ðasefowo yome vevie le esi wogbe gbe dodo na Nazitɔwo ƒe aflaga la ta. Abe alesi míede dzesii xoxo ene la, Hitler ƒe Nazitɔwo wu Yehowa ƒe subɔla nuteƒewɔla akpe geɖe le esi wogbe gome kpɔkpɔ le dukɔa ƒe trɔ̃subɔsubɔ ma ƒomevi me ta. Le ƒe 1930 ƒe ƒeawo me esime Shintotɔwo ƒe fiasubɔsubɔ nɔ ŋu sẽm le Japan la, subɔla mɔɖela eve wu Fiaɖuƒenuku geɖe le Taiwan si dzi Japantɔwo nɔ ɖuɖum la. Dziɖula siwo nye asrafowo lé wo de gaxɔ me, afisi wo dometɔ ɖeka ku le le fuwɔamea ta. Woɖe asi ame evelia ŋu emegbe, gake woda tu dzime nɛ—wòzu egbegbe Antipa. Vaseɖe egbea la, anyigba aɖewo li siwo dzi wobiana le be woade ta agu na dukɔa ƒe dzesiwo ahatsɔ ame ɖokui na Dukɔa keŋkeŋ. Wode Ðasefo sɔhɛ geɖe gaxɔ me, eye wowu wo dometɔ geɖe, le woƒe tenɔnɔ kalẽtɔe abe Kristotɔ siwo mede akpa aɖeke dzi o ene la ta. Ne sɔhɛ si nya mawo dze ŋgɔe nenye la, srɔ̃ Mawu ƒe Nya la gbesiagbe be ‘xɔse nanɔ asiwò hena luʋɔ xɔxɔ’ be nakpɔ agbe mavɔ.—Hebritɔwo 10:39–11:1; Mateo 10:28-31.
7. Aleke sɔhɛ aɖewo siwo le India dze ŋgɔ dulɔlɔ̃ ƒe subɔsubɔ ƒe nya lae, eye nukae do tso eme?
7 Nya mawo tɔgbe ke dze ŋgɔ ɖevi siwo le suku dem. Le ƒe 1985 me le Kerala-nutoa me le India la, Yehowa Ðasefowo ƒe vi sɔhɛ etɔ̃ gbe tanana le woƒe xɔse si nɔ te ɖe Biblia dzi la me esime wogbe duha la dzidzi. Wotsi tre ɖi bubutɔe esime ame bubuwo nɔ edzim, gake wonyã wo le sukua. Wo fofo bia be woagbugbɔ nya sia adrɔ̃ ʋuu keke nya la ɖo India ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ, afisi ʋɔnudrɔ̃la eveawo ƒe nyametsotso de ɖeviawo dzi eye wogblɔ dzideƒotɔe be: “Míaƒe kɔnuwo fia be míaɖe mɔ na ame bubuwo; míaƒe nufiafia fia be míaɖe mɔ na ame bubuwo; míaƒe sewo ɖea mɔ na ame bubuwo; migana míatɔ tsie o.” Nya sia ŋuti nya siwo nyadzɔdzɔgbalẽwo ŋlɔ kple nuŋɔŋlɔmetolawo ƒe nya nyui siwo woŋlɔ la na dukɔ bliboa si nye amesiwo le anyigba dzi la ƒe akpa atɔ̃lia kloe la nya be Kristotɔ siwo dea ta agu na Yehowa, Mawu vavã la le dukɔ ma me, eye amesiawo wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi nuteƒewɔwɔtɔe.
Ŋusẽkpɔɖeamedzi Gbegblẽwo
8. Mokanamenya kae Yesu kpɔ be ehiã be yeagblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Pergamo?
8 Ẽ, Kristotɔ siwo le Pergamo la nye nuteƒewɔlawo. Yesu gblɔ be: “Gake la mekpɔ nu vi aɖewo le ŋutiwò.” Nukae wowɔ si ta woahe nya ɖe wo ŋu? Yesu gblɔ na mí be: “Amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi.”—Nyaɖeɖefia 2:14.
9. Amekae nye Bileam, eye aleke aɖaŋu si wòɖo la tsɔ ‘nuɖianu ɖo Israel-viwo ŋkumee’?
9 Le Mose ŋɔli la, Moab-fia Balak xe fe na Bileam si nye nyagblɔɖila aɖe si nya nu tso Yehowa ƒe mɔwo ŋu gake menye Israel-vi o la be wòaƒo fi ade Israel. Yehowa tsi tre ɖe Bileam ŋu hena wòyra Israel-viwo heƒo fi de woƒe futɔwo. Bileam fa dzi na Balak le dziku si wòdo le esia ta la me esime wòɖo aɖaŋu nɛ le amedzidzedze si me aye le wu la ŋu be: Nena Moab-nyɔnuwo nable Israel-ŋutsuwo ade gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ vɔ̃ɖi kple trɔ̃subɔsubɔ ƒe ta dede agu na alakpamawu Baal-Peor me! Ayemɔ sia wɔ dɔ. Yehowa do dɔmedzoe dzɔdzɔe eye wòna dɔvɔ̃ si wu Israel-vi matrewɔla mawo dometɔ 24,000 la va; esi nunɔla Pinehas wɔ nu tsɔ ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔa le Israel ko hafi dɔvɔ̃a nu tso.—Mose IV, 24:10, 11; 25:1-3, 6-9; 31:16.
10. Nuɖianu kawoe va tra ɖe hamea me le Pergamo, eye nukatae Kristotɔ mawo anya susui be Mawu aŋe aɖaba aƒu yewoƒe dzidadawo dzi?
10 Azɔ ɖe nuɖianu mawo tɔgbe le Pergamo le Yohanes ƒe ŋkekea hã mea? Woli! Agbegbegblẽnɔnɔ kple trɔ̃subɔsubɔ va ge ɖe hamea me. Kristotɔ mawo mewɔ ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃me siwo wòna wo to apostolo Paulo dzi la dzi o. (Korintotɔwo I, 10:6-11) Esi wodo dzi le yometiti me ta la, ɖewohĩ wosusui be Yehowa aŋe aɖaba aƒu yewoƒe gbɔdɔdɔ ƒe nuvɔ̃wo dzi. Eyata Yesu na eme kɔ ƒã be ele be woatsri vɔ̃ɖinyenye ma.
11. (a) Ele be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ ɖe nuka ŋu, eye tamebubu ka ƒomevie wòle be woaƒo asa na? (b) Ame nenie woɖe le Kristo-hamea me le ƒe siwo va yi me, eye zi geɖe la nukatae?
11 Nenema kee wòle egbea be ele be Kristotɔwo nakpɔ nyuie be woagatrɔ “mía Mawu ƒe amenuveve [la yi] ɖe agbe baɖa nɔnɔ me” o. (Yuda 4) Enye míaƒe dɔdasi be míalé fu nuvɔ̃ eye ‘míaƒo míaƒe ŋutilã’ ale be míanɔ Kristotɔwo ƒe agbe nyui. (Korintotɔwo I, 9:27; Psalmo 97:10; Romatɔwo 8:6) Mele be míabui gbeɖegbeɖe be veviedodo le Mawu ƒe subɔsubɔ me kple nuteƒewɔwɔ le yometiti me na ŋusẽ mí be míaƒo mía ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me o. Le ƒe siwo va yi me la, vodala siwo woɖe le xexeame katã ƒe Kristo-hamea me le gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ta koŋ la nye ame akpe geɖe. Le ƒe aɖewo me la, wosɔ gbɔ wu amesiwo ku le blema Israel le Baal-Peor ta kura gɔ̃ hã. Mina míanɔ ŋudzɔ be míagava nɔ ame mawo dome gbeɖe o!—Romatɔwo 11:20; Korintotɔwo I, 10:12.
12. Abe alesi wònɔ le Mawusubɔlawo gome le blemaɣeyiɣiwo mee ene la, gɔmeɖose kawoe ku ɖe Kristotɔwo ŋu egbea?
12 Yesu ka mo na Kristotɔ siwo nɔ Pergamo ɖe ‘nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo ɖuɖu’ hã ta. Nukae esia alɔ ɖe eme? Le nya siwo Paulo gblɔ na Korintotɔwo nu la, ɖewohĩ wo dometɔ aɖewo nɔ woƒe Kristotɔwo ƒe ablɔɖe la ŋudɔ wɔm ɖe mɔ gbegblẽ nu eye woɖo koŋ nɔ nu gblẽm le ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu. Gake anye boŋ be wonɔ gome kpɔm le trɔ̃subɔsubɔkɔnu ŋutɔŋutɔwo me le mɔ aɖe nu. (Korintotɔwo I, 8:4-13; 10:25-30) Ele be Kristotɔ ɖianukware siwo li egbea naɖe ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ afia le woƒe Kristotɔ ƒe ablɔɖe ŋudɔwɔwɔ me, eye woakpɔ nyuie be yewomaɖia ame bubuwo nu o. Kakaɖedzitɔe la, ele be woaƒo asa na trɔ̃subɔsubɔ egbetɔwo, abe amesiwo xɔ ŋkɔ le television, sinima kple kamedefefe me subɔsubɔ, alo ga, alo woa ŋutɔwo ƒe ƒodo kura gɔ̃ hã, tsɔtsɔ awɔ mawue me ene!—Mateo 6:24; Filipitɔwo 1:9, 10; 3:17-19.
Miƒo Asa Na Kɔmamãwo!
13. Mokanamenya kawoe Yesu yi edzi gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Pergamo, eye nukatae wohiã na hamea?
13 Yesu yi edzi gaka mo na Kristotɔ siwo nɔ Pergamo esime wògblɔ bena: “Nenema ke amesiwo lé nikolaitɔwo ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò.” (Nyaɖeɖefia 2:15) Yesu kafu Efesotɔwo va yi le fu si wolé kɔmamã sia ƒe nuwɔnawo ta. Gake ehiã be wòaɖo aɖaŋu na Kristotɔ siwo le Pergamo la be womegana kɔmamãwo nanɔ hamea me o. Ehiã be woali ke geɖe wu le Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo me léle ɖe asi me ale be ɖekawɔwɔ si Yesu do gbe ɖa bia le Yohanes 17:20-23 la nanɔ anyi. Ele vevie be ‘woaxlɔ̃ nu le nufiafia, si le blibo la me, eye woaka mo na ɖeklemiɖelawo.’—Tito 1:9.
14. (a) Tso Kristo-hamea ƒe gɔmedzedze me ke la, ehiã be woakpe akɔ kple amekawo, eye aleke apostolo Paulo ƒo nu tso wo ŋue? (b) Yesu ƒe nya kawoe wòle be amesiwo di be yewoadze ƒuƒoƒo aɖe si ɖe eɖokui ɖe aga yome la naɖo toe?
14 Tso Kristo-hamea ƒe gɔmedzedze me ke la, eva hiã be wòakpe akɔ kple xɔsegbela dadala siwo toa ameblenya viviwo dzi “wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia” siwo wofia to Yehowa ƒe mɔnuɖoɖoa dzi ŋu. (Romatɔwo 16:17, 18) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu tso afɔkunu sia ŋu le eƒe agbalẽwo katã kloe me.a Le egbeŋkeke siawo siwo me Yesu gbugbɔ hame vavãtɔ ɖo eƒe Kristotɔwo ƒe kɔkɔenyenye kple ɖekawɔwɔ me ake la me la, kɔmamãwo ƒe afɔku la gakpɔtɔ li. Eyata ele be amesiwo di be yewoadze aglãdzehabɔbɔ aɖe yome eye woato ema dzi ahe kɔmamã vɛ la nawɔ ɖe nya siwo Yesu yi edzi gblɔ la dzi: “Azɔ trɔ le wò dzi me; ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye matsɔ nye nu me yi awɔ aʋa kpli [wo].”—Nyaɖeɖefia 2:16.
15. Aleke kɔmamã dzea egɔmee?
15 Aleke kɔmamã dzea egɔmee? Ðewohĩ ame aɖe si wɔ eɖokui nufialae ahe ɖikeke vɛ ahake ɖi Biblia me nyateƒe aɖe (abe ŋkeke mamleawo me si míele ene), eye ƒuƒoƒo aɖe aɖe eɖokui ɖe aga ahadze eyome. (Timoteo II, 3:1; Petro II, 3:3, 4) Alo ame aɖe aƒo nu atsi tre ɖe mɔ si dzi Yehowa to na wole eƒe dɔ wɔm la ŋu ahadi be amewo nawɔ kuvia to gbɔgblɔ be mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔa nu be woagblɔ Fiaɖuƒe gbedasia tso aƒe me yi aƒe me o, eye mehiã hã o dzi. Dɔ ma wɔwɔ le Yesu kple eƒe apostolowo ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ me la ana amesiawo nabɔbɔ wo ɖokui; gake wolɔ̃ be yewoaɖe yewo ɖokui ɖe aga boŋ eye yewoawɔ nu kuviatɔe, ɖewohĩ yewoaxlẽ Biblia ɣeaɖewoɣi ko abe ƒuƒoƒo si le eɖokui si ene. (Mateo 10:7, 11-13; Dɔwɔwɔwo 5:42; 20:20, 21) Ame mawo kpana woa ŋutɔwo ƒe nyawo ku ɖe Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia, Ŋɔŋlɔa ƒe sedede be woatsri ʋu, ŋkekenyuiwo ɖuɖu kple atamazazã ŋuti. Gawu la, woɖia gbɔ Mawu ƒe ŋkɔ; eteƒe medidina hafi wogatrɔna yia Babilon Gã la ƒe mɔ ɖeɖe na nu baɖa wɔwɔ gbɔ o. Esi gavɔ̃ɖi wue nye be Satana denɛ wo dometɔ aɖewo me be wodzea ‘woƒe hadɔtsɔla’ siwo nye wo nɔviwo tsã la dzi heƒoa wo.—Mateo 24:49; Dɔwɔwɔwo 15:29; Nyaɖeɖefia 17:5.
16. (a) Nukatae wòle be amesiwo le ʋuʋum le xɔsegbelawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ta la natrɔ dzime kaba? (b) Nukae adzɔ ɖe amesiwo gbe dzimetɔtrɔ dzi?
16 Ele be amesiwo le ʋuʋum le xɔsegbelawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ta la nawɔ ɖe Yesu ƒe nya si wògblɔ be woatrɔ dzime la dzi kaba! Ele be woagbe xɔsegbelawo ƒe nyagbɔgblɔ abe aɖi ene, eye aɖie wònye! Ŋubiabiã kple fuléle dzie wònɔ te ɖo, esi to vovo tso nyateƒe dzɔdzɔe siwo dza eye wodze na lɔlɔ̃ siwo Yesu nana eƒe hame la gbɔ. (Luka 12:42; Filipitɔwo 1:15, 16; 4:8, 9) Le amesiwo gbe dzimetɔtrɔ gome la, Aƒetɔ Yesu ‘tsɔa eƒe nu me yi legbe la wɔa aʋa kpli wo’ vavã. Ele eƒe amewo sram be wòana ɖekawɔwɔ si wòdo gbe ɖa bia le eƒe anyigba dzi nɔnɔ le eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ ƒe fiẽ mamlea me la nanɔ anyi. (Yohanes 17:20-23, 26) Esi wònye xɔsegbelawo gbea lɔlɔ̃ ƒe aɖaŋuɖoɖo kple kpekpeɖeŋu si ɣletivi siwo le Yesu ƒe nuɖusi me nana wo ta la, Yesu drɔ̃a ʋɔnu wo eye wòhea to na wo ‘vevie ŋutɔ’ henyãa wo ɖona ɖe “viviti tsiɖitsiɖi la” me le gota. Woɖea wo le hamea me, eye womegatea ŋu nyea amɔwɔ ʋaʋã le Mawu ƒe amewo dome o.—Mateo 24:48-51; 25:30; Korintotɔwo I, 5:6, 9, 13; Nyaɖeɖefia 1:16.
‘Mana Ɣaɣla Kple Kpe Ɣi Aɖe’
17. Teƒeɖoɖofetu kae li na Kristotɔ amesiamina siwo “ɖu dzi” la, eye nuka dzie wòhiã be Kristotɔ siwo nɔ Pergamo la naɖu?
17 Teƒeɖoɖofetu gã aɖe le amesiwo katã wɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋu si wòɖo to Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia dzi la lalam. See ɖa! “Amesi ke to li nɛ la, nese nusi gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si ame aɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.” (Nyaɖeɖefia 2:17) Eyata abe Kristotɔ siwo nɔ Smirna ene la, wode dzi ƒo na Kristotɔ siwo nɔ Pergamo la be ‘woaɖu dzi.’ Ne nu adze dzi na amesiwo le Pergamo, afisi Satana ƒe fiazikpui le la, ele be woatsri trɔ̃subɔsubɔ. Ele be woaɖu agbegbegblẽnɔnɔ, kɔmamãwo kple xɔsegbegbe si ku ɖe Balak, Bileam, kple Nikolaitɔwo ŋu la dzi. Le ema wɔwɔ me la, woakpe Kristotɔ amesiamina mawo be woava ɖu “mana ɣaɣla” la ƒe ɖe. Nukae esia fia?
18, 19. (a) Nukae nye mana si Yehowa na Israel-viwo? (b) Mana kae nɔ ɣaɣla? (d) Nukae mana ɣaɣla la ɖuɖu fia?
18 Le Mose ŋɔli la, Yehowa tsɔ mana nyi Israel-viwoe le woƒe gbeadzimɔzɔzɔa me. Womedzraa mana ma ɖo o elabena evana nukutɔe ŋdi sia ŋdi—negbe le Sabat la dzi ko—abe ketsi gbadzɛ ene le anyigba. Enye Mawu ƒe nunana si ana Israel-viwo nanɔ agbe. Abe ŋkuɖodzinu ene la, Yehowa de se na Mose be wòade “abolo” sia ƒe ɖe sikaze aɖe me wòanɔ nubablaɖaka kɔkɔe la me ‘le Israel ƒe dzidzimewo katã me.’—Mose II, 16:14, 15, 23, 26, 33; Hebritɔwo 9:3, 4.
19 Kpɔɖeŋu kae nye si sɔ nyuie ale! Mana sia nɔ ɣaɣla le takpegbadɔa ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea, afisi nukukekeli si nɔ Aɖaka la tame la tsi tre ɖi na Yehowa ƒe anyinɔnɔ. (Mose II, 26:34) Womeɖe mɔ na ame aɖeke be wòayi kɔkɔeƒe ma be wòaɖu mana ɣaɣla la o. Gake Yesu gblɔ be ye yomedzela amesiamina siwo aɖu dzi la aɖu “mana ɣaɣla la.” Abe Kristo, amesi do ŋgɔ na wo ene la, mɔnukpɔkpɔ sua wo si be menye “kɔkɔeƒe, si wotsɔ asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me” woayi “o; ke dziƒo ŋutɔ” boŋ. (Hebritɔwo 9:12, 24) Le woƒe tsitretsitsi me la, wodoa magblẽmagblẽ- kple makumakunyenye—si nye Yehowa ƒe ɖoɖo wɔnuku aɖe si ƒe kpɔɖeŋu “mana ɣaɣla” magblẽmagblẽ si woana wo la nye. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si wònye na aʋadziɖulawo ƒe ha sue ma!—Korintotɔwo I, 15:53-57.
20, 21. (a) Nukae kpe ɣi tsɔtsɔ na Kristotɔ amesiaminawo fia? (b) Esi wònye kpe ɣi 144,000 koe li ta la, mɔkpɔkpɔ kae le ameha gã la si?
20 Wonana ‘kpe ɣi’ hã amesiawo. Wowɔ kpewo ŋudɔ le Romatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo le ʋɔnudɔdrɔ̃ me. Kpe ɣi fia be wotso afia na amea, gake kpe yibɔ fia be wobu fɔ amea, eye zi geɖe la wowunɛ. ‘Kpe ɣi’ si Yesu atsɔ na Kristotɔ siwo le Pergamo la afia be edrɔ̃ ʋɔnu wo be womeɖi fɔ o, wole kɔkɔe eye wodza. Gake gɔmesese bubu hã ate ŋu anɔ Yesu ƒe nyawo ŋu. Le Romatɔwo ŋɔli la, wozãa kpewo hã abe tikitiwo ene esiwo nana woɖea mɔ na ame wòyia nu veviwo wɔƒe. Eyata kpe ɣia ate ŋu afia nane si le tɔxɛ ŋutɔ na Kristotɔ amesiamina si ɖu dzi la—esi nye be woana wòayi bubu ƒe nɔƒe le dziƒo le Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɣi. Kpe mawo 144,000 pɛ koe li.—Nyaɖeɖefia 14:1; 19:7-9.
21 Ðe ema fia be ne hatitadeagulawo ƒe ameha gã la me tɔe nènye la, ekema womabu ŋuwò oa? Kura o! Togbɔ be womatsɔ kpe ɣi si aɖe mɔ na wò be nayi dziƒo la na wò o hã la, ne èdo dzi la, àte ŋu atso xaxa gã la ahava kpɔ gome le dzidzɔdɔ si nye Paradiso ɖoɖo anyi ake ɖe anyigba dzi la me. Nuteƒewɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli, siwo wofɔ ɖe tsitre kple alẽ bubu siwo ku le ema megbe la akpɔ gome le esia me kpli wò. Mlɔeba la, woatsɔ tsitretsitsi hena agbe nɔnɔ le paradisonyigba dzi la ave ame kuku bubu siwo katã woɖe la nue.—Psalmo 45:17; Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 7:9, 14.
22, 23. Nukae ŋkɔ si woŋlɔ ɖe kpe si wotsɔna na Kristotɔ amesiaminawo dzi la fia, eye aleke wòle be esia nade dzi ƒo na míe?
22 Nukae nye ŋkɔ yeye si woŋlɔ ɖe kpea dzi la? Ŋkɔ nye nusi dzi wotona dzea si ame hedea vovototo woa kple ame bubuwo dome. Wotsɔa kpea na Kristotɔ amesiamina siawo ne wowu woƒe anyigbadzinɔnɔ nu abe aʋadziɖulawo ene. Ekema edze ƒã be ŋkɔ si le kpea dzi la ku ɖe woƒe ɖekawɔwɔ kple Yesu le dziƒo la ŋu—esi nye fianɔƒe kplikplikpli ŋutɔ aɖe ƒe subɔsubɔ si gɔme amesiwo anyi Dziƒofiaɖuƒea ƒe dome la ɖeɖeko ase eye woase vivi le eme bliboe. Eyata enye ŋkɔ, alo nɔƒe si woana ame “si ame aɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.”—Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 3:12.
23 Nukae nye si aʋã Yohanes habɔbɔa be ‘woase nusi gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo’ eye woawɔ ɖe edzi ale! Eye aleke esia dea dzi ƒo na woƒe zɔhɛ siwo nye ameha gã la be woasubɔ kpli wo nuteƒewɔwɔtɔe esime woate ŋu ase vivi le hadede kpli wo me le anyigba dzi afisia eye woakpɔ gome kpli wo le gbe ƒã ɖeɖe Yehowa ƒe Fiaɖuƒea me enye si!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Korintotɔwo I, 3:3, 4, 18, 19; Korintotɔwo II, 11:13; Galatiatɔwo 4:9; Efesotɔwo 4:14, 15; Filipitɔwo 3:18, 19; Kolosetɔwo 2:8; Tesalonikatɔwo I, 3:5; Tesalonikatɔwo II, 2:1-3; Timoteo I, 6:3-5; Timoteo II, 2:17; 4:3, 4; Tito 1:13, 14; 3:10; Hebritɔwo 10:26, 27 hã.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 43]
Trɔ̃subɔsubɔ si bɔ ŋutɔ ƒe ɖaseɖiɖi siawo li woakpɔ le Pergamon Blemanudzraɖoƒea le Berlin
[Nɔnɔmetata si le axa 45]
Wotsɔ mana agbɔsɔsɔme aɖe ɣla ɖe nubablaɖaka la me. Kpɔɖeŋu ƒe mana si le ɣaɣla tsɔtsɔ na amesiamina siwo ɖu dzi la fia be woana makumakunyenye wo
[Nɔnɔmetata si le axa 45]
Woatsɔ kpe ɣi la na amesiwo wokpe hena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe la