Ta 9
Yesu ƒe Ƒomegbenɔnɔ le Eƒe Ðevime
ESIME Yesu nɔ tsitsim le Nazaret la, du maɖinu sue aɖe ko wònye. Ele togbɛ dzi le nuto aɖe si woyɔna be Galilea, si medidi tso Yezreel-bali dzeania gbɔ o la me.
Esi Yosef kple Maria kplɔ Yesu, si ɖewohĩ axɔ abe ƒe eve ene, tso Egipte va afisiae la, edze ƒã be eya ɖeɖekoe nye Maria vi. Gake menye eya ɖeɖekoe nye vi nɔ esi ɣeyiɣi didi o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wodzi Yakobo, Yosef, Simon, kple Yuda, eye Maria kple Yosef dzi nyɔnuviwo hã. Mlɔeba la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo Yesu tsi wu, siwo ne mede ɖeke kurakura o hã la, anye ame ade ya teti nɔ Yesu si.
Ƒometɔ bubuwo hã nɔ Yesu si. Míenya nu tso nɔgãa ƒe vi Yohanes si le Yudea si didi tso wo gbɔ agbadroƒe geɖe la ŋu. Gake Salome si anye Maria nɔvinyɔnu si ƒe nɔƒe le Galilea la gogo wo wu. Salome ɖe Zebedeo, eyata wo viŋutsu eve siwo nye Yakobo kple Yohanes la kple Yesu nye nɔgãnɔɖiviwo. Míenya ne esime Yesu nɔ tsitsim la, wo kple ŋutsuvi siawo nɔ teƒe ɖeka eteƒe didi o, gake emegbe wova zu zɔhɛ kplikplikpliwo.
Ele be Yosef nawɔ dɔ sesĩe atsɔ akpɔ eƒe ƒome si le dzidzim ɖe edzi la dzie. Atikpalae wònye. Yosef nyi Yesu abe eya ŋutɔ via ene, eyata woyɔa Yesu be ‘atikpala ƒe vi.’ Yosef fia atikpadɔ Yesu hã, eye esrɔ̃e nyuie. Eyatae emegbe amewo gblɔ le Yesu ŋu be, ‘Amesiae nye atikpala la.’
Nusi xɔ teƒe vevitɔ le Yosef kple eƒe ƒomea ƒe agbenɔnɔ mee nye Yehowa Mawu ƒe tadedeagu. Le wɔwɔ ɖe Mawu ƒe Sea dzi me la, Yosef kple Maria na gbɔgbɔ me nufiafia wo viwo ne ‘wobɔbɔ nɔ wo ƒeme, ne wole mɔ dzi, ne womlɔ anyi, kple ne wofɔ.’ Ƒuƒoƒe aɖe le Nazaret, eye míate ŋu aka ɖe edzi be Yosef kplɔa eƒe ƒomea yinɛ be woade ta agu le afima hã. Gake ɖikekemanɔmee la, wokpɔa dzidzɔ gãtɔ kekeake le mɔzɔzɔ edziedzi yi Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem la me. Mateo 13:55, 56; 27:56; Marko 15:40; 6:3; Mose V, 6:6-9.
▪ Ne mede ɖeke o hã la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nenie nɔ Yesu si siwo wòtsi wu, eye wo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔ ɖe?
▪ Amekawoe nye Yesu ƒe nɔgãnɔɖivi etɔ̃ siwo wonya nyuie?
▪ Ŋutilãmedɔ kae Yesu va wɔ mlɔeba, eye nukatae?
▪ Nufiame vevi kae Yosef na eƒe ƒomea?