INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 11
  • Yohanes Dzra Mɔ la Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yohanes Dzra Mɔ la Ðo
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa Dzra Mɔ Dzi Ðo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Eyae Nye Mesia ƒe Mɔtala
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Yohanes Dzra Mɔ Dzi Ðo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Yesu Zu Mesia La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 11

Ta 11

Yohanes Dzra Mɔ la Ðo

EXƆ ƒe wuiadre va yi tso esime Yesu nye ɖevi si xɔ ƒe 12 eye wònɔ nya biam nufialawo le gbedoxɔa me. Ƒe 29 M.Ŋ. ƒe adame ɖo, eye ewɔ abe ɖe amesiame le nu ƒom tso Yesu nɔgãnɔɖivi Yohanes, amesi le gbe ƒã ɖem le nuto siwo katã le Yordan-tɔsisia ŋu la ŋuti ene.

Yohanes nye amesi ƒe nu wɔa dɔ ɖe ame dzi vevie, le eƒe dzedzeme kple eƒe nuƒoƒo siaa me. Edoa kposɔfuwu eye wòtsɔa lãgbalẽlidziblanu blaa ali dzi. Ʋetsuviwo kple gbemenyitsie nye eƒe nuɖuɖu. Eye nukae nye eƒe gbedasia? “Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ.”

Gbedasi sia ʋã eƒe nyaselawo. Ame geɖe kpɔ hiahiã si li be woatrɔ dzime la dze sii, eye ema fia be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ eye woaɖe asi le tsã gbenɔnɔ si menyo o la ŋu. Eyata ame gbogbo aɖewo tso du siwo le Yordan ŋu kple Yerusalem ke hã va Yohanes gbɔ eye wònyrɔ̃ wo ɖe Yordan-tsi la me. Nukatae?

Yohanes nyrɔ̃ amewo esi nye dzesi be wotrɔ dzime vavã tso nuvɔ̃ siwo wowɔ ɖe Mawu ƒe Se ƒe nubabla ŋuti la me alo wolɔ̃ ɖe edzi. Eyata esi Farisitɔ kple Zadukitɔ subɔsubɔnyahela aɖewo va Yordan la, Yohanes bu fɔ wo gblɔ be: “Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã? Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ, eye migabu ne miagblɔ le mia ɖokui me bena: Abraham enye mía fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso keke kpe siawo me ke na Abraham. Ke azɔ la wotsɔ fía ɖo atiwo ƒe ke dzi gɔ̃ hã xoxo: Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.”

Esi ame geɖe nɔ to ɖom Yohanes ta la, Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo ɖe egbɔ. Amesiawo biae be: “Ameka nènyea?”

Yohanes ʋu eme be: “Menye nyee nye Kristo la o.”

Wobia be: “Ekema amekae? Eliya nènyea?”

Eɖo eŋu na wo bena: “Menye nyee o.”

“Nyagblɔɖila la nènyea?”

“O”!

Eyata wotee ɖe edzi be: “Ameka gɔ̃ nènye? Bena míana ŋuɖoɖo amesiwo dɔ mí ɖa. Nuka gblɔm nèle le ɖokuiwò ŋu?”

Yohanes ɖe eme be: “Amesi le ɣli dom le gbeadzi la ƒe gbe menye: Midzra [Yehowa] ƒe mɔ la ɖo, abe alesi nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ene.”

Wobia be: “Nukaŋuti nèle [nyɔnyrɔ̃ nam] amewo, esi menye Kristo alo Eliya alo nyagblɔɖila nènye o mahã?”

Eɖo eŋu na wo be: “Nye la [mele nyɔnyrɔ̃ nam] amewo kple tsi; amesi mienya o la, le tsitre le mia titina.”

Yohanes le mɔa dzi dzram ɖo esi wòna dzi nyui le amewo si sum be woaxɔ Mesia, amesi ava nye Fia la. Yohanes gblɔ le Amesia ŋu be: “Amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o.” Le nyateƒe me la, Yohanes gblɔ kura gɔ̃ hã be: “Amesi le megbenye gbɔna la, tre vava nam; elabena eli, hafi meli.”

Eyata Yohanes ƒe gbedasia be “dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ” la nye kaklã nana amewo le gaglãgbe be Fia Yesu Kristo si Yehowa ɖo la ƒe subɔsubɔdɔ la gɔmedzeɣi ɖo. Yohanes 1:6-8, 15-28; Mateo 3:1-12; Luka 3:1-18; Dɔwɔwɔwo 19:4.

▪ Ameka ƒomevie nye Yohanes?

▪ Nukatae Yohanes na nyɔnyrɔ̃ amewo?

▪ Nukatae Yohanes te ŋu gblɔ be Fiaɖuƒe la ɖo vɔ?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe