Eyae Nye Mesia ƒe Mɔtala
LÃGBALẼLIDZIBLANU gbadza aɖe dze le eƒe ŋutigbalẽ hɛ̃a ŋu. Edo kposɔfuwu, eye eɖi nyagblɔɖila nyateƒe. Ame geɖewo va egbɔ le Yordan-tɔsisi la to. Ŋutsu nyoameŋu sia gblɔ le afima dzideƒotɔe be yele klalo be yeana nyɔnyrɔ̃ nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo.
Amewo ƒe nu ku! Amekae nye sia? Nukae nye eƒe taɖodzinu?
Yesu Kristo gblɔ le amesia ŋu be: “Nukaŋuti gɔ̃e miedo go ɖo? Alo nyagblɔɖila kpɔ gea? Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Ewu nyagblɔɖila hã. . . . Le amesiwo nyɔnuwo dzi dome la, ame aɖeke metsi tre kpɔ, si wu Yohanes [Amenyrɔ̃ɖetsimela] o.” (Mateo 11:9-11) Nukata Yohanes ɖe dzesi alea gbegbe? Esi wònye eyae nye Mesia la ƒe mɔtala tae.
Wogblɔ Nusita Wòva la Ði
Ƒe 700 kple vɔ hafi woadzi Yohanes la, Yehowa gblɔ be amesia anɔ ɣli dom le gbedzi be: “Mita mɔ ɖe gbe dzi na Yehowa, eye miwɔ mɔwo dzɔdzɔe ɖe gbegbe na mía Mawu la!” (Yesaya 40:3; Mateo 3:3) Ƒe si wu 400 hafi woadzi Yohanes la, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la gblɔ be: “Kpɔ ɖa madɔ nyagblɔɖila Eliya aɖo ɖe mi, hafi ne Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.” (Maleaxi 3:23) Alesi wodzi Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela abe ɣleti ade ene do ŋgɔ na Yesu la menye nusi dzɔ le vome ko o, eye menye vidzidzi le dzɔdzɔme nu ko mee esia dzɔ le o. Abe alesi wodzi ŋugbedodovi Isak ene la, Yohanes dzidzi hã nye nukunu elabena edzila eveawo, Zaxarya kple Elisabet, siaa tsi to vidzidzi me.—Luka 1:18.
Hafi woafɔ Yohanes ƒe fu gɔ̃ hã la, mawudɔla Gabriel gblɔ eƒe dɔdasi, dɔwɔna, kple alesi wòanɔ agbee ɖi. Yohanes atsɔ dzonɔameme kple gbɔgbɔ si nɔ Eliya me la aɖe ame maɖotowo tso kumɔ dzi eye wòadzra wo ɖo be woaxɔ Yesu be eyae nye Mesia la. Wogblɔ be Yohanes anye Nasiretɔ tso edziɣi ke ahatsɔ eɖokui ana Mawu bliboe, eye wein alo aha sesẽ aɖeke made eƒe nume o. Le nyateƒe me la, ‘ʋetsuviwo kple gbemenyitsi’ ye nye eƒe nuɖuɖu le gbea dzi. (Marko 1:6; Mose IV, 6:2, 3; Luka 1:13-17) Woɖo Yohanes ɖi koŋ be wòawɔ Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe abe alesi woɖo Samuel ɖii ene.—Samuel I, 1:11, 24-28.
Mawu ŋutɔe tia ŋkɔ Yohanes gɔ̃ hã nɛ. Hebrigbe me ŋkɔ si woyɔ be “Yohanes” gɔmee nye “Yehowa Ve Ame Nu; Yehowa Kpɔ Nublanui.”
Esi wotso aʋa na ɖevia le ŋkeke enyiagbe la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã fofoa Zaxarya wògblɔ be: “Ke wò, ɖevi la, woayɔ wò be dziƒoʋĩtɔ ƒe nyagblɔɖila; elabena àdze [Yehowa] ŋgɔ, be nadzra eƒe mɔwo ɖo, be nana xɔxɔ ƒe nyanya le woƒe nuvɔ̃tsɔtsɔke me le míaƒe Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ ŋuti, esime kekeli dze tso dziƒo ʋĩ va kpɔ mí ɖa.” (Luka 1:76-78) Yohanes ƒe dutoƒosubɔsubɔdɔ lae nye nu vevitɔ le eƒe agbe me. Nu bubu aɖeke megade enu o. Eyata Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso Yohanes ƒe agbenɔƒe 30 gbãtɔawo ŋu le kpukpui ɖeka ko me be: “Eye ɖevi la tsi, eye wòva sẽ ŋu le gbɔgbɔ la me; eye wòle gbedzi vaseɖe eɖeɖefia Israel ŋkeke dzi.”—Luka 1:80.
Gbe aɖe Ði le Gbedzi
Le Kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe 15 lia me, esi Pontio Pilato nye mɔ̃mefia le Yudea la, Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela do ɖe gbedzi nɔ gbedasi ʋãme sia gblɔm be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me; elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ.” (Mateo 3:2; Marko 1:4; Luka 3:1, 2) Nutoa me tɔwo katã nyɔ le wo ɖokui me. Gbeƒãɖeɖe sẽŋu ma ɖo dzi gbɔ na amesiwo nɔ mɔkpɔkpɔ vavã aɖe dim la vevie. Yohanes ƒe gbeƒãɖeɖea do amewo ƒe ɖokuibɔbɔ hã kpɔ elabena ebia be woatrɔ dzi me bliboe. Eƒe anukwareɖiɖi kple numeɖeɖe ʋã nyateƒetɔ kple dzinyuitɔ gbogbo aɖewo wokpɔe be Mawue dɔe.
Yohanes ƒe ŋkɔ de du abe ŋkeke yeye ƒe agudzedze ene. Esi wònye Yehowa ƒe nyagblɔɖila ta la, wotsɔ eƒe awudodo kple ɖokuitsɔtsɔna de dzesii bɔbɔe. (Marko 1:6) Nunɔlawo kple Lewitɔwo gɔ̃ hã zɔ mɔ tso Yerusalem be yewoaɖakpɔ nusi le ɖetsɔleme sia gbegbe nyɔm ɖe amewo me. Woatrɔ dzi mea? Nukata, eye nuka ƒe dzi mee woatrɔ? Amekae nye sia? Wodi be yewoanya. Yohanes ɖo eŋu be: “Menye nyee nye Kristo la o. Eye wobiae bena: Ekema amekae? Eliya nènyea? Egblɔ be: Menye nyee o. Nyagblɔɖila la nènyea? Eye wòɖo ŋu bena: O. Eye wogblɔ nɛ bena: Ameka gɔ̃ nènye? Bena míana ŋuɖoɖo amesiwo dɔ mí ɖa. Nuka gblɔm nèle le ɖokuiwò ŋu? Egblɔ bena: Amesi le ɣli dom le gbeadzi la ƒe gbe menye: ‘Midzra [Yehowa] ƒe mɔ la ɖo’ abe alesi nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ene. Eye ame dɔdɔwo tso farisitɔwo gbɔ. Eye wobiae gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nèle [amewo nyrɔ̃m] esi menye Kristo alo Eliya alo nyagblɔɖila nènye o mahã?”—Yohanes 1:20-25.
Dzimetɔtrɔ kple nyɔnyrɔ̃xɔxɔ nye afɔɖeɖe vevi na amesiwo ayi ɖe Fiaɖuƒea me. Eyata Yohanes ɖo eŋu be: ‘Nye la metsɔ tsi nyrɔ̃ nuvɔ̃wɔla dzimetrɔlawo; ke amesi tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo nu ka medzem be, matu o la, eya ŋutɔ gbɔna be, wòatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo anyrɔ̃ mi; eye mikpɔ nyuie, lugbɔnu le amesia si, be wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo lu la ƒu alɔ ɖe eƒe ava me; ke tsroa la, atɔ dzoe.’ (Luka 3:15-17; Dɔwɔwɔwo 1:5) Le nyateƒe me la, woakɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Mesia la yomedzelawo dzi, gake woatsɔ dzo atsrɔ̃ eƒe futɔwo.
Woxlɔ̃ Nu “Amewo Katã”
Yohanes ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe Yudatɔ dzianukwaretɔ geɖe dzi vevie eye woʋu woƒe Se ƒe nubabla dzimawɔmawɔ ƒe nuvɔ̃ me. Woɖe woƒe dzimetɔtrɔ fia le dutoƒo esi wona Yohanes nyrɔ̃ wo ɖe Yordan-tɔsisia me. (Mateo 3:5, 6) Esia wɔe be woƒe dzi nɔ nɔnɔme nyuitɔ me be woaxɔ Mesia la. Esi Yohanes nɔ woƒe didi vevie be Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo ŋuti sidzedze nasu yewo si gbɔ kpɔm na wo la, etsɔ dzidzɔ xlɔ̃ nu wo abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, eye wòfia alesi woado gbe ɖae gɔ̃ hã wo.—Luka 11:1.
Apostolo Yohanes ŋlɔ le Mesia ƒe mɔtala sia ŋu be: “Amesia va le ɖaseɖiɖi ta, bena wòaɖi ɖase le kekeli la ŋuti, bena amewo katã naxɔ ase to eyama dzi.” (Yohanes 1:7) Eyata nusi dzɔe nye be ameƒomeviwo katã va ɖo to Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela esime “[wògblɔ] dzimetɔtrɔ ƒe [nyɔnyrɔ̃xɔxɔ] fia Israel dukɔ blibo la katã.” (Dɔwɔwɔwo 13:24) Exlɔ̃ nu nudzɔlawo le sesẽnuxɔxɔ ŋu. Exlɔ̃ nu asrafowo be woagaɖe fu na ame aɖeke alo atso wo nu aʋatsotɔe o. Eye egblɔ na nunɔlawo, Farisitɔ, kple Zadukitɔ alakpatɔwo be: “Dawo ƒe dzidzimeviwo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã? Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ, eye migabu ne miagblɔ le mia ɖokui me bena: Abraham enye mía fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso keke kpe siawo me ke na Abraham.”—Mateo 3:7-9; Luka 3:7-14.
Subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le Yohanes ŋɔli ƒe ha bliboa gbe edzixɔxɔ se eye wotsɔ nya ɖe eŋu aʋatsotɔe be gbɔgbɔ vɔ̃wo le eme. Wogbe dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee. Ke nudzɔla nuvɔ̃wɔla kple gbolo siwo xɔ Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi dzi se ya trɔ dzi me eye wònyrɔ̃ wo. Esi ɣeyiɣia de la, woxɔ Yesu Kristo be eyae nye Mesia la.—Mateo 21:25-32; Luka 7:31-33.
Woɖe Mesia la Fia
Ɣleti ade sɔŋ—tso ƒe 29 M.Ŋ. ƒe adame vaseɖe eƒe nuwuwu—la, Mawu ƒe ɖasefo nuteƒewɔla Yohanes he Yudatɔwo ƒe susu yi Mesia si gbɔna dzi. Ɣeyiɣia de be Mesia Fia la nava. Gake esi wòva la, Yordan-tɔsisi ma ke toe wòva be woanyrɔ̃ ye. Gbã la Yohanes gbe, gake eva lɔ̃. Bu dzidzɔ si gbegbe wòakpɔ esi gbɔgbɔ kɔkɔe ɖiɖi ɖe Yesu dzi eye wòsee Yehowa ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Via ŋu gblɔ ɖa.—Mateo 3:13-17; Marko 1:9-11.
Yohanes ye nye ame gbãtɔ si xɔ Yesu be eyae nye Mesia la eye wòɖe Amesiamina sia fia eya ŋutɔ ƒe nusrɔ̃lawo. Yohanes gblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!” Egagblɔ be: “Nenem me sia enye amesi ŋuti megblɔ le be: Ŋutsu aɖe le megbenye gbɔna, si tre vava nam; elabena eli, hafi meli. Eye nyemenyae o; ke boŋ bena woaɖee ɖe go afia Israel, le esia ta meva le [amewo nyrɔ̃m] ɖe tsi me.”—Yohanes 1:29-37.
Yohanes kple Yesu wɔ subɔsubɔdɔa le ɣeyiɣi ɖeka me ade ɣleti ade. Wose wo nɔewo ƒe dɔwɔwɔ gɔme. Yohanes bui be yenye Ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃ eye ekpɔ dzidzɔ esi Kristo nɔ ŋgɔ yim eye eya ŋutɔ kple eƒe dɔ nɔ to yim.—Yohanes 3:22-30.
Yesu gblɔ be Yohanes nye yeƒe mɔtala si ƒe vɔvɔlie Eliya nye do ŋgɔ. (Mateo 11:12-15; 17:12) Yesu gblɔ ɣeaɖeɣi be: “Se la kple nyagblɔɖilawo nɔ anyi vaseɖe Yohanes dzi; tso ekema dzi la wole mawufiaɖuƒe ƒe nyanyui la gblɔm fia, eye amesiame yi ɖe eme sesẽtɔe.”—Luka 16:16.
Ewɔ Nuteƒe Vaseɖe Nuwuwu
Wolé Yohanes de mɔ le esi wògblɔ nyateƒea dzideƒotɔe ta. Meɖe ta le eƒe agbanɔamedzi te kura o eye wòklo nu le Fia Herodes ke hã ƒe nuvɔ̃ dzi. Fia ma nɔ ahasi wɔm kple eya ŋutɔ nɔvia srɔ̃ Herodia tsɔ da le Mawu ƒe se dzi. Yohanes ɖee gblɔ dzideƒotɔe kple susu be atrɔ dzi me ne Mawu nave enu.
Xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu kae nye si Yohanes nye! Etsɔ eya ŋutɔ ƒe ablɔɖe sa vɔe eye wòwɔ nuteƒe na Yehowa Mawu heɖe ehavi amegbetɔwo lɔlɔ̃ fia. Esi Yohanes nɔ gaxɔ me ƒe ɖeka megbe la, Abosam dee Herodia vɔ̃ɖi si “lée ɖe dɔme” ƒe dzi me eye wòna wotso ta le enu. (Marko 6:16-19; Mateo 14:3-12) Gake amesia si ta mɔ na Mesia la lé eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi, eye eteƒe madidi o woafɔe ɖe tsitre tso kukuawo dome be wòase vivi le agbe me le Mawu ƒe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la me.—Yohanes 5:28, 29; Petro II, 3:13.