Ta 32
Nuka ŋue Se Ðe Mɔ ɖo le Sabat Dzi?
SABAT bubu dzie Yesu yi ƒuƒoƒe aɖe le teƒe si gogo Galilea-ƒua. Ŋutsu aɖe si ƒe nuɖusi titi le la nɔ afima. Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ke ŋku ɖi be yewoakpɔe ɖa be Yesu ada gbe le eŋu hã. Mlɔeba la, wobia be: “Ðe wòle se nu bena, woada gbe le ame ŋu le Sabat dzi mahã?”
Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo xɔ se be ne ame ƒe agbe ɖo afɔku me ko hafi wòle se nu be woada gbe le ame ŋu le Sabat dzi. Le kpɔɖeŋu me, wofiaa nu be se meɖe mɔ be ne ame ŋe la, woahee le Sabat dzi alo ne wòɖɔ li la, woablae nɛ o. Eyata agbalẽfialawo kple Farisitɔwo le gbe biam Yesu bene yewoatsɔ akpɔ nutsotso aɖe le eŋu.
Gake Yesu nya woƒe tame. Le ɣeyiɣi ma ke me la, enya be woƒe nukpɔsusu ku ɖe nusi nye Sabat-ŋkekea ƒe nudidi si nye be womegawɔ dɔ le edzi o ŋu la gbɔ eme eye mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o. Eyata Yesu wɔ nusi ahe nyaʋiʋli vevie vɛ esi wògblɔ na amesi ƒe asi titi lé la be: ‘Tsi tre nava titina.’
Azɔ Yesu trɔ ɖe agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ŋu hegblɔ be: “Ameka le mia dome, ne alẽ ɖeka le esi, eye alẽ ma dze do me le Sabat dzi la, malée, aɖee o mahã?” Esi alẽ nye nusi me woakpɔ ga le ta la, womagblẽe ɖe doa me be ŋu nake hafi o, ɖewohĩ adze dɔ eye edome ava gblẽ na wo. Hekpe ɖe ema ŋu la, Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe sea veve na eƒe lãwo ti.”
Le wo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo me la, Yesu yi edzi gblɔ be: “Azɔ amegbetɔ tɔ mevena wu alẽ tɔ oa? Ale wɔ woɖe mɔ bena, woawɔ nu nyui na ame le Sabat dzi esi.” Subɔsubɔhakplɔlawo mete ŋu nɔ veveseseɖeamenu ƒe nyagbɔgblɔ sia si me susu le la nu o, eyata wozi ɖoɖoe.
Yesu tsɔ vevesese kple nuxaxa ɖe woƒe ŋutasesẽ ƒe bometsitsia ta tsa ŋku godoo. Emegbe egblɔ na ŋutsua be: “Mlo wò asi.” Eye emloe eye asia ɖɔ ɖo.
Le esi teƒe be Farisitɔwo nakpɔ dzidzɔ be amea ƒe asi ɖɔ ɖo la, wodo yi Herodes yomedzelawo gbɔ enumake eye woɖo nugbe be yewoawu Yesu. Edze ƒã be subɔsubɔha si nye Zadukitɔwo hã le dunyahehabɔbɔ sia me. Dunyahehabɔbɔ sia me tɔwo tsi tre ɖe Farisitɔwo ŋu vevie hafi, gake wowɔ ɖeka kplikplikpli le woƒe tsitretsitsi ɖe Yesu ŋu me. Mateo 12:9-14; Marko 3:1-6; Luka 6:6-11; Lododowo 12:10; Mose II, 20:8-10.
▪ Nukae nye nusi he Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo ƒe tsitretsitsi ɖe Yesu ŋu si dze gaglã la vɛ?
▪ Nukae nye Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo ƒe dzixɔse ku ɖe gbedada le Sabat dzi ŋu?
▪ Kpɔɖeŋu kae Yesu zã tsɔ tsi tre ɖe woƒe nukpɔsusu gbegblẽ la ŋu?