Ta 57
Vevesese Ðe Amesiwo Le Fu Kpem Nu
ESI Yesu bu fɔ Farisitɔwo le woƒe kɔnyinyi siwo wotsɔna dia wo ɖokui tɔ ta vɔ la, wo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo. Àɖo ŋku edzi be ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la, wotso agbagba si wòdze be ye kpli wo yewoayi aɖa ɖi ɖe eme la me esime amehawo ke ɖe wo ŋu. Azɔ woa kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Tiro- kple Sidon-nuto, siwo gbɔ didi agbadroƒe geɖe le anyiehe gome la. Edze ƒã be esia koe nye mɔ si Yesu zɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le Israel.
Esi wodi aƒe le eme vɔ la, Yesu na wonya be yemedi be ame aɖeke nanya afisi yewole o. Gake le anyigba sia si menye Israel-viwo tɔ o gɔ̃ hã dzi la, mete ŋu nɔ anyi si womekpɔe dze sii o. Hela-nyɔnu aɖe si wodzi le Siriatɔwo ƒe Foinike afisia la kpɔe eye wòva ɖe kuku nɛ be: “Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ [nye] nublanui! Vinyenyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me.” Gake Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o.
Mlɔeba la nusrɔ̃lawo gblɔ na Yesu bena: “Do mɔe, ne wòayi; elabena ele ɣli dom le mía yome.” Esi Yesu nɔ susu si ta wòzi kpi kpɔe la me ɖem la, egblɔ be: “Womedɔm o, negbe ɖe Israel-ƒe me alẽ bubuwo gbɔ ko.”
Gake nyɔnua mena ta o. Ete ɖe Yesu ŋu hedze klo ɖe eŋkume. Eƒo koko bena: “Aƒetɔ, xɔ nam!”
Nyɔnua ƒe kokoƒoƒo vevie la anya wɔ dɔ ɖe Yesu ƒe dzi dzi ale gbegbe! Gake Yesu gafia asi eƒe agbanɔamedzi si wònye be wòasubɔ Mawu ƒe dukɔ Israel gbã la. Le ɣeyiɣi ma ke me la, be wòatsɔ adoe akpɔ la, Yesu zã nazãbubu ƒe nukpɔsusu si le Yudatɔwo si ɖe dukɔ bubu me tɔwo ŋu la tsɔ gblɔ be: “Womeɖe mɔ bena, woatsɔ ɖeviwo ƒe abolo aƒu gbe na avũviwo o.”
To veveseɖeamenu ƒe gbe si Yesu zã kple alesi wòwɔ moe dzi la, eɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ na amesiwo menye Yudatɔwo o la fia. Ena alesi wòtsɔ Dukɔ bubu me tɔwo sɔ kple avũwo la kura gɔ̃ hã bɔbɔ esime wòyɔ wo be “avũviwo.” Le esi teƒe be nyɔnua nado dziku la, ezã Yudatɔwo ƒe nazãbubu si ŋudɔ Yesu wɔ la hegblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Yoo, Aƒetɔ! Gake avũviwo hã ɖua abolo wuwlui, siwo duduna tsoa woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.”
Yesu ɖo eŋu be: “O, nyɔnu, wò xɔse la lolo! Neva me na wò, abe alesi nèdi ene.” Eye wòva eme nenema! Esi wòtrɔ yi aƒeme la, ekpɔ vianyɔnuvi la wòmlɔ aba dzi, eye eƒe lãme sẽ keŋkeŋ.
Tso Sidon-nutoa si le ƒuta me la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta Yordan-tɔsisia ƒe dzɔtsoƒe. Edze ƒã be wotso Yordan-tɔsisia le Galilea-ƒua gbɔ lɔƒo heyi ɖe Dekapoli-nutoa si le ƒua ƒe ɣedzeƒe gome la me. Wolia to aɖe, gake amehawo kpɔ wo eye wokplɔ woƒe nuwɔametɔwo, tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo kple aɖetututɔwo kpakple ame bubu geɖe siwo le dɔ bubuwo lém kple ame glɔmɔ̃wo vɛ. Wokɔ wo va da ɖe Yesu ƒe afɔ nu, eye wòda gbe le wo ŋu. Ewɔ nuku na amewo be wokpɔ aɖetututɔwo wole nu ƒom, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm; eye wokafu Israel ƒe Mawu la.
Yesu tsɔ beléle tɔxɛ aɖe na ŋutsu aɖe si nye tokunɔ eye mete ŋu ƒoa nu tututu o la. Ŋu kpea tokunɔwo bɔbɔe zi geɖe, vevietɔ le ame dome. Ðewohĩ Yesu kpɔ ŋutsu sia ƒe dzodzodzoetsitsia. Eyata Yesu kplɔ eya ɖeka do le ameha la dome veveseɖeamenutɔe. Esi wo ame evea pɛ ɖe vovo la, Yesu ɖe nusi wɔ ge wòala la fiae. Etsɔ eƒe asibidewo ƒo ɖe to me na ŋutsua, eye esi wòɖe ta la, eka asi eƒe aɖe ŋu. Azɔ Yesu kpɔ dziƒo heɖe hũ, eye wògblɔ bena: ‘Ʋu!’ Enumake ŋutsua gate ŋu se nu ake, eye wòte ŋu le nu ƒom nyuie.
Esi Yesu da dɔ geɖe alea la, ameha la kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Wogblɔ be: “Ewɔ nuwo katã nyuie, ena tokunɔwo sea nu, eye aɖetututɔwo hã ƒoa nu.” Mateo 15:21-31; Marko 7:24-37.
▪ Nukatae Yesu meda gbe le Hela-nyɔnua ƒe vi la ŋu enumake o?
▪ Afikae Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo yii emegbe?
▪ Aleke Yesu wɔ nu ɖe tokunɔ aɖe si mete ŋu ƒoa nu tututu o la ŋu veveseɖeamenutɔe?