INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 86
  • Vi Búbu aɖe ƒe Ŋutinya

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Vi Búbu aɖe ƒe Ŋutinya
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Esime Wokpɔ Vi Búbu La
  • Vi Búbu La Trɔ Gbɔ
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Vifofo si Lɔ̃a Tsɔtsɔke
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • “Yehowa, Nublanuikpɔla Kple Amenuve Mawu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Srɔ̃ Yehowa Ƒe Nublanuikpɔkpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 86

Ta 86

Vi Búbu aɖe ƒe Ŋutinya

ESI Yesu do lo tso alẽ búbu kple klosalo búbu siwo wogakpɔ la ŋu na Farisitɔwo vɔ teti la, eyi edzi do lo bubu azɔ. Esia ku ɖe vifofo lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe nuwɔwɔ ɖe viaŋutsu eve, siwo dometɔ ɖesiaɖe ŋu vodada sesẽwo le la ŋu.

Gbãtɔe nye ŋutsuvi ɖevitɔa, eye eyae nye ame vevitɔ le lododoa me. Exɔ eƒe domenyinu, esi tsɔtsɔ nɛ fofoa mehe ɖe megbe kura o. Emegbe edzo le aƒea me eye wòva nɔ agbe si vɔ̃ɖi ŋutɔ. Gake ɖo to azɔ esi Yesu le ŋutinya la gblɔm eye kpɔe ɖa be yeate ŋu anya amesiwo ƒe kpɔɖeŋue amesiwo le ŋutinya me la nye mahã.

Yesu dze egɔme be: “Ŋutsuvi eve le ame aɖe si, eye wo dome ɖevitɔ gblɔ na fofoa bena: Fofo, tsɔ nuawo ƒe akpa, si nye tɔnye la nam. Eye [fofoa mã] nuawo me na wo.” Nukae ɖevitɔ sia wɔ kple nusi wòxɔ la?

Yesu gblɔ be: “Mede ŋkeke geɖe aɖeke o, ŋutsuvi ɖevitɔ la ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu, eye wòʋu heyi anyigba aɖe dzi, eye afima wògblẽ eƒe nuwo le kple agbe baɖa nɔnɔ.” Nyateƒeae nye be egblẽ eƒe ga ɖe gbolowo ŋu. Emegbe xaxaɣi va abe alesi Yesu yi edzi gblɔe ene be:

“Ke esi wògblẽ wo katã vɔ la, dɔwuame sesẽ aɖe va anyigba ma katã dzi, eye hiã de asi etutu me. Eye wòyi ɖatsɔ eɖokui lé ɖe anyigba ma ƒe dumetɔ aɖe ŋu, eye wòdɔe ɖe eƒe abɔ me, be wòanyi hawo. Eye wòdi be, yeatsɔ akanyi, si hawo ɖuna la, ade yeƒe dɔme, ke ame aɖeke menae o.”

Gbɔɖiɖi kae nye si be nu nate ame ŋu eye woanyi ha, le esi lã siawo nye lã makɔmakɔwo le Sea nu ta! Gake nusi ve ŋutsuvia wue nye dɔwuame sesẽ si na be wòdi gɔ̃ hã be woatsɔ hawo ƒe nuɖuɖu na ye. Le eƒe dzɔgbevɔ̃e dziŋɔa ta la, Yesu gblɔ be, ‘eyi eɖokui me.’

Yesu yi eƒe ŋutinya la dzi heɖe nu me be: “Egblɔ [na eɖokui] bena: Fofonye ƒe agbatedɔwɔla nenie kpɔ abolo sɔ gbɔ, ke nye la mele tsɔtsrɔ̃m le dɔwuame ta. Matsi tre, eye mayi fofonye gbɔ, eye magblɔ nɛ bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò. Nyemegadze be, nayɔm be viwò o; wɔm abe wò dɔlawo dometɔ ɖeka ene. Eye wòtsi tre va fofoa gbɔ.”

Nane si ŋu wòle be míabue nye si: Ne ɖe fofoa do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wònyrã ɖe edzi dzikutɔe esime wòdzo le aƒea me la, anye ne ŋutsuvia madi vevie alea gbegbe be yeawɔ nusi wòle be wòawɔ la o. Anye ne ɖewohĩ aɖoe be yeatrɔ ava di dɔ le teƒe bubu le yewo denyigba dzi bene yemagadze ŋgɔ ye fofo o. Gake susu sia tɔgbe meva eƒe tame o. Aƒemee nye afisi wòdi be yeanɔ!

Eme kɔ ƒã be fofo si le Yesu ƒe lododoa me nye kpɔɖeŋu na míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔ nublanuikpɔla Yehowa Mawu. Eye ɖewohĩ èdze sii be vi búbu alo nudomegblẽla la nye kpɔɖeŋu na nuvɔ̃wɔla xɔŋkɔwo. Farisitɔ siwo Yesu nɔ nu ƒom na la he nya ɖe Yesu be eɖu nu kple amesiawo. Gake amekae viŋutsu tsitsitɔ nye kpɔɖeŋu na?

Esime Wokpɔ Vi Búbu La

Esime vi búbu alo vi nugblẽla si le Yesu ƒe lododoa me trɔ va fofoa ƒe aƒeme la, aleke wòxɔe? Ðo to esime Yesu gblɔe be:

“Esi wòle mɔ dzi ʋĩ gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu, eye wòƒu du ɖadze eƒe kɔ dzi, eye wòɖuɖɔ nu nɛ.” Fofo nublanuikpɔla dɔmenyotɔ ka gbegbee nye si si tsi tre ɖi na míaƒe Dziƒofofo Yehowa nyuie ale!

Fofoa anya se via ƒe agbebaɖanɔnɔ la ŋuti nya. Gake melala be yease numeɖeɖe tsitotsito hafi axɔe ɖe aƒea me o. Amexɔxɔ ƒe nɔnɔme ma ke le Yesu hã si eye wòtena ɖe nuvɔ̃wɔla kple nudzɔla siwo vi búbu la tsi tre ɖi na le lododoa me la ŋu.

Nyateƒee, ɖikeke mele eme o be fofo nugɔmesela si le Yesu ƒe lododoa me la kpɔ via ƒe dzimetɔtrɔ dze si to eƒe nublanuimo si ɖe dziɖeleameƒo fia esime wòtrɔ gbɔ la kpɔkpɔ dzi. Gake nusi fofoa wɔ lɔlɔ̃tɔe la na wòle bɔbɔe na via be wòaʋu eƒe nuvɔ̃wo me abe alesi Yesu gblɔe ene be: “Ke ɖevi la gblɔ nɛ bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò, eye nyemegadze be nayɔm viwò o. Wɔm abe wò dɔlawo dometɔ ɖeka ene.”

Gake nya la medo le via nu vɔ hafi fofoa wɔ nu heɖe gbe na eƒe dɔlawo be: “Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ vɛ, be miado nɛ, eye mide asigɛ asi nɛ, kple atokotawo ɖe eƒe afɔwo; eye milé nyivi dami la vɛ, miwui eye mina míaɖu nu, eye míakpɔ dzidzɔ; elabena vinyeŋutsu sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe. Eye wode asi dzidzɔkpɔkpɔ me.”

“Viaŋutsuvi xoxoetɔ le agble me” ɣemaɣi. Kpɔe ɖa be àte ŋu ade dzesi amesiwo wòtsi tre ɖi na la mahã to toɖoɖo ŋutinya la ƒe akpa mamlea dzi. Yesu gblɔ le vi xoxoetɔ la ŋu be: “Esi wòva tu aƒe la, ese saŋkuɖiɖi kple ɣeɖuɖu. Eye wòyɔ dɔlawo dometɔ ɖeka va egbɔ eye wòbiae bena: Nukawo nye nusiawo mahã? Eye wògblɔ nɛ bena: Nɔviwò va, eye fofowò wu nyivi dami; elabena egakpɔe dedie. Eye wòbi dzi eye melɔ̃ be, yeayi ɖe aƒea me o. Ke fofoa do go va ɖe kuku nɛ. Eye wòɖo ŋu gblɔ na fofoa bena: Kpɔ ɖa, nenem ƒe geɖe siawo mesubɔ wò, eye nyemeda wò seawo dzi kpɔ o, ke nye la mèna gbɔ̃ tatam kpɔ bena, mía kple xɔ̃nyewo míakpɔ dzidzɔ o; ke esi viwòŋutsuvi sia, si gblẽ wò nuwo kple nyɔnu wɔahasiwo la, va ko la, nèwu nyivi dami nɛ.”

Abe viŋutsu tsitsitɔ ene la, amekawoe ƒo nu tsi tre ɖe nublanuikpɔkpɔ ƒe beléle si woɖe fia nuvɔ̃wɔlawo la ŋu? Ðe menye agbalẽfialawo kple Farisitɔwoe oa? Esi wònye woƒe nuƒoƒo tsi tre ɖe Yesu ŋu le esi wòxɔa nuvɔ̃wɔlawo tae wòdo lo sia ta la, edze ƒã be woawoe anye amesiwo vi tsitsitɔ tsi tre ɖi na.

Yesu tsɔ fofo la ƒe kokoƒoƒo na via tsitsitɔ la ƒo ŋutinya la tae be: “Vinye, wò la èle gbɔnye ɣesiaɣi, eye nusiwo katã nye tɔnye la, tɔwòe. Ke ele be, dzi nadzɔ [mí]; elabena nɔviwò sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.”

Yesu gblẽ nusi vi tsitsitɔ wɔ mlɔeba la ɖe yame alea. Le nyateƒe me la, emegbe le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la, “nunɔlawo ƒe ha gã aɖe hã na ta xɔse la,” eye anye be ‘viŋutsuvi tsitsitɔ’ habɔbɔ me tɔ siawo si Yesu le nu ƒom na le afisia la dometɔ aɖewo nɔ wo dome.

Gake amekawoe viŋutsu eveawo tsi tre ɖi na le egbeŋkekeawo me? Anye amesiwo va nya nu sɔgbɔ tso Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋu be woate ŋu anɔ te ɖe edzi ado ƒome kple eyama lae. Viŋutsuvi tsitsitɔ la tsi tre ɖi na “ha sue” alo “ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒo” la me tɔ aɖewo. Nɔnɔme si ɖi vi tsitsitɔ tɔ la va nɔ wo si. Womedi be yewoaxɔ anyigba dzi habɔbɔ si nye ‘alẽ bubu’ siwo wosusu be wova le nɔƒe vevia xɔm la o.

Ke vi búbu la tsi tre ɖi na Mawu ƒe dukɔ la me tɔ siwo dzona be yewoase vivi le dzidzɔkpɔkpɔ si le xexeame me la. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amesiawo trɔna gbɔna le dzimetɔtrɔ me eye wogava zua Mawu ƒe subɔla dovevienuwo. Le nyateƒe me la, aleke Fofo la nye lɔlɔ̃tɔ kple nublanuikpɔlae nye si na amesiwo kpɔnɛ be yewohiã na tsɔtsɔke eye wotrɔna vaa eyama gbɔ la! Luka 15:11-32; Mose III, 11:7, 8; Dɔwɔwɔwo 6:7; Luka 12:32; Hebritɔwo 12:23; Yohanes 10:16.

▪ Amekawoe Yesu gblɔ eƒe lododo alo ŋutinya la na, eye nukatae?

▪ Amekae vifofo la kple viŋutsu ɖevitɔ tsi tre ɖi na le Yesu ŋɔli?

▪ Amekae nye ame vevitɔ le ŋutinya la me, eye nukae dzɔ ɖe edzi?

▪ Aleke Yesu srɔ̃ fofo nublanuikpɔla si le eƒe lododoa me la ƒe kpɔɖeŋue?

▪ Nukae nye viŋutsu xoxoetɔ ƒe nukpɔsusu le alesi woxɔ nɔviae ŋu, eye aleke Farisitɔwo wɔa nu abe vi xoxoetɔ la ene?

▪ Nukae Yesu ƒe lododoa fia le míaƒe ŋkekea me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe