Ta 95
Nufiamewo le Srɔ̃gbegbe kple Ðeviwo Lɔlɔ̃ Ŋu
YESU kple eƒe nusrɔ̃lawo le mɔ dzi yina ɖe Yerusalem bene yewoaɖu ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuie la. Wotso Yordan-tɔsisia eye wodze mɔ si ɖo ta Perea-nutoa me la dzi. Yesu va Perea kwasiɖa ʋee aɖewo do ŋgɔ, gake wova yɔe yi Yudea le exɔlɔ̃ Lazaro ƒe dɔdzedze ta. Esime Yesu nɔ Perea la, eƒo nu na Farisitɔwo tso srɔ̃gbegbe ŋu, eye fifia wogado nya la ɖa ake.
Nukpɔsusu vovovo le Farisitɔwo si ku ɖe srɔ̃gbegbe ŋu. Mose gblɔ be woate ŋu aɖe asi le nyɔnu ŋu ne ‘ewɔ ŋukpenanu aɖe.’ Ame aɖewo se egɔme be esia ku ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ɖeɖeko ŋu. Gake ame bubuwo bu “ŋukpenanu” sia be elɔ agɔdzedze suetɔwo kekeake hã ɖe eme. Eyata esi Farisitɔwo di be yewoado Yesu kpɔ la, wobiae be: “Woɖe mɔ na ame bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu le nya sia nya ŋuti mahã?” Woka ɖe edzi be nusianu si Yesu agblɔ la ana wòage ɖe nya me kple Farisitɔ siwo si nukpɔsusu si to vovo le la.
Yesu tsɔ aɖaŋu kpɔ nya la gbɔe, mezã amegbetɔ ƒe nukpɔsusu aɖeke o, ke boŋ ehe susu yi ɖoɖo si wowɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu tso gɔmedzedzea me la dzi. Ebia be: “Miexlẽe kpɔ bena, amesi wɔ ame le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ woe o mahã? Eye wòbe: Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la woanye ŋutilã ɖeka; nenem bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.”
Yesu ɖee fia be Mawu ƒe tameɖoɖo le gɔmedzedzea mee nye be srɔ̃tɔwo nalé ɖe wo nɔewo ŋu goŋgoŋ eye womegagbe wo nɔewo o. Farisitɔwo bia be ne nenemae la, “azɔ nukaŋuti Mose de se bena, woana gbegbegbalẽe, eye woaɖe asi le eŋuti mahã?”
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Le miaƒe dzimesesẽ ŋutie Mose na mɔ mi bena, miaɖe asi le mia srɔ̃wo ŋuti ɖo, gake tso gɔmedzedzea me ke la mele nenema o.” Ẽ, esime Mawu ɖo srɔ̃ɖeɖe ƒe dzidzenu vavãtɔ anyi le Eden-bɔa me la, mewɔ srɔ̃gbegbe ƒe ɖoɖo aɖeke o.
Yesu yi edzi gblɔ na Farisitɔwo be: “Mele egblɔm na mi bena: Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ [si tso Helagbe me nya por·neiʹa me] ŋuti o, eye wòaɖe bubu aɖe la, eyae wɔ ahasi.” Eto esia dzi le eɖem fia be por·neiʹa, si nye gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ si gbɔ eme, koe nye nusi dzi Mawu da asi ɖo be woate ŋu anɔ te ɖe edzi agbe srɔ̃.
Esi nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be ele be srɔ̃ɖeɖe nanye ɖekawɔwɔ si anɔ anyi ɖaa eye nusia koe nye nusi dzi woate ŋu anɔ te ɖo agbe srɔ̃ la, eʋã wo be wogblɔ be: “Ne ŋutsu kple srɔ̃a dome nya le ale la, ekema menyo bena, woaɖe srɔ̃ o.” Ðikekemanɔmee la, ele be amesi le tame bum tso srɔ̃ɖeɖe ŋu la natsɔ moveviɖoɖo abu alesi srɔ̃ɖenubabla la nye nusi anɔ anyi ɖaae la ŋu.
Yesu yi edzi ƒo nu tso trenɔnɔ ŋu. Eɖe nu me be wodzi ŋutsuvi aɖewo ame tatawoe, eye womate ŋu aɖe srɔ̃ o elabena woƒe vidzinuwo tu tso esime wodzi wo. Ame bubu aɖewo li siwo nye amesiwo amewo ta eye wotsɔ ŋutasesẽ wɔ wo ame tutuwoe le gbɔdɔdɔ gome. Mlɔeba la, ame aɖewo zia woƒe didi be yewoaɖe srɔ̃ ase vivi le gbɔdɔdɔ me dzi bene woate ŋu atsɔ wo ɖokui ana bliboe wu ɖe Dziƒofiaɖuƒea ƒe nuwo ta. Yesu ƒo eta be: ‘Amesi ate ŋui [trenɔnɔ] la, nenɔe.’
Azɔ amewo dze wo viwo tsɔtsɔ vɛ na Yesu gɔme. Gake nusrɔ̃lawo nyrã ɖe ɖeviawo eye wodi be yewoanyã wo, ɖikekemanɔmee la, esi wodi be yewoaxe mɔ ɖe nuteɖeamedzi siwo woahe va Yesu dzi dzodzroe la nu tae. Gake Yesu gblɔ be: “Mina ɖeviawo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.”
Nufiame nyui kawoe nye si Yesu na le afisia! Ne míedi be míaxɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea la, ele be míasrɔ̃ ɖevi suewo ƒe ɖokuibɔbɔ kple alesi wolɔ̃na wofiaa nu woe. Yesu ƒe kpɔɖeŋua fia alesi wòle vevie, vevietɔ na dzilawo, be woazã ɣeyiɣi ɖe wo viwo ŋu la hã dzi. Yesu ɖe eƒe lɔlɔ̃ na ɖeviwo fia to wo kɔkɔ ɖe akɔ kple wo yayra dzi. Mateo 19:1-15; Mose V, 24:1; Luka 16:18; Marko 10:1-16; Luka 18:15-17.
▪ Nukpɔsusu vovovo kawoe le Farisitɔwo si ku ɖe srɔ̃gbegbe ŋu, eye aleke wote Yesu kpɔe le esia gome?
▪ Aleke Yesu kpɔ Farisitɔwo ƒe agbagbadzedze be yewoatee akpɔ la gbɔe, eye nukae nye nu ɖeka kolia si dzi woanɔ te ɖo agbe srɔ̃?
▪ Nukatae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be menyo be woaɖe srɔ̃ o, eye nuwɔna kae Yesu kafu?
▪ Nukae Yesu fia mí to alesi wòwɔ nu ɖe ɖeviwo ŋu dzie?