Ta 112
Yesu ƒe Ŋutitotoŋkekenyuie Mamlea Gogo
ESI Braɖagbe si nye Nisan 11 lia ƒe ŋkekea nɔ enu wum la, Yesu wu nu fiafia apostoloawo nu le Amitoa dzi. Ŋkeke si dzi vovo menɔ eŋu o eye wòku kutri vevie kae nye si! Azɔ, ɖewohĩ esi wotrɔ gbɔna Betania be yeatsi afima adɔ la, egblɔ na eƒe apostoloawo be: “Minyae bena, ŋkeke eve megbe la ŋutitoto la aɖo, eye woade Amegbetɔvi la asi, be woaklãe ɖe ati ŋuti.”
Edze abe ɖe Yesu zã ŋkeke si kplɔe ɖo si nye Kuɖagbe, Nisan 12 lia le tomefafa me kple eƒe apostoloawo ɖeɖeko esi ame bubu aɖeke megaɖe fu na wo o ene. Le ŋkeke si do ŋgɔ na ema dzi la, eka mo na subɔsubɔhakplɔlawo le dutoƒo, eye enya be wole didim be woawu ye. Eyata meɖe eɖokui fia le gaglãgbe le Kuɖagbe o, elabena medi be naneke nado kplamatse yeƒe Ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuɖu kple yeƒe apostolowo le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe fiẽ me o.
Le ɣeyiɣi sia me la, nunɔlagãwo kple dumegãwo kpe ta ɖe nunɔlagã Kayafa ƒe xɔxɔnu. Esi Yesu ƒe fɔbubu wo le ŋkeke si do ŋgɔ dzi ve dɔme na wo vevie ta la, wole aɖaŋu dem be yewoato ayemenuwɔwɔ dzi alée awu. Gake wonɔ egbɔgblɔ dzi be: “Menye le ŋkekenyuie la dzi o, bena zi nagatɔ le dukɔ la dome o.” Wole vɔvɔ̃m na dukɔa, amesiwo ŋu Yesu ƒe nu nyona.
Esime subɔsubɔhakplɔlawo le nugbe ɖom vɔ̃ɖivɔ̃ɖitɔe be yewoawu Yesu la, amedzro aɖe va wo gbɔ. Ewɔ nuku na wo be Yuda Iskariot, si nye Yesu ŋutɔ ƒe apostolowo dometɔ ɖeka, amesi me Satana de susu ɖigbɔ vɔ̃ɖie be wòafia eƒe Aƒetɔ yomemɔ lae! Aleke gbegbe dzi dzɔ woe nye si esi Yuda bia be: “Nuka mielɔ̃ be, mianam, ne made eyama asi na mia?” Wolɔ̃ dzidzɔtɔe be yewoaxe klosalo 30, si nye ga si woxena ɖe kluviwo ta le Mose ƒe Se ƒe nubabla nu la nɛ. Tso ɣemaɣi dzi la, Yuda nɔ mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe dim be yeafia Yesu yomemɔ esime amehawo manɔ anyi o.
Nisan 13 lia dze egɔme le Kuɖagbe ƒe ɣeɖoto. Yesu tso Yerixo va Fiɖagbe, eyata esiae nye zã adelia kple mamletɔ si wòtsi Betania dɔ. Le ŋkeke si kplɔe ɖo, si nye Yawoɖagbe la, ele be woawɔ Ŋutitotoŋkekenyuiea, si adze egɔme le ɣeɖoto megbe, ƒe dzadzraɖo mamleawo. Ɣemaɣie wòle be woawu Ŋutitotolẽvia eye woamèe bliboe. Afikae woaɖu ŋkekea le, eye amekawoe awɔ dzadzraɖoawo?
Yesu megblɔ nya siwo ku ɖe eŋu o, ɖewohĩ kple susu be Yuda megava gblɔe na nunɔlagãwo ne woava lé Yesu le Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuɖu me o. Gake azɔ, ɖewohĩ anye Yawoɖagbe ŋdɔ mee, Yesu dɔ Petro kple Yohanes ɖa tso Betania hegblɔ na wo be: “Miheyi ɖadzra ŋutitotolẽvi la ɖo na mí, be míaɖu.”
Wobia be: “Afika dim nèle bena, míadzra ɖo mahã?”
Yesu ɖe eme na wo be: “Ne miede dua me la, ame aɖe, si tsɔ tsikplu la, akpe mi; midze eyome yi aƒe, si ke me wòyi ɖo la me. Eye miagblɔ na aƒeatɔ bena: Nufiala gblɔ na wò bena: Afika dzeƒe le, afisi mía kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu ŋutitotolẽvi la le mahã? Eye ame ma afia afia xɔ gã aɖe, si me woɖo nuwoe la mi le dziƒo, midzrɛ ɖo le afima.”
Ðikekemanɔmee la, aƒeatɔ nye Yesu ƒe nusrɔ̃la si ɖewohĩ nɔ mɔ kpɔm be Yesu abia yeƒe aƒea hena wɔna tɔxɛ sia. Eɖanye alekee nye nya la o, Petro kple Yohanes va ɖo Yerusalem la, eye wokpɔ nusianu abe alesi Yesu gblɔe do ŋgɔ ene. Eyata wo ame evea kpɔ egbɔ be alẽvi la sɔ gbe eye wowɔ dzadzraɖo bubuwo katã ɖe Ŋutitotoŋkekenyuieɖula 13 la, siwo nye Yesu kple eƒe apostolo 12 la ŋu. Mateo 26:1-5, 14-19; Marko 14:1, 2, 10-16; Luka 22:1-13; Mose II, 21:32.
▪ Nukae wòdze abe eyae Yesu wɔ le Kuɖagbe la ene, eye nukatae?
▪ Takpekpe kae wowɔ le nunɔlagã la ƒe aƒe me, eye nukatae Yuda yi subɔsubɔhakplɔlawo gbɔ ɖo?
▪ Amekawoe Yesu dɔ ɖo ɖe Yerusalem le Yawoɖagbe, eye ɖe nuka wɔwɔ ta?
▪ Nuka ŋue dɔlawo ke ɖo si gaɖe nukunuwɔŋusẽ si le Yesu si fia?