Ta 113
Ðokuibɔbɔ Ðeɖefia le Ŋutitoto Mamlea Ðuɖu Me
PETRO kple Yohanes va ɖo Yerusalem xoxo be woawɔ dzadzraɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuɖu ŋu le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe mɔfiamewo dzi me. Edze abe ɖe Yesu kple eƒe apostolo ewo bubuawo va ɖo emegbe le ɣetrɔ me ene. Ɣea nɔ to ɖom esime Yesu kple etɔwo ɖi Amitoa ƒe abu la. Esiae nye susɔea si Yesu nɔ toa dzi kpɔ dua vaseɖe eƒe tsitretsitsi megbe hafi.
Eteƒe medidi o, Yesu kple etɔwo ɖo dua me eye wodze nɔ yi aƒe si me woaɖu Ŋutitotoŋkekenyuiea le la me. Wolia atrakpuiawo yi xɔ gã aɖe me le dziƒoxɔ dzi, afisi wokpɔ wowɔ dzadzraɖo siwo katã hiã la le hena woawo ɖeɖe ƒe Ŋutitotoa ɖuɖu. Yesu nɔ mɔ kpɔm na wɔna sia, abe alesi wogblɔe ene be: “Medi vevie ŋutɔ bena, maɖu ŋutitotolẽvi sia kpli mi, hafi ne makpe fu.”
Le kɔnu nu la, Ŋutitotoa ɖulawo noa weinkplu ene. Le esi dze ƒã be eyae nye kplu etɔ̃lia la xɔxɔ vɔ megbe la, Yesu da akpe ɖe eta hegblɔ be: “Mixɔ esia, eye mimã me le mia nɔewo dome; elabena mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi la nyemegale weintsetse aɖeke me tsi no ge akpɔ o, vaseɖe esime mawufiaɖuƒe la ava.”
Ɣeaɖeɣi esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsi tre eye wòɖe eƒe awudziwuwo hetsɔ tsiletse eye wòku tsi ɖe nu me wòyɔe. Zi geɖe la, aƒetɔ si xɔ amedzro la kpɔa egbɔ be yeklɔ yeƒe amedzrowo ƒe afɔ. Gake esi aƒetɔ aɖeke meli le wɔna sia me o ta la, Yesu kpɔ amewo subɔsubɔ dɔ sia gbɔ. Apostoloawo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu azã mɔnukpɔkpɔa awɔe hafi; gake edze abe esi hoʋiʋli aɖe gakpɔtɔ nɔ wo dome ene ta la, wo dometɔ aɖeke mewɔe o. Azɔ esi Yesu dze woƒe afɔ kɔklɔ gɔme la, ekpe ŋu na wo.
Esi Yesu va Petro gbɔ la, egbe be: “Wò la màklɔ nye afɔwo ŋuti akpɔ o.”
Yesu gblɔ be: “Ne nyemeklɔe na wò o la, ekema mèle gome aɖeke kpɔ ge le gbɔnye o.”
Petro ɖo eŋu be: “[Aƒetɔ,] ekema menye nye afɔwo ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ nye asiwo kple nye ta hã.”
Yesu ɖo eŋu be: “Amesi le tsi la, afɔ ŋuti kɔklɔ koe hiã nɛ; elabena eŋuti blibo la katã ɖi; eye mia ŋuti ɖi, gake menye mi katãe o.” Egblɔ esia elabena enya be Yuda Iskariot nɔ nugbe ɖom be yeafia ye yomemɔ.
Esi Yesu klɔ afɔ na wo ame 12 la katã, si dome eyomemɔfiala Yuda hã le, vɔ la, edo eƒe awudziwuwo eye wòganɔ kplɔ̃ ŋuti kpli wo. Ebia wo se azɔ be: “Mienya nusi mewɔ na mia? Mieyɔam bena: Nufiala kple Aƒetɔ, eye miegblɔe nyuie, elabena eyae menye. Azɔ la ne nye, si nye Aƒetɔ kple nufiala la meklɔ miaƒe afɔwo ŋuti la, ele na miawo hã be, miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo ŋuti. Elabena mena kpɔɖeŋu mi, bena miawo hã miawɔ, abe alesi nye la mewɔ na mi ene. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Subɔla mewua eƒe aƒetɔ o, eye ame dɔdɔ hã mewua amesi dɔe ɖa la o. Ne mienya nusiawo, eye miewɔ wo la, woayra mi.”
Amewo subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe ƒe nufiame nyui kae nye si! Mele be apostoloawo nanɔ nɔƒe gbãtɔ dim eye woanɔ esusum be yewonye ame veviwo ale gbegbe be ele be ame bubuwo nasubɔ yewo ɣeawokatãɣi o. Ele na wo be woadze kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la yome. Menye kɔnuwɔwɔ ƒe afɔkɔklɔe nye sia o. Ao, ke boŋ lɔlɔ̃ faa be woasubɔ ameŋkumakpɔmakpɔe, eɖanye aleke gbegbee dɔa le tsɛ alo madze ame ŋui o ye wònye. Mateo 26:20, 21; Marko 14:17, 18; Luka 22:14-18; 7:44; Yohanes 13:1-17.
▪ Nukae nye nusi ɖe dzesi le Yesu ƒe Yerusalem kpɔkpɔ me esime wònɔ gegem ɖe dua me be yeaɖu Ŋutitotoŋkekenyuiea?
▪ Le Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuɖu me la, edze ƒã be kplu kae Yesu tsɔ na apostolo 12 la le eyayra vɔ megbe?
▪ Subɔsubɔdɔ kae wolɔ̃a wɔwɔ na amedzrowo le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi, eye nukatae womewɔe na Yesu kple apostoloawo le Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuɖu me o?
▪ Nukae nye Yesu ƒe taɖodzinu le dɔ tsɛ si nye afɔkɔklɔ na eƒe apostolowo wɔwɔ me?