Ta 127
Woɖii Fiɖagbe—Eƒe Yɔdo Tsi Ƒuƒlu le Kwasiɖagbe
FIÐAGBE ɣetrɔ ɖo azɔ, eye Nisan 15 lia ƒe Sabat adze egɔme le ɣeɖoto megbe. Yesu ƒe kukua le atia ŋu gblɔdɔɔ, gake adzodala eve siwo le exa la gakpɔtɔ le agbe. Woyɔa Fiɖagbe ɣetrɔ be Dzadzraɖoŋkeke elabena ɣeyiɣi sia mee amewo ɖaa nu eye wowua dɔ bubu ɖesiaɖe si hiã vevie si womate ŋu agblẽ ɖi vaseɖe Sabat la megbe o la nu.
Sabat si eteƒe madidi hafi wòadze egɔme o la menye Sabat si woɖuna ɖaa (kwasiɖa ƒe ŋkeke adrelia) ɖeɖeko o, ke boŋ Sabat eve alo Sabat ‘gã’ hãe. Aleae woyɔnɛ elabena Nisan 15 lia si nye Abolo Maʋãmaʋã ƒe Ŋkekenyuie si xɔa ŋkeke adre (eye enyea Sabat ɣesiaɣi, metsɔ le ŋkeke si dzi wòdze me o) la ƒe ŋkeke gbãtɔ dze Sabat si woɖuna ɖaa la ke dzi.
Le Mawu ƒe Sea nu la, mele be woagblẽ ame kukuwo ɖe ati ŋuti ŋu nake ɖe edzi o. Eyata Yudatɔwo bia tso Pilato si be woana amesiwo wum wole la naku kaba to woƒe afɔwo ŋeŋe dzi. Eyata asrafoawo ŋe adzodala eveawo ƒe afɔwo. Gake esi wònye edze abe ɖe Yesu ku ene ta la, womeŋe eƒe afɔwo o. Esia na ŋɔŋlɔa va eme be: “Womaŋe eƒe ƒuwo dometɔ aɖeke o.”
Gake be woaɖe ɖikeke ɖesiaɖe si anɔ anyi le Yesu ƒe kuku ŋutɔŋutɔ ŋu ɖa la, asrafoawo dometɔ ɖeka tɔ akplɔ eƒe axadame. Akplɔa tɔ eƒe dzi gbɔ, eye enumake ʋu kple tsi do go. Apostolo Yohanes, amesi nye eteƒekpɔla la ka nya ta be esia na ŋɔŋlɔ bubu va eme, si nye: “Woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi.”
Yosef si tso du si nye Arimatia me, si nye Sanhedrin me tɔ si ŋu wodea bubue hã nɔ amewuƒea. Egbe asi dada ɖe nu madzɔmadzɔ si ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔa wɔ ɖe Yesu ŋu la dzi. Yosef nye Yesu ƒe nusrɔ̃la ŋutɔŋutɔ togbɔ be enɔ vɔvɔ̃m be yeaɖe ye ɖokui afia abe wo dometɔ ɖeka ene gake. Gake azɔ la, elé dzi ɖe ƒo heyi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua. Pilato yɔ asrafomegã si nɔ amewuwua nu vɛ, eye esi aʋafia la ɖo kpe edzi be Yesu ku la, Pilato na wotsɔ ŋutilã kukua nɛ.
Yosef tsɔ eƒe kukua eye wòxatsa aklala nyui aɖe si le dzadzɛ ɖe eŋu le edzadzra ɖo na ɖiɖi me. Nikodemo, si nye Sanhedrin me tɔ bubu hã kpe ɖe eŋu. Nikodemo hã do kpo eƒe Yesu dzixɔse me ʋuʋu le vɔvɔ̃ be woaxɔ nɔƒe si yele la le ye si ta. Gake azɔ la etsɔ avɔ si woxatsa si me mire kple aloe siwo ƒe asi sẽ ŋutɔ si ade Romatɔwo ƒe pounde alafa ɖeka [33 kg] le la vɛ. Woxatsa avɔ siwo me atike ʋeʋẽe siawo le la ɖe Yesu ƒe kukua ŋu, abe alesi Yudatɔwo dzraa ame kukuwo ɖo hena ɖiɖie ene.
Emegbe wotsɔ eƒe kukua mlɔ Yosef ƒe ŋkuɖodziyɔdo yeye si woɖe ɖe agakpe me le abɔ si te ɖe afima ŋu la me. Mlɔeba la, womli kpe gã aɖe ɖo yɔdoa nu. Bene woaɖi ame vɔ hafi Sabat naɖo la, wowɔ kabakaba dzra eƒe kukua ɖo. Eyata Maria Magdalatɔ kple Maria si nye Yakobo Suetɔ dada, siwo ɖewohĩ nɔ asi kpem ɖe dzadzraɖoa ŋu la, wɔ kaba yi aƒeme be woawɔ atike kple ami ʋeʋẽe geɖe akpee. Le Sabat la megbe la, woɖo be woagatrɔ asi le Yesu ƒe kukua ŋu ɖe edzi bene wòanɔ anyi eteƒe nadidi.
Esi ŋu ke, esi nye Memleɖagbe (Sabat dzi) la, nunɔlagãwo kple Farisitɔwo yi Pilato gbɔ hegblɔ be: “Aƒetɔ, míeɖo ŋui bena, esi ameblela ma le agbe la, egblɔ bena: Le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre. Eyata de se bena, woadzɔ yɔdo la ŋu vaseɖe ŋkeke etɔ̃agbe, bene eƒe nusrɔ̃lawo magava afii ayii, eye woagblɔ na amewo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome, eye beble megbetɔ la nagavɔ̃ɖi wu ŋgɔgbetɔ la o.”
Pilato ɖo eŋu be: “Dzɔlawo nye ekem, miheyi ne miadzɔe, abe alesi mienya ene.” Eyata woyi ɖakpɔ egbɔ be ele dedie le yɔdoa me to kpea nu tetre kple Roma-srafowo ɖoɖo afima be woadzɔ eŋu dzi.
Le Kwasiɖagbe ŋdikanya la, Maria Magdalatɔ, Maria si nye Yakobo dada hekpe ɖe Salome, Yohana kple nyɔnu bubuwo ŋu tsɔ atike ʋeʋẽewo va yɔdoa to bene woasi na Yesu ƒe kukua. Wobia wo nɔewo le mɔa dzi be: “Ameka amli kpe la ɖa le yɔdo la nu na mí mahã?” Gake esi woɖo la, wokpɔ be anyigba ʋuʋu eye Yehowa ƒe dɔla mli kpe la ɖa. Dzɔlawo dzo, eye yɔdoa tsi ƒuƒlu! Mateo 27:57–28:2; Marko 15:42–16:4; Luka 23:50–24:3, 10; Yohanes 19:14, 31–20:1; 12:42; Mose III, 23:5-7; Mose V, 21:22, 23; Psalmo 34:21; Zaxarya 12:10.
▪ Nukata woyɔa Fiɖagbe be Dzadzraɖoŋkeke ɖo, eye nukae nye Sabat ‘gã’ la?
▪ Ŋɔŋlɔ kawoe va eme ku ɖe Yesu ƒe kukua ŋu?
▪ Nukae Yosef kple Nikodemo wɔ le Yesu ɖiɖi ŋu, eye ƒomedodo kae le woawo kple Yesu dome?
▪ Nukae nunɔlawo bia Pilato, eye aleke wòɖo eŋue?
▪ Nukae dzɔ le Kwasiɖagbe ŋdikanya?