Ta 131
Eɖokui Ðeɖe Fia Mamletɔwo Kple Ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste La
YESU wɔ ɖoɖo ɣeaɖeɣi be apostolo 11 la katã nado go ye le to aɖe dzi le Galilea. Edze abe ɖe woƒo nu tso kpekpe sia ŋu na nusrɔ̃la bubuwo ene, eye amesiwo wu 500 sɔŋ va kpe ta. Dzidzɔtakpekpe kae nye si esia nye esime Yesu do eye wòdze nu fiafia wo gɔme!
Hekpe ɖe nya bubuwo ŋu la, Yesu ɖe eme na ameha gã la be Mawu tsɔ ŋusẽ si katã le dziƒo kple anyigba dzi la de asi na ye. Ede dzi ƒo na wo vevie be: ‘Eyata miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ̃ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ ɖe nusiwo katã meɖo na mi la dzi.’
Bu eŋu kpɔ! Ede dɔ sia ke asi na ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo be wo katã nakpɔ gome le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me. Tsitretsiɖeŋulawo adze agbagba be yewoatsi woƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa nu, gake Yesu fa akɔ na wo be: ‘Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu.’ Yesu ayi edzi anɔ anyi kple eyomedzelawo to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi be wòakpe ɖe wo ŋu be woawɔ woƒe subɔsubɔdɔa ade goe.
Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo agbagbee le ŋkeke 40 me le eƒe tsitretsitsi megbe. Le eɖokui ɖeɖe fia siawo me la, efia nu wo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti eye wòte gbe ɖe nusi woƒe agbanɔamedziwo nye abe eƒe nusrɔ̃lawo ene la dzi. Ɣeaɖeɣi la, eɖe eɖokui fia dadavia Yakobo gɔ̃ hã eye wòna amesia si mexɔ edzi se tsã o la ka ɖe edzi be Eyae nye Kristo la vavã.
Esime apostoloawo gakpɔtɔ nɔ Galilea la, edze ƒã be Yesu gblɔ na wo be woatrɔ ayi Yerusalem. Esime wòkpe kpli wo le afima la, egblɔ na wo be: ‘Migadzo le Yerusalem o, ke boŋ milala Fofo la ƒe ŋugbedodo si miese tso nunye me la; elabena Yohanes tsɔ tsi na nyɔnyrɔ̃ amewo, ke miawo la woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ana nyɔnyrɔ̃ mi, mele ŋkeke geɖe aɖeke xɔ ge le esia megbe o.’
Yesu gado go kple eƒe apostoloawo ake emegbe eye wòkplɔ wo do goe le dua me yi keke Betania ke si le Amitoa ƒe abunu si le ɣedzeƒe gome. Ewɔ nuku be le nya siwo katã wògblɔ na wo be eteƒe madidi hafi yeadzo ayi dziƒo o megbe gɔ̃ hã la, wogaxɔe se kokoko be aɖo eƒe Fiaɖuƒea anyi ɖe anyigba dzi. Eyata wobiae be: “Aƒetɔ, ɖe nègale fiaɖuƒe la ɖɔ ge ɖo na Israel le ɣeyiɣi sia mea?”
Le esi teƒe be Yesu naɖɔ woƒe nukpɔsusu masɔmasɔawo ɖo la, eɖo eŋu na wo kpuie ko be: “Miawo la mele na mi be, mianya ɣeyiɣi alo azãgbe, siwo Fofo la ɖo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu o.” Eye esi wòganɔ gbe tem ɖe dɔ si wòle be woawɔ la dzi la, egblɔ be: “Miaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.”
Esime woganɔ Yesu kpɔkpɔ dzi la, edze dziƒo yiyi, eye alilikpo va xe ŋkume na wo. Le asi ɖeɖe le eƒe ŋutilã ŋu vɔ megbe la, edzo yi dziƒo abe gbɔgbɔmeme ene. Esi ame 11 la nɔ dziƒo kpɔm la, ŋutsu 2 siwo do awu ɣiwo dze le wo xa. Mawudɔla siawo siwo do ŋutilã la bia wo be: “Galilea ŋutsuwo! Nuka wɔ miele tsitre le dziƒo kpɔm? Yesu sia, si woxɔ tso mia gbɔ yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.”
Nɔnɔme si me Yesu dzo le anyigba dzi le teti ma la nye nusi me gota gome hoowɔwɔ aɖeke menɔ o eye eyomedzela nuteƒewɔlawo koe kpɔe. Nenema ke wòagatrɔ agbɔe—gota gome nuwɔwɔ hoo aɖeke makpe ɖe eŋu o eye eyomedzela nuteƒewɔlawo koe akpɔe adze sii be etrɔ gbɔ eye wòdze eƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me la gɔme.
Fifia apostoloawo ɖi tso Amitoa dzi eye woto Kidron-balia me gayi Yerusalem ake. Wonɔ afima le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe sea dzi me. Le ŋkeke ewo megbe, si nye le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Yudatɔwo ƒe Azã si nye Pentekoste dzi esime nusrɔ̃la siwo anye ame 120 kpe ta ɖe dziƒoxɔ aɖe me le Yerusalem la, gbe aɖe ɖi abe yaƒoƒo sesẽ aɖe ene heyɔ aƒe bliboa katã me. Nusiwo le abe dzoƒaɖewo ene dze, eye wodze ɖe amesiwo katã li la dzi ɖekaɖekae, eye nusrɔ̃lawo de asi gbe vovovo gbɔgblɔ me. Gbɔgbɔ kɔkɔea kɔkɔ ɖi si ŋugbe Yesu do lae nye sia! Mateo 28:16-20; Luka 24:49-52; Korintotɔwo I, 15:5-7; Dɔwɔwɔwo 1:3-15; 2:1-4.
▪ Amekawoe Yesu gblɔ eƒe dzodzo ƒe mɔfiamewo na le to aɖe dzi le Galilea, eye mɔfiafia kawoe nye esiawo?
▪ Akɔfanamenya kae Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo, eye aleke wòayi edzi nɔ anyi kpli woe?
▪ Ɣeyiɣi didi kae Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le eƒe tsitretsitsi megbe, eye nukae wòfia wo?
▪ Amekae Yesu ɖe eɖokui fiae, si edze ƒã be menye nusrɔ̃la do ŋgɔ na Yesu ƒe ku o?
▪ Kpekpe eve mamletɔ kawoe Yesu wɔ kple eƒe apostolowo, eye nukae dzɔ le ɣeyiɣi siawo me?
▪ Aleke Yesu atrɔ agbɔ le nɔnɔme si me wòdzo le la ke me?
▪ Nukae dzɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi?