Ta 132
Le Mawu ƒe Nuɖusime
GBƆGBƆ kɔkɔea kɔkɔ ɖi le Pentekoste-ŋkekea dzi nye ɖaseɖiɖi be Yesu trɔ gbɔ va ɖo dziƒo. Ŋutega si wona nusrɔ̃la Stefano kpɔ le ema megbe kpuie la hã ɖo kpe edzi be Eva ɖo afima. Do ŋgɔ na kpe ƒuƒu Stefano ɖe eƒe ɖaseɖiɖi nuteƒewɔwɔtɔe ta teti la, edo ɣli gblɔ bena: “Kpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.”
Le ɣeyiɣi si me Yesu le Mawu ƒe nuɖusime la, ele Fofoa ƒe gbeɖeɖe be: “Ðu fia le wò futɔwo titina!” la lalam. Gake vaseɖe esime Yesu natso ɖe eƒe futɔwo ŋu la, nukae wɔm wòle? Ele fia ɖum ɖe eƒe nusrɔ̃la siwo nye amesiaminawo dzi, alo, ele wo dzi ɖum, eye wòle mɔ fiam wo le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me hele wo dzram ɖo be, to tsitretsitsi dzi la, woazu hatidziɖulawo kple ye le ye Fofo ƒe Fiaɖuƒea me.
Le kpɔɖeŋu me, Yesu tia Saul (si wova nya eƒe Roma-ŋkɔ Paulo na wu emegbe) be wòaxɔ ŋgɔ le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me le anyigba bubuwo dzi. Saul doa vevie nu ɖe Mawu ƒe Sea ŋu, gake Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo na wòtra mɔ. Le ema ta la, menye ɖeko Saul da asi ɖe Stefano wuwu dzi ko o, ke exɔ ŋusẽgbalẽ tso nunɔlagã Kayafa gbɔ hã tsɔ yi Damasko be yealé ŋutsu kple nyɔnu siwo nye Yesu yomedzelawo le afima la akplɔ wo agbɔe va Yerusalem. Gake esime Saul nɔ mɔa dzi la, keklẽ aɖe si me kɔ ŋutɔ klẽ ƒo xlãe zi ɖeka eye wòdze anyi.
Gbe aɖe si tso vivime la bia be: “Saul, Saul, nuka wɔ nèle yonyeme tima?” Saul bia be: “Wò amekae, Aƒetɔ?”
Woɖo eŋu nɛ be: “Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle.”
Yesu gblɔ na Saul si keklẽ wɔnukua gbã ŋku na la be wòayi Damasko aɖalala axɔ mɔfiame le afima. Emegbe Yesu dze le ŋutega me na Anania, si nye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka. Yesu gblɔ na Anania tso Saul ŋu be: “Amesia enye dɔwɔnu tiatia nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi ɖe trɔ̃subɔlawo kple fiawo kpakple Israel-viwo ƒe ŋku me.”
Nyateƒee, to Yesu ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, Saul (si woyɔna azɔ be Paulo) kple nyanyuiegblɔla bubuwo kpɔ dzidzedze geɖe ŋutɔ le woƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me. Le nyateƒe me la, le abe ƒe 25 ene le Yesu ƒe eɖokui ɖeɖe fia Paulo le Damasko-mɔa dzi megbe la, Paulo ŋlɔ bena “woɖe gbe ƒã” “nyanyuie” la “na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.”
Le ƒe bubu geɖe megbe la, Yesu na apostolo Yohanes si wòlɔ̃ la kpɔ ŋutega siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu. To ŋutega siawo siwo ŋuti Yohanes ƒo nu le le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me dzi la, ɖeko wònɔ abe ɖe wònɔ agbe kpɔ Yesu wòtrɔ gbɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me ene. Yohanes gblɔ be wokplɔ ye yeva nɔ “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” me le “gbɔgbɔ me.” Nukae nye “ŋkeke” sia?
Biblia me nyagblɔɖi, siwo ŋu Yesu ŋutɔ ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ŋkeke mamleawo ŋu kpe ɖo la me dzodzro nyuie ɖee fia be “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” dze egɔme le ƒe 1914 si me nu vevi geɖewo dzɔ le le ŋutinya me la me, ẽ, le dzidzime sia me! Eyata ƒe 1914 mee Yesu trɔ gbɔ le nɔnɔme si me amegbetɔ ƒe ŋku mate ŋu akpɔ o la me; gota gome hoowɔwɔ aɖeke mekpe ɖe eŋu o eye eƒe dɔla nuteƒewɔlawo koe kpɔe dze sii be etrɔ gbɔ. Yehowa ɖe gbe na Yesu le ƒe ma me be wòaɖu fia le eƒe futɔwo titina!
Le wɔwɔ ɖe Fofoa ƒe gbeɖeɖe dzi me la, Yesu nyã Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba dzi. Esi Yohanes kpɔ nusia ƒe dzɔdzɔ le ŋutega me vɔ megbe la, ese gbe aɖe ɖe gbe ƒã tso dziƒo be: “Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ.” Ẽ, Kristo dze fiaɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me!
Nya nyui kae nye si esia nye na Yehowa ƒe tadeagula siwo le dziƒo! Wode dzi ƒo na wo vevie be: “Dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la!” Ke aleke nye nɔnɔmea na amesiwo le anyigba dzi? Gbe si ɖi tso dziƒo la yi edzi be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.”
Vovoɣi vi ma mee míele fifia. Wole amewo me mãm fifia be woayi ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me loo alo be woatsrɔ̃. Nyateƒea enye be, alesi nèwɔa nu ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuie si ƒe gbe ƒã ɖem wole le anyigba katã dzi le Kristo ƒe mɔfiafia te ŋui fifia ye afia nusi ava dzɔ ɖe dziwò.
Ne womã amewo me vɔ la, Yesu Kristo awɔ dɔ abe Mawu Teƒenɔla ene aɖe Satana ƒe nuɖoanyi bliboa katã kple eƒe akpadzinɔlawo ɖa le anyigba dzi. Yesu aɖe vɔ̃ɖinyenye siawo katã ɖa le aʋawɔwɔ si woyɔ le Biblia me be Harmagedon alo Armagedon me. Le esia megbe la, Yesu, si nye Amesi de ŋgɔ wu le xexeame katã negbe Yehowa Mawu ŋutɔ ko la, alé Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo eye wòabla wo ade “aʋli,” si nye dɔ aɖeke mawɔmawɔ ƒe nɔnɔme si le abe ɖe woku ene, me ƒe akpe ɖeka. Dɔwɔwɔwo 7:55-60; 8:1-3; 9:1-19; 16:6-10; Psalmo 110:1, 2; Hebritɔwo 10:12, 13; Petro I, 3:22; Luka 22:28-30; Kolosetɔwo 1:13, 23; Nyaɖeɖefia 1:1, 10; 12:7-12; 16:14-16; 20:1-3; Mateo 24:14; 25:31-33.
▪ Esi Yesu dzo yi dziƒo vɔ megbe la, afikae wònɔ, eye nukae wònɔ anyi lala?
▪ Amekawo dzie Yesu ɖu fia ɖo le eƒe dziƒoyiyi vɔ megbe, eye aleke wòdzee be ele dzi ɖum?
▪ Ɣekaɣie “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” dze egɔme, eye nukae dzɔ esime wòdze egɔme?
▪ Amewo me mamã dɔ kae le edzi yim egbea si lɔ mía dometɔ ɖesiaɖe ɖe eme, eye nuka dzie wonɔ te ɖo le amewo me mãm?
▪ Ne wowu amewo me mamã dɔa nu vɔ la, nukawoe adzɔ?