Akpa 3
Nunya Si De Ŋgɔ La Tsoƒe Tɔxɛ Aɖe
1, 2. Nukatae wòle be míadzro Biblia la me?
1 Biblia mee woŋlɔ nunya deŋgɔ ma ɖoa? Ðe wòate ŋu aɖo tameɖoɖo si le agbe ŋu ŋuti nyabiabia veviwo ŋu na mí wòanye nyateƒea?
2 Vavãe, edze be míadzro Biblia la me. Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be enye agbalẽ si le etɔxɛ wu agbalẽ ɖesiaɖe si woŋlɔ kpɔ, eye wòto vovo tso agbalẽ bubu ɖesiaɖe gbɔ. Bu nyateƒenya siwo gbɔna la ŋuti kpɔ.
Agbalẽ Tsitsitɔ Kekeake si Woma Wu Ðesiaɖe
3, 4. Aleke gbegbee Biblia la tsii?
3 Biblia la nye agbalẽ tsitsitɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ, eye woŋlɔ eƒe akpa aɖewo ƒe 3,500 enye esia. Etsɔ ƒe alafa geɖe tsi wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe si wobu be ele kɔkɔe la. Woŋlɔ agbalẽ 66 siwo le eme la ƒe gbãtɔ anɔ ƒe akpe ɖeka do ŋgɔ na Buddha kple Konfusio eye abe ƒe akpe eve ene do ŋgɔ na Muḥammad.
4 Ŋutinya si woŋlɔ ɖe Biblia la me dze egɔme tso amegbetɔƒomea wɔɣi ke eye wòɖe alesi míewɔ va dzɔ ɖe anyigba dzi afisia la me. Ekplɔ mí yi megbemegbe ʋĩi ke do ŋgɔ na amegbetɔwo wɔwɔ, eye wògblɔ anyigba la wɔwɔ ŋu nya veviwo na mí.
5. Ne wotsɔ Biblia ƒe agbalẽ siwo woŋlɔ kple asi le blema sɔ kple xexemegbalẽ siwo nɔ anyi tso blema la, nenie li?
5 Mawunyagbalẽ, kple esiwo menye mawunyagbalẽwo o, ƒe xoxotɔ siwo woŋlɔ kple asi dometɔ ʋɛ aɖewo koe gali. Biblia la alo eƒe akpa aɖewo siwo ade 11,000 siwo woŋlɔ kple asi gakpɔtɔ li le Hebri kpe Hela gbewo me, eye wo dometɔ aɖewo ŋlɔɣi te ɖe ɣeyiɣi si me woŋlɔ gbãtɔawo la ŋu. Agbalẽ siawo yi edzi nɔ anyi togbɔ be wodze agbagba ho aʋa sesẽtɔ si nàte ŋu asusu ɖe Biblia ŋu vevie gake.
6. Aleke gbegbee woma Biblia la ɖe teƒe geɖee?
6 Azɔ hã Biblia la nye agbalẽ si woma wu ɖesiaɖe le ŋutinya me. Woma Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo siwo wu biliɔn etɔ̃ le gbegbɔgblɔ abe akpe eve ene me. Wogblɔ be Biblia le amegbetɔƒomea dometɔ 98 le alafa ɖesiaɖe me si le woa ŋutɔwo degbe me. Womema agbalẽ bubu aɖeke nenema de enu o.
7. Nukae woate ŋu agblɔ le Biblia me nyawo ƒe nyateƒenyenye ŋu?
7 Hekpe ɖe eŋu la, blemagbalẽ bubu aɖeke ƒe nyateƒenyenye mesɔ kple Biblia la tɔ o. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, ŋutinyaŋlɔlawo, blematomenukulawo, anyigbaŋutinunyalawo, gbegbɔgblɔŋutinunyalawo, kple ame bubuwo yi edzi le kpe ɖom Biblia me nuŋlɔɖiwo ƒe nyateƒenyenye dzi.
Eƒe Nyateƒenyenye le Dzɔdzɔmeŋutinunya Me
8. Aleke gbegbee Biblia la sɔ pɛpɛpɛ le dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nyawo mee?
8 Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be womeŋlɔ Biblia la wònye dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽ o hã la, ne eƒo nu tso dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nyawo ŋu la, ewɔa ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya vavãtɔ. Gake dzɔdzɔmeŋutinunya me glitotowo, nya siwo mesɔ tututu o, kple aʋatsokakawo koe le blemagbalẽ bubu siwo wobu be wole kɔkɔe la me. De dzesi Biblia ƒe nyateƒetoto le dzɔdzɔmeŋutinunya gome ƒe kpɔɖeŋu geɖeawo dometɔ ene ko:
9, 10. Le esi teƒe be Biblia la nade nukpɔsusu siwo mesɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu o siwo nɔ anyi le eŋlɔɣi dzi la, nukae wògblɔ le nusi lé anyigba ɖe te ŋuti?
9 Alesi wotsi anyigba la ɖe yamee. Esi wonɔ Biblia ŋlɔm le blema la, nususukpɔ geɖe nɔ anyi tso nusi lé anyigba ɖe yame la ŋuti. Ame aɖewo xɔe se be atiglinyi ene siwo tsi tre ɖe ƒumeklo gã aɖe dzie lé anyigba la ɖe te. Aristotle, si nye Helatɔ xexemenunyala kple dzɔdzɔmeŋutinunyala si nɔ anyi le ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me, fia nu be anyigba la mate ŋu atsi ɖe yame le eɖokui si gbeɖe o. Ke boŋ efia nu be ɖe wotsi dziƒonuwo ɖe nuto siwo me woate ŋu akpɔ nu toe siwo sesẽ la ŋuti, eye yamenutoawo mimi ɖe wo nɔewo dzi. Esusui be anyigba la le nuto si le ememe la dzi, eye esi le gotae lé ɣletiviwo ɖe asi.
10 Gake le esi teƒe be Biblia la nafia nusiwo nye nususukpɔ siwo mesɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me o siwo nɔ anyi le Biblia la ŋlɔɣi la, egblɔ kpuie (le ƒe 1473 D.M.Ŋ. me lɔƒo) be: “[Mawu] meku anyigba ɖe naneke ŋu o.” (Hiob 26:7) Le Hebrigbe gbãtɔa nu la, nya si wozã le afisia na “naneke o” gɔmee nye “menye naneke o,” eye esia koe nye zi ɖeka pɛ si wòdze le Biblia la me. Agbalẽnyalagãwo va kpɔ alesi wòɖɔ anyigba si wometsi ɖe naneke ŋu le yame o la dze sii be enye nukpɔkpɔ do ŋgɔ wɔnuku le eŋlɔɣi. The Theological Wordbook of the Old Testament gblɔ be: “Hiob 26:7 ɖɔ xexeme si nɔ anyi ɣemaɣi si tsi ɖe yame la wòdze kɔte, eye wòto esia me ʋu mɔ ɖi na nusi ŋu woava ke ɖo le dzɔdzɔmeŋutinunya me le etsɔ me.”
11, 12. Ɣekaɣie amewo va kpɔ Hiob 26:7 me nyawo ƒe nyateƒenyenye dze sii?
11 Biblia ƒe nyateƒenya sia nɔ anyi do ŋgɔ na Aristotle ƒe 1,100 kple edzivɔ sɔŋ. Ke hã la, woyi edzi nɔ Aristotle ƒe nukpɔsusuwo fiam be enye nyateƒenya abe ƒe 2,000 sɔŋ ene le eƒe ku megbe! Mlɔeba le ƒe 1687 M.Ŋ. me la, Aƒetɔ Isaac Newton ta nusiwo ŋu wòke ɖo la be nuwo ƒe wo nɔewo hehe, si nye nuheŋusẽ ye lé anyigba la ɖe yame le dziƒonu bubuwo dome. Gake ema nye ƒe 3,200 kloe megbe esi Biblia la gblɔe kpuie eme kɔ ƒã do ŋgɔ be womeku anyigba la ɖe “naneke ŋu o.”
12 Ẽ, abe ƒe 3,500 ene kloe nye esia la, Biblia la gblɔ wòsɔ pɛpɛpɛ be menye nane si wokpɔna kple ŋkue lé anyigba la ɖe te o, esi nye nyateƒenya si sɔ kple nuheŋusẽ kple nu ƒe zɔzɔ ŋuti se siwo gɔme wose nyitsɔ laa koe nye sia. Agbalẽnyala gã aɖe gblɔ be: “Alesi Hiob wɔ nya nyateƒea . . . nye nya si amesiwo kea ɖi le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe gbɔgbɔ me tsotso ŋu mete ŋu kpɔa ta na bɔbɔe o.”
13. Aleke amewo bu nɔnɔme si me anyigba la le ƒe alafa geɖee nye sia, gake nukae trɔ woƒe susu?
13 Nɔnɔme si me anyigba la le. The Encyclopedia Americana gblɔ be: “Blemanukpɔsusu nyanyɛ si nɔ amewo si ɖe anyigba ŋue nye be enye anyikɔ sesẽ gbadza aɖe si le titina na xexeame godoo. . . . Womeda asi ɖe nukpɔsusu si nye be anyigba la le nogoo dzi le teƒe geɖe o vaseɖe Ŋkuʋuʋuɣeyiɣia me hafi.” Blema ƒudzimɔzɔla aɖewo vɔ̃a tɔdziʋu kuku to anyigba si le gbadza la to gɔ̃ hã. Gake mɔfianu (compass) kple ŋgɔyiyi bubu siwo wowɔ wɔe be wote ŋu nɔa ƒu dzi ɣeyiɣi didi wu. Numekugbalẽ bubu ɖe nu me be: “Ƒudzimɔzɔzɔ siawo siwo dzi woto ke ɖe nu yeyewo ŋu la ɖee fia be ɖe xexeame le nogoo, ke mele gbadzaa abe alesi ame akpa gãtɔ susui tsã ene o.”
14. Aleke Biblia la ɖɔ anyigba la ƒe nɔnɔmee, eye ɣekaɣie?
14 Gake gbaɖegbe ʋĩ ke do ŋgɔ na ƒudzimɔzɔzɔ mawo, anɔ ƒe 2,700 enye sia la, Biblia gblɔ be: “Eya, amesi le xexeame godoo ta me.” (Yesaya 40:22) Abe alesi numekugbalẽ vovovowo de dzesii ene la, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “godoo” ate ŋu afia nusi le “nogoo” hã. Eyata Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo gblɔ be, “anyigba dzi godoo” (Douay Version) kple, “anyigba nogoo la.”—Moffatt.
15. Nukatae anyigba la ŋuti nukpɔsusu siwo mesɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu o mekpɔ ŋusẽ ɖe Biblia la dzi o?
15 Eyata nukpɔsusu siwo mesɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me o siwo nɔ anyi ɣemaɣi le nusi lé anyigba ɖe te kple nɔnɔme si me wòle ŋuti la mekpɔ ŋusẽ ɖe Biblia la dzi o. Nusitae wòle alea la dze kɔte: Biblia la Ŋlɔlae nye xexeame katã Wɔla. Eyae wɔ anyigba la, eyata eyae anya nusi ŋu wòkui ɖo kple nɔnɔme si me wòle. Eyata esi wòtsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo be woŋlɔ Biblia la, ekpɔ egbɔ be womede nukpɔsusu siwo mesɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu o la eme o, eɖanye aleke kee ame bubu siwo nɔ anyi le ɣemaɣi xɔ wo dzi see o.
16. Aleke nugbagbewo ƒe wɔwɔme wɔ ɖeka kple nya si Biblia la gblɔ lae?
16 Nugbagbewo ƒe wɔwɔme. Mose I, 2:7 gblɔ be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame.” The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Nu vevi siwo katã ƒo ƒu wɔ nugbagbewo le nusiwo me agbe mele o hã me.” Eyata nu vevi siwo katã ƒo ƒu wɔ nugbagbewo, kple amegbetɔ hã, le anyigba la ŋutɔ hã me. Esia sɔ kple Biblia la ƒe nyagbɔgblɔ si yɔ nusi Mawu tsɔ wɔ amegbetɔ kple nugbagbe bubuwo katãe.
17. Alesi nugbagbewo wɔ va dzɔ ŋuti nyateƒenya kae li?
17 “Wo tɔ wo tɔwoe.” Biblia la gblɔ be Mawue wɔ atsu kple asi gbãtɔwo eye be woawo mee amegbetɔ bubuwo katã dzɔ tso. (Mose I, 1:26-28; 3:20) Egblɔ be ɖe wowɔ nugbagbe bubuwo abe, tɔmelãwo, xeviwo, kple lãfɔnewo ene hã “wo tɔ wo tɔwoe.” (Mose I, 1:11, 12, 21, 24, 25) Nusia tututu ŋue dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖo le nuwɔwɔwo ŋu, be nugbagbe ɖesiaɖe dzɔ tso edzila si hã le nenema ke la me. Nugbagbe aɖeke medo le eme o. Dzɔdzɔmeŋusẽ ŋuti nunyala Raymo gblɔ le esia ŋu be: “Agbe mee agbe dzɔna tso; edzɔna ɣesiaɣi le nugbagbevi suesue ɖesiaɖe me. Gake aleke agbe wɔ dzɔ tso nusi me agbe mele o me? Esia nye biabia sesẽ siwo ŋu womeɖo le agbe ŋuti nunya me o la dometɔ ɖeka, eye vaseɖe fifia la, nya aɖe koe agbe ŋuti nunyalawo susuna gblɔna. Nusi me agbe mele o la to mɔ aɖe dzi wɔe be agbe ɖo eya ŋutɔ ɖokui me. . . . Gake ne èbu eŋu la, àkpɔe be Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ŋlɔla anya to nyateƒe.”
Eƒe Nyateƒenyenye le Ŋutinya Me
18. Nya kae senyala aɖe gblɔ le Biblia ƒe ŋutinya me nyateƒenyenye ŋu?
18 Blemaŋutinya si sɔ pɛpɛpɛ wu ɖesiaɖe si mele agbalẽ siwo li la dometɔ aɖeke me o la le Biblia me. Agbalẽ si nye A Lawyer Examines the Bible he susu yi ŋutinya me nyateƒenyenye dzi be: “ Togbɔ be glitotowo, xotutuwo, kple aʋatso ɖaseɖiɖiwo kpɔa egbɔ be yewoagblɔ be nyaawo dzɔ le didiƒe aɖe le ɣeyiɣi aɖe si ŋu kakaɖedzi mele o me, eye wotoa ema me dana le nya gbɔgblɔ le ʋɔnu ƒe se gbãtɔ siwo mí senyalawo míesrɔ̃na, si nye be ‘ele be nàyɔ ɣeyiɣia kple teƒea le nyagbɔgblɔa me’ la dzi hã la, Biblia me nyawo ya yɔa ɣeyiɣia kple teƒe si nya si gblɔm wole la dzɔ le la tututu.”
19. Nya kae numekugbalẽ aɖe gblɔ le Biblia ƒe ŋutinya me nyawo ŋu?
19 The New Bible Dictionary gblɔ be: “[Dɔwɔwɔwo ŋlɔla la] ŋlɔ eƒe nudzɔdzɔwo wosɔ ɖe ɣemaɣi ƒe ŋutinya nu; ʋɔnudrɔ̃la siwo nɔ dugãwo me, nutome dziɖulawo, fia siwo nɔ [Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu] te, kple amesiawo tɔgbe bɔ fũ ɖe eƒe agbalẽwo me eye woɖo kpe edzi be nusiawo sɔ ɖe teƒe kple ɣeyiɣi siwo ƒe nya wogblɔ la nu pɛpɛpɛ ɖe wo nɔewo yome.”
20, 21. Nya kae Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ le Biblia ƒe ŋutinya ŋuti?
20 Esi S. Austin Allibone nɔ nu ŋlɔm ɖe The Union Bible Companion me la, egblɔ be: “Aƒetɔ Isaac Newton . . . xɔ ŋkɔ le ɖikeke blemagbalẽwo hã me, eye wòtsɔ ŋuɖɔɖo blibo dzro Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo mee. Nukae wòkpɔ le nya sia ŋu? Egblɔ be: ‘Mekpɔ nyateƒenya geɖe siwo ŋu kakaɖedzi le le Nubabla Yeyea me wu [xexeame] ŋutinya bubu ɖesiaɖe si mele kɔkɔe o.’ Ðk. Johnson gblɔ be ɖaseɖiɖi geɖe le mía si be Yesu ku le Kalvari, abe alesi Nyanyuiawo gblɔe ene, wu esi le mía si be Julius Caesar ku ɖe Kapitol. Le nyateƒe me la, eƒe ɖaseɖiɖi geɖe wu le mía si.”
21 Agbalẽ sia gblɔ kpee be: “Bia amesiame si gblɔna be yekea ɖi le nyateƒe si dze le Nyanyuiawo ƒe ŋutinya me ŋu be nukatae wòxɔe se be Caesar ku le Kapitol, alo be Papa Leo III ɖo fia Charlemagne wònye Roma Fiaɖuƒea ƒe Ɣetoɖoƒenuto ƒe Fiagã le ƒe 800 me hã? . . . Aleke nèwɔ nya be amesi nye Charles I. [tso England] la nɔ anyi kpɔ, eye wotso ta le enu, eye be Oliver Cromwell zu dziɖula ɖe eteƒe? . . . Wogblɔ be Aƒetɔ Isaac Newton ye ke ɖe ŋusẽ si hea nu vaa anyi ƒe se la ŋuti . . . Míexɔ nya siwo katã wogblɔ tso ŋutsu siawo ŋu dzi se; eye le esi ŋutinya me ɖaseɖiɖiwo le mía si tso woƒe nyateƒenyenye ŋu ta. . . . Ne le kpeɖodzi abe esia ene ɖeɖe fia megbe, ame aɖewo gakpɔtɔ gbe nya siawo dzi xɔxɔ ase la, míebua wo ame tovo tsibomewo alo ame manyanu siwo ŋu viɖe aɖeke mele o.”
22. Nukatae ame aɖewo gbea Biblia ƒe nyateƒenyenye dzi xɔxɔ ase?
22 Azɔ agbalẽ sia ƒo nya ta be: “Eyata nya kae míagblɔ azɔ tso amesiwo togbɔ be wokpɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe nyateƒenyenye ƒe kpeɖodzi geɖe hã la, woɖenɛ fiana kokoko be yewomexɔ edzi se o ŋuti? . . . Le nyateƒe me la, gɔmesese le mía si si tae míaƒo nya ta be dzi la ŋue vodada la le, ke menye susu lae o;—bena womedi be yewoaxɔ nusi aɖe woƒe dada ɖa eye wòazi wo dzi be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ dzi ase o.”
Ðekawɔwɔ si Le Emenyawo me Kple Woƒe Nyateƒetoto
23, 24. Nukatae ɖekawɔwɔ si le Biblia me nyawo me la nye etɔxɛ alea gbegbe?
23 Tsɔe be wodze agbalẽ aɖe ŋɔŋlɔ gɔme le Roma Fiaɖuƒea ƒe anyinɔɣi, eye woyi agbalẽa ŋɔŋlɔ dzi to Titinaɣeyiɣiwo me eye wowu eŋɔŋlɔ nu le ƒe alafa 21 lia sia me eye eŋlɔlawo nye ame vovovowo. Nukae nàkpɔ mɔ na ne agbalẽa ŋlɔlawo nye dɔ vovovo wɔlawo abe asrafowo, fiawo, nunɔlawo, tɔƒodelawo, lãnyilawo, atikewɔlawo ene? Ðe nàkpɔ mɔ be ɖekawɔwɔ nanɔ agbalẽ sia me eye eme nyawo nade nu wo nɔewo mea? Ðewohĩ àgblɔ be ‘Manya wɔ nenema o!’ Le nyateƒe me la, nɔnɔme siawo mee woŋlɔ Biblia la le. Ke hã la, ɖekawɔwɔ dze le agbalẽ bliboa katã me, menye le eƒe nya veviwo me ɖeɖeko o, ke le nya suetɔ kekeake hã me.
24 Biblia la nye agbalẽ ɖekaɖeka 66 siwo agbalẽŋlɔla vovovo siwo ade ame 40 tsɔ ƒe 1,600 ŋlɔe; wodze egɔme le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me eye wowu enu le ƒe 98 M.Ŋ. me. Eŋlɔlawo tso teƒe vovovo eye woƒe dɔwɔɖuiwo hã le vovovo, eye wo dometɔ geɖe menya agbalẽŋlɔla bubuawo o. Ke hã la, agbalẽ si woŋlɔ la ƒo nu tso tanya vevi si de nu wo nɔewo me le agbalẽ bliboa katã me la ŋuti abe ame ɖekae ŋlɔe ene. Eye to vovo na nusi dzi ame aɖewo xɔ se la, menye Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe ŋkuʋuʋue wotsɔ ŋlɔ Biblia lae o, ke boŋ Ɣedzeƒetɔwoe ŋlɔe.
25. Biblia ŋlɔlawo ƒe nya ka dzie Biblia ƒe anukwareɖiɖi kple nyateƒetoto ɖo kpee?
25 Esime blema nuŋlɔlawo dometɔ akpa gãtɔ ka woƒe dzidzedzekpɔkpɔwo kple nɔnɔme nyuiwo ɖeɖeko ta la, Biblia ŋlɔlawo ya lɔ̃ ɖe woa ŋutɔwo ƒe vodadawo kpakple nusiwo me woƒe fiawo kple kplɔlawo do kpo nu le la dzi. Mose IV, 20:1-13 kple Mose V, 32:50-52 ƒo nu tso nusiwo me Mose do kpo nu le la ŋuti, eye eyae ŋlɔ agbalẽ siawo. Yona 1:1-3 kple 4:1 ƒo nu tso nusiwo me Yona, amesi ŋlɔ nudzɔdzɔ siawo ɖi, do kpo nu le la ŋuti. Woŋlɔ nɔnɔme gbegblẽ siwo Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe fia la ɖe Mateo 17:18-20; 18:1-6; 20:20-28; kple 26:56 me. Eyata Biblia ŋlɔlawo ƒe anukwareɖiɖi kple nyateƒetoto ɖo kpe nya si wogblɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã yewo la dzi.
Eƒe Akpa si To Vovo Wu Ðesiaɖe
26, 27. Nukatae Biblia la gblɔ nya siwo sɔ pɛpɛpɛ alea gbegbe le dzɔdzɔmeŋutinunya kple nya bubuwo me?
26 Biblia la ŋutɔ gblɔ nusitae emenyawo sɔ pɛpɛpɛ le dzɔdzɔmeŋutinunya, ŋutinya, kple nu bubuwo me kple nusitae eme nyawo wɔ ɖeka kple wo nɔewo heɖi anukware ɖo la. Eɖee fia be Biblia la Ŋlɔlae nye Dziɖula Gãtɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, si nye xexeame katã Wɔla. Ðeko wòzã amegbetɔ siwo ŋlɔ Biblia abe eƒe agbalẽŋlɔlawo ene, eye wòtsɔ eƒe gbɔgbɔ alo dɔwɔŋusẽ ʋã woe be woŋlɔ nusiwo wòdi be woaŋlɔ la ɖi.
27 Apostolo Paulo ŋlɔ ɖe Biblia la me be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” Eye apostolo Paulo gagblɔ be: “Esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã . . . ene.”—Timoteo II, 3:16, 17; Tesalonikatɔwo I, 2:13.
28. Eyata afikae Biblia la tso?
28 Eyata agbalẽŋlɔla ɖeka si nye Mawu, ƒe susue wotsɔ ŋlɔ Biblia lae. Eye esi wònye eƒe ŋusẽ tri akɔ ta la, mesesẽ nɛ kura be wòakpɔ egbɔ be wokpɔ nusiwo woŋlɔ ɖi ƒe nyateƒenyenye ta vaseɖe míaƒe ŋkekeawo me o. Aƒetɔ Frederic Kenyon, si nya nu nyuie tso Biblia ƒe agbalẽ siwo woŋlɔ kple asi ŋuti gblɔ le esia ŋu le ƒe 1940 me be: “Fifia la, woɖe ɖikeke mamlɛtɔ kekeake si dzi woanɔ te ɖo agblɔ be Ŋɔŋlɔawo meva ɖo mía gbɔ abe alesi tututu woŋlɔe le gɔmedzedzea me ene o la ɖa.”
29. Aleke woate ŋu awɔ ŋutete si le Mawu si be wòaɖo nyatakakawo ɖe amewo ƒe kpɔɖeŋui?
29 Ŋutete le amegbetɔwo ŋu be wote ŋu nɔa yamenutome si gbɔ didi agbadroƒe akpe geɖewo alo le ɣletia dzi gɔ̃ hã ɖoa nyatakakawo ɖe anyigba to radio kple television dzi. Yamenutome mɔ̃wo ɖo ɣletinyigba bubu siwo gbɔ didi agbadroƒe miliɔn alafa geɖewo dzi nyatakakawo kple fotowo ɖe anyigba la dzi. Le nyateƒe me la, amegbetɔ Wɔla, si nye radio ƒe ŋusẽ Wɔla ate ŋu awɔ nu geɖe wu ema. Vavãe, ele bɔbɔe nɛ be wòazã eƒe ŋusẽ si ƒo ɖesiaɖe ta la atsɔ aɖo nyawo kple nɔnɔmetatawo ɖe amesiwo wòtia be woaŋlɔ Biblia la ƒe susu me.
30. Ðe Mawu di be amegbetɔwo nanya tameɖoɖo si le ye si ɖe wo ŋua?
30 Gawu la, anyigba la kple agbe si le edzi ŋuti nu geɖewo li siwo ɖo kpe Mawu ƒe ɖetsɔtsɔ le ameƒomea me la dzi. Eyata gɔmesese le eŋu be adi be yeakpe ɖe amegbetɔwo ŋu be woanya amesi yenye kple nusi nye yeƒe tameɖoɖo na wo ne yeɖe nusiawo fia kɔte le agbalẽ aɖe me—si anye agbalẽ si anɔ anyi ɖaa.
31. Nukatae gbedasi si tso gbɔgbɔ me si woŋlɔ ɖi la de ŋgɔ sã wu nyatakaka siwo wotsɔa nu ko gblɔnɛ lae?
31 Gade ŋugble le alesi agbalẽ si tso Mawu gbɔ de ŋgɔe ne wotsɔe sɔ kple nya siwo amegbetɔwo gblɔna kple nu ko na woƒe dzidzimeviwo la ŋuti kpɔ. Kakaɖedzi manɔ nya siwo wogblɔna kple nu ko la ŋu o, elabena amewo atrɔ nya la agblɔ le mɔ bubu nu, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eƒe gɔmesesea atɔtɔ. Woatsɔ woƒe nukpɔsusu agblɔ numenya siawo na ame bubuwo. Gake kakaɖedzi le eŋu be ƒã hafi vodada anɔ agbalẽ si Mawu ʋã amewo woŋlɔ be wòanɔ anyi ɖaa me. Hekpe ɖe eŋu la, woate ŋu agbugbɔ agbalẽ aɖe aŋlɔ ahaɖe egɔme ale be wòate ŋu aɖe vi na amesiwo xlẽa gbegbɔgblɔ vovovowo. Eyata ɖe susu mele eme be mía Wɔla la to mɔ ma dzi na nyatakakawo mí oa? Le nyateƒe me la, susu le esia me ale gbegbe elabena Wɔla la gblɔ be esiae yewɔ.
Nyagblɔɖi Siwo Va Eme
32-34. Nukae le Biblia la me si mele agbalẽ bubu aɖeke me o?
32 Azɔ hã alesi Biblia la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ mee dze le mɔ bubu ɖedzesi tɔxɛ aɖe nu: Enye agbalẽ si me woŋlɔ nyagblɔɖi siwo va eme kple esiwo le eme vam pɛpɛpɛ la ɖo.
33 Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ blema Tiro ƒe tsɔtsrɔ̃, Babilon ƒe anyidzedze, Yerusalem si woagbugbɔ agatso, kple Medo-Persia kple Hela-fiawo ƒe dziɖuɖu ƒe gɔmedzedze kple woƒe mumu ŋu nyawo ɖi tsitotsito ɖe Biblia la me. Nyagblɔɖiawo va eme pɛpɛpɛ ale gbegbe be ɖikela aɖewo dze agbagba dzodzroe gblɔ be nudzɔdzɔawo megbee woŋlɔ nyagblɔɖiawo.—Yesaya 13:17-19; 44:27–45:1; Xezekiel 26:3-6; Daniel 8:1-7, 20-22.
34 Nya siwo Yesu gblɔ ɖi le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me ŋu la va eme pɛpɛpɛ. (Luka 19:41-44; 21:20, 21) Eye nya siwo Yesu kple apostolo Paulo wogblɔ ɖi le ŋkeke mamlɛawo ŋu la le eme vam le mɔ geɖe nu le míaƒe ɣeyiɣi sia me.—Timoteo II, 3:1-5, 13; Mateo 24; Marko 13; Luka 21.
35. Nukatae wòanye Wɔla ɖeka ko gbɔe Biblia me nyagblɔɖiwo atso?
35 Eɖanye aleke kee ame aɖe nya nui o, mate ŋu agblɔ nusiwo ava dzɔ le etsɔ me ɖi wòava eme pɛpɛpɛ nenema gbegbe o. Xexeame katã Wɔla, ŋusẽkatãtɔ kple nunya katã tɔ ko ƒe susue ate ŋu agblɔe ɖi wòava eme pɛpɛpɛ, abe alesi míexlẽe le Petro II, 1:20, 21 ene be: “Ŋɔŋlɔ la me nyagblɔɖiwo [dometɔ aɖeke] metso ame ŋutɔ ƒe gɔmefiafia gbɔ o; elabena nyagbɔgblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.”
Eɖo Nya la Ŋu
36. Nya kae Biblia la gblɔ na mí?
36 Eyata Biblia la ɖi ɖase le eɖokui ŋu le mɔ geɖe nu be yenye Dziɖula Gãtɔ ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me. Le ema ta la, egblɔ nusitae amegbetɔwo le anyigba dzi ɖo, nusitae fukpekpe bɔ alea gbegbe, afisi míeɖo tae, kple alesi nɔnɔmeawo ava nyoe la na mí. Eɖee fia mí be Mawu aɖe si ƒo nusianu ta li, amesi wɔ amegbetɔwo kple anyigba sia ɖe tameɖoɖo aɖe ta eye be eƒe tameɖoɖo la ava eme. (Yesaya 14:24) Biblia la gaɖe nusi subɔsubɔha vavãtɔ nye kple alesi míawɔ ake ɖe eŋu la fia mí. Eyata eya ko mee Mawu ƒe nunya deŋgɔ si ate ŋu afia agbe ŋuti nyabiabia veviwo ŋuti nyateƒe mí la le.—Psalmo 146:3; Lododowo 3:5; Yesaya 2:2-4.
37. Nya kae míabia le Kristodukɔa ŋuti?
37 Gake togbɔ be Biblia la ƒe nyateƒenyenye ŋuti kpeɖodzi geɖe li hã la, ɖe amesiwo katã gblɔna be yewoxɔ edzi se la wɔna ɖe eƒe nufiafiawo dzia? Le kpɔɖeŋu me, bu dukɔ siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, si nye Kristodukɔa ŋu kpɔ. Biblia la le wo si ƒe alafa geɖewo. Gake ɖe woƒe tamesusu kple nuwɔnawo ɖe Mawu ƒe nunya deŋgɔ la fia vavãa?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]
Aƒetɔ Issac Newton xɔe se be nuheŋusẽ ye lé anyigba la ɖe yame le dziƒonu bubuwo dome
[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]
Agbalẽnyalagãwo kpɔe dze sii be alesi Biblia la ɖɔ anyigba si le yamenutomee la nye nukpɔkpɔ do ŋgɔ wɔnuku le eŋlɔɣi
[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]
Blema ƒudzimɔzɔla aɖewo vɔ̃a tɔdziʋu kuku to anyigba si le gbadza la to gɔ̃ hã
[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]
Ðaseɖiɖi geɖe li be Yesu Kristo nɔ anyi kpɔ wu esiwo li be Julius Caesar, Fiagã Charlemagne, Oliver Cromwell, alo Papa Leo III wonɔ anyi kpɔ
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Tito ƒe xɔ si tame woxa gobaa la ɖo kpe nya siwo Yesu gblɔ ɖi le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. ŋu ƒe emevava dzi