INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kl ta 2 axa 12-22
  • Agbalẽ Si Ðe Sidzedze Mawu Fia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbalẽ Si Ðe Sidzedze Mawu Fia
  • Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NUSIWO LE BIBLIA LA ME
  • ATE ŊU AKA ÐE BIBLIA DZIA?
  • EƑE NYAWO SƆ PƐPƐPƐ EYE KAKAÐEDZI LE WO ŊU
  • NYAGBLƆÐIGBALẼ
  • SIDZEDZE MAWU ‘NEDZRO WÒ VEVIE’
  • Nufiafia Vavãtɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Biblia La—Agbalẽ si Tso Mawu Gbɔ
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Biblia La—Agbalẽ Si Tso Mawu Gbɔ
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Àte Ŋu Aka Ðe Mawu Ƒe Ŋugbedodowo Dzia?
    Nyɔ!—1995
Kpɔ Bubuwo
Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
kl ta 2 axa 12-22

Ta 2

Agbalẽ Si Ðe Sidzedze Mawu Fia

1, 2. Nukatae míehiã mía Wɔla la ƒe mɔfiafia?

SUSU le eme be mía Wɔla si lɔ̃a mí la ana agbalẽ si me nufiame kple mɔfiame le la ameƒomea. Eye ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be amegbetɔwo hiã mɔfiame oa?

2 Ƒe 2,500 kple edzivɔe nye sia si nyagblɔɖila kple ŋutinyaŋlɔla aɖe ŋlɔ be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Nya ma ƒe nyateƒenyenye dze kɔte egbea wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Eyata ŋutinyafiala William H. McNeill gblɔ be: “Dzɔgbevɔ̃e kple ameƒomea ƒe ɖoɖowo ƒe tɔtɔ siwo nu gbea tsotso koe yɔ amegbetɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ le anyigba sia dzi me fũ.”

3, 4. (a) Aleke wòle be míadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔmee? (b) Aleke míele Biblia la me dzro ge?

3 Biblia kpɔa alesi míehiã mɔfiafia si me nunya le la katã gbɔ na mí. Nyateƒee, dzi ɖena le ame geɖe ƒo ne woto Biblia me zi gbãtɔ. Enye agbalẽ si lolo, eye eƒe akpa aɖewo gɔmesese mele bɔbɔe o. Gake ne wotsɔ domenyinumãgbalẽ aɖe si gblɔ nusi wòle be nàwɔ be domenyinu xɔasi aɖe nazu tɔwò na wò la, ɖe màgbɔ dzi ɖi ato eme nyuie oa? Ne èkpɔ be agbalẽa ƒe akpa aɖewo gɔmesese sesẽ na ye la, àdi ame aɖe si nya nu tso nya mawo ŋu nyuie be wòakpe ɖe ŋuwò. Nukata màwɔ nusia tɔgbe ke le Biblia gome o? (Dɔwɔwɔwo 17:11) Viɖe geɖe atso eme wu ŋutilãmedomenyinu. Abe alesi míesrɔ̃e le ta si do ŋgɔ me ene la, sidzedze Mawu ate ŋu akplɔ wò ayi agbe mavɔ me.

4 Mina míalé ŋku ɖe agbalẽ si ɖe sidzedze Mawu fia mí la ŋuti. Gbã la, míaƒo nu tso Biblia bliboa katã me nya veviwo ŋu kpuie. Emegbe míadzro nusita nunyala geɖe xɔe se be Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ mee wònye la me.

NUSIWO LE BIBLIA LA ME

5. (a) Nya kawoe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me? (b) Nya kawoe le Hela Ŋɔŋlɔawo me?

5 Agbalẽ 66 siwo me womã ɖe akpa eve, siwo wolɔ̃a yɔyɔ be Nubabla Xoxo kple Nubabla Yeye, ye le Biblia me. Hebrigbe me koŋ ye woŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ 39 ɖo eye woŋlɔ 27 ɖe Helagbe me. Hebri Ŋɔŋlɔawo, siwo tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ vaseɖe Maleaxi la, ƒo nu tso xexeamewɔwɔ kple amegbetɔ ƒe ƒe 3,500 gbãtɔwo ƒe ŋutinya ŋu. Ne míedzro Biblia ƒe akpa sia me la, míakpɔ alesi Mawu wɔ nu ɖe Israel-viwo ŋui—tso esime woɖo wo anyi wozu dukɔ le ƒe alafa 16 lia D.M.Ŋ. me vaseɖe ƒe alafa 5 lia D.M.Ŋ. me.a Hela Ŋɔŋlɔawo, siwo tso Mateo ƒe agbalẽa vaseɖe Nyaɖeɖefia la, ƒo nu tso Yesu Kristo kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nufiafiawo kpakple woƒe dɔwɔwɔwo le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me ŋu.

6. Nukata wòle be míasrɔ̃ Biblia bliboa katã?

6 Ame aɖewo gblɔna be Yudatɔwoe woŋlɔ “Nubabla Xoxoa” na eye Kristotɔwo hã tɔe nye “Nubabla Yeyea.” Gake Timoteo II, 3:16 gblɔ be, “ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ . . . tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, [eye wònyo].” Eyata Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ nyuitɔ bia be woasrɔ̃ Biblia la katã. Le nyateƒe me la, Biblia ƒe akpa evea siaa de nu wo nɔewo me, wowɔ ɖeka bliboe ƒo nu tso tanya vevi ɖeka ŋu.

7. Nukae nye Biblia ƒe tanya?

7 Ðewohĩ èle sɔleme dem ƒe geɖe enye esia eye woxlẽ Biblia ƒe akpa aɖewo nèse kpɔ. Alo ɖewohĩ wò ŋutɔ èxlẽ eƒe akpa aɖewo kpɔ. Ènya be tanya vevi ɖekae le Biblia la me tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ vaseɖe Nyaɖeɖefiaa? Ẽ, tanya ɖeka aɖe dze le Biblia bliboa katã me. Tanya kae? Eyae nye gome si le Mawu si be wòaɖu ameƒomea dzi la taʋiʋli kple eƒe tameɖoɖo si me lɔlɔ̃ le ƒe emevava to eƒe Fiaɖuƒea dzi. Emegbe míava kpɔ alesi tututu Mawu ana tameɖoɖo sia nava emee.

8. Nukae Biblia ɖe fia le Mawu ƒe amenyenye ŋuti?

8 Tsɔ kpe ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo gbɔgblɔ ŋu la, Biblia ɖe eƒe amenyenye hã fia mí. Le kpɔɖeŋu me, Biblia fia mí be seselelãme le Mawu si eye be etsɔa ɖe le tiatia siwo míewɔna la me. (Psalmo 78:40, 41; Lododowo 27:11; Xezekiel 33:11) Psalmo 103:8-14 gblɔ be Mawu nye “nublanuikpɔla kple amenuvela . . . , egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi.” Ewɔa nu ɖe mía ŋu veveseseɖeamenutɔe, ‘elabena enya míaƒe wɔwɔme be kewɔ ko míenye’ eye eya me ke míegatrɔna yina ne míeku. (Mose I, 2:7; 3:19) Nɔnɔme nyui kawo gbegbee nye si wòɖena fiana! Ðe menye Mawu sia tɔgbee nàdi be yeasubɔ oa?

9. Aleke Biblia ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo ŋuti nukpɔsusu si me kɔ la fia míi, eye aleke míawɔ sidzedze sia naɖe vi na mí?

9 Biblia gana Mawu ƒe dzidzenuwo me kɔ na mí nyuie. Ɣeaɖewoɣi la, eɖoa wo anyi wonyea sewo. Gake zi geɖe la, wodzena le gɔmeɖose siwo wòfiana le nudzɔdzɔ siwo nye kpɔɖeŋuwo me wu. Mawu na woŋlɔ blema Israel-viwo ƒe ŋutinya me nudzɔdzɔ aɖewo ɖi be wòaɖe vi na mí. Agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ siawo fia nusi dzɔna ne amewo wɔ nu wòsɔ ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo nu, kpakple nu wɔnublanui si dona tsoa eme ne wolé woawo ŋutɔ ƒe mɔ tsɔ. (Fiawo I, 5:18; 11:4-6; Kronika II, 15:8-15) Agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ siawo xexlẽ awɔ dɔ ɖe míaƒe dzi dzi godoo. Ne míedze agbagba kpɔ nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖi la le susu me la, míate ŋu akpɔe be amesiwo ŋu woku ɖo la ƒe nɔnɔmewo sɔ kple mía tɔwo. Esia akpe ɖe mía ŋu be woƒe kpɔɖeŋu nyuiwo naɖe vi na mí eye wòana míakpɔ nyuie be míagage ɖe mɔ̃ si ɖe nugbegblẽwɔlawo me o. Gake ehiã be míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiabia vevi sia: Aleke míawɔ aka ɖe edzi be vavãe, Mawu ƒe gbɔgbɔ mee nusiwo míexlẽna le Biblia me la tso?

ATE ŊU AKA ÐE BIBLIA DZIA?

10. (a) Nukata wòwɔna na ame aɖewo be Biblia zu tsigãdzinu? (b) Nukae Timoteo II, 3:16, 17 gblɔ na mí le Biblia ŋu?

10 Ðewohĩ ède dzesii be aɖaŋuɖogbalẽ geɖe me nyawo zua tsigãdzinu le ƒe ʋee aɖewo ko megbe. Ke Biblia hã ɖe? Etsi ŋutɔ, eye ƒe 2,000 kloe va yi tso esime wowu emenya mamleawo ŋɔŋlɔ nu. Eyata ewɔna na ame aɖewo be masɔ na míaƒe ɣeyiɣia o. Gake ne Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso la, ke ele be eƒe aɖaŋuɖoɖowo nasɔ na ɣeyiɣi ɖesiaɖe ɣesiaɣi togbɔ be axɔ ƒe gbgobo aɖe hã. Ele be Ŋɔŋlɔawo “[naganyo kokoko] na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—Timoteo II, 3:16, 17.

11-13. Nukatae míate ŋu agblɔ be nusi Biblia gblɔ la nyo na míaƒe ŋkekea?

11 Ŋkuléle ɖe nu ŋu nyuie ɖee fia be Biblia ƒe gɔmeɖosewo gawɔa dɔ egbea abe alesi tututu wowɔ dɔ zi gbãtɔ si woŋlɔ wo ene. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ɖe gɔmesese deto aɖe fia le amegbetɔ ƒe nɔnɔme ŋuti si ku ɖe ameƒomea ƒe dzidzime ɖesiaɖe ŋu. Míate ŋu akpɔ nusia bɔbɔe le Yesu ƒe Todzimawunya si le Mateo ƒe agbalẽa, ta 5 vaseɖe 7 me. Mawunya sia wɔ dɔ ɖe Indiatɔwo ƒe kplɔla Mohandas K. Gandhi si megali o dzi ale gbegbe be wobe egblɔ na Britania dumemegã aɖe be: “Ne wò dukɔ kple tɔnye awɔ ɖeka awɔ ɖe Kristo ƒe nufiafia siwo le Todzimawunya sia me dzi la, anye ne menye míaƒe dukɔwo ƒe kuxiwo ɖeɖeko gbɔe míakpɔ o, ke míakpɔ xexeame katã tɔ hã gbɔ.”

12 Eyata mewɔ nuku o be Yesu ƒe nufiafiawo wɔa dɔ ɖe amewo dzi! Efia mɔ si dzi míato akpɔ dzidzɔ vavãtɔ la mí le Todzimawunya la me. Egblɔ alesi woakpɔ masɔmasɔwo gbɔe. Yesu na gbedodoɖa ŋuti mɔfiamewo. Egblɔ nɔnɔme si me nunya le wu si wòle be wòanɔ ame si ɖe ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu eye wòfia nusi woyɔna be Agbenɔnɔ Ŋuti Gɔmeɖose Vevitɔ be wòafia mɔ mí le alesi míawɔ nu wòasɔ na mía nɔewo ŋu. Alesi míawɔ akpɔ amesiwo flua ame le mawusubɔsubɔnyawo me adze sii kple alesi míawɔ be etsɔme si le dedie nanɔ mía si hã le nusiwo wòfia le mawunya sia me la me.

13 Biblia gblɔ nusi míawɔ kple nusiwo wòle be míatsri bene nu nadze edzi na mí le agbe me la na mí eme kɔ nyuie le Todzimawunya la me kple le Biblia ƒe akpa susɔeawo katã. Eƒe aɖaŋuɖoɖowo nyo ale gbegbe be woʋã nufiala aɖe wògblɔ be: “Togbɔ be aɖaŋuɖola si xɔ yunivɛsitiɖaseɖigbalẽ eve gbãtɔwoe menye le suku kɔkɔ aɖe me eye mexlẽ agbalẽ geɖe le susu ƒe dɔwɔwɔ nyuie kple susuŋutinunya ŋu hã la, mekpɔ be aɖaŋu siwo Biblia ɖo le nusiawo abe srɔ̃ɖeɖe ƒe dzidzedzekpɔkpɔ, mɔxexe ɖe ɖeviwo ƒe totitri nu kple alesi woadze xɔ̃e eye xɔlɔ̃dzedzea nayi edzi anɔ anyi ŋu la de ŋgɔ boo wu nusiwo katã mesrɔ̃ le yunivɛsiti.” Tsɔ kpe ɖe alesi Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔe kple woƒe sɔsɔ ɖe ɣeyiɣiawo dzi ŋu la, enye agbalẽ si dzi woate ŋu aka ɖo hã.

EƑE NYAWO SƆ PƐPƐPƐ EYE KAKAÐEDZI LE WO ŊU

14. Nukawoe fia be Biblia la sɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me?

14 Togbɔ be menye dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽe Biblia nye o hã la, eƒe nyawo sɔ pɛpɛpɛ le dzɔdzɔmeŋutinunya me. Le kpɔɖeŋu me, le ɣeyiɣi si me ame akpa gãtɔ xɔe se be ɖe anyigba la le gbadzaa me la, nyagblɔɖila Yesaya ya gblɔ be ele ‘nogoo’ (Hebrigbe, chugh, si me gɔmesese si fia “nusi le nogoo” dze le). (Yesaya 40:22) Ƒe akpe geɖe le Yesaya ƒe ŋkekeawo megbe hafi ame geɖe va lɔ̃ ɖe edzi be ɖe anyigba la le nogoo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Hiob 26:7—si woŋlɔ ƒe 3,000 kple edzivɔ enye sia—gblɔ be Mawu “meku anyigba ɖe naneke ŋu o.” Biblia-nyala aɖe gblɔ be: “Alesi Hiob wɔ nya nyateƒe, si ɣletiviŋununya ɖe fia, be ɖe anyigba la le eɖokui si le yame la nye nya si amesiwo kea ɖi le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe gbɔgbɔ me tsotso ŋu mete ŋu kpɔa ta na bɔbɔe o.”

15. Aleke mɔ si nu woŋlɔ nudzɔdzɔwo ɖo le Biblia me la do ŋusẽ míaƒe kakaɖedzii?

15 Mɔ si nu wogblɔ nudzɔdzɔwo ɖo le Biblia me hã naa míaƒe kaka ɖe blemagbalẽ sia dzi me sẽna ɖe edzi. Mele abe gligbalẽwo ene o, ke boŋ nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ku ɖe ame siwo nɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔ kple ɣeyiɣi siwo woyɔ tẽ ŋu. (Fiawo I, 14:25; Yesaya 36:1; Luka 3:1, 2) Eye togbɔ be blemaŋutinyaŋlɔlawo kpaa nya kpea woƒe fiawo ƒe aʋadziɖuɖuwo eye woɣlanɛ ne woɖu woawo dzi alo wowɔ vodada hã la, Biblia-ŋlɔlawo ya to nyateƒe eye wogblɔ nusianu pɛpɛpɛ—wogblɔ woawo ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ gãwo gɔ̃ hã ŋu nya.—Mose IV, 20:7-13; Samuel II, 12:7-14; 24:10.

NYAGBLƆÐIGBALẼ

16. Nukae nye kpeɖodzi vevitɔ kekeake be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso?

16 Nyagblɔɖi siwo va eme nye kpeɖodzi si ŋu womate ŋu ake ɖi le o be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia la tso. Nyagblɔɖi geɖe le Biblia me siwo va eme pɛpɛpɛ. Edze ƒã be amegbetɔ gbɔlo mate ŋu awɔ nusia o. Ke afikae nyagblɔɖi siawo tso? Biblia ŋutɔ gblɔ be “nyagbɔgblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe [alo Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ] lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.” (Petro II, 1:21) Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

17. Nyagblɔɖi kawoe gblɔ Babilon ƒe anyidzedze ɖi, eye aleke wova emee?

17 Babilon ƒe anyidzedze. Yesaya kple Yeremya gblɔe ɖi be Mediatɔwo kple Persiatɔwo amu Babilon aƒu anyi. Nukutɔe la, Yesaya ŋlɔ nudzɔdzɔ sia ŋu nya ɖi le ɣeyiɣi si me ŋusẽ ɖo Babilon ŋu wu, ade ƒe 200 do ŋgɔ na eƒe tsɔtsrɔ̃! Nyagblɔɖia ƒe akpa siwo gbɔna la nye nusiwo ŋu kpeɖodzi blibo le le ŋutinya me: Frat-tɔsisi la ƒe miemie esi wotrɔ mɔ na eme tsiwo yi ɖe ta aɖe si woɖe me (Yesaya 44:27; Yeremya 50:38); ŋudzɔmanɔmanɔ ɖe Babilon ƒe agbo siwo le tɔsisia nu ŋu ɖekematsɔlemetɔe (Yesaya 45:1); kple dziɖula si ŋkɔe nye Kores ƒe wo dzi ɖuɖu.—Yesaya 44:28.

18. Aleke nya si Biblia gblɔ ɖi le ‘Hela-fia’ ƒe dodo kple eƒe anyidzedze ŋu va emee?

18 ‘Hela-fia’ la ƒe dodo kple eƒe anyidzedze. Daniel kpɔ gbɔ̃tsu aɖe le ŋutega me wòtu dzo agbo aɖe ƒu anyi, heŋe eƒe dzo eveawo. Emegbe woŋe gbɔ̃ la ƒe dzo gã la, eye dzo ene to ɖe eteƒe. (Daniel 8:1-8) Woɖe eme na Daniel be: “Agbo dzoevee, si nèkpɔ la, enye Media- kple Persia-fiawo. Gbɔ̃tsu la nye Hela-nyigba ƒe fia, eye dzo gã, si le ŋugbladome nɛ la, enye fia gbãtɔ. Eye esi dzo ene to ɖe ŋeŋea teƒe la, egɔme enye: Fiaɖuƒe ene atso dukɔ la me, ke womasesẽ ade eya nu o.” (Daniel 8:20-22) Abe alesi wòle nyagblɔɖi sia mee ene la, anye ƒe alafa eve megbe la, “Hela-nyigba ƒe fia,” Aleksanda Gãtɔ mu Medo-Persia Fiaɖuƒegã dzoevee la ƒu anyi. Aleksanda ku le ƒe 323 D.M.Ŋ. me, eye eƒe aʋafia ene va xɔ ɖe eteƒe. Gake fiaɖuƒe siawo siwo va ɖe eyome la dometɔ aɖeke ƒe ŋusẽ mede Aleksanda ƒe fiaɖuƒea tɔ nu o.

19. Nyagblɔɖi kawoe va eme le Yesu Kristo me?

19 Yesu Kristo ƒe agbenɔnɔ. Nyagblɔɖi gbogbo aɖewo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me siwo va eme le Yesu ƒe dzidzi, eƒe subɔsubɔdɔ, ku, kple tsitretsitsi me. Le kpɔɖeŋu me, ƒe 700 kple edzivɔ do ŋgɔ la, Mixa gblɔe ɖi be woadzi Mesia, alo Kristo, la le Betlexem. (Mixa 5:1; Luka 2:4-7) Mixa ŋɔlimetɔ Yesaya gblɔe ɖi be woaƒo Mesia la eye woaɖe ta ɖe eŋu. (Yesaya 50:6; Mateo 26:67) Ƒe 500 do ŋgɔ la, Zaxarya gblɔ nya ɖi be woafia Mesia la yomemɔ axɔ klosalo 30. (Zaxarya 11:12; Mateo 26:15) Ƒe akpe ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔ la, Dawid ɖɔ alesi Yesu Mesia la akui do ŋgɔ. (Psalmo 22:8, 9, 19; Mateo 27:35, 39-43) Eye anye ƒe alafa atɔ̃ do ŋgɔ la, Daniel ƒe nyagblɔɖia ɖe ɣeyiɣi si me Mesia la ava kple eƒe subɔsubɔdɔ ƒe didime kpakple eƒe kuɣi fia. (Daniel 9:24-27) Esiawo nye nyagblɔɖi siwo va eme le Yesu Kristo me ƒe kpɔɖeŋu ʋee aɖewo ko. Àkpɔe be aɖe vi na ye be yeaxlẽ nu geɖe wu tso eyama ŋu emegbe.

20. Kakaɖedzi kae wòle be Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo va eme ŋuti nuŋlɔɖi la nana wòanɔ mía si?

20 Biblia ƒe nyagblɔɖi bubu siwo mevava axɔ ɣeyiɣi didi hã va eme xoxo. Ðewohĩ àbia be, ‘gake gbɔnye nya kae wòtsɔ?’ Enyo, ne ame aɖe to nyateƒe na wò ƒe geɖe la, ɖe nàva ke ɖi zi ɖeka ne egblɔ nya bubu aɖe na wòa? Kura o! Nyateƒe koe Mawu to le Biblia bliboa katã me. Ðe mele be nusia nado ŋusẽ kakaɖedzi si le mewò ɖe Biblia ƒe ŋugbedodowo ŋu, abe eƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe paradisonyigba si gbɔna ŋu ene la oa? Le nyateƒe me la, kakaɖedzi si nɔ Paulo, Yesu ƒe ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, si ŋlɔe be ‘Mawu mate ŋu aka aʋatso o’ si la ate ŋu anɔ míawo hã mía si. (Tito 1:2) Gawu la, ne míexlẽa Ŋɔŋlɔawo eye míetsɔa eƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔe la, ke míetsɔ nunya si mate ŋu asu amegbetɔwo si le wo ɖokui si o la le dɔ wɔmee, elabena Bibliae nye agbalẽ si ɖe sidzedze Mawu si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee la fia.

SIDZEDZE MAWU ‘NEDZRO WÒ VEVIE’

21. Nukae wòle be nàwɔ ne wòwɔ abe ɖe nusiwo nèsrɔ̃ le Biblia me la dometɔ aɖewo wu tsɔtsɔ na wò ene?

21 Ne èle Biblia srɔ̃m la, àva ke ɖe nane siwo to vovo na nusiwo wofia wò tsã la ŋu godoo. Ðewohĩ àva kpɔe gɔ̃ hã be Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe wò subɔsubɔkɔnu aɖewo siwo ŋu nèdoa vivi ɖo vevie la ŋu o. Àva srɔ̃e be Mawu ƒe dzidzenuwo le nyui kple vɔ̃ ŋu de ŋgɔ sã wu esiwo bɔ ɖe xexe sia si ɖea mɔ ɖe agbenɔnɔ ɖesiaɖe ŋu la me. Gbã la, awɔ abe ɖe nusiawo wu tsɔtsɔ na wò ene. Gake xɔ dzigbɔɖi! Dzro Ŋɔŋlɔawo me nyuie be nàke ɖe sidzedze Mawu ŋu. Lɔ̃ nàxɔ alesi wòate ŋu adzɔe be Biblia ƒe nuxlɔ̃ame ate ŋu abia be nàwɔ tɔtrɔ le wò tamebubu kple nuwɔnawo mee faa.

22. Nukatae nèle Biblia la srɔ̃m, eye aleke nàwɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã nase nya sia me?

22 Xɔ̃wòwo kple ƒometɔwo ate ŋu atsɔ susu nyui atsi tre ɖe wò Biblia sɔsrɔ̃ ŋu, gake Yesu gblɔ be: “Amesiame, si aʋu menye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã maʋu eyama me le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me; ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.” (Mateo 10:32, 33) Ame aɖewo avɔ̃ ɖe nuwò be àva ge ɖe vivimeha aɖe me alo azu zazɛ̃nyahela. Gake le nyateƒe me la, Mawu kple eƒe nyateƒea ŋuti sidzedze ƒe agbagba ko dzem nèle be wòasu asiwò. (Timoteo I, 2:3, 4) Be nàkpe ɖe amesiawo ŋu be woase nya sia me la, ne èle nusiwo srɔ̃m nèle ŋu nya gblɔm na wo la, ƒo nu na wo tufafatɔe, menye kple adã o. (Filipitɔwo 4:5) Ðo ŋku edzi be ne wokpɔe be Biblia ƒe sidzedze le vi ɖem na amewo nyateƒe la, ‘etrɔa ame geɖe nya aɖeke magblɔmagblɔe.’—Petro I, 3:1, 2.

23. Aleke nàwɔ be sidzedze Mawu nazu nusi ‘anɔ dzrowòm vevie’?

23 Biblia de dzi ƒo na mí be: “Abe vidzĩwo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie.” (Petro I, 2:2) Vidzĩ nɔa agbe ɖe nuɖuɖu si dadaa nanae ŋu eye eɖea fu na dadaa be wòanae ye kokoko. Nenema ke míawo hã míele agbe ɖe sidzedze Mawu ŋui. Yi wò nusɔsrɔ̃a dzi be wòana eƒe Nya la ‘nadzro wò vevie.’ Le nyateƒe me la, ɖoe wò taɖodzinui be nàxlẽ Biblia gbesiagbe. (Psalmo 1:1-3) Yayra gbogbo aɖe atso esia wɔwɔ me na wò, elabena Psalmo 19:12 gblɔ le Mawu ƒe sewo ŋu be: “Fetu gã le wo me léle ɖe asi me.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a D.M.Ŋ. fia “do ŋgɔ na Mía Ŋɔli,” si yɔyɔ sɔ wu B.C. (“before Christ” le Eŋlisigbe me si gɔmee nye “do ŋgɔ na Kristo”). M.Ŋ. fia “Mía Ŋɔli,” si wolɔ̃a yɔyɔ be A.D., si hã fia anno Domini, si gɔmee nye “le mía Aƒetɔ ƒe ƒea me.”

DO WÒ SIDZEDZE KPƆ

Mɔ kawo nue Biblia to vovo tso agbalẽ bubu ɖesiaɖe gbɔ le?

Nukata nàte ŋu aka ɖe Biblia la dzi?

Nukae ɖo kpe edzi na wò be Mawu ƒe Nya si tso eƒe gbɔgbɔ mee Biblia nye?

[Aɖaka si le axa 14]

NYA WÒ BIBLIA LA NYUIE

Mele be Biblia nyanya nyuie nanye nu sesẽ o. Zã afisi woɖo eƒe agbalẽwo ɖo nàtsɔ asrɔ̃ ɖoɖo si nu woɖo Biblia ƒe agbalẽwo ɖo kple afisi nàkpɔ wo le.

Ta kple kpukpui le Biblia ƒe agbalẽwo si be wo didi nanɔ bɔbɔe. Ƒe alafa 13 lia mee wotsɔ tawo mamã kpee, eye anye le ƒe alafa 16 lia me la, agbalẽtala aɖe si nye Franseawo mã Hela Ŋɔŋlɔawo ɖe kpukpuiwo me. Biblia blibo gbãtɔ si me ta kple kpukpuiwo le ye nye Fransegbe me Biblia aɖe si wota le ƒe 1553 me.

Ne woyɔ ŋɔŋlɔwo le agbalẽ sia me la, xexlẽdzesi gbãtɔ fia ta la eye esi kplɔe ɖoe nye kpukpuia. Le kpɔɖeŋu me, ŋɔŋlɔ si nye “Lododowo 2:5” fia Lododowo ƒe agbalẽ, ta 2, kpukpui 5. Ne èxlẽa ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la, eteƒe madidi hafi Biblia ƒe mawunyakpukpuiwo kpɔkpɔ nanɔ bɔbɔe na wò o.

Mɔ nyuitɔ si dzi nàto anya Biblia nyuie enye be nànɔ exlẽm gbesiagbe. Gbã la, adze nu sesẽe. Gake ne èxlẽa ta etɔ̃ vaseɖe atɔ̃ gbesiagbe le alesi woƒe didime le nu la, àwu Biblia la xexlẽ nu le ƒe ɖeka me. Nukata màdze egɔme egbea o?

[Aɖaka si le axa 19]

BIBLIA LA—AGBALẼ AÐEKE MESƆ KPLII O

• “Mawu ƒe gbɔgbɔ me” ye Biblia tso. (Timoteo II, 3:16) Togbɔ be amewoe ŋlɔ emenyawo hã la, Mawue fia mɔ woƒe tamesusuwo, eyata Biblia la nye “Mawu ƒe nya” vavã.—Tesalonikatɔwo I, 2:13.

• Ƒe siwo wu alafa 16 ye wotsɔ ŋlɔ Biblia lae, eye nuŋlɔla siwo anye ame 40 siwo nye ame ƒomevi vovovowoe ŋlɔe. Gake ɖekawɔwɔ blibo le emenyawo me tso eƒe gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu.

• Biblia to fuléle geɖe me do wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe. Le Titinaɣeyiɣiwo me la, wotɔ dzo amewo ɖe ati ŋu le esi Ŋɔŋlɔawo ƒe ɖeka le wo si ta ko.

• Bibliae nye agbalẽ si woƒlena wu le xexeame katã. Woɖe agbalẽ bliboa katã alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,000 me. Wota eƒe tata biliɔn geɖe, eye ƒã hafi afi aɖe nanɔ anyi le xexeame si womakpɔ ɖeke le o.

• Wodze Biblia ƒe akpa si do xoxo wu la ŋɔŋlɔ gɔme tso ƒe alafa 16 lia D.M.Ŋ. me ke. Esia do ŋgɔ na Hindutɔwo ƒe Rig-Veda (si nu wowu le ƒe 1300 D.M.Ŋ.), alo Buddhatɔwo ƒe “Kusi Etɔ̃awo me Ŋɔŋlɔwo” (ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ.), alo Islamtɔwo ƒe Koran (ƒe alafa adrelia M.Ŋ.), kpakple Shintotɔwo ƒe Nihongi (ƒe 720 M.Ŋ.).

[Nɔnɔmetata si xɔ axa 20]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe