INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • pr akpa 5 axa 20-22
  • Tameɖoɖo Wɔnuku Aɖe Le Agbe Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tameɖoɖo Wɔnuku Aɖe Le Agbe Ŋu
  • Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusitae Mawu Wɔ Amewo Ðo
  • Egakpɔtɔ Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo
  • Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Afi kae Paradiso si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la anɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Paradiso Xexe Yeyea Tu Aƒe!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Nu Kae Nye Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba La?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
Kpɔ Bubuwo
Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
pr akpa 5 axa 20-22

Akpa 5

Tameɖoɖo Wɔnuku Aɖe Le Agbe Ŋu

1, 2. Aleke míawɔ anya be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí, eye afikae wòle be míatrɔ ɖo adi agbe ŋuti biabiawo ƒe ŋuɖoɖowo?

1 Alesi wowɔ anyigba kple edzi nugbagbewoe la ɖee fia be wo Wɔla nye Mawu lɔlɔ̃tɔ si tsɔa ɖe le eme na ame vavã. Eye eƒe Nya, Biblia la ɖee fia be etsɔa ɖe le eme na ame; ena nyabiabia siwo gbɔna ƒe ŋuɖoɖo nyuitɔwo mí: Nukatae míele anyigba dzi afisia ɖo? eye Afikae míeɖo tae?

2 Ele be míaku Biblia la me adi ŋuɖoɖo mawo. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Ne miedii la, ana be, miakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.” (Kronika II, 15:2) Eyata nukae Mawu ƒe Nya la me kuku ɖe fia tso eƒe tameɖoɖo na mí ŋu?

Nusitae Mawu Wɔ Amewo Ðo

3. Nukatae Mawu wɔ anyigba la ɖo?

3 Biblia la ɖee fia be amegbetɔwo ta koŋ ye Mawu wɔ anyigba la ɖo. Yesaya 45:18 gblɔ le anyigba la ŋu be “menye ɖe [Mawu wɔe], be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.” Eye ewɔ nusianu si amewo ahiã la ɖe anyigba la dzi, menye be woanɔ agbe ko o, ke boŋ be woase agbe ƒe vivi wòade edeƒe ke hã.—Mose I, ta 1 kple 2.

4. Nukatae Mawu wɔ amegbetɔ gbãtɔwo ɖo?

4 Mawu ƒo nu tso amegbetɔ gbãtɔ siwo nye Adam kple Xawa wɔwɔ ŋu le eƒe Nya la me, eye wògblɔ nusi wòɖo ɖe tame ɖe amegbetɔƒomea ŋu la. Egblɔ be: “Mine míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple lã, siwo katã tana le anyigba dzi la dzi!” (Mose I, 1:26) Eɖoe be amegbetɔwo nakpɔ “anyigba la” kple edzi lãwo katã dzi.

5. Afikae woda amegbetɔ gbãtɔwo ɖo?

5 Mawu wɔ abɔ gã aɖe si ɖi gbadzaƒe la ɖe teƒe aɖe si woyɔ be Eden, si le Titina Ɣedzeƒe. Eye ‘wòtsɔ ame la ɖo Eden-bɔ me, be wòaŋlɔ ene eye wòakpɔ edzi.’ Enye paradiso si me nusiwo katã ahiã amegbetɔwo la le. Eye “ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu” hã le eme hekpe ɖe numiemie bubuwo kple lã ƒomevi vovovo siwo doa dzidzɔ na ame la ŋuti.—Mose I, 2:7-9, 15.

6. Susu me kple ŋutilã me nɔnɔme kawoe wotsɔ wɔ amegbetɔwoe?

6 Wowɔ amegbetɔ gbãtɔwo ƒe ŋutilã wòde blibo, eyata womadze dɔ, aku amegã alo nyagã, alo aku o. Wotsɔ nɔnɔme bubuwo hã na wo, abe tiatiawɔblɔɖe ene. Woɖe alesi wowɔ woe la me ɖe Mose I, 1:27 be: “Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.” Esi Mawu wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ta la, menye ŋutilã me kple susu me nɔnɔmewo koe wòna mí o, ke ena agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔ me tɔwo hã mí, eye ne míedi be míakpɔ dzidzɔ vavã la, ele be míakpɔ nusiawo gbɔ. Mawu awɔ ɖoɖo ɖe nuhiahiã mawo gbɔ kpɔkpɔ kpakple nuɖuɖu, tsi, kple ya ƒe nuhiahiã hã ŋu. Abe alesi Yesu Kristo gblɔe ene la, “menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.”—Mateo 4:4.

7. Se kae wode na ame eve gbãtɔwo?

7 Hekpe ɖe eŋu la, Mawu de se wɔnuku aɖe na ame eve gbãtɔwo esime wonɔ Eden be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ.” (Mose I, 1:28) Eyata vidziŋutete anɔ wo si eye woadzi vi deblibowo. Eye esi amegbetɔwo le agbɔ sɔm ɖe edzi la, dzidzɔdɔ si nye be woakeke paradiso gbãtɔ si ɖi abɔ si nɔ Eden ƒe liƒowo ɖe enu la asu wo si. Ʋeʋeʋe la, woawɔ anyigba bliboa katã wòanye paradiso si dzi ame deblibo siwo le dzidzɔ kpɔm nate ŋu anɔ agbe le tegbee. Biblia la gblɔ na mí be esi Mawu wɔ nusiawo katã vɔ megbe la, ‘ekpɔ nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.’—Mose I, 1:31; kpɔ Psalmo 118:17.

8. Aleke wòle be amegbetɔwo nalé be na anyigba lae?

8 Edze ƒã be amegbetɔwo azã anyigba si dzi wonye agbo ɖo la wòaɖe vi na wo. Gake ele be woawɔ esia le mɔ nyuitɔ nu. Amegbetɔwo anye anyigbadzikpɔla siwo léa be na nu, ke menye egblẽlawo o. Anyigba la gbegblẽ si teƒe kpɔm míele egbea la tsi tre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu eye amesiwo le eme wole egblẽm la le tameɖoɖo si le agbe ŋu le anyigba dzi la dzi dam. Woahe to na wo ɖe esia ta, elabena Biblia la gblɔ be Mawu ‘atsrɔ̃ amesiwo le anyigba la gblẽm.’—Nyaɖeɖefia 11:18.

Egakpɔtɔ Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo

9. Nukatae míeka ɖe edzi be Mawu ƒe tameɖoɖo ava eme?

9 Eyata enye Mawu ƒe tameɖoɖo tso gɔmedzedzea me ke be amegbetɔƒome deblibo nanɔ anyigba dzi tegbee le paradiso me. Eye esia kpɔtɔ nye eƒe tameɖoɖo! Tameɖoɖo sia ava eme kokoko. Biblia be: “Yehowa Zebaot ka atam be: Alesi mebu ɖe ta me la, nenema wòanɔ, eye alesi meɖo la, nenema wòava mee.” “Megblɔ nya, eye mana wòava eme hã, meɖo nu, eye mawɔe hã.”—Yesaya 14:24; 46:11.

10, 11. Aleke Yesu, Petro, kple hakpala Dawid woƒo nu tso Paradiso ŋui?

10 Yesu Kristo ƒo nu tso Mawu ƒe tameɖoɖo be yeagbugbɔ paradiso aɖo anyi ɖe anyigba dzi ŋu esime wògblɔ na ŋutsu aɖe si di be etsɔ me mɔkpɔkpɔ nasu ye si la be: ‘Ànɔ Paradiso la me kplim.’ (Luka 23:43) Apostolo Petro hã ƒo nu tso xexeme yeye si gbɔna la ŋu esi wògblɔ ɖi be: “Míele dziƒo yeye [dziɖuɖu yeye si aɖu dzi tso dziƒo] kple anyigba yeye, [anyigba dzi habɔbɔ yeye] siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.”—Petro II, 3:13.

11 Hakpala Dawid hã ŋlɔ nu tso xexeme yeye si gbɔna kple ɣeyiɣi didi si wòanɔ anyi la ŋuti. Egblɔ ɖi be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Esia tae Yesu do ŋugbe ɖo be: “Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.”—Mateo 5:5.

12, 13. Gblɔ tameɖoɖo wɔnuku si le Mawu si na ameƒomea la kpuie.

12 Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye si, be woanɔ agbe tegbetegbe le paradisonyigba dzi eye woavo tso vɔ̃ɖinyenye, hlɔ̃dodo, dɔléle, nuxaxa, kple vevesese ɖesiaɖe si me! Mawu ƒe Nyagblɔɖinya la gblɔ tameɖoɖo wɔnuku sia kpuie le Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ me be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” Egagblɔ kpee be: “Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.”—Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

13 Ẽ, tameɖoɖo wɔnuku aɖe le Mawu si. Anye dzɔdzɔenyenye ƒe xexeme yeye, paradiso mavɔ, si ƒe nya Amesi ate ŋu awɔ nusi ŋugbe wòdo eye wòawɔe hã gblɔ ɖi, elabena eƒe ‘nyawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.’

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Mawu ɖo tame be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi. Esia kpɔtɔ ganye eƒe tameɖoɖo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 22]

Aƒetɔ ate ŋu abia akɔnta tso amesiwo haya eƒe aƒea eye wole aƒea gblẽm la si

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe