TA EWO
Ne Ƒomea Me Tɔ aɖe Dze Dɔ
1, 2. Aleke Satana zã nyadzɔɖeamedzi kple dɔléle be yeatsɔ agblẽ Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ mee?
ÐIKEKEMANƆMEE la, ele be woabu Hiob ɖe amesiwo kpɔ dzidzɔ le ƒomegbenɔnɔ me la dome. Biblia yɔe be ‘amesi de ŋgɔ wu Ɣedzeƒetɔwo katã.’ Edzi ŋutsuvi adre kple nyɔnuvi etɔ̃, wo katã wole vi ewo nɔ esi. Alɔme hã nɔ esi wòkpɔ eƒe ƒomea dzi nyuie. Vevietɔ wu la, exɔa ŋgɔ le gbɔgbɔmedɔwo me eye wòtsi dzi ɖe viawo ƒe tenɔnɔ le Yehowa gbɔ ŋu. Esia katã na kadodo kplikplikpli si me dzidzɔ nɔ la nɔ eƒe ƒomea me.—Hiob 1:1-5.
2 Yehowa Mawu ƒe futɔ gãtɔ Satana kpɔ nɔnɔme si me Hiob nɔ. Satana, amesi dia mɔ siwo nu wòato agblẽ Mawu subɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ me ɣesiaɣi la dze Hiob dzi gblẽ dzidzɔkpɔkpɔ si nɔ eƒe ƒomea me la me. Emegbe “[ekplɔ] ƒoƒoe vɔ̃ɖi ƒu Hiob tso eƒe afɔƒome vaseɖe eƒe dzodome.” Ale wòwɔ na Satana be yeate ŋu azã nyadzɔɖeamedzi kple dɔléle atsɔ agblẽ Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ mee.—Hiob 2:6, 7.
3. Dzesi kawoe dze le Hiob ƒe dɔlélea ŋu?
3 Biblia meyɔ dɔ si Hiob dze la ŋkɔ o. Gake egblɔ dɔlélea ƒe dzesiwo ya na mí. Eŋuti katã dze nyé, eye abiteƒe ƒaƒãwo nɔ eŋu zã nɔ tsi kplɔm. Hiob ƒe nume nɔ ʋeʋẽm, eye eya ametia katã nɔ ya ɖem. Eƒe vevesese wu gbɔgblɔ. (Hiob 7:5; 19:17; 30:17, 30) Hiob tsɔa vevesese helĩhelĩ bɔbɔ nɔa dzowɔ me eye wòtsɔa ze gbagbɛwo nɔa ŋuti kumee. (Hiob 2:8) Ekpɔkpɔ awɔ nublanui ŋutɔ!
4. Nukae dzɔna ɖe ƒome ɖesiaɖe dzi ɣeaɖewoɣi?
4 Aleke nàwɔ nenye wòe dze dɔ sesẽ ma? Egbea Satana megatsɔa dɔléle ƒua Mawu subɔlawo abe alesi wòtsɔe ƒu Hiob ene o. Gake le amegbetɔ ƒe blibomademade, gbesiagbegbenɔnɔ ƒe nuteɖeamedziwo, kple nuto si me míele ƒe gbegblẽ ɖe edzi ta la, míakpɔ mɔ be ƒomea me tɔ aɖewo adze dɔ godoo ɣeaɖewoɣi. Togbɔ be míadze agbagba alesi míate ŋui be míaxe mɔ na dɔdzedze hã la, mí katã míedzea dɔ, togbɔ be ame ʋee aɖewo tɔ koe dea Hiob tɔ nu hã. Ne ame aɖe dze dɔ le míaƒe ƒomea me la, ate ŋu aɖe fu na ame ŋutɔ. Eyata mina míakpɔ alesi Biblia kpena ɖe mía ŋu be míadze ŋgɔ futɔ sia si ɖe kpe na ameƒomea lae ɖa.—Nyagblɔla 9:11; Timoteo II, 3:16.
ALEKE WÒWƆNA NA WÒ?
5. Aleke ƒomea me tɔwo wɔa nui zi geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔdzedze me?
5 Nusianu si atɔtɔ nusiwo míewɔna ɖaa me, eɖanye nuka gbɔe wòtso o, nyea nu sesẽ ɣesiaɣi, eye enɔna alea vevietɔ ne ɣeyiɣi didi ƒe dɔdzedze gbɔe wòtso. Nenye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔdzedzee hã la, ebiana be woawɔ tɔtrɔwo, woalɔ̃ aɖe asi le nanewo ŋu, eye woatsɔ nanewo asa vɔe. Ate ŋu abia be ƒomea me tɔ siwo le lãmesẽ me nazi ɖoɖoe ale be amesi dze dɔ la nate ŋu agbɔ ɖe eme. Ahiã be nanewo nato wo ŋu. Gake le ƒome akpa gãtɔ me la, ɖevi suewo kekeake hã sea veve ɖe wo nɔvi alo wo dzila si dze dɔ la nu togbɔ be ahiã ɣeaɖewoɣi be woaɖo ŋku edzi na wo be woawɔ nu le ameŋububu me hã. (Kolosetɔwo 3:12) Ne ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe dɔdzedzee la, zi geɖe la, ƒomea lɔ̃na be yewoawɔ nusiwo hiã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ƒomea me tɔ ɖesiaɖe adi be woabu ye ŋu nenema ne yedze dɔ.—Mateo 7:12.
6. Nukawoe wowɔna ɣeaɖewoɣi ne ƒomea me tɔ aɖe dze dɔ sesẽ aɖe si gbe asiɖeɖe le eŋu?
6 Ke ne dɔa nye dɔ si sesẽ ŋutɔ eye wòna nu geɖe me tɔtɔ hexɔ ɣeyiɣi didi ɖe? Le kpɔɖeŋu me, ne ƒomea me tɔ aɖe dze lãmetutudɔ si na megate ŋu wɔa naneke o, tagbɔdɔ si naa ame tsitsiwo ƒe susu nɔa gbɔdzɔgbɔdzɔm vaseɖe esi woƒe susu megate ŋu wɔa dɔ kura o gblẽ nu le eŋu, alo dɔléle bubu aɖe na wògbɔdzɔ ɖe? Alo ne tagbɔdɔ, abe esi dea ɖikeke, seselelãme kple vɔvɔ̃ siwo me susu mele o ame me ene, ye le fu ɖem na ame aɖe le ƒomea me ɖe? Nusi dzɔna gbã zi geɖe ye nye be ewɔa nublanui na ame—blanuiléle be ame ƒe lɔlɔ̃tɔ le fu kpem nenema gbegbe. Gake seselelãme bubuwo ate ŋu akplɔ blanuiléle ɖo. Ne ƒomea me tɔwo kpɔ be ame ɖeka ƒe dɔdzedze gblẽ nu geɖe le yewo ŋu eye wòxe mɔ na ablɔɖe siwo nɔ yewo si tsã la, dzi ava nɔ wo kum. Woava nɔ biabiam be: “Nukata wòle be nusia nadzɔ ɖe dzinye?”
7. Aleke Hiob srɔ̃ wɔ nui le srɔ̃aŋutsu ƒe dɔdzedze me, eye nukae wòwɔ abe nyɔnua anya ŋlɔ be ene?
7 Edze abe nu ma tɔgbee va susu me na Hiob srɔ̃ ene. Ðo ŋku edzi be viawo kple woƒe ƒomewo ku nɛ xoxo. Esi dzɔgbevɔ̃e mawo siwo kplɔ wo nɔewo ɖo dzɔ la, ɖikeke mele eme o be ʋeʋeʋe la, wona eƒe susu tɔtɔ. Ke mlɔeba esi wòkpɔ be dɔ nyɔŋu aɖe si me vevesese helĩhelĩ le dze ye srɔ̃ si doa vevie nu, si nɔ ŋusẽ me kpɔ dzi la, edze abe ɖe wòŋlɔ nusi le vevie wu dzɔgbevɔ̃e siwo katã dzɔ ɖe wo dzi be ene—ƒomedodo si me wo kple srɔ̃a wonɔ kple Mawu. Biblia gblɔ be: “Tete [Hiob srɔ̃] gblɔ nɛ bena: Ègalé wò blibonyenye me ɖe asi koa? Gbe Mawu, ne naku!”—Hiob 2:9.
Kristotɔwo naa woƒe lɔlɔ̃ ƒe todede fiana ne wo nɔviwo dze dɔ
8. Ne ame aɖe dze dɔ sesĩe le ƒomea me la, ŋɔŋlɔ kae akpe ɖe ƒomea me tɔ susɔeawo ŋu be nukpɔsusu si sɔ nanɔ wo si?
8 Ame geɖe meganyaa alesi woawɔ o, alo ekua dzi na wo gɔ̃ hã, ne ame aɖe ƒe dɔdzedze trɔ woƒe agbenɔnɔ vevie nenema. Ke hã Kristotɔ si de ŋugble le nya la ŋu la akpɔe be mlɔeba la, esia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na ye be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ ƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye afia. Lɔlɔ̃ vavãtɔ “gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona . . . [eye] media ye ŋutɔ tɔ o . . . Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.” (Korintotɔwo I, 13:4-7) Eyata le esi míaɖe mɔ seselelãme masɔmasɔwo naɖu mía dzi teƒe la, ele vevie be míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe aɖu wo dzi.—Lododowo 3:21.
9. Kakaɖedzinya kawoe ate ŋu akpe ɖe ƒomea ŋu le seselelãme kple gbɔgbɔ me gome ne ame aɖe dze dɔ sesĩe le eme?
9 Nukae woate ŋu awɔ atsɔ akpɔ ƒome ƒe gbɔgbɔmemenyenye kple seselelãmewo ta ne ame aɖe dze dɔ vevie le eme? Enye nyateƒe be dɔ sia dɔ kple eƒe dzikpɔkpɔ kple dɔdada si sɔ nɛ ye, eye masɔ be míakafu dɔdadamɔnu alo aƒemetikewɔwɔmɔnu aɖe na ame le agbalẽ sia me o. Gake le gbɔgbɔ me gɔmesese nu la, Yehowa ‘le amesiwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la fɔm ɖe tsitrenu.’ (Psalmo 145:14) Fia Dawid ŋlɔ be: “Woayra amesi léa fɔ ɖe hiãtɔ ŋu! Yehowa aɖee le dzɔgbevɔ̃eɣi. Yehowa akpɔ eta, eye wòaxɔe ɖe agbe . . . Yehowa akpe ɖe eŋu le eƒe dɔba dzi.” (Psalmo 41:2-4) Yehowa xɔa esubɔlawo ɖe agbe le gbɔgbɔ me, ne wole seselelãme ƒe dodokpɔ siwo wu woawo ŋutɔ woƒe ŋutete me tom kura hã. (Korintotɔwo II, 4:7) Ƒome si me tɔwo dze ŋgɔ dɔdzedze sesẽwo le woƒe aƒewo me la dometɔ geɖe gblɔ nya siwo ɖi hakpala la tɔ, be: “Wobɔbɔm ɖe anyi ŋutɔ, Yehowa, gbɔ agbem le wò nya la nu.”—Psalmo 119:107.
GBƆGBƆ SI DAA GBE LE AME ŊU
10, 11. (a) Nukae hiã vevie bene ƒomea nate ŋu adze ŋgɔ dɔléle dzidzedzetɔe? (b) Aleke nyɔnu aɖe wɔ dze ŋgɔ srɔ̃a ƒe dɔdzedze?
10 Biblia ƒe lododo aɖe gblɔ be ‘ŋutsu ƒe gbɔgbɔ tsɔa eƒe fukpekpewo, ke gbɔgbɔ si woƒo ƒu anyi la, ameka ado atsɔ eya?’ (Lododowo 18:14) Susu me nuteɖeamedzi ate ŋu ado vevesese na ƒome ƒe gbɔgbɔ kpakple “ŋutsu ƒe gbɔgbɔ” siaa. Gake “dzi [fatu, NW] enye agbe le lã me.” (Lododowo 14:30) Ne ƒomea me tɔ aɖe ate ŋu anɔ te ɖe dɔléle sesẽ aɖe nu alo mate ŋui o la, eƒe akpa gã aɖe nɔa te ɖe nɔnɔme, alo gbɔgbɔ, si eme tɔwo ɖena fiana la dzi.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 17:22.
11 Ehiã be Kristotɔ srɔ̃nyɔnu aɖe nado dzi esi srɔ̃a ƒe akpa ɖeka tu le woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe ade ko megbe la me. Egblɔ be: “Egblẽ nu le srɔ̃nye ƒe nuƒoƒo ŋu vevie, eye nu vi aɖe koe susɔ nyemagate ŋu aɖo dze kplii o. Susu me nuteɖeamedzi si agbagbadzedze be mase nya si wònɔ agbagba dzem be yeagblɔ gɔme nye la nu sẽ ŋutɔ.” Bu vevesese kple tɔtɔ si wòanye na srɔ̃aŋutsua hã ŋu kpɔ. Nukae srɔ̃tɔ siawo wɔ? Togbɔ be afisi wole didi tso Kristo-hamea gbɔ hã la, nɔvinyɔnua dzea agbagba ɖesiaɖe srɔ̃a nyatakaka yeye ɖesiaɖe si ku ɖe habɔbɔa ŋu eye wòtsɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu si nɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo me la nyia eɖokuii eye esia kpe ɖe eŋu be ŋusẽ nɔ eŋu le gbɔgbɔ me. Esia do ŋusẽe le gbɔgbɔ me be wòkpɔ srɔ̃a lɔlɔ̃a dzi vaseɖe eƒe ku me le ƒe ene megbe.
12. Abe alesi wòdze le Hiob gome ene la, kpekpeɖeŋu kae dɔnɔ nana ɣeaɖewoɣi?
12 Le Hiob gome la, eya si nye dɔnɔ boŋ ye nɔ te sesĩe. Ebia srɔ̃a be: “Míexɔ nu nyuiwo tso Mawu si, ɖe míaxɔ vɔ̃ hã oa?” (Hiob 2:10) Mewɔ nuku be nusrɔ̃la Yakobo va yɔ Hiob emegbe be enye dzigbɔgbɔ blewu kple ɖokuidzizizi ƒe kpɔɖeŋu vevi aɖe o! Míexlẽ le Yakobo 5:11 be: “Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.” Nenema ke egbea le teƒe geɖe la, ƒomea me tɔ si dze dɔ ƒe dzideƒo kpe ɖe ƒomea me tɔ bubuwo ŋu be nukpɔsusu nyuitɔ nɔ wo si.
13. Nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo kae mele be ƒome si me ame aɖe dze dɔ sesĩe le me tɔwo nawɔ o?
13 Ame akpa gãtɔ siwo wòhiã be woadze ŋgɔ dɔdzedze le ƒomea me alɔ̃ ɖe edzi be tenɔnɔ ɖe enu menɔa bɔbɔe na ƒomea o. Wogblɔna hã be alesi wobuna le nɔnɔmea ŋu le vevie ŋutɔ. Gbã la, tɔtrɔ kple asitɔtrɔ siwo woawɔ le ƒomea ƒe dɔwɔnawo me asesẽ na wo. Gake ne wodze agbagba vevie la, woate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Le esia wɔwɔ me la, ele vevie be míagatsɔ míaƒe nɔnɔmewo anɔ sɔsɔm kple ƒome siwo me ame aɖeke medze dɔ le o tɔ, anɔ susum be nuwo le bɔbɔe na woawo ya wu eye be ‘mesɔ be wòayi nenema o!’ Le nyateƒe me la, mía dometɔ aɖeke menya agba kawoe le ame bubuwo dzi wole tsɔtsɔm o. Kristotɔ ɖesiaɖe kpɔa akɔfafa le Yesu ƒe nya siawo me, be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi.”—Mateo 11:28.
NU VEVITƆWO DADA ÐE NƆƑE GBÃTƆ
14. Aleke woawɔ ada nu veviwo ɖe nɔƒe si dze na wo?
14 Le dɔdzedze sesẽwo me la, anyo be ƒomea naɖo ŋku nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me dzi, be: “Afisi adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.” (Lododowo 15:22) Ðe ƒome bliboa ate ŋu akpe ta adzro nusiwo dɔlélea he vɛ mea? Ðikekemanɔmee la, asɔ be woawɔe alea le gbedodoɖa me eye woadi mɔfiame tso Mawu ƒe Nya la me. (Psalmo 25:4) Nukawo mee wòle be woadzro le kpekpe sia me? Enyo, ahiã be woawɔ nyametsotso le atikewɔnyawo, ganyawo, kple ƒomenyawo ŋu. Ameka koŋ ye adze ŋkume edzikpɔkpɔ? Aleke ƒomea ate ŋu akpe asi ɖe dzikpɔkpɔ ma ŋui? Aleke ɖoɖo siwo woawɔ la aka ƒomea me tɔ ɖesiaɖee? Aleke woakpɔ amesi koŋ kpɔa dɔnɔa dzi la ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo kple nuhiahiã bubuwo gbɔe?
15. Kpekpeɖeŋu kae Yehowa naa ƒome siwo me tɔ aɖe dze dɔ sesẽ aɖe?
15 Zi geɖe la, yayra siwo meva susu me na mí kura o dona tsoa gbedodoɖa vevie na Yehowa atsɔ abia eƒe mɔfiafia, ŋugbledede le eƒe Nya la ŋu, kple wɔwɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiafia dzi me. Menye ɣesiaɣie ƒomea me tɔ aɖe ƒe dɔléle aka ɖe eme o. Gake le nɔnɔme ɖesiaɖe me la, nu nyuitɔ kekeake doa go tso ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me ɣesiaɣi. (Psalmo 55:23) Hakpala la ŋlɔ be: “Yehowa, wò amenuveve léam ɖe asi. Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.”—Psalmo 94:18, 19; kpɔ Psalmo 63:7-9 hã.
KPEKPE ÐE ÐEVIAWO ŊU
Ne ƒomea wɔa nu ɖekae la, ana woate ŋu akpɔ kuxiwo gbɔ
16, 17. Nya vevi kawo dzie woate ŋu ate gbe ɖo ne wole nu ƒom na ɖevi suewo tso wo nɔvi aɖe ƒe dɔléle ŋu?
16 Dɔdzedze sesẽwo ate ŋu aɖe fu na ɖevi siwo le ƒomea me. Ele vevie be dzilawo nakpe ɖe ɖeviawo ŋu be woase nuhiahiã siwo do mo ɖa kple nusi woate ŋu awɔ atsɔ ana kpekpeɖeŋui gɔme. Ne ɖevie dze dɔa la, ke ele be woaɖe eme na nɔviawo be ŋkuléle ɖe dɔnɔa ŋu kple beléle nɛ wu ɖevi bubuawo mefia be ɖe womele woawo ya lɔ̃m de dɔnɔa nu o. Le esi dzilawo naɖe mɔ veve alo hoʋiʋli nado mo ɖa teƒe la, woate ŋu akpe ɖe ɖevi mamleawo ŋu be wo dome nanɔ kplikplikpli wu eye nɔvilɔlɔ̃ akuaku nanɔ wo me na wo nɔewo esime wo katã wole asi kpem ɖe nɔnɔme si dɔlélea he vɛ ŋu.
17 Ne dzilawo gblɔ nya siwo ana ɖevi suewo naɖe woƒe seselelãmewo afia ame na wo la, anya awɔ na ɖeviawo wu esi woagblɔ dɔa ƒe nɔnɔme si gɔmesese asesẽ alo egɔmeɖeɖe adidi la na wo. Eyata woate ŋu agblɔ fu si kpem ƒomea me tɔ si dze dɔa le la ƒe ɖewo na wo. Ne ɖevi siwo le lãmesẽ me kpɔ alesi dɔdzedzea na dɔnɔa mete ŋu le nusi woawo ate ŋu awɔ bɔbɔe la wɔm o la, anɔ bɔbɔe na wo wu be ‘eƒe nu nawɔ nublanui na wo eye woƒe dɔme natrɔ ɖe eŋu.’—Petro I, 3:8.
18. Aleke woate ŋu akpe ɖe vi tsitsiwo ŋu be woase kuxi siwo ame aɖe ƒe dɔdzedze he vɛ gɔme, eye aleke esia ate ŋu aɖe vi na woe?
18 Ele be woakpe ɖe vi tsitsiwo ŋu bene woanya be nya sesẽ aɖe dzɔ eye esia bia be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe natsɔ nanewo asa vɔe. Esi kɔdzifewo kple atikeƒlefewo le dzilawo dzi ta la, ɖewohĩ manya wɔ na wo be woakpɔ ɖevi bubuawo dzi abe alesi woadii ene o. Ðe esia ave ɖeviawo eye wòawɔ na wo be wole nu tem yewoa? Alo ɖe woase nɔnɔmea gɔme eye woatsɔ nusiwo hiã asa vɔea? Eƒe akpa gã aɖe nɔ te ɖe alesi wodzro nya la mee kple gbɔgbɔ si le ƒomea me dzi. Le nyateƒe me, le ƒome geɖe me la, ƒomea me tɔ ɖeka ƒe dɔdzedze na hehe ɖeviwo be wowɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo dzi, be: “Migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui; amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ tɔ dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi!”—Filipitɔwo 2:3, 4.
ALESI WÒLE BE WOABU ATIKEWƆWƆE
19, 20. (a) Agba kawoe le ƒome tawo dzi ne ƒomea me tɔ aɖe dze dɔ? (b) Togbɔ be menye atikewɔgbalẽe Biblia nye o hã la, aleke wòfiaa afɔɖoƒe amee le alesi woakpɔ dɔlényawo gbɔe me?
19 Kristotɔ siwo da sɔ metsia tre ɖe atikewɔwɔ ŋu o zi alesi metsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu o ko. Ne ame aɖe dze dɔ le woƒe ƒomea me la, wodina vevie be yewoadi kpekpeɖeŋu si ana amea ƒe fukpekpe dzi naɖe akpɔtɔ. Ke hã la, atikewɔlawo ƒe susu ate ŋu atsi tre ɖe wo nɔewo tɔ ŋu eye wòahiã be woada wo akpɔ. Hekpe ɖe eŋu la, dɔléle kple lãmegbegblẽ yeyewo le totom le ƒe siawo me, eye le wo dometɔ geɖe gome la, wo dadamɔnu si dzi amesiame lɔ̃ ɖo meli o. Esesẽna ŋutɔ be woake ɖe dɔ si tututu wònye gɔ̃ hã ŋu ɣeaɖewoɣi. Ke nukae wòle be Kristotɔ nawɔ?
20 Togbɔ be Biblia-ŋlɔla ɖeka nye atikewɔla eye apostolo Paulo ɖo atikewɔɖaŋu nyui aɖe na exɔlɔ̃ Timoteo hã la, agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me mɔfiamegbalẽe Ŋɔŋlɔawo nye, ke menye atikewɔgbalẽe o. (Kolosetɔwo 4:14; Timoteo I, 5:23) Eyata le atikewɔnyawo me la, ele be Kristotɔwo ƒe ƒome ƒe tawo nawɔ woawo ŋutɔ ƒe nyametsotso siwo da sɔ. Ðewohĩ woasusui be anyo be yewoabia atikewɔla vovovo ƒe susu. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 18:17.) Woadi atikewɔwɔmɔnu si nye nyuitɔ kekeake na woƒe ƒomea me tɔ si dze dɔ la, eye ame akpa gãtɔ dinɛ le kɔdzi ɖɔktawo gbɔ. Atikewɔwɔmɔnu siwo menye kɔdzi tɔ o dzea ame aɖewo ŋu wu. Esia hã nye woawo ŋutɔ ƒe nyametsotso. Ke hã ne Kristotɔwo le lãmesẽkuxiwo gbɔ kpɔm la, ‘Mawu ƒe nya la nyea akaɖi na woƒe afɔ kple kekeli na woƒe toƒe’ kokoko. (Psalmo 119:105) Woyia edzi wɔna ɖe mɔfiame siwo woɖe fia kɔte ɖe Biblia me dzi. (Yesaya 55:8, 9) Wotsria dɔléledimɔnu si me gbɔgbɔyɔyɔ dea dzedze ge le, eye womelɔ̃na xɔa atikewɔwɔ siwo nye dada le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi la o.—Psalmo 36:10; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29; Nyaɖeɖefia 21:8.
21, 22. Aleke Asia-nyɔnu aɖe de ŋugble le Biblia ƒe gɔmeɖose aɖe ŋui, eye aleke eƒe nyametsotsoa sɔ le eƒe nya la mee?
21 Bu Asia-nyɔnu aɖe ƒe nya ŋu kpɔ. Esi wòdze nusɔsrɔ̃ le Biblia ŋu gɔme kple Yehowa Ðasefo aɖe eteƒe medidi o la, edzi nyɔnuvi si ƒe ŋkeke mede o eye eƒe kpekpeme nye gram 1,470 ko. Nuxaxa wu dzi na nyɔnua esi ɖɔkta aɖe gblɔ nɛ be nu ato ɖevia dzi ale gbegbe eye be mate ŋu azɔ azɔli akpɔ le eƒe agbe me o. Eɖo aɖaŋu nɛ be neɖe asi le vidzĩa ŋu na nuwɔametɔwo xɔnyilawo. Srɔ̃aŋutsu menya alesi wòawɔ o. Amekae wòatoe na?
22 Nyɔnua gblɔ be: “Meɖo ŋku edzi be mesee kpɔ le Biblia me be ‘ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.’” (Psalmo 127:3) Etso nya me be yeaxɔ “domenyinu” sia va aƒemee akpɔ edzi. Menɔ bɔbɔe gbã o, gake xɔlɔ̃ Kristotɔ siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le wo gbɔ me ƒe kpekpeɖeŋu na nyɔnua te ŋu trɔ asi le ɖevia ŋu eye wòna kpekpeɖeŋu tɔxɛ si wòhiã lae. Le ƒe 12 megbe la, ɖevia va le kpekpewo dem le Fiaɖuƒe Akpata me eye wòdea ha kple ɖevi siwo vana la dzidzɔtɔe. Dadaa gblɔ be: “Meda akpe ale gbegbe be Biblia ƒe gɔmeɖosewo ʋãm be mewɔ nusi le eteƒe. Biblia kpe ɖe ŋunye be dzitsinya dzadzɛ le asinye le Yehowa Mawu gbɔ eye nusi ado nuxaxa nam le nye agbemeŋkeke mamleawo me la medzɔ ɖe dzinye o.”
23. Akɔfafa kae Biblia naa dɔnɔwo kple amesiwo le wo dzi kpɔm?
23 Dɔléle manɔ mía dome ɖaa o. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɣeyiɣi si me “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o” la ŋu nya ɖi. (Yesaya 33:24) Ŋugbedodo ma ava eme le xexe yeye si te tu aƒe alea gbegbe la me. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ele be míawɔ avu kple dɔléle kpakple ku. Dzidzɔtɔe la, Mawu ƒe Nya la fia afɔɖoƒe mí eye wòkpena ɖe mía ŋu. Agbenɔnɔŋutise siwo le Biblia me la nɔa anyi ɖaa, eye wole ŋgɔ sasasã na amegbetɔ madeblibowo ƒe susu siwo nɔa tɔtrɔ dzi ɖaa. Eyata nunyalawo daa asi ɖe nya siawo siwo hakpala la ŋlɔ dzi, be: “Yehowa ƒe se de blibo, enana luʋɔ gbɔna ɖe eme; Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya. . . . Yehowa ƒe afiatsotsowo le eteƒe, wo katã wodzɔ. . . . Fetu gã le wo me léle ɖe asi me.”—Psalmo 19:8, 10, 12.