Abosam—Ye Na Míedzea Dɔa?
ANYE NE DƆLÉLE MANƆ ANYI KURA HAFI O. Mawu wɔ mí be míanɔ agbe tegbee le lãmesẽ deblibo me. Gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe si ŋkɔe nye Satana ye wɔe be dɔléle, vevesese, kple ku le fu wɔm amegbetɔƒomea esi wòkplɔ mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, de nuvɔ̃ me.—MOSE I, 3:1-5, 17-19; ROMATƆWO 5:12.
ÐE ESIA fia be dɔléamewo katã nye kplamatsedonu siwo tso gbɔgbɔmexexeame gbɔ tẽa? Abe alesi míede dzesii le nyati si do ŋgɔ mee ene la, ame geɖe bunɛ nenema egbea. Ðevi sue Owmadji mama bui nenema. Gake gbɔgbɔ makpɔmakpɔwo gbɔe Owmadji ƒe mitsinyenyedɔ—si léa ɖevi suewo vevie ɣeaɖewoɣi le anyigba xɔdzowo dzi—tso nyateƒea?
Satana ƒe Wɔƒe
Biblia ɖo biabia sia ŋu eme kɔ nyuie. Gbã la, eɖee fia be mía tɔgbuiwo ƒe gbɔgbɔwo mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi o. Ne amewo ku la, ‘womeganya naneke o.’ Gbɔgbɔ si nɔa agbe le ku megbe mele wo si o. Wodɔ alɔ̃ le yɔdo me, afisi ‘nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele o.’ (Nyagblɔla 9:5, 10) Kukuawo mate ŋu ana agbagbeawo nadze dɔ le mɔ aɖeke nu gbeɖe o!
Ke hã Biblia gblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo li. Xexeame katã ƒe aglãdzela gbãtɔ nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ si woyɔna fifia be Satana. Gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubuwo wɔ ɖeka kplii eye woyɔa wo be gbɔgbɔ vɔ̃wo. Ðe Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ate ŋu ahe dɔléle vea? Edzɔ kpɔ. Yesu ƒe nukugbedada ƒe akpa aɖewo lɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyã do goe ɖe eme. (Luka 9:37-43; 13:10-16) Gake gbe siwo Yesu da la dometɔ akpa gãtɔ menye dɔléle siwo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔ tẽ o. (Mateo 12:15; 14:14; 19:2) Nenema ke wòle egbea be nudzɔdzɔ siwo le dzɔdzɔme nue hea dɔlélewo vɛ, menye ŋusẽ siwo de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ o.
Ke adzewɔwɔ ya ɖe? Lododowo 18:10 ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ̃ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.” Yakobo 4:7 gblɔ be: “Mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.” Ẽ, Mawu ate ŋu akpɔ esubɔla wɔnuteƒewo ta tso adzewɔwɔ kple ŋusẽ si de ŋgɔ wu amegbetɔ tɔ ɖesiaɖe si me. Esia nye Yesu ƒe nya si wògblɔ be, “Nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe” ƒe gɔmesese ɖeka.—Yohanes 8:32.
Ame aɖewo abia be: ‘Ke Hiob ya ɖe? Ðe menye gbɔgbɔ vɔ̃woe na wòdze dɔ oa?’ Ẽ, Biblia gblɔ be Satanae kplɔ dɔléle ƒu Hiob. Gake Hiob ƒe nya la nye etɔxɛ. Mawu nɔ Hiob ta kpɔm tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amedzidzedze si me xoxoxo. Emegbe Satana tɔ gbe Yehowa be yeatso ɖe Hiob ŋu, eye le esi esia lɔ nya gãwo ɖe eme ta la, Yehowa ɖe eƒe takpɔkpɔa ɖa le esubɔla la dzi vaseɖe afi aɖe le nudzɔdzɔ sia pɛ ko me.
Ke hã, Mawu ɖo seɖoƒewo. Esi wòɖe mɔ na Satana be wòawɔ fu Hiob la, ɖeko Satana te ŋu na Hiob dze dɔ vaseɖe ɣeyiɣi aɖe, gake mete ŋu wui o. (Hiob 2:5, 6) Mlɔeba, Hiob ƒe fukpekpewo wu enu, eye Yehowa ɖo eƒe nuteƒewɔwɔ teƒe nɛ ale gbegbe. (Hiob 42:10-17) Woŋlɔ gɔmeɖose siwo dzi Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ ɖo kpee la ɖe Biblia me tso gbaɖegbe ke eye wo me kɔ na amesiame. Dodokpɔ ma ƒomevi megahiã ake o.
Aleke Satana Wɔa Dɔe?
Le nudzɔdzɔ ɖesiaɖe kloe me la, ƒomedodo si le Satana kple amegbetɔ ƒe dɔléle dome koe nye nyateƒe si wònye be Satana te ame eve gbãtɔawo kpɔ, eye wodze nuvɔ̃ me. Menye eya kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃woe nye amesiwo hea dɔléle ɖesiaɖe vɛ tẽ o. Gake Satana medzudzɔ agbagbadzedze be yeable mí be míawɔ nyametsotso gbegblẽwo ahaɖe asi le míaƒe xɔse ŋu, esi ate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋuti o. Menye ɖe wòɖu dzo alo wu Adam kple Xawa alo kplɔ dɔléle ƒu wo o. Eƒo nya ɖe Xawa nu be wòagbe toɖoɖo Mawu, eye Adam dze tomaɖomaɖo ƒe afɔ si wòɖe la yome. Dɔléle kple kue nye nusiwo do tso eme la dometɔ aɖewo.—Romatɔwo 5:19.
Moab-fia da nyagblɔɖila mawɔnuteƒe aɖe si ŋkɔe nye Bileam ɣeaɖeɣi be wòaƒo fi ade Israel-dukɔ si va ƒu asaɖa anyi ɖe Moab ƒe liƒowo dzi ŋɔdzitɔe la. Bileam dze agbagba be yeaƒo fi ade Israel, gake mete ŋui o elabena dukɔa nɔ Yehowa ƒe takpɔkpɔ te. Emegbe Moabitɔwo te kpɔ be yewoable Israel-viwo ade trɔ̃subɔsubɔ kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me. Ayedzedze sia kpɔ dzidzedze, eye Yehowa ƒe takpɔkpɔ dzo le Israel-viwo dzi.—Mose IV, 22:5, 6, 12, 35; 24:10; 25:1-9; Nyaɖeɖefia 2:14.
Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso blema nudzɔdzɔ ma me. Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kpɔa esubɔla wɔnuteƒewo ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amedzidzedze tẽ si me. Ke hã Satana adze agbagba be yeana ame ɖekaɖekawo naɖe asi le woƒe xɔse ŋu. Adze agbagba be yeable wo ade agbegbegblẽnɔnɔ me. Alo, abe dzata si le gbe ɖem ene la, adze agbagba be yeado ŋɔdzi na wo ne woawɔ nusi ana Mawu ƒe ametakpɔkpɔ nadzo le wo dzi. (Petro I, 5:8) Eyatae apostolo Paulo yɔ Satana be, “amesi si ku ƒe ŋusẽ le” ɖo.—Hebritɔwo 2:14.
Owmadji mama dze agbagba be yeaƒo nya ɖe Hawa nu ne woazã bokɛwo kple trɔ̃wo abe ametakpɔnu si axe mɔ ɖe dɔléle nu ene. Nukae adzɔ ne ɖe Hawa na ta? Anye ne egbe nu le Yehowa Mawu dzixɔxɔse bliboe gbɔ, eye kakaɖedzi magate ŋu anɔ esi ɖe eƒe takpɔkpɔ ŋuti o.—Mose II, 20:5; Mateo 4:10; Korintotɔwo I, 10:21.
Satana dze agbagba be yeaƒo nya ɖe Hiob hã nu. Eƒe ƒomea, eƒe nunɔamesiwo, kple eƒe lãmesẽ si dzi wòdze mesu eme nɛ o. Hiob srɔ̃ hã ɖo aɖaŋu vɔ̃ nɛ esime wògblɔ be: “Gbe Mawu, ne naku!” (Hiob 2:9) Emegbe “xɔlɔ̃” etɔ̃ siwo dze agbagba vevie be yewoana wòaxɔe ase be ye ŋutɔ ƒe nuwɔnae he dɔlélea va edzii la va srãe kpɔ. (Hiob 19:1-3) To mɔ sia dzi la, Satana wɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe nɔnɔme si me Hiob le la ŋudɔ be yeadze agbagba atsɔ aɖe dzi le eƒo ahaʋuʋu kakaɖedzi si le esi ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu. Ke hã, Hiob yi edzi de me Yehowa abe eƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia ene.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 55:23.
Ne míedze dɔ la, míawo hã míate ŋu alé blanui. Le nɔnɔme sia ƒomevi me la, Satana wɔna kaba be yeadze agbagba awɔ nu le mɔ aɖe si ana míaɖe asi le míaƒe xɔse ŋu la nu. Le esia ta, ne dɔ aɖe dze mía dzi la, ele vevie be míaɖo ŋku edzi be nusi gbɔ koŋue míaƒe fukpekpeawo tso la anye blibomademade si ƒe dome míenyi, ke menye be ŋusẽ si de ŋgɔ wu amegbetɔ tɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbɔe wòtso o. Ðo ŋku edzi be nuteƒewɔla Isak tsi ŋku ƒe geɖe do ŋgɔ na eƒe ku. (Mose I, 27:1) Menye gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔe esia tso o ke tsitsi gbɔ boŋue. Raxel ku esi wònɔ vi dzim, menye Satanae wui o, ke boŋ le amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta. (Mose I, 35:17-19) Mlɔeba, blema nuteƒewɔlawo katã ku—menye le gbesawo alo fiƒodewo ta o, ke boŋ le blibomademade si ƒe dome wonyi ta.
Ebubu be gbɔgbɔ makpɔmakpɔwo kpɔa ŋusẽ ɖe dɔ ɖesiaɖe si míeléna dzi la nye mɔ̃. Ate ŋu anyɔ vɔvɔ̃ na gbɔgbɔawo ɖe ame me. Emegbe ne míedze dɔ la, le esi teƒe be míanɔ adzɔge ʋĩ tso gbɔgbɔ vɔ̃awo gbɔ la, míayi dzi fa ge na wo. Ne Satana ate ŋu ado ŋɔdzi na mí be míatrɔ ɖe gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo ŋu la, ema anye nugbegbe le nyateƒe Mawu, Yehowa, gbɔ. (Korintotɔwo II, 6:15) Ele be Mawu vɔvɔ̃ bubutɔe nafia mɔ mí, menye eƒe Futɔ la vɔvɔ̃ si wotu ɖe aʋatsodzixɔse dzi o.—Nyaɖeɖefia 14:7.
Ametakpɔkpɔ si ƒo ɖesiaɖe ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me nɔ ɖevi sue Owmadji si xoxo. Le apostolo Paulo ƒe nya nu la, Mawu bunɛ ame “kɔkɔe” elabena dadaa nye dzixɔsetɔ, eye dadaa ate ŋu ado gbe ɖa na Mawu be wòato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi anɔ kple yevinyɔnua. (Korintotɔwo I, 7:14) Esi sidzedze vavã sia nɔ Hawa si ta la, ete ŋu di dɔdamɔnu si nyo wu ƒe mɔ na Owmadji tsɔ wu be wòaɖo ŋu ɖe bokɛwo ŋu.
Nusiwo Hea Dɔléle Vɛ
Ame akpa gãtɔ mexɔ gbɔgbɔwo dzi se o. Ne wodze dɔ la, woyia ɖɔkta gbɔ—nenye be ŋutetea le wo si. Enye nyateƒe be dɔnɔ aɖe ayi ɖɔkta gbɔ gake dɔa mavɔ nɛ o. Ðɔktawo mate ŋu awɔ nukunuwo o. Gake la, etsia megbe akpa hafi amesiwo si aʋatsodzixɔwo le, siwo woate ŋu ada dɔ na hafi la dometɔ geɖe yia atikewɔlawo gbɔ. Wodoa gbɔgbɔmegbedadawo kpɔna gbã, eye ne esiawo do kpo nu la, ekema ɖɔkta gbɔ yiyi nyea afɔ mamlɛa woɖena. Ame geɖe kuna madzemadzee.
Ame aɖewo kuna kpata le esi womenya nanewo o ta. Womekpɔa dɔléle ƒe dzesiwo dzea sii o eye womenya afɔ si woaɖe atsɔ atsi dɔlélewo nui o. Sidzedze nana be woƒoa asa na fukpekpe siwo mehiã o. Wode dzesii be vinɔ siwo nya agbalẽ la ƒe vi siwo kuna le dɔléle ta la le ʋɛ wu esiwo menya agbalẽ o. Nyateƒee, nanewo manyamanya ate ŋu agblẽ nu ŋutɔ.
Ðekematsɔleme nye nu bubu si hea dɔléle vɛ. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe dzea dɔ elabena wonana nudzodzoeviwo tsana le nuɖuɖu dzi hafi woɖuna alo le esi nua ɖalawo meklɔ asi do ŋgɔ o ta. Mudɔ mazãmazã le nuto siwo me ŋudza bɔ ɖo me hã nye afɔku.a Le lãmesẽnyawo gome la, enyea nyateƒe ɣesiaɣi be mɔxexe ɖe dɔléle nu nyo wu edada.
Agbe manyatalenu nɔnɔ na be ame miliɔn geɖe dze dɔ heku kukpo. Ahamumu, gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, atikewo zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, kple atama zazã gblẽ nu le ame geɖe ƒe lãmesẽ ŋuti. Ne ame aɖe ƒo eɖokui ɖe nu gbegblẽ siawo wɔwɔ me eye wòdze dɔ la, ame aɖee ɖu dzoe loo alo gbɔgbɔ aɖee dze eyama dzia? Ao. Eya ŋutɔe he dɔlélea va eɖokui dzii. Fɔbubu gbɔgbɔawo anye sisi le agbanɔamedzi si agbe manyatalenu aɖe nɔnɔ he vɛ la nu.
Nyateƒee, nanewo li si ŋuti míate ŋu awɔ naneke le o. Le kpɔɖeŋu me, dɔlékuiwo alo ɖiƒoƒo siwo naa dɔléle la ate ŋu akpe mía dzi. Nusiae dzɔ ɖe Owmadji dzi. Dadaa menya nusi gbɔ mitsinyenyedɔa tso o. Viawo medzea dɔ kabakaba abe ɖevi bubuwo ene o elabena ekpɔa egbɔ be yeƒe aƒeme le dzadzɛ eye wòklɔa asi hafi ɖaa nu ɣesiaɣi. Gake ɖeviwo katã dzea dɔ ɣeaɖewoɣi. Dɔlékui vovovo 25 ate ŋu ahe mitsinyenyedɔ vɛ. Ðewohĩ ame aɖeke mate ŋu anya wo dometɔ si he Owmadji ƒe kuxia vɛ o.
Egbɔkpɔkpɔ Keŋkeŋ
Dɔléle menye Mawu ƒe nuwɔna o. “Womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” (Yakobo 1:13) Ne Yehowa subɔla aɖe dze dɔ la, elénɛ ɖe te le gbɔgbɔ me. “Yehowa akpe ɖe eŋu le dɔba dzi; ne ele dɔ lém la, atrɔ eƒe aba dzi nɔnɔ bubui.” (Psalmo 41:4) Ẽ, Mawu nye nublanuikpɔla. Edi be yeakpe ɖe mía ŋu, menye be yeawɔ nuvevi mí o.
Nyateƒee, dɔléle gbɔ kpɔkpɔ keŋkeŋ ƒe mɔnu le Yehowa si—Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi la. To Yesu ƒe tafevɔsa dzi la, woaɖe dzianukwaretɔwo tso nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme si me wole la me eye lãmesẽ deblibo kple agbenɔnɔ tegbee ava su wo si le paradisonyigba dzi mlɔeba. (Mateo 5:5; Yohanes 3:16) Nukunu siwo Yesu wɔ la nye dɔdada ŋutɔŋutɔ si Mawu ƒe Fiaɖuƒe ahe vɛ la ƒe kpɔɖeŋu. Mawu aɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo hã ɖa. (Romatɔwo 16:20) Le nyateƒe me la, Yehowa dzra nu nyuiwo ɖo ɖi na amesiwo xɔ eyama dzi se la. Ðeko wòle be míagbɔ dzi ɖi ahado dzi.
Vaseɖe ɣemaɣi la, Mawu le nunya si wɔa dɔ kple gbɔgbɔmemɔfiafia nam to Biblia kple xexeame godoo nɔviwo ƒe habɔbɔ si me tadeagula wɔnuteƒewo le dzi. Efiaa alesi míaƒo asa na nugbegblẽwɔwɔ siwo hea lãmesẽ kuxiwo vɛ la mí. Eye enaa xɔlɔ̃ vavã siwo ana kpekpeɖeŋu ne kuxiwo do mo ɖa la mí.
Gabu Hiob ŋu kpɔ ko. Bokɔ aɖe gbɔ yiyi anye nu vɔ̃ɖitɔ kekeake si Hiob awɔ! Anye ne eɖe Mawu ƒe ametakpɔkpɔ ɖa le eɖokui dzi, eye anye ne yayra siwo katã wodzra ɖo ɖi nɛ le eƒe dodokpɔ megbe la tsi eŋu. Mawu meŋlɔ Hiob be o, eye maŋlɔ míawo hã be o. “Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu.” (Yakobo 5:11) Ne míena ta gbeɖegbeɖe o la, míawo hã míaxɔ yayra wɔnukuwo le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.
Nukae dzɔ ɖe ɖevi sue Owmadji dzi? Dadaa ƒe ŋku dze nyati aɖe si dze le Gbetakpɔxɔ magazine la ƒe kpeɖeŋutɔ Nyɔ! me, si ƒo nu tso atike si naa tsi ne tsi vɔ le lãme na ame ŋu dzi.b Ewɔ ɖe mɔfiame siwo wona la dzi hewɔ atike na Owmadji wòno. Fifia la, nyɔnuvi suea li nyuie le lãmesẽ me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ŋudza léa amesiwo ade biliɔn afã kloe. Dɔ sia wua ame miliɔn eve lɔƒo ƒe sia ƒe, vevietɔ le Afrika.
b Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, September 22, 1985, axa 24-5, “A Salty Drink That Saves Lives!” (“Dzetsi Si Ðea Agbe!”)
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe dɔléle ƒe kuxia gbɔ kpɔkpɔ keŋkeŋ ŋu