INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • fy ta 11 axa 128-141
  • Na Ŋutifafa Nenɔ Wò Aƒeme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Ŋutifafa Nenɔ Wò Aƒeme
  • Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NE SRƆ̃WÒŊUTSU NYE HA BUBU ME TƆ
  • NE MENYE KRISTOTƆ VAVÃTƆE SRƆ̃NYƆNUA NYE O
  • ÐEVIWO HEHE
  • NE MIA KPLE DZIWÒLAWO MIELE HA VOVOVO ME
  • DZILA VIXƆNYILA NYENYE ƑE AGBANƆAMEDZI SESẼ LA
  • ÐE ŊUTILÃMENUWO DIDI MÃ WÒ ƑOMEA MEA?
  • Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Nu Vevi Eve Siwo Naa Srɔ̃ɖeɖe Nɔa Anyi Didina
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Ƒomegbenɔnɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
fy ta 11 axa 128-141

TA WUIÐEKƐ

Na Ŋutifafa Nenɔ Wò Aƒeme

1. Nukawoe nye nusiwo ate ŋu amã ƒomewo me ƒe ɖewo?

DZIDZƆTƆWOE nye amesiwo le ƒome siwo me lɔlɔ̃, nugɔmesese, kple ŋutifafa le me. Míekpɔ mɔ be aleae wò ƒomea le. Gake nublanuitɔe la, nuwo mele nenema le ƒome gbogbo aɖewo me o eye wo me mã le susu aɖewo ta. Nukae mãa aƒewo me? Míadzro wo ame etɔ̃ me le ta sia me. Le ƒome aɖewo me la, ƒomea me tɔwo katã mele subɔsubɔha ɖeka me o. Le bubuwo me la, manye tɔ ɖeka nɔ ɖeka viwoe ɖeviawo nye o. Eye le bubuwo hã me la, agbagbadzedze be woakpɔ agbemenuhiahiãwo alo didi be woadzi ame ƒe ŋutilãmenuwo ɖe edzi dina be yeahe mamã de ƒomea me tɔwo dome. Ke hã nusiwo mã aƒe aɖe me la magblẽ nu le bubu ŋu o. Nukae na wònɔa nenema?

2. Afikae ame aɖewo dia ƒomegbenɔnɔ ŋuti mɔfiafia le, gake afikae nye mɔfiame sia xɔƒe nyuitɔ?

2 Nu vevi ɖekae nye nukpɔsusu si le amewo si. Ne èkua kutri anukwaretɔe be yease ye nɔvi ƒe nukpɔsusu gɔme la, anɔ bɔbɔe na wò wu be nànya alesi tututu nàwɔ akpɔ ƒomea ƒe ɖekawɔwɔ ta. Nu vevi eveliae nye afisi nèxɔa mɔfiame tsonɛ. Ame geɖe tsɔa dɔwɔhatiwo, aƒelikawo, nyadzɔdzɔgbalẽŋlɔlawo, alo amegbetɔ mɔfiala bubuwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔe. Gake ame aɖewo di nusi Mawu ƒe Nya la gblɔ le nɔnɔme si me wole ŋu, eye emegbe wowɔ ɖe nusi wosrɔ̃ la dzi. Aleke esia wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ƒomea ŋui be ŋutifafa nenɔ aƒea me?​—⁠Timoteo II, 3:​16, 17.

NE SRƆ̃WÒŊUTSU NYE HA BUBU ME TƆ

Nɔnɔmetata si le axa 130

Dze agbagba nàse nɔviwò ƒe nukpɔsusu me

3. (a) Aɖaŋu kae Biblia ɖo le ha bubu me tɔ ɖeɖe ŋu? (b) Gɔmeɖose vevi siwo ku ɖe srɔ̃tɔwo ŋu ne ɖeka nye xɔsetɔ eye evelia menyee o la ƒe ɖewo ɖe?

3 Biblia xlɔ̃ nu mí vevie le amesi ƒe mawusubɔsubɔdzixɔse to vovo na mía tɔ ɖeɖe ŋu. (Mose V, 7:​3, 4; Korintotɔwo I, 7:39) Gake ɖewohĩ èɖe srɔ̃ vɔ hafi va srɔ̃ Biblia me nyateƒea gake srɔ̃wòŋutsu ya mesrɔ̃e o. Ke aleke nàwɔ? Nyateƒee, naneke megblẽ le miaƒe srɔ̃ɖetamkakawo ŋu o. (Korintotɔwo I, 7:10) Biblia te gbe ɖe srɔ̃ɖenubabla la ƒe anyinɔnɔ ɖaa dzi eye wòde dzi ƒo na srɔ̃tɔwo be woakpɔ woƒe masɔmasɔwo gbɔ ke menye be woasi le wo nu o. (Efesotɔwo 5:​28-31; Tito 2:​4, 5) Gake ne srɔ̃wòŋutsu tsi tre ɖe wò mawusubɔsubɔ si dzi Biblia da asi ɖo ŋu vevie ɖe? Ðewohĩ adze agbagba be yeaxe mɔ ɖe wò hamea ƒe kpekpewo dede nu, alo agblɔ be yemedi be ye srɔ̃ nanɔ tsatsam le amewo ƒeme, eye wòanɔ mawunya gblɔm o. Nukae nàwɔ?

4. Mɔ ka nue srɔ̃nyɔnu ate ŋu atsɔ eɖokui aɖo srɔ̃a teƒe le ne wo kple ŋutsua womele ha ɖeka me o?

4 Bia ɖokuiwò se be, ‘Nukatae srɔ̃nye sena le eɖokui me nenema?’ (Lododowo 16:​20, 23) Ne mese nusi wɔm nèle gɔme tututu o la, atsi dzi ɖe nuwò. Alo ɖewohĩ ƒometɔwo anɔ nya ƒom ɖe enu le esi mègawɔa kɔnu aɖewo siwo woawo bu nu vevii o ta. Srɔ̃ŋutsu aɖe gblɔ be: “Esi wòsusɔ nye ɖeɖe ɖe aƒea me la, mese le ɖokuinye me be egblẽm ɖi.” Ewɔ na ŋutsu sia be subɔsubɔha aɖe le ye srɔ̃ xɔm le ye si. Ke hã dada na be mete ŋu kɔ nu le edzi be akogoe yetsi o. Ðewohĩ ahiã be nàka ɖe edzi na srɔ̃wò be wò lɔlɔ̃ na Yehowa mefia be mègalɔ̃nɛ de alesi nèlɔ̃nɛ tsã nu o. Kpɔ egbɔ be yenɔa egbɔ.

5. Dadasɔ ka mee wòle be nyɔnu si srɔ̃ le ha bubu me nalé ɖe asi?

5 Gake ele be nàbu nane si le vevie wu kura ŋu ne èdi be yeakpɔ nya la gbɔ le nunya me. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu nyɔnuwo vevie be: “Mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe alesi wòdze le Aƒetɔ la me ene.” (Kolosetɔwo 3:18) Eyata exlɔ̃ nu le ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, esi ŋɔŋlɔ sia gblɔ be “abe alesi wòdze le Aƒetɔ la me ene” la, ele fiafiam be ele be woabu ɖokuibɔbɔ ɖe Aƒetɔ la te ŋu le ame ɖokuibɔbɔ ɖe ame srɔ̃ te me. Ele be woada asɔ.

6. Gɔmeɖose kawoe wòle be wòanɔ susu me na Kristotɔ srɔ̃nyɔnu?

6 Hamea ƒe kpekpewo dede kple ɖaseɖiɖi le ame ƒe xɔse si wotu ɖe Biblia dzi ŋu na amewo nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa vevi siwo mele be woagbe wo wɔwɔ o na Kristotɔwo. (Romatɔwo 10:​9, 10, 14; Hebritɔwo 10:​24, 25) Ke nukae nàwɔ ne amegbetɔ aɖe gbe na wò tẽ be mègawɔ ɖe Mawu ƒe nudidi aɖe dzi o? Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29) Woƒe kpɔɖeŋua nye kpɔdzidze si sɔ woazã le agbemenya geɖe me. Ðe lɔlɔ̃ na Yehowa aʋã wò nàtsɔ ɖokuitsɔtsɔna si wòdze na la anɛa? Le ɣeyiɣi ma ke me la, ɖe wò lɔlɔ̃ kple bubu tsɔtsɔ na srɔ̃wò ana nàdze agbagba awɔe le mɔ si anya xɔ nɛ nua?​—⁠Mateo 4:10; Yohanes I, 5:⁠3.

7. Tameɖoɖo kplikpaa kae wòle be nenɔ Kristotɔ srɔ̃nyɔnu si?

7 Yesu de dzesii be menye ɣesiaɣie nusia anya wɔ o. Ena míenya be le tsitretsitsi ɖe nyateƒea ŋu ta la, ƒomea me tɔ siwo nye dzixɔsetɔwo akpɔ be womã yewo ɖa, abe yie wotsɔ fe yewo ɖa tso ƒomea me tɔ mamleawo gbɔ ene. (Mateo 10:​34-36) Nusia dzɔ ɖe nyɔnu aɖe dzi le Japan. Srɔ̃a tsi tre ɖe eŋu ƒe 11 sɔŋ. Ewɔ fui ŋutɔ eye wòdoa agbo ɖe enu zi geɖe. Gake nyɔnua do dzi. Exɔlɔ̃ Kristo-hamea me tɔwo kpe ɖe eŋu. Edo gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe eye Petro I, 2:20 me nyawo nye dzideƒo gã aɖe nɛ. Kristotɔ nyɔnu sia ka ɖe edzi be ne yenɔ te sesĩe la, ye srɔ̃ ava kpe ɖe ye ŋu yewoasubɔ Yehowa gbeɖeka. Eye eva kpe ɖe eŋu hã.

8, 9. Aleke wòle be nyɔnu nawɔ nui be magaɖia srɔ̃a nu dzodzro o?

8 Nu nyui geɖe li nàte ŋu awɔ si akpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃wò ƒe nɔnɔme dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃wò tsi tre ɖe wò subɔsubɔ ŋu la, mègawɔ naneke si ana wòakpɔ nya agblɔ le ŋuwò le nu bubuwo me o. Dzra aƒea me ɖo wòanɔ dzadzɛ. Lé be na ɖokuiwò. Ðe lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ geɖe fia. Ðe nyahehe ɖe eŋu teƒe la, kpe asi ɖe eŋu boŋ. Ðee fia be eya ƒe tanyenye tee yele. Ne èkpɔ be edze agɔ le ye dzi la, mègawɔ wɔɖenui o. (Petro I, 2:​21, 23) Kpɔ mɔ na amegbetɔ ƒe blibomademade nuwɔnawo, eye ne dzre dzɔ la, tre kukuɖeɖe ɖokuibɔbɔtɔe.​—⁠Efesotɔwo 4:⁠26.

9 Mègatsɔ kpekpewo dede wɔ taflatsedonui ne eƒe nuɖuɖu natsi megbe o. Àte ŋu aɖoe hã be yeawɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa le ɣeyiɣi siwo me srɔ̃wò mele aƒeme o. Nunya le eme na Kristotɔ srɔ̃nyɔnu be wòadzudzɔ gbeƒãɖeɖe na srɔ̃a ne nya la medzɔa dzi na ŋutsua o. Awɔ ɖe Petro ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi boŋ, be: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne ame aɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔ la naɖe wo.” (Petro I, 3:​1, 2) Kristotɔ srɔ̃nyɔnuwo dzea agbagba be yewoaɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo afia bliboe wu.​—⁠Galatiatɔwo 5:​22, 23.

NE MENYE KRISTOTƆ VAVÃTƆE SRƆ̃NYƆNUA NYE O

10. Aleke wòle be srɔ̃ŋutsu xɔsetɔ nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋui ne ha bubu me tɔe nyɔnua nye?

10 Ke ne ŋutsua ye nye Kristotɔ gake srɔ̃a ya menyee o ɖe? Biblia na mɔfiame le nɔnɔme siawo tɔgbe ŋu. Egblɔ be: “Ne nyɔnu, si mexɔ se o la, le nɔvi aɖe si, eye wòdze nyɔnua ŋu bena, yeanɔ egbɔ la, negagbee o.” (Korintotɔwo I, 7:12) Egaxlɔ̃ nu srɔ̃ŋutsuwo be: “Milɔ̃ mia srɔ̃wo.”​—⁠Kolosetɔwo 3:⁠19.

11. Aleke ŋutsu ate ŋu aɖe nugɔmesese afia eye wòawɔ eƒe tanyenye ɖe srɔ̃a dzi ŋudɔ le aɖaŋu mee ne menye Kristotɔe nyɔnua nye o?

11 Ne srɔ̃wònyɔnue le ha bubu me la, dze agbagba vevie be nàde bubu srɔ̃wòa ŋu eye nàbu eƒe seselelãmewo ŋu. Esi wònye ame tsitsie ta la, ekpɔ mɔ anɔ agbe ɖe eƒe subɔsubɔdzixɔsewo nu, ne womenyo na wò o hã. Mègasusu be zi gbãtɔ si yeaƒo nu tso yeƒe xɔse ŋu nɛ ko la, aɖe asi le nusiwo dzi wòxɔ se xoxoxo ŋu ava xɔ dzixɔse yeye aɖe tɔ o. Le esi nàtso kpata agblɔ be alakpanuwoe nuwɔna siwo eya kple eƒe ƒomea buna nu xɔasiwoe nye teƒe la, gbɔ dzi ɖi nàdze agbagba adzro nu me kplii tso Ŋɔŋlɔawo me boŋ. Ate ŋu anye be ne èzãa wò ɣeyiɣi ƒe akpa gã aɖe ɖe hamea ƒe dɔwo ŋu la, awɔ nɛ be nègblẽ ye ɖi. Ðewohĩ atsi tre ɖe agbagba siwo dzem nèle le Yehowa subɔsubɔ me la ŋu, gake ɖewohĩ nusi ko wòdi be yeagblɔ na wòe nye: “Mehiã wò ɣeyiɣi geɖe wu!” Gbɔ dzi ɖi nɛ. Ne èbu eŋu lɔlɔ̃tɔe la, ate ŋu ava eme be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ava wɔ ɖeka kple wò le tadedeagu vavãtɔ me.​—⁠Kolosetɔwo 3:​12-14; Petro I, 3:​8, 9.

ÐEVIWO HEHE

12. Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a le ha vovovo me hã la, aleke wòle be woawɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ le wo viwo hehe mee?

12 Le aƒe siwo mewɔ ɖeka le subɔsubɔnyawo me o me la, mawunya fiafia ɖeviawo zua nya ɣeaɖewoɣi. Aleke wòle be woatsɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo awɔ dɔe? Vifofo la koŋ ye Biblia de dɔ asi na be wòafia nu ɖeviawo, gake akpa vevi aɖe li wo dada hã nawɔ. (Lododowo 1:​8; tsɔe sɔ kple Mose I, 18:19; Mose V, 11:​18, 19.) Ne wo fofo melɔ̃ ɖe edzi be Kristoe nye ta na ye o hã la, eya koe nye ƒomea ƒe ta.

13, 14. Ne ŋutsua de se na srɔ̃a be megakplɔ ɖeviwo yi Kristotɔwo ƒe kpekpewoe alo wòasrɔ̃ nu kple wo o la, nukae nyɔnua ate ŋu awɔ?

13 Vifofo dzimaxɔsetɔ aɖewo megblɔa nya aɖeke ne ɖeviawo dada le mawunya fiam wo o. Bubuwo ya tsia tre ɖe eŋu. Gake ne srɔ̃wòŋutsu gbe be yemaɖe mɔ nàkplɔ ɖeviawo ayi hamea ƒe kpekpewoe o alo wògbe kura be mègasrɔ̃ Biblia kple wo le aƒeme o ɖe? Ke ele be nàda agbanɔamedzi vovovowo akpɔ​—⁠agba si le dziwò le Yehowa Mawu gbɔ, le srɔ̃wò si nye ta na wò gbɔ, kple le viwò lɔlɔ̃awo gbɔ. Aleke nàwɔ awɔ nusi sɔ le nusiawo me?

14 Ðikeke mele eme o be àtsɔ nya la ayi gbedodoɖa mee godoo. (Filipitɔwo 4:​6, 7; Yohanes I, 5:14) Gake mlɔeba la, wò ŋutɔe atso nya me le nusi nàwɔ la ŋu. Ne èwɔe le ayedzedze me, eye nèna eme kɔ na srɔ̃wò be yemetsi tre ɖe eƒe tanyenye ŋu o la, ʋeʋeʋe la, eƒe tsitretsiɖeŋua dzi ate ŋu aɖe akpɔtɔ. Ne srɔ̃wò de se na wò be mègakplɔ ɖeviawo yi kpekpewoe alo nàwɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple wo o hã la, àte ŋu afia nu wo kokoko. Dze agbagba nàƒã Yehowa lɔlɔ̃, eƒe Nya la dzixɔxɔse, bubudede dzilawo ŋu​—⁠wo fofo hã le eme, ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo me lɔlɔ̃tɔe, kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe alesi woalé fɔ ɖe dɔ ŋu awɔ ŋuti​—⁠ɖe wo me le wò gbesiagbegbenɔnɔ kple kpɔɖeŋu si nèɖona me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo fofo ava de dzesi kutsetse nyui siwo le eme tsom eye ɖewohĩ vi siwo ɖem wò agbagbadzedzewo le la adze eŋu.​—⁠Lododowo 23:⁠24.

15. Agba kae le vifofo xɔsetɔwo dzi le ɖeviwo hehe me?

15 Ne srɔ̃ŋutsu si nye dzixɔsetɔe nènye eye srɔ̃wònyɔnu nye dzimaxɔsetɔ la, ke ele be nàtsɔ viwòwo ‘nyinyi le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me’ ƒe agbanɔamedzi la. (Efesotɔwo 6:⁠4) Gake le esia wɔwɔ me la, ele be nàwɔ nu ɖe srɔ̃wònyɔnua ŋu le tufafa, lɔlɔ̃, kple ameŋububu me.

NE MIA KPLE DZIWÒLAWO MIELE HA VOVOVO ME

16, 17. Biblia me gɔmeɖose kawo dzie wòle be ɖeviwo naɖo ŋkui ne wo kple wo dzilawo wole ha vovovo me?

16 Fifia ebɔ be ɖevi siwo gale wo dzilawo ƒe dzikpɔkpɔ te ƒe subɔsubɔha nato vovo na wo dzilawo tɔ. Alea wòle le gowòmea? Ne aleae la, ke aɖaŋu le Biblia si wòaɖo na wò.

17 Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la, me, elabena esia le eteƒe. ‘Bu fofowò kple dawò.’ ” (Efesotɔwo 6:​1, 2) Ebia be nàde bubu si dze dziwòlawo ŋu. Gake togbɔ be dzilawo bubu le vevie hã la, mele be nàbu wo Mawu vavã la ŋu mabumabui o. Ne ɖevi tsi ɖo afisi wòadze nyametsotso wɔwɔ gɔme le la, eƒe nuwɔnawo ƒe agbanɔamedzi ƒe akpa gã aɖe nɔa edzi. Menye le dziɖuɖu ƒe se gome ɖeɖekoe wòle alea le o ke boŋ vevietɔ wu la, le Mawu ƒe se gomee. Biblia gblɔ be: “Mía dome ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.”​—⁠Romatɔwo 14:⁠12.

18, 19. Ne ɖeviwo mele wo dzilawo ƒe ha me o la, aleke woawɔ akpe ɖe wo dzilawo ŋu bene woase woƒe xɔse la me nyuie wu?

18 Ne wò dzixɔsewo na be nèwɔ tɔtrɔwo le wò agbenɔnɔ me la, ke dze agbagba nàse dziwòlawo ƒe nukpɔsusu me na wo. Adzɔ dzi na wo ne wò Biblia ƒe nufiafiawo sɔsrɔ̃ kple wɔwɔ ɖe wo dzi na nèva sia wo ɖa wu, nèɖoa to wo nyuie wu, eye nèléa fɔ ɖe nusi wòde asi wò be nàwɔ la wɔwɔ ŋu wu. Gake ne le wò xɔse yeyea ta nètsri dzixɔse kple kɔnu siwo woawo bua nu vevii la, awɔ na wo be nèle domenyinu aɖe si wodze agbagba be yewoatsɔ na wò la tsɔm le gbe ƒum. Ðewohĩ woanɔ vɔvɔ̃m ɖe nuwò ne nuto si me nèle me tɔwo mekpɔ ŋudzedze ɖe nusi wɔm nèle ŋu o alo ne ena wò susu meganɔa nusi wosusu be ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nu nadze edzi na wò le ŋutilã me ŋu o. Dada hã ate ŋu anye mɔxenu. Awɔ na wo be èdi be yeagblɔ na yewo be ye tɔe nye nyuia eye yewo tɔ nye gbegblẽa.

19 Eyata dze agbagba nàwɔ ɖoɖo dziwòlawo nakpe kple hamemegã alo Ðasefo tsitsi bubu siwo le miaƒe hamea me dometɔ aɖewo kaba alesi nàte ŋui. De dzi ƒo na dziwòlawo be woava Fiaɖuƒe Akpata me bene woawo ŋutɔ nase nusi wosrɔ̃na le afima eye woawo ŋutɔ nakpɔ amesiwo ƒomevi Yehowa Ðasefowo nye. Ate ŋu ava eme be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dziwòlawo afa. Ne dzilawo tsi tre ɖe ɖeviwo ŋu godogodo, tɔa dzo woƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo, eye wogbe na wo be womegade Kristotɔwo ƒe kpekpewo o hã la, mɔnukpɔkpɔ nɔa anyi zi geɖe be woaxlẽ nu le teƒe bubuwo, woaƒo nu na wo hati Kristotɔwo, eye woaɖi vomeɖase na ame bubuwo ahakpe ɖe wo ŋu le vome. Àte ŋu ado gbe ɖa hã na Yehowa. Ehiã be ɖevi aɖewo nalala vaseɖe esime wotsi ʋu le ƒomea ƒe aƒeme hafi ate ŋu awɔ nusiwo gayi ŋgɔ wu ema. Gake nɔnɔme kae ɖale aƒea me o, mègaŋlɔ ‘toɖoɖo fofowò kple dawò’ be o. Wɔ tɔwò gome be ŋutifafa nanɔ aƒea me. (Romatɔwo 12:​17, 18) Ƒo wo katã ta la, ti ŋutifafa me nɔnɔ kple Mawu yome.

DZILA VIXƆNYILA NYENYE ƑE AGBANƆAMEDZI SESẼ LA

20. Seselelãme kawoe ate ŋu anɔ ɖeviawo me ne wo fofo alo wo dada le vovo?

20 Le aƒe geɖe me la, menye subɔsubɔnyawo ŋue nusiwo hea kuxi sesẽtɔwo vɛ kuna ɖo o, ke boŋ dzila si ƒe viwo ɖeviawo nye ŋue. Dzila ɖeka alo wo ame evea siaa ƒe atikɔmeviwo le aƒe geɖe me egbea. Le ƒome mawo me la, ŋuʋaʋã kple dzikuléle ɖe dɔme alo ɖewohĩ dzila si ƒe gbe woase ŋuti nyaʋiʋliwo te ŋu nɔa ɖeviawo me. Esia awɔe be womatsɔ ɖeke le agbagba nyui ɖesiaɖe si dzila si xɔ wo le nyinyim adze be yeanye fofo alo dada nyui na wo la me o. Nukae ate ŋu akpe ɖe atikɔmeƒomewo ŋu be woakpɔ dzidzedze?

Nɔnɔmetata si le axa 138

Èɖanye dzila ŋutɔŋutɔ alo dzila vixɔnyila o, ɖo ŋu ɖe mɔfiame si tso Biblia me ŋu

21. Togbɔ be dzila vixɔnyilawo ƒe nɔnɔmewo nye etɔxɛ hã la, nukatae wòle be woadi kpekpeɖeŋu le Biblia me gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ me?

21 Mide dzesii be togbɔ be miaƒe nɔnɔmea nye etɔxɛ hã la, Biblia ƒe gɔmeɖose siwo hea dzidzedzekpɔkpɔ vɛ na ƒome bubuwo la wɔa dɔ le ƒome siawo hã me. Awɔ abe ɖe gɔmeɖose mawo ŋudɔmawɔmawɔ le kuxiwo dzi ɖem kpɔtɔ ene gake emegbe ate ŋu ahe dzigbagbã vɛ bɔbɔe. (Psalmo 127:1; Lododowo 29:15) Tu nunya kple gɔmesese ɖo​—⁠nunya si ana nàtsɔ mawumegɔmeɖosewo awɔ dɔe eye viɖe siwo atso eme le etsɔme nanɔ susu me na wo, kple gɔmesese be nànya nusita ƒomea me tɔwo gblɔa nya aɖewo alo wɔa nanewo. Ehiã hã be nàtsɔ ɖokuiwò aɖo ame bubuwo teƒe.​—⁠Lododowo 16:21; 24:3; Petro I, 3:⁠8.

22. Nukatae wòasesẽ na ɖeviwo be woalɔ̃ dzila si xɔ wo le nyinyim la ƒe nya?

22 Ne dzila si xɔ vi le nyinyimee nènye la, ɖewohĩ àɖo ŋku edzi be ɖewohĩ tsã ɖeviawo lɔ̃a wò nya esime nènye woƒe ƒomea xɔlɔ̃. Gake esi nèva zu wo xɔnyila la, ɖewohĩ woƒe nɔnɔme trɔ bubui. Ne ɖeviawo ɖo ŋku wo dzila si dzi wo dzi la, ʋiʋli aɖe anɔ edzi yim le wo me le amesi ŋu woaku ɖo la ŋuti, ɖewohĩ woanɔ esusum be ɖe nèdi be yeaɖe yewoƒe lɔlɔ̃ na yewo dzila si megale yewo gbɔ o la ɖa le yewo me. Ɣeaɖewoɣi hã woate ŋu agblɔe na wò amemabumabutɔe be menye wòe nye yewo tɔ alo yewo nɔ o. Nyagbɔgblɔ mawo vena ŋutɔ. Ke hã “wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o.” (Nyagblɔla 7:⁠9) Nugɔmesese kple ɖokuiwò tsɔtsɔ ɖo ɖeviawo teƒe hiã be nàkpɔ nusi aʋã woƒe seselelãmewo la gbɔ.

23. Aleke woate ŋu akpɔ vihehenyawo gbɔ le atikɔmeƒomewo mee?

23 Nɔnɔme mawo hiã ale gbegbe wole to hem na wo. me. Tohehe si toa mɔ ɖeka hiã vevie. (Lododowo 6:20; 13:⁠1) Eye esi ɖeviwo katã menye ame ɖeka ƒomevi o ta la, to si woahe na wo la ate ŋu ato vovo. Dzila vixɔnyila aɖewo kpɔe be anyo wu ne dzila si dzi wo ŋutɔŋutɔ dze vihehe ƒe akpa sia gɔme, ne mede ɖeke o la, le gɔmedzedzea me ya teti. Gake ele vevie be dzila eveawo nalɔ̃ ɖe tohehea dzi eye woalé eme ɖe asi, womade woawo ŋutɔ tɔ dzidzia dzi eye woate asi ɖe ŋku dzi na atikɔmea o. (Lododowo 24:23) Toɖoɖo le vevie, gake ele be miaɖe mɔ ɖe blibomademade nuwɔnawo ŋu. Migawɔ nu wòagbɔ eme o. Lɔlɔ̃ nenɔ miaƒe tohehe me.​—⁠Kolosetɔwo 3:⁠21.

24. Nukae woate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo dome agbenɔnɔkuxiwo nu le atikɔmeƒomewo me?

24 Ƒome numedzodzrowo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu ŋutɔ le mɔxexe ɖe kuxiwo nu me. Woate ŋu akpe ɖe ƒomea ŋu be woƒe susu nanɔ nusiwo nye vevitɔwo wu le agbe me dzi. (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 1:​9-11.) Woate ŋu akpe ɖe amesiame ŋu be wòakpɔ alesi wòate ŋu awɔ eƒe akpa dzii bene woaɖo ƒome taɖodzinuwo gbɔ hã. Gakpe ɖe eŋu la, ƒome numedzodzro siwo me wometsyɔa nu nyawo dzi le o ate ŋu axe mɔ na agbenɔnɔŋutikuxiwo. Ehiã be nyɔnuviwo nase alesi woado awu kple alesi woalé wo ɖokuii le wo fofo si xɔ wo le nyinyim alo wo tɔvi ŋutsuviwo gbɔ gɔme, eye ehiã be woaxlɔ̃ nu ŋutsuviwo le agbenɔnɔ si sɔ ɖe wo nɔ si xɔ wo le nyinyim alo wo nɔvinyɔnu bubu siwo wo kple wo menye nɔdzidziwo o ŋu la ŋuti.​—⁠Tesalonikatɔwo I, 4:​3-8.

25. Nɔnɔme kawoe ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be ŋutifafa naxɔ aƒe ɖe atikɔmeƒomewo me?

25 Esime nèle agbagba dzem be yeakpɔ vixɔxɔnyikuxiwo gbɔ la, xɔ dzigbɔɖi. Exɔa ɣeyiɣi hafi ƒomedodo yeyewo te ŋu ɖoa ame dome. Mele bɔbɔe kura be nàna lɔlɔ̃ naɖo mia kple ɖevi si menye wòe dzii o dome eye be woabu wò o. Gake ete ŋu ɖoa ame dome. Dzi nyanu kple dzi senugɔme, tsɔ kpe ɖe didi vevie be yeadze Yehowa ŋu, ye nye nu vevi si hea ŋutifafa vaa atikɔmeƒomewo mee. (Lododowo 16:20) Nɔnɔme mawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxi bubuwo hã gbɔ.

ÐE ŊUTILÃMENUWO DIDI MÃ WÒ ƑOMEA MEA?

26. Aleke ŋutilãmenuwo ŋuti kuxiwo kple nɔnɔme siwo woɖena fiana ɖe wo ŋu ate ŋu amã ƒomewo mee?

26 Ŋutilãmenuwo ŋuti kuxiwo kple ame ƒe nɔnɔme ɖe wo ŋu ate ŋu amã ƒomewo me le mɔ geɖe nu. Nublanuitɔe la, ga ŋuti nyahehewo kple didi be woazu kesinɔtɔ​—⁠alo be woagakpɔ kesinɔnu vie akpee​—⁠mã ƒome aɖewo me. Mamãwo ate ŋu ado mo ɖa ne ŋutsua kple nyɔnua wɔa dɔ eye nɔnɔme si nye “nye gae nye si, wò hã tɔwòe nye ekem” le wo me. Ne mezua dzre o hã la, ne wo ame evea le dɔ wɔm la, woakpɔ be yewoƒe dɔwɔɖoɖowo mena be yewogakpɔa vovo ɖe yewo nɔewo ŋu o. Nɔnɔme si va le bɔbɔm ɖe xexeamee nye be fofowo dzona le woƒe ƒomewo gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe​—⁠ɣletiwo alo ƒewo kura gɔ̃ hã​—⁠ɖoa ga si womate ŋu akpɔ le aƒe o la ƒe gbe. Kuxi sesẽwo ate ŋu atso nuwɔna sia me.

27. Gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe ƒome siwo ganyawo ɖea fu na ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?

27 Míate ŋu awɔ se aɖeke ɖe alesi woakpɔ nya siawo gbɔe gbɔe siawo ŋu o, elabena ƒomewo ƒe kuxiwo kple nuhiahiãwo le vovovo. Ke hã Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 13:10 fia be ‘nyawo léle kpɔ kple ame nɔewo’ ate ŋu akpe ɖe ame ŋu woaxe mɔ ɖe nyahehe dzodzrowo nu ɣeaɖewoɣi. Esia menye ame ŋutɔ ƒe susuwo gbɔgblɔ ko o ke boŋ be woaxɔ ame nɔvi ƒe aɖaŋuɖoɖo eye woase nusi eya hã susu le nya la ŋu. Hekpe ɖe eŋu la, gaŋutiɖoɖo si sɔ wɔwɔ ate ŋu ahe ɖekawɔwɔ va agbagba si dzem ƒomea le me. Ɣeaɖewoɣi ehiãna be ŋutsua kple nyɔnua siaa nawɔ dɔ​—⁠ɖewohĩ va de asi na ɣeyiɣi aɖe teti​—⁠be woatsɔ akpɔ gazazã bubuwo gbɔe, vevietɔ ne ɖeviwo alo ame bubuwo le woƒe dzikpɔkpɔ te. Ne edzɔ alea la, srɔ̃ŋutsua ate ŋu agaka ɖe edzi na srɔ̃a be yekpɔ vovo ɖe eŋu. Wo kple ɖeviawo woate ŋu ade asi dɔ aɖewo siwo le ɖoɖoa nu wòle be nyɔnua ɖeɖe nawɔ la me nɛ.​—⁠Filipitɔwo 2:​1-4.

28. Wɔwɔ ɖe ŋkuɖodzinya kawo dzie akpe ɖe ƒomea ŋu be woaɖo taɖodzinu si nye ɖekawɔwɔ gbɔ?

28 Gake ɖo ŋku edzi togbɔ ga hiã le nuɖoanyi sia me hã la, mehea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ o. Ðikekemanɔmee la, menaa agbe ame o. (Nyagblɔla 7:12) Le nyateƒe me la, dzitsitsi vivivo ɖe ŋutilãmenuwo ŋu ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu le gbɔgbɔ me kple agbenyuinɔnɔ gome. (Timoteo I, 6:​9-12) Aleke gbegbe wòanyo wue nye si be míadi Mawu Fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye míaka ɖe edzi be ayra ɖe míaƒe agbagbadzedze be míakpɔ agbemenuhiahiãwo la dzi! (Mateo 6:​25-33; Hebritɔwo 13:⁠5) Ne mieda gbɔgbɔmenuwo ɖe nɔƒe gbãtɔ eye mieti ŋutifafa me nɔnɔ kple Mawu yome gbãgbiagbã la, miakpɔe be togbɔ be ɖewohĩ nanewo mã miaƒe ƒomea me hã la, azu ƒome si wɔ ɖeka le mɔ siwo le vevie wu nu.

ALEKE BIBLIA ME GƆMEÐOSE SIAWO ATE ŊU AKPE ÐE . . . ƑOMEA ME TƆWO ŊU BE WOANA ŊUTIFAFA NENƆ AƑEA ME?

Kristotɔwo tua nugɔmesese ɖo.​—⁠Lododowo 16:21; 24:⁠3.

Menye ha ɖeka me nɔnɔ dzie lɔlɔ̃ kple bubu ɖeɖefia le srɔ̃ɖeɖe me nɔ te ɖo o.​—⁠Efesotɔwo 5:​23, 25.

Kristotɔ mabua ada le Mawu ƒe se dzi gbeɖe o.​—⁠Dɔwɔwɔwo 5:⁠29.

Kristotɔwo nye ŋutifafawɔlawo.​—⁠Romatɔwo 12:⁠18.

Mègayɔ ɖe dzikudodo ŋu o.​—⁠Nyagblɔla 7:⁠9.

SRƆ̃ÐEÐE ÐE ÐOÐO NU HEA BUBU KPLE ŊUTIFAFA VƐ

Le míaƒe ŋkekea me la, ŋutsu kple nyɔnu geɖe nɔa wo nɔewo gbɔ abe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu se ƒe nubabla aɖeke manɔmee. Esia nye nusi ŋu wòahiã be xɔsetɔ yeye nawɔ dɔ le. Le teƒe aɖewo la, woada asi ɖe woƒe anyinɔnɔa dzi le nutoa me alo le dekɔnuwo nu, evɔ mele se nu o. Gake Biblia ƒe dzidzenu bia be woade srɔ̃ɖeɖe agbalẽ me wòasɔ pɛpɛpɛ. (Tito 3:1; Hebritɔwo 13:⁠4) Le Kristo-hamea me tɔwo gome la, Biblia de se be ŋutsu ɖeka kple nyɔnu ɖeka ko naɖe wo nɔewo. (Korintotɔwo I, 7:2; Timoteo I, 3:​2, 12) Wɔwɔ ɖe dzidzenu sia dzi nye afɔɖeɖe gbãtɔ siwo ahe ŋutifafa va wò aƒeme la dometɔ ɖeka. (Psalmo 119:165) Yehowa ƒe sewo menye se gbɔlowo alo se siwo daa agba ɖe ame dzi dzodzro o. Etrɔ asi le nusi wòfiaa mi ŋu be wòaɖe vi na mí.​—⁠Yesaya 48:​17, 18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe