INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • fy ta 16 axa 183-191
  • Kpɔ Wò Ƒomea ƒe Etsɔme Mavɔ Kpɔkpɔ Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Wò Ƒomea ƒe Etsɔme Mavɔ Kpɔkpɔ Ta
  • Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ÐOKUIDZIÐUÐU ƑE VEVIENYENYE
  • TANYENYE ŊUTI NUKPƆSUSU NYUITƆ
  • ‘MIÐE ABLA LE NUSESE ME’
  • AKPA VEVI SI LƆLƆ̃ WƆNA
  • ƑOME SI WƆA MAWU ƑE LƆLƆ̃NU
  • ƑOMEA KPLE WÒ ETSƆME
  • Di Mawumeŋutifafa le Ƒomegbenɔnɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nu Vevi Eve Siwo Naa Srɔ̃ɖeɖe Nɔa Anyi Didina
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Ðe Mawusosroɖa Fia le Aƒeme
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Srɔ̃ɖeɖe—Enye Nunana Tso Mawu Gbɔ
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Kpɔ Bubuwo
Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
fy ta 16 axa 183-191

TA WUIADE

Kpɔ Wò Ƒomea ƒe Etsɔme Mavɔ Kpɔkpɔ Ta

1. Nukae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo le ƒome ƒe ɖoɖoa ŋu?

ESIME Yehowa te Adam kple Xawa ƒo ƒui le srɔ̃ɖeɖe me la, Adam ɖe alesi gbegbe wòkpɔ dzidzɔe fia esi wògblɔ Hebrigbe me hakpanya gbãtɔ si woŋlɔ ɖi. (Mose I, 2:​22, 23) Gake menye alesi Wɔla la ƒe vi siwo nye amegbetɔwo akpɔ dzidzɔ koe nye nusi nɔ susu me nɛ o. Edi be srɔ̃tɔwo kple woƒe ƒomewo nawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Egblɔ na atsu kple asi gbãtɔ be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!” (Mose I, 1:28) Dɔ si me teƒeɖoɖo wɔnuku le kae nye si wode asi na wo! Aleke gbegbee nye si woawo kple vi siwo woava dzi akpɔ dzidzɔe ne ɖe Adam kple Xawa tsɔ toɖoɖo blibo wɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu!

2, 3. Aleke ƒomewo awɔ akpɔ dzidzɔ geɖe wu egbea?

2 Egbea hã ne ƒomea me tɔ ɖesiaɖe wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, wokpɔa dzidzɔ geɖe wu. Apostolo Paulo ŋlɔe be: “Mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.” (Timoteo I, 4:⁠8) Ƒome si sroa Mawu ɖa eye wowɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiame siwo le Biblia me dzi la akpɔ dzidzɔ le “agbe, si li fifi” la me. (Psalmo 1:​1-3; 119:105; Timoteo II, 3:16) Ne ƒomea me tɔ ɖekae tsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔ dɔe gɔ̃ hã la, nuwo nyona wu esi ame aɖeke matsɔ wo awɔ dɔe o.

3 Agbalẽ sia dzro Biblia ƒe gɔmeɖose geɖe siwo hea ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ vɛ la me. Ðewohĩ ède dzesii be wo dometɔ aɖewo dze enuenu le agbalẽa me. Nukatae? Elabena wonye nyateƒe sẽŋu siwo ɖea vi na amesiame le ƒomegbenɔnɔ ƒe akpa vovovowo me. Ƒome si kua kutri wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖose siawo dzi la akpɔ be ‘agbe si li fifi ƒe ŋugbedodo le mawusosroɖa si’ nyateƒe. Mina míagadzro gɔmeɖose vevi siawo dometɔ ene me akpɔ.

ÐOKUIDZIÐUÐU ƑE VEVIENYENYE

4. Nukatae ɖokuidziɖuɖu le vevie ŋutɔ le srɔ̃ɖeɖe me?

4 Fia Salomo gblɔ be: “Amesi mate ŋu aɖu eƒe gbɔgbɔ dzi o la, le abe du, si wogbã gli le eŋu, wòtsi nuvo ene.” (Lododowo 25:28; 29:11) Be ‘woaɖu ame ƒe gbɔgbɔ dzi,’ woaɖu ame ɖokui dzi, nye nusi le vevie ŋutɔ na amesiwo di be dzidzɔ nanɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖe me. Mɔɖeɖe na seselelãme gbegblẽwo, abe dɔmedzoe helĩhelĩ alo agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzodzro ene, agblẽ nu si axɔ ƒe gbogbo aɖewo hafi ava ɖɔ ɖo​—⁠ne woate ŋu aɖɔe ɖoe nye ema.

5. Aleke amegbetɔ madeblibo awɔ asrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu, eye vi kawoe wòaɖe?

5 Nyateƒee, Adam ƒe dzidzimevi aɖeke mate ŋu aɖu eƒe ŋutilã madeblibo la dzi bliboe ya o. (Romatɔwo 7:​21, 22) Ke hã la, gbɔgbɔ ƒe kutsetsee ɖokuidziɖuɖu nye. (Galatiatɔwo 5:​22, 23) Eyata Mawu ƒe gbɔgbɔ ana míatse ɖokuidziɖuɖu ƒe ku ne míedoa gbe ɖa biaa nɔnɔme sia, ne míetsɔa eŋuti nuxlɔ̃ame si sɔ si le Ŋɔŋlɔawo me wɔa dɔe, eye míedea ha kple ame bubu siwo ɖenɛ fiana eye míetea mía ɖokui ɖa tso amesiwo meɖenɛ fiana o gbɔ. (Psalmo 119:​100, 101, 130; Lododowo 13:20; Petro I, 4:⁠7) Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu ‘míasi le ahasiwɔwɔ nu,’ ne wote mí kpɔ gɔ̃ hã. (Korintotɔwo I, 6:18) Míawɔ ŋutasesẽnuwɔwɔ o eye míatsri ahamumu alo aɖu edzi. Eye míawɔ nu tufafatɔe wu ne wodo dziku na mí alo míedo go nɔnɔme sesẽwo. Neva eme be amesiame nesrɔ̃ alesi wòatu kutsetse vevi sia ɖoe​—⁠ɖeviwo hã nesrɔ̃e.​—⁠Psalmo 119:​1, 2.

TANYENYE ŊUTI NUKPƆSUSU NYUITƆ

6. (a) Ðoɖo ka nue Mawu ɖo tanyenye ɖo? (b) Nuka dzie wòle be ŋutsu naɖo ŋkui bene dzidzɔkpɔkpɔ natso eƒe tanyenye me na eƒe ƒomea?

6 Gɔmeɖose vevi eveliae nye lɔlɔ̃ ɖe tanyenye dzi. Paulo ƒo nu tso alesi wòle be nuwo nanɔ ɖoɖo si sɔ pɛpɛpɛ nu ŋu esi wògblɔ be: “Mele didim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.” (Korintotɔwo I, 11:⁠3) Esia fia be ŋutsu naxɔ ŋgɔ le ƒomea me, srɔ̃a nakpe asi ɖe eŋu nuteƒewɔwɔtɔe, eye ɖeviwo nabu wo dzilawo. (Efesotɔwo 5:​22-25, 28-33; 6:​1-4) Gake de dzesii be ne wozã tanyenye ɖe mɔ nyuitɔ nu ko hafi wòhea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ. Srɔ̃ŋutsu siwo nɔa agbe ɖe mawusosroɖa nu la nyae be menye dzizizidziɖuɖue tanyenye nye o. Wosrɔ̃a Yesu, woƒe Ta. Togbɔ be Yesue nye “nuwo katã ƒe ta” hã la, “meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ.” (Efesotɔwo 1:22; Mateo 20:28) Nenema ke Kristotɔ ŋutsu zãa eƒe tanyenye tsɔ léa be na srɔ̃a kple viawoe, ke menye ɖe eya ŋutɔ ƒe viɖewo ta o.​—⁠Korintotɔwo I, 13:​4, 5.

7. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawoe akpe ɖe srɔ̃nyɔnu ŋu be wòawɔ dɔ si Mawu de asi nɛ le ƒomea me?

7 Nyɔnu si nɔa agbe ɖe mawusosroɖa nu hã meʋlia ho kple srɔ̃a alo dina be yeaɖu edzi o. Ne enɔa megbe na ŋutsua eye wòkpea asi ɖe eŋu la, akpɔ dzidzɔ. Ɣeaɖewoɣi la, ne Biblia le nu ƒom le srɔ̃nyɔnu ŋu la, egblɔna be enye srɔ̃a ƒe ‘nu,’ si na wòdze ɖikekemanɔmee be ŋutsuae nye ta nɛ. (Mose I, 20:⁠3) To srɔ̃ɖeɖe me la, eva le ‘srɔ̃aŋutsu ƒe se’ te. (Romatɔwo 7:⁠2) Le ɣeyiɣi ma ke me la, Biblia gayɔe hã be “kpeɖeŋutɔ” kple ‘amesi asɔ na srɔ̃a.’ (Mose I, 2:20) Eɖea nɔnɔme kple ŋutete siwo mele srɔ̃a si o fiana, eye wònaa kpekpeɖeŋu si hiã lae. (Lododowo 31:​10-31) Biblia gagblɔ be srɔ̃nyɔnu nye “zɔhɛ,” amesi wɔa dɔ aduadu kple srɔ̃a. (Maleaxi 2:14) Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siawo kpena ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ŋu be woase wo nɔewo ƒe ɖoƒe gɔme eye woatsɔ sisiɖa kple bubu si dze ana wo nɔewo.

‘MIÐE ABLA LE NUSESE ME’

8, 9. Ƒo nu tso gɔmeɖose aɖewo siwo akpe ɖe amesiame ŋu le ƒomea me be woate ŋu aɖo dze nyuie wu la ŋu.

8 Wote gbe ɖe dzeɖoɖo ƒe vevienyenye dzi enuenu le agbalẽ sia me. Nukatae? Elabena kuxiwo gbɔ nya kpɔna wu ne amesiwo le nu ƒom na wo nɔewo la ɖo to wo nɔewo le nyateƒe me. Wote gbe ɖe edzi zi gbɔ zi geɖe be ame evee ɖoa dze. Ale nusrɔ̃la Yakobo gblɔe enye si: “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.”​—⁠Yakobo 1:⁠19.

9 Ele vevie hã be míaɖɔ ŋu ɖo le alesi míeƒoa nui me. Nya vevewo, gedinyawo, alo nyadileameŋunyawo menaa wote ŋu ɖoa dze o. (Lododowo 15:1; 21:9; 29:​11, 20) Ne nya nyui wònye gblɔm míele hã la, ne míegblɔe ŋutasesẽtɔe, dadatɔe, alo vevemasemaseɖeamenutɔe la, ate ŋu adzɔ be nusi wòagblẽ la asɔ gbɔ wu nyui si ado tso eme. Ele be míaƒe nuƒoƒo nadze to, ‘dze nanɔ eme.’ (Kolosetɔwo 4:⁠6) Ele be míaƒe nyagbɔgblɔ nanɔ abe “sikatɔtɔŋuti . . . le klosalogba me” ene. (Lododowo 25:11) Ƒome siwo srɔ̃ dzeɖoɖo nyuie la wɔ afɔɖeɖe vevi aɖe ɖo ta dzidzɔkpɔkpɔ gbɔ.

AKPA VEVI SI LƆLƆ̃ WƆNA

10. Lɔlɔ̃ ka ƒomevie hiã vevie le srɔ̃ɖeɖe me?

10 Nya “lɔlɔ̃” dze enuenu le agbalẽ sia me. Èɖo ŋku lɔlɔ̃ si ƒomevi ŋu woƒo nu le la dzia? Ele eme baa be atsu kple asi dome lɔlɔ̃ (Helagbe, eʹros) wɔa akpa vevi aɖe le srɔ̃ɖeɖe me, eye be numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ deto kple xɔlɔ̃wɔwɔ (Helagbe, phi·liʹa) tsina ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome. Gake esi le vevie wu kurae nye lɔlɔ̃ si wozã Helagbe me nya a·gaʹpe na. Eyae nye lɔlɔ̃ si nɔa mía me na Yehowa, na Yesu, kple na mía havi. (Mateo 22:37-39) Eyae nye lɔlɔ̃ si Yehowa ɖena fiaa ameƒomea. (Yohanes 3:16) Aleke wòwɔ nukue nye si be míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ sia ke ƒomevi si Yehowa ɖena fiana la afia mía srɔ̃!—Yohanes I, 4:19.

11. Aleke lɔlɔ̃ naa srɔ̃ɖeɖe kpɔa dzidzedzee?

11 Lɔlɔ̃ deŋgɔ sia nyea “blibonyenye ƒe nublanu” le srɔ̃ɖeɖe me vavã. (Kolosetɔwo 3:14) Eblaa atsu kple asi ɖekae eye wòna wodina be yewoawɔ nusi nye nyuitɔ kekeake na yewo nɔewo kpakple yewo viwo. Ne ƒomewo do go kuxiwo la, lɔlɔ̃ kpena ɖe wo ŋu wokpɔa nuwo gbɔ ɖekae. Ne atsu kple asi le tsitsim la, lɔlɔ̃ kpena ɖe wo ŋu be woléa wo nɔewo ɖe te eye wodea asixɔxɔ wo nɔewo ŋu. “Lɔlɔ̃ . . . media ye ŋutɔ tɔ o. . . . Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.”—Korintotɔwo I, 13:4-8.

12. Nukatae srɔ̃tɔwo ƒe lɔlɔ̃ na Mawu naa ŋusẽ ɖoa woƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu?

12 Srɔ̃ɖenublaka la me sẽna etɔxɛe ne wotsɔ Yehowa lɔlɔ̃ koŋ blae goŋgoŋ ke menye srɔ̃tɔawo ɖeɖe dome lɔlɔ̃ ko o. (Nyagblɔla 4:9-12) Nukatae? Apostolo Yohanes ŋlɔe be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi.” (Yohanes I, 5:3) Eyata menye esi srɔ̃tɔwo lɔ̃ wo viwo vevie ta koe woatsɔ mawusosroɖa amlã woe o ke le esi wònye Yehowa ƒe sededee ta hãe. (Mose V, 6:6, 7) Menye lɔlɔ̃ na wo nɔewo ta koe woatsri agbegbegblẽnɔnɔ o ke vevietɔ le esi wolɔ̃ Yehowa, amesi ‘adrɔ̃ ʋɔnu matrewɔlawo kple ahasiwɔlawo’ ta koŋ ye. (Hebritɔwo 13:4) Ne srɔ̃tɔ ɖeka hea kuxi sesẽwo va srɔ̃ɖeɖea me hã la, lɔlɔ̃ na Yehowa aʋã ame evelia be wòayi edzi anɔ wɔwɔm ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi. Vavãe, dzidzɔtɔwoe nye ƒome siwo ƒe lɔlɔ̃ na Yehowa wɔe be woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewoe me sẽ goŋgoŋ!

ƑOME SI WƆA MAWU ƑE LƆLƆ̃NU

13. Aleke eɖoɖo kplikpa be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kpena ɖe ame ŋu be ame ƒe susu nanɔ nusiwo le vevie wu le nyateƒe me la dzi?

13 Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nu vevitɔ le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. (Psalmo 143:10) Esiae nye nusi tututu mawusosroɖa fia. Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ana ƒomewo ƒe ŋku anɔ nusiwo le vevie ŋutɔŋutɔ dzi. (Filipitɔwo 1:9, 10) Le kpɔɖeŋu me, Yesu na míenya be: “Meva ame kple fofoa, vinyɔnuvi kple dadaa, ŋutsuvi srɔ̃ kple lɔ̃xoa dome mã ge; eye ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo.” (Mateo 10:35, 36) Abe alesi tututu Yesu gblɔe ene la, eyomedzelawo ƒe ƒometɔwo ti wo dometɔ geɖe yome. Aleke wòwɔ nublanui ganye vevesese hãe nye si! Gake hã mele be ƒomekadodowo nanɔ vevie na mí wu lɔlɔ̃ na Yehowa Mawu kple Yesu Kristo o. (Mateo 10:37-39) Ne wodo dzi togbɔ be ƒometɔwo tsi tre ɖe ame ŋu hã la, tsitretsiɖeŋulaawo ate ŋu atrɔ ne wokpɔ nu nyui siwo le dodom tso ame ƒe mawusosroɖa me. (Korintotɔwo I, 7:12-16; Petro I, 3:1, 2) Ne medzɔ nenema o hã la, viɖe mavɔ aɖeke metsoa asiɖeɖe le Mawu subɔsubɔ ŋu le tsitretsiɖeŋu ta me o.

14. Aleke didi be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu akpe ɖe dzilawo ŋui be woawɔ nusi aɖe vi gbogbotɔ na wo viwo?

14 Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ kpena ɖe dzilawo ŋu wowɔa nyametsotso nyuiwo. Le kpɔɖeŋu me, le teƒe aɖewo la, dzilawo bua wo viwo be wonye nunɔamesi si le dzraɖoƒe na yewo, eye woɖoa ŋu ɖe wo viwo ŋu be woakpɔ yewo dzi le yewoƒe tsitsime. Togbɔ be enyo hesɔ be vi tsitsiwo nakpɔ wo dzila tsitsiwo dzi hã la, mele be woana taɖodzinu sia nana dzilawo naƒã ŋutilãmenudidigbenɔnɔ ɖe wo viwo me o. Menye kpekpe ɖe vi ŋue wònye ne dzilawo fia wo viwo be woabu ŋutilãmenunɔamesiwo wu gbɔgbɔmenuwo o.—Timoteo I, 6:9.

15. Aleke Timoteo dada Eunike nye dzila si wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖee?

15 Eunike si nye ɖekakpui Timoteo, Paulo xɔlɔ̃ la dada ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. (Timoteo II, 1:5) Togbɔ be dzimaxɔsetɔe nye Eunike srɔ̃ hã la, Eunike, kpakple Timoteo mama Loide, he Timoteo be wòati mawusosroɖa yome. (Timoteo II, 3:14, 15) Esi Timoteo tsi la, Eunike ɖe mɔ nɛ be wòadzo le wo ƒeme azu Paulo ƒe dutanyanyuigblɔhati le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. (Dɔwɔwɔwo 16:1-5) Dzi kae nye si adzɔe esi via va zu dutanyanyuigblɔla nyui aɖe! Edze le mawusosroɖagbe si wònɔ le eƒe tsitsime la me be exɔ hehe nyui tso eƒe vidzĩme ke vavã. Ðikekemanɔmee la, Timoteo ƒe subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ŋu nyatakakawo sese na Eunike ƒe dzi dze eme eye dzi dzɔe, togbɔ be adzroe be netsi ye gbɔ hafi hã.—Filipitɔwo 2:19, 20.

ƑOMEA KPLE WÒ ETSƆME

16. Ðetsɔleme si sɔ si wòle be vi naɖe fia kae Yesu ɖe fia, gake nuka koŋ ye nye eƒe taɖodzinu vevitɔ?

16 Ƒome vɔ̃mawu mee wonyi Yesu le, eye esia na be esi wòtsi la, etsɔ ɖe le eme na dadaa, abe alesi wòdze be vi nawɔ ene. (Luka 2:51, 52; Yohanes 19:26) Gake Yesu ƒe taɖodzinu vevitɔe nye be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye le eya gome la, esia ƒe akpa aɖee nye be wòaʋu agbe mavɔ kpɔkpɔ ƒe mɔnu ɖi na amegbetɔwo. Ewɔ esia esi wòtsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo ke ɖe ameƒome si nye nuvɔ̃mewo la ta.—Marko 10:45; Yohanes 5:28, 29.

17. Ŋutikɔkɔe mɔkpɔkpɔ kawo ƒe mɔe Yesu ƒe nuteƒewɔwɔgbenɔnɔ ʋu ɖi na amesiwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu?

17 Esi Yesu ku la, Yehowa fɔe ɖe tsitre hena dziƒogbenɔnɔ hetsɔ ŋusẽ gã aɖe nɛ, eye mlɔeba la, etsɔe ɖo Fiae le Dziƒofiaɖuƒea me. (Mateo 28:18; Romatɔwo 14:9; Nyaɖeɖefia 11:15) Yesu ƒe vɔsa la na be woate ŋu atia amegbetɔ aɖewo be woava ɖu fia kplii le Fiaɖuƒe ma me. Eʋu mɔ na amegbetɔƒomea me tɔ susɔe siwo si dzi dzɔdzɔe le hã be woanɔ agbe deblibo le anyigba si woatrɔ wòazu paradiso la dzi. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 4; 21:3-5; 22:1-4) Mɔnukpɔkpɔ vevitɔwo kekeake si su mía si egbea dometɔ ɖekae nye be míagblɔ ŋutikɔkɔe nyanyui sia na mía nɔviwo—Mateo 24:14.

18. Ŋkuɖodzinya kple dzideƒo kawoe wona ƒomewo kple ame ɖekaɖekawo?

18 Abe alesi apostolo Paulo ɖee fia ene la, ŋugbedodo si nye be amewo ate ŋu anyi yayra mawo ƒe dome le agbe “si le vava ge” me la kpe ɖe mawusosroɖagbenɔnɔ ŋu. Kakaɖedzitɔe la, esiae nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi nàto akpɔ dzidzɔ! Ðo ŋku edzi be, “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:17) Eyata ɖevi alo dzila, srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu, alo ame tsitsi si nye tre si si vi le alo vi mele o ye nènye o, sẽ ŋkume nàwɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ne èle amemiamiã te alo nèdze ŋgɔ kuxi siwo wu gbɔgblɔ hã la, mègaŋlɔe be gbeɖe be Mawu gbagbe la subɔlae yenye o. Esia wɔwɔ nena wòava eme be wò nuwɔnawo nado dzidzɔ na Yehowa. (Lododowo 27:11) Eye neva eme be wò agbenɔnɔ nena nàkpɔ dzidzɔ fifia eye nàkpɔ agbe mavɔ le xexe yeye si gbɔna la me!

ALEKE BIBLIA ƑE GƆMEÐOSE SIAWO AKPE ÐE . . . WÒ ƑOMEA ŊUI BE WOAKPƆ DZIDZƆ?

Woate ŋu asrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

Ne tanyenye ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ le srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa si la, woadi ƒomea ƒe nyonyo.—Efesotɔwo 5:22-25, 28-33; 6:4.

Dzeɖoɖo ƒe akpaa aɖee toɖoɖo nye.—Yakobo 1:19.

Yehowa lɔlɔ̃ ana srɔ̃ɖeɖe me nasẽ goŋgoŋ.—Yohanes I, 5:3.

Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye taɖodzinu vevitɔ kekeake le ƒomea me.—Psalmo 143:10; Timoteo I, 4:8.

TRENƆNƆ ƑE NUNANA LA

Menye amesiamee ɖea srɔ̃ o. Eye menye atsu kple asiwo katãe ɖonɛ be yewoadzi vi o. Yesu nye tre, eye eyɔ trenɔnɔ be enye nunana ne enye “le dziƒofiaɖuƒe la ŋuti.” (Mateo 19:11, 12) Apostolo Paulo hã tiae be yemaɖe srɔ̃ o. Eyɔ trenɔnɔ kple srɔ̃ɖeɖe siaa be wonye ‘nunanawo.’ (Korintotɔwo I, 7:7, 8, 25-28) Eyata togbɔ be srɔ̃ɖeɖe kple ɖeviwo hehe nyawo ŋu koŋ ye agbalẽ sia ƒo nu le hã la, mele be míaŋlɔ be be yayra kple teƒeɖoɖowo ate ŋu atso trenɔnɔ alo srɔ̃ɖeɖe vimadzimadzii hã me o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe