INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 6/15 axa 20-25
  • Di Mawumeŋutifafa le Ƒomegbenɔnɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Di Mawumeŋutifafa le Ƒomegbenɔnɔ Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒomegbenɔnɔ Ðo Afɔku Me
  • Nuka Gbɔe Ƒomekuxiwo Tso?
  • Gɔmeɖose Vevi Ene
  • Yi Edzi Nàdi Mawumeŋutifafa
  • Kpɔ Wò Ƒomea ƒe Etsɔme Mavɔ Kpɔkpɔ Ta
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Ðe Nane Li si Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsonaa?
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Se Vivi Le Ƒomegbenɔnɔ Me
    Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me
  • Ƒomea Ameƒomea ƒe Nuhiahiã Vevi Aɖee!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 6/15 axa 20-25

Di Mawumeŋutifafa le Ƒomegbenɔnɔ Me

“Mi dukɔwo ƒe ƒomeawo, mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa, mitsɔe na Yehowa!”—PSALMO 96:7.

1. Aleke Yehowa na ƒomegbenɔnɔ dze egɔmee?

YEHOWA ɖo ƒomegbenɔnɔ gɔme anyi le ŋutifafa kple dzidzɔ me esime wòte Adam kple Xawa ƒo ƒui le srɔ̃ɖeɖe me. Le nyateƒe me la, dzi dzɔ Adam ale gbegbe be wògblɔ hakpanya gbãtɔ si woŋlɔ ɖi, be: “Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me; woayɔ ame sia bena nyɔnu, elabena ŋutsu mee woɖee tsoe.”—Mose I, 2:23.

2. Nukae nɔ susu me na Mawu ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu tsɔ kpe ɖe dzidzɔ si wòahe vɛ na via siwo nye amegbetɔwo ŋu?

2 Esi Mawu ɖo srɔ̃ɖeɖe kple ƒome ƒe ɖoɖoa anyi la, menye dzidzɔ si via siwo nye amegbetɔwo akpɔ koe nye nusi nɔ susu me nɛ o. Edi be woawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Mawu gblɔ na atsu kple asi gbãtɔ be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!” (Mose I, 1:28) Enye dɔdasi si me teƒeɖoɖo nyui le nyateƒe. Aleke gbegbee Adam, Xawa, kple vi siwo woava dzi akpɔ dzidzɔe nye si ne ɖe atsu kple asi gbãtɔ la tsɔ toɖoɖo blibo wɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu!

3. Nukae hiã hafi ƒomewo nate ŋu anɔ anyi le mawusosroɖa me?

3 Egbea gɔ̃ hã ne ƒomea me tɔwo wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ɖekae la, wokpɔa dzidzɔ geɖe wu. Eye etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnuku kawoe nye si li na ƒome ɖoto mawo! Apostolo Paulo ŋlɔe bena: “Mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.” (Timoteo I, 4:8) Ƒome si sroa Mawu ɖa le nyateƒe me la zɔna ɖe gɔmeɖose siwo le Yehowa ƒe Nya la me dzi eye wowɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Wodia Mawu me ŋutifafa eye esia na wokpɔa dzidzɔ le “agbe, si li fifi” la me.

Ƒomegbenɔnɔ Ðo Afɔku Me

4, 5. Nukata míate ŋu agblɔ be ƒomegbenɔnɔ ɖo afɔku me fifia le xexeame katã?

4 Le nyateƒe me la, ŋutifafa kple dzidzɔ mele ƒome ɖesiaɖe me o. Esi The New York Times nɔ nu ƒom tso numekuku aɖe si amewo ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti nusrɔ̃ha aɖe si woyɔna be Amewo ƒe Agbɔsɔsɔ ƒe Aɖaŋudeha wɔ ŋu la, egblɔ be: “Tɔtrɔ gãwo le ƒomegbenɔnɔ me vam le dukɔ siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo kple daheawo siaa me.” Wogblɔ be ame aɖe si le numekuha sia me gblɔ be: “Dzixɔse si nye be ƒomea nye ƒuƒoƒo like si me ɖekawɔwɔ le eye vifofo nyea nuzazãwo dila eye vidada kpɔa seselelãme nuhiahiãwo gbɔ la nye aʋatso. Nyateƒeae nye be nusiwo le dzɔdzɔm abe vinɔ srɔ̃manɔsitɔwo, srɔ̃gbegbe ƒe dzidziɖedzi, [kple] ƒome siwo le sue wu . . . zu nusiwo va le bɔbɔm ɖe xexeame katã.” Le nɔnɔme siawo ta la, kelili, ŋutifafa, kple dzidzɔ mele ƒome miliɔn geɖe me o, eye geɖe le gbagbãm. Le Spain la, srɔ̃gbegbe dzi ɖe edzi ɖo 1 le 8 ɖesiaɖe me le ƒe 1990 ƒeawo ƒe gɔmedzedze—dzidziɖedzi gã aɖe wònye tso 1 le 100 ɖesiaɖe me le ƒe 25 siwo do ŋgɔ ko me. Wogblɔ be England nye Europa-dukɔ siwo me srɔ̃gbegbe bɔ ɖo wu la dometɔ ɖeka—srɔ̃ɖeɖe 4 le 10 ɖesiaɖe me gblẽna. Dzilaɖekaƒomewo hã dzi ɖe edzi le dukɔ ma me.

5 Ewɔ abe srɔ̃gbegbe menɔa tsɔtsɔm na ame aɖewo o ene. Ame geɖe ƒoa zi ɖe “Ƒomedodometsomawuxɔ” si te ɖe Tokyo ŋu le Japan la me. Shintotɔwo ƒe gbedoxɔ sia xɔa srɔ̃gbegbe kple ƒomedodo siwo meganyo na ame o me tsotso ƒe kokoƒoƒowo. Hamevi ɖesiaɖe ŋlɔa eƒe kokoƒonyawo ɖe atikpakpɛ lebee aɖe dzi tsɔ kuna ɖe nane ŋu le mawuxɔa gbɔ, eye wòdoa gbe ɖa biaa ŋuɖoɖoae. Tokyo-nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be esi woɖo mawusubɔƒe sia anye ƒe alafa ɖekae nye sia la, “afima sitsala hotsuitɔwo srɔ̃woe ŋlɔa gbedodoɖawo be yewo srɔ̃ŋutsuwo nagbugbɔ le woƒe ahiãviwo yome atrɔ ɖe yewo ŋu.” Gake egbea srɔ̃gbegbee kokoƒoƒoawo ƒe akpa gãtɔ nyena, menye srɔ̃tɔwo dome dzadzraɖoe o. Edze ƒã be ƒomegbenɔnɔ ɖo afɔku me le xexeame godoo. Ðe wòle be esia nawɔ mo yaa na Kristotɔwoa? Ao, elabena Biblia na míenya nusi gbɔ fifi ƒomekuxiwo tso.

Nuka Gbɔe Ƒomekuxiwo Tso?

6. Aleke Yohanes I, 5:19 ku ɖe egbegbe ƒomekuxiwo ŋui?

6 Nusiwo gbɔ egbegbe ƒomekuxiwo tso dometɔ ɖeka enye be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Nukae míate ŋu akpɔ mɔ na tso vɔ̃ɖitɔ Satana Abosam gbɔ? Ame gbegblẽ si nye aʋatsokala vɔ̃ɖie wònye. (Yohanes 8:44) Mewɔ nuku o be eƒe xexeame kpɔa dzidzɔ ɖe amefuflu kple agbegbegblẽnɔnɔ ŋu, nusiwo gblẽa nu le ƒomegbenɔnɔ ŋu vevie! Le Mawu ƒe habɔbɔa godo la, Satana tsɔ eƒe ŋusẽkpɔɖedzi di be yeagblẽ srɔ̃ɖeɖe ƒe nuɖoanyi si Yehowa wɔ la me ne yeatsi ƒomegbenɔnɔ si me ŋutifafa le la nu.

7. Aleke nɔnɔme siwo ame geɖe ɖena fiana le ŋkeke mamlɛ siawo me ate ŋu agblẽ nu le ƒomewo ŋui?

7 Wogblɔ nu bubu si hã gbɔ ƒomekuxi siwo le fu ɖem na ameƒomea tso ɖe Timoteo II, 3:1-5. Paulo ƒe nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖe afima fia be míele “ŋkeke mamlɛawo” me. Ƒomewo mate ŋu anɔ ŋutifafa kple dzidzɔ me o ne wo me tɔwo nye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la.” Ƒomea mate ŋu akpɔ dzidzɔ bliboe o ne ame ɖeka pɛe melɔ̃a ame o alo nye nuteƒemawɔla le eme gɔ̃ hã. Ŋutifafa kae ate ŋu anɔ ƒomegbenɔnɔ me ne ƒomea me tɔ aɖe nye ame wɔadã eye melɔ̃na wogbea nya nɛ o? Vɔ̃ɖitɔ wu la, aleke ŋutifafa kple dzidzɔ anɔ anyi ne ƒomea me tɔwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu? Aleae xexe sia si dzi Satana nye fia ɖo la me tɔwo ƒe nɔnɔme le. Eyata mewɔ nuku o be ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le vevem le ŋkeke mamlɛ siawo me!

8, 9. Ŋusẽ kae ɖeviwo ƒe nɔnɔme ate ŋu akpɔ ɖe ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi?

8 Nu bubu si hã tae ŋutifafa kple dzidzɔ mele ƒome geɖe me o ye nye ɖeviwo ƒe agbe maɖɔʋu nɔnɔ. Esime Paulo nɔ ŋkeke mamlɛawo me nɔnɔmewo gblɔm ɖi la, egblɔe ɖi be ɖevi geɖe maɖo to wo dzilawo o. Ne ɖevie nènye la, ɖe wò agbenɔnɔ wɔnɛ be ŋutifafa kple dzidzɔ nɔa miaƒe ƒomea mea?

9 Ðevi aɖewo ƒe agbenɔnɔ menyea kpɔɖeŋu nyui o. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsuvi dzaa aɖe ŋlɔ lɛta gbegblẽ sia na fofoa be: “Ne màkplɔm ayi Alexandria o la, ke nyemagaŋlɔ lɛta na wò, alo aƒo nu na wò, alo agado hede nyuie na wò o, eye ne èyi Alexandria la, nyemagalé wò asi alo ado gbe na wò akpɔ o. Nusiae adzɔ ne èbe yemakplɔm ayii o . . . Gake ƒle [kasaŋku] ya nam, meɖe kuku na wò. Ne ègbe la, ke nyemegale nu ɖu ge o, eye tsi hã nyemagano o. Nye gbe dze anyi!” Ðe nya mawo meɖi egbegbenyawo ŋutɔ oa? Gake blema Egipte ye woŋlɔ lɛta ma si ŋutsuvi aɖe ŋlɔ na fofoa ƒe 2,000 kple edzivɔe nye sia la le.

10. Aleke ɖeviwo ate ŋu akpe ɖe woƒe ƒomewo ŋu be woadi mawumeŋutifafa?

10 Ðevi Egiptetɔ ma ƒe nɔnɔme mena ŋutifafa nɔ woƒe ƒomea me o. Le nyateƒe me la, nusiwo gavɔ̃ɖi wu ema dzɔna le ƒomewo me le ŋkeke mamlɛ siawo me. Ke hã mi ɖeviwo miate ŋu akpe ɖe miaƒe ƒomea ŋu le Mawu me ŋutifafa didi me. Alekee? Ne miewɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le nusianu me; elabena esia dze Aƒetɔ la ŋu nyuie.”—Kolosetɔwo 3:20.

11. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woava zu Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo?

11 Ke mi dzilawo ya ɖe? Mikpe ɖe mia viwo ŋu lɔlɔ̃tɔe be woazu Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo. Lododowo 22:6 gblɔ be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” Ne wofia Ŋɔŋlɔawo ŋutsuvi kple nyɔnuviwo nyuie eye wo dzilawo hã ɖo kpɔɖeŋu nyui na wo la, geɖe medzona le mɔ nyuitɔa dzi ne wotsi o. Gake eƒe akpa gã aɖe nɔ te ɖe Biblia me hehenana la ƒe nyonyome kple afisi wonae se ɖo kpakple ɖevia ƒe dzi ƒe nɔnɔme hã dzi.

12. Nukata wòle be ŋutifafa nanɔ Kristotɔ ƒe aƒeme?

12 Ne míaƒe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe le agbagba dzem be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, ke ele be míanɔ Mawu me ŋutifafa me. Ele be ‘ŋutifafamewo’ sɔŋ nanɔ Kristotɔwo ƒe aƒewo me. Luka 10:1-6 me nyawo fia be amesiawoe nɔ susu me na Yesu esime wòdɔ nusrɔ̃la 70 ɖe subɔsubɔdɔa gbe eye wògblɔ na wo be: “Aƒe, si ke me miayi ɖo la, gbã migblɔ bena: Ŋutifafa na aƒe sia! Eye ne ŋutifafame aɖe le afima la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi.” Ne Yehowa subɔlawo tsɔ “ŋutifafa ƒe nyanyui” la le amewo gbɔ yimee tso aƒeme yi aƒeme le ŋutifafa me la, wodia ŋutifafamewo. (Dɔwɔwɔwo 10:34-36; Efesotɔwo 2:13-18) Kakaɖedzitɔe la, ele be Kristotɔwo ƒe aƒe si me tɔwo nye ŋutifafamewo la me nafa.

13, 14. (a) Nukae Naomi di na Rut kple Orpa? (b) Gbɔɖemeƒe ka tɔgbee wòle be Kristotɔ ƒe aƒeme nanye?

13 Ele be aƒeme nanye ŋutifafa kple dziɖeɖinɔƒe. Naomi si nye ahosi tsitsi la di be Mawu nana dzudzɔ kple akɔfafa si tsoa srɔ̃ŋutsu nyui kpɔkpɔ kple aƒe nyui me nɔnɔ me la ye lɔ̃xoyɔvi ɖetugbi Rut kple Orpa siwo zu ahosiwo. Naomi gblɔ be: “Yehowa [nana] miakpɔ dzudzɔ le mia srɔ̃wo ƒe me!” (Rut 1:9) Agbalẽnyala aɖe ŋlɔ le Naomi ƒe didia ŋu be le aƒe mawo me la, Rut kple Orpa “ŋu avo tso dzimaɖeɖi kple dzitsitsi me. Woakpɔ dzudzɔ. Anye teƒe si woanɔ ɖaa, afisi aɖi kɔ na woƒe seselelãme vevitɔwo kekeake kple woƒe didi siwo ŋu wodea bubui wu le eye woakpɔ gbɔɖeme. Ŋusẽ ɖedzesi si le Hebrigbe me nya . . . la ŋu dze nyuie le alesi wozã nyagbɔgblɔ siwo do ƒome kplii [le Yesaya 32:17, 18] me.”

14 Taflatse de dzesi Yesaya 32:17, 18 sia si wòyɔ la. Míexlẽ le afima be: “Dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔwɔ anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe viɖe anye gbɔdzɔe kple dziɖeɖi tegbee. Eye nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.” Ele be Kristotɔwo ƒe aƒeme nanye gbɔɖemeƒe si dzɔdzɔenyenye, tomefafa, dedienɔnɔ, kple Mawu me ŋutifafa le. Ke ne dodokpɔwo, masɔmasɔwo, alo kuxi bubuwo do mo ɖa ɖe? Ekema ehiã etɔxɛe be míanya nusi gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona.

Gɔmeɖose Vevi Ene

15. Aleke nàɖe nusi gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona mee?

15 Yehowa Mawu, ƒomewo Wɔla la, gbɔe ƒome sia ƒome si le anyigba dzi kpɔ eƒe ŋkɔ tsoe. (Efesotɔwo 3:14, 15) Eyata ele be amesiwo le ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ dim la naxɔ eƒe mɔfiafia eye woakafui, abe alesi hakpala wɔ ene: “Mi dukɔwo ƒe ƒomeawo, mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa, mitsɔe na Yehowa!” (Psalmo 96:7) Nusi gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona la le Mawu ƒe Nya, Biblia, kple gɔmeɖose siwo le eme tsɔtsɔ wɔ dɔe me. Ƒome si tsɔa gɔmeɖose siawo wɔa dɔe la akpɔ dzidzɔ eye woanɔ mawumeŋutifafa me. Eyata mina míalé ŋku ɖe gɔmeɖose vevi siawo dometɔ ene ŋu kpɔ.

16. Akpa kae wòle be ɖokuidziɖuɖu nawɔ le ƒomegbenɔnɔ me?

16 Gɔmeɖose siawo dometɔ ɖeka nɔ te ɖe nya sia dzi be: Ðokuidziɖuɖu le vevie hena mawumeŋutifafa me nɔnɔ le ƒomegbenɔnɔ me. Fia Salomo gblɔ be: “Amesi mate ŋu aɖu eƒe gbɔgbɔ dzi o la, le abe du, si wogbã gli le eŋu, wòtsi nuvo ene.” (Lododowo 25:28) Míaƒe gbɔgbɔ dzi ɖuɖu—ɖokuidziɖuɖu—le vevie ŋutɔ ne míedi be ŋutifafa kple dzidzɔ nanɔ míaƒe ƒomea me. Togbɔ be míede blibo o hã la, ele be míaɖe ɖokuidziɖuɖu si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetse afia. (Romatɔwo 7:21, 22; Galatiatɔwo 5:22, 23) Gbɔgbɔ la ana míatse ɖokuidziɖuɖu ƒe ku ne míedoa gbe ɖa biaa nɔnɔme sia, míetsɔa aɖaŋu si Biblia ɖo le eŋu wɔa dɔe, eye míedea ha kple ame bubu siwo ɖenɛ fiana. Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu ‘míasi le ahasiwɔwɔ nu.’ (Korintotɔwo I, 6:18) Ðokuidziɖuɖu akpe ɖe mía ŋu hã be míawɔ adã o, míatsri ahamumu alo aɖu edzi, eye míatsɔ tufafa ato nɔnɔme sesẽwo me geɖe wu.

17, 18. (a) Aleke Korintotɔwo I, 11:3 ku ɖe Kristotɔwo ƒe ƒomegbenɔnɔ ŋui? (b) Aleke lɔlɔ̃ ɖe tanyenye dzi doa mawumeŋutifafa ɖe ŋgɔe le ƒomea me?

17 Míate ŋu agblɔ gɔmeɖose vevi bubu ale: Lɔlɔ̃ ɖe tanyenye dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadi Mawu me ŋutifafa le míaƒe ƒomewo me. Paulo ŋlɔ bena: “Mele didim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.” (Korintotɔwo I, 11:3) Esia fia be ŋutsu naxɔ ŋgɔ le ƒomea me, srɔ̃a nakpe asi ɖe eŋu nuteƒewɔwɔtɔe, eye ɖeviwo naɖo to wo dzilawo. (Efesotɔwo 5:22-25, 28-33; 6:1-4) Agbenɔnɔ alea ahe Mawu me ŋutifafa ava ƒomegbenɔnɔ me.

18 Ele be Kristotɔ srɔ̃ŋutsuwo naɖo ŋku edzi be menye dzizizidziɖuɖue Ŋɔŋlɔawo me tanyenye nye o. Ele be wòasrɔ̃ Yesu si nye eƒe Ta. Togbɔ be Yesue ava nye “nuwo katã ƒe ta” hã la, “meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ.” (Efesotɔwo 1:22; Mateo 20:28) Nenema ke Kristotɔ ŋutsu wɔa eƒe tanyenye ŋudɔ lɔlɔ̃tɔe si nana wòte ŋu kpɔa eƒe ƒomea ƒe nudidiwo gbɔ nyuie. Eye Kristotɔ srɔ̃nyɔnu adi godoo be yeakpe asi ɖe ye srɔ̃ ŋu. Esi wònye “kpeɖeŋutɔ” kple ‘amesi sɔ na srɔ̃a,’ ta la, eɖea nɔnɔme kple ŋutete siwo mele srɔ̃a si o fiana tsɔ naa kpekpeɖeŋu si hiã lae. (Mose I, 2:20; Lododowo 31:10-31) Tanyenye zazã ɖe mɔ nyuitɔ nu kpena ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ŋu be woade bubu wo nɔewo ŋu eye wònaa ɖeviwo ɖoa to wo. Ẽ, lɔlɔ̃ ɖe tanyenye dzi naa mawumeŋutifafa nɔa ƒomegbenɔnɔ me.

19. Nukata dzeɖoɖo nyui hiã le ƒome ƒe ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ me?

19 Míate ŋu agblɔ gɔmeɖose vevi etɔ̃lia ale: Dzeɖoɖo nyui hiã vevie na ƒome ƒe ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ. Yakobo 1:19 gblɔ na mí be: “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.” Ele vevie be ƒomea me tɔwo naɖo to ahaƒo nu na wo nɔewo elabena ame evee ɖoa dze. Ne nya nyui wònye gblɔm míele hã la, ne míegblɔe adãtɔe, dadatɔe, alo vevemaseɖeamenutɔe la, ate ŋu adzɔ be nusi wòagblẽ la asɔ gbɔ wu nyui si ado tso eme. Ele be míaƒe nuƒoƒo nadze to, eye ‘dze nanɔ eme.’ (Kolosetɔwo 4:6) Ƒome siwo wɔa Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo dzi eye woɖoa dze nyuie la le mawumeŋutifafa dim.

20. Nukata nàgblɔ be lɔlɔ̃ hiã le ƒome ƒe ŋutifafa me?

20 Gɔmeɖose eneliae nye si: Lɔlɔ̃ hiã vevie hena ƒome ƒe ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ. Atsu kple asi dome lɔlɔ̃ ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le srɔ̃ɖeɖe me, eye numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ si de to ƒe lɔlɔ̃ ate ŋu atsi ɖe ƒometɔwo dome. Gake esi le vevie wu kurae nye lɔlɔ̃ si wozã Helagbe me nya a·gaʹpe na. Esiae nye lɔlɔ̃ si nɔa mía me na Yehowa, na Yesu, kple na mía havi. (Mateo 22:37-39) Mawu ɖe lɔlɔ̃ sia fia ameƒomea esi wòtsɔ eƒe ‘Tenuvi la na bena amesiame si xɔa edzi sena la mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.’ (Yohanes 3:16) Aleke gbegbe wònyoe nye si be míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ sia tɔgbe ke afia míaƒe ƒomea me tɔwo! Lɔlɔ̃ deŋgɔ sia nye “blibonyenye ƒe nublanu.” (Kolosetɔwo 3:14) Eblaa atsu kple asi ɖekae eye wòna wodina be yewoawɔ nusi nye nyuitɔ kekeake na yewo nɔewo kpakple yewo viwo. Ne wodo go kuxiwo la, lɔlɔ̃ kpena ɖe wo ŋu wokpɔa nyawo gbɔ ɖekae. Míate ŋu aka ɖe esia dzi elabena “lɔlɔ̃ . . . media ye ŋutɔ tɔ o . . . Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o.” (Korintotɔwo I, 13:4-8) Vavãe, ƒome siwo ƒe lɔlɔ̃ na Yehowa wɔe be woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo me sẽ goŋgoŋ la kpɔa dzidzɔ!

Yi Edzi Nàdi Mawumeŋutifafa

21. Nukae ate ŋu ana wò ƒomea ƒe ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ nadzi ɖe edzi?

21 Wogblɔ gɔmeɖose siawo kple bubu siwo tso Biblia me la ɖe agbalẽ siwo Yehowa na mí dɔmenyotɔe to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi la me. (Mateo 24:45) Le kpɔɖeŋu me, nya siawo tɔgbe dze le axa 192-gbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona si woɖe ɖe go le “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpe siwo Yehowa Ðasefowo wɔ le xexeame godoo le ƒe 1996/97 me la me. Agbalẽ sia tsɔtsɔ srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo le ame ɖokui si kple le ƒomenusɔsrɔ̃ me ate ŋu aɖe vi geɖe. (Yesaya 48:17, 18) Ẽ, Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo ŋudɔwɔwɔ adzi ŋutifafa kple dzidzɔ ɖe edzi godoo le miaƒe ƒomea me.

22. Nukae wòle be wòanye nu vevitɔ na mí le míaƒe ƒomegbenɔnɔ me?

22 Yehowa dzra nu nyuiwo ɖo ɖi na ƒome siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu, eye edze na míaƒe kafukafu kple subɔsubɔ. (Nyaɖeɖefia 21:1-4) Eyata neva eme be Yehowa Mawu ƒe tadedeagu nanye nu vevitɔ na wò ƒomea. Eye Yehowa, mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo, netsɔ dzidzɔ yra mi esi miele mawumeŋutifafa dim le miaƒe ƒomegbenɔnɔ me!

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukae hiã ne ƒomewo anɔ anyi le mawusosroɖa me?

◻ Nukata ƒomekuxiwo bɔ egbea?

◻ Nuka gbɔe ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona?

◻ Gɔmeɖose siwo akpe ɖe mía ŋu míado ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ ɖe ŋgɔ le ƒomegbenɔnɔ me la dometɔ aɖewo ɖe?

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Dzeɖoɖo nyui kpena ɖe mía ŋu be míadi mawumeŋutifafa le ƒomegbenɔnɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe