INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • rq nusɔsrɔ̃ 14 axa 28-29
  • Ðoɖo si Nu Yehowa Ðasefowo Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðoɖo si Nu Yehowa Ðasefowo Le
  • Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Habɔbɔ Le Mawu Si Ðo?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Nu Ka Tae Habɔbɔ Le Mawu Si Ðo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Woƒe Xexeame Katã ƒe Habɔbɔa Kple Dɔwɔna
    Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?
  • Mina Woatu Hame La Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Nukae Mawu Di tso Mía Si?
rq nusɔsrɔ̃ 14 axa 28-29

Nusɔsrɔ̃ 14

Ðoɖo si Nu Yehowa Ðasefowo Le

Ɣekaɣie Yehowa Ðasefowo dze dɔ gɔme le egbeŋkekea me? (1)

Aleke Yehowa Ðasefowo wɔa woƒe kpekpewoe? (2)

Aleke wokpɔa gazazãwo gbɔe? (3)

Amekawoe xɔa ŋgɔ le hame ɖesiaɖe me? (4)

Kpekpe siwo lolo wu kawoe wowɔna ƒe sia ƒe? (5)

Dɔ kae wowɔna le woƒe dɔwɔƒegã kple alɔdzedɔwɔƒewo? (6)

1. Yehowa Ðasefowo dze dɔ gɔme le egbeŋkekea me le ƒe 1870-awo me. Gbã la, woyɔa wo be Biblia Nusrɔ̃viwo. Gake le ƒe 1931 me la, wotsɔ ŋkɔ si tso Ŋɔŋlɔawo me si nye Yehowa Ðasefowo. (Yesaya 43:10) Habɔbɔa dzi ɖe edzi tso ame ʋee aɖewo dzi va zu Ðasefo miliɔn geɖe, amesiwo tsɔ moveviɖoɖo le gbeƒã ɖem le dukɔ siwo wu 230 me.

2. Yehowa Ðasefowo ƒe hame akpa gãtɔ kpena zi etɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa. Míele kpewòm be nàyi esiawo dometɔ ɖesiaɖe. (Hebritɔwo 10:24, 25) Biblia dzie nusi wofiana la nɔ te ɖo. Wodzea kpekpewo gɔme kple gbedodoɖa eye wogadonɛ ɖa tsɔ wua enui. Wodzia “gbɔgbɔ me hawo” tso dzime le kpekpeawo ƒe akpa gãtɔ me. (Efesotɔwo 5:18, 19) Womexɔa ga ɖe vava ta o, eye womedzɔa ga le amewo si hã o.—Mateo 10:8.

3. Hameawo ƒe akpa gãtɔ kpea ta le Fiaɖuƒe Akpata me. Zi geɖe la, esiawo nyea xɔ siwo womedo atsya na fũ o siwo Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tu. Màkpɔ nɔnɔmetatawo, atitsoga siwo ŋu Kristo le, alo nusiawo tɔgbe le Fiaɖuƒe Akpata me o. Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔ kpɔa gazazãwo gbɔe. Nudzɔɖaka li be amesiwo lɔ̃ faa nadzɔ nu de eme.—Korintotɔwo II, 9:7.

4. Hamemegãwo, alo dzikpɔlawo, le hame ɖesiaɖe me. Woxɔa ŋgɔ le nufiafia hamea me. (Timoteo I, 3:1-7; 5:17) Subɔsubɔdɔwɔlawo naa kpekpeɖeŋu wo. (Timoteo I, 3:8-10, 12, 13) Womedo ŋutsu siawo ɖe dzi wu hamea me tɔ mamleawo o. (Korintotɔwo II, 1:24) Wometsɔa bubuŋkɔ tɔxɛwo na wo o. (Mateo 23:8-10) Woƒe awudodo metoa vovo na ame bubuwo tɔ o. Eye womexea fe na wo ɖe dɔ si wowɔna ta o. Hamemegãwo kpɔa hamea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ tso dzime faa. Woate ŋu ana akɔfafa kple mɔfiafia le xaxaɣiwo me.—Yakobo 5:14-16; Petro I, 5:2, 3.

5. Yehowa Ðasefowo wɔa takpekpe gãwo hã ƒe sia ƒe. Hame geɖe va ƒoa ƒu kpɔa gome le Biblia me nufiafia ƒe ɖoɖowɔɖi tɔxɛ aɖe me. Nyɔnyrɔ̃nana nusrɔ̃la yeyewo nyea takpekpe alo takpekpe gã ɖesiaɖe ƒe ɖoɖowɔɖi ƒe akpa aɖe ɣesiaɣi.—Mateo 3:13-17; 28:19, 20.

6. Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã la le New York. Afimae Dziɖuha si nye hamemegã kpɔnuteƒewo ƒe ƒuƒoƒo si kpɔa xexeame katã ƒe hamea dzi la le. Alɔdzedɔwɔƒe siwo wu 100 hã le xexeame katã. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo naa kpekpeɖeŋu le teƒe siawo eye wotaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖona ɖe teƒeteƒewo. Wonaa mɔfiafia hã le ɖoɖowɔwɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu me. Nukata màɖoe ava ɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒe si te ɖe ŋuwò wu o?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe