Woƒe Xexeame Katã ƒe Habɔbɔa Kple Dɔwɔna
WOWƆA kadodo geɖe ŋudɔ le mɔfiafia ɖaseɖiɖidɔa le dukɔ 230 kple edzivɔ siwo me wole ewɔm le la me. Dziɖuha si le xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, la gbɔe mɔfiafia ɖesiaɖe tsona. Dziɖuha la ɖoa eteƒenɔlawo ɖe nuto vovovowo me le xexeame katã be woava kpe kple alɔdzeteƒenɔla siwo le nuto mawo me. Alɔdze Kɔmiti siwo me amesiwo ade etɔ̃ vaseɖe adre le la le alɔdzedɔwɔƒeawo, amesiwo kpɔa dɔa dzi le dukɔ siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te me. Agbalẽtaƒewo le alɔdzeawo dometɔ aɖewo, eye wo dometɔ aɖewo zãa rotary-gbalẽtamɔ̃ si taa agbalẽwo kabakaba wu. Woma dukɔ alo nuto si dzi alɔdze ɖesiaɖe kpɔna la ɖe nutome gãwo me, eye woma woawo hã ɖe nutome suewo me. Hame siwo ade 20 ye le nutome sue ɖesiaɖe me. Nutome gã dzikpɔla srãa nutome sue siwo le eƒe nutome gã la me ɖe wo nɔewo yome. Wowɔa takpekpe eve na nutome sue ɖesiaɖe ƒe sia ƒe. Nutome sue dzikpɔla hã li, eye esrãa hame siwo le eƒe nutome suea me kpɔna zi eve ƒe sia ƒe, eye wòkpena ɖe Ðasefoawo ŋu be woawɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ahawɔe le anyigbamama si wotsɔ de hame ma si me.
Mia gbɔ hamea kple eƒe Fiaɖuƒe Akpata lae nye nyanyuigbɔgblɔ ƒe ɖoɖowɔƒe le miaƒe nutoa me. Woma nuto siwo wotsɔ na hame ɖesiaɖe ɖe anyigbamama suewo me. Womaa wo na Ðasefo ɖesiaɖe, amesiwo dzea agbagba yia amesiwo le aƒe ɖesiaɖe si le eme la gbɔ ƒoa nu kpli wo. Hamemegã siwo wode dɔ asi na be woakpɔ dɔ vovovowo dzi la le hame ɖesiaɖe si me Ðasefo ʋɛ aɖewo vaseɖe 200 nɔna la me. Amesiame si nye nyanyuigblɔla le Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa me la nye ame vevi. Ðasefo ɖesiaɖe, eɖale subɔsubɔm le xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã la, le alɔdzedɔwɔƒewo, alo le hamewo me o, wɔa gbeadzidɔ sia si nye be eya ŋutɔ gblɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu nya na amewo.
Dɔ sia wɔwɔ ŋuti kɔntabubu va ɖoa xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã la mlɔeba, eye woŋlɔa Yearbook si dona ƒe sia ƒe hetanɛ. Azɔ hã wotaa akɔntabubua si woɖo ɖe ɖoɖo nu ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata si nye January 1 me ƒe sia ƒe. Nusiwo wote ŋu wɔ ƒe sia ƒe le ɖaseɖiɖi le Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒe si le Kristo Yesu te ŋu ƒe nyatakaka detowo nɔa agbalẽ eve siawo me. Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, Ðasefowo kple ɖetsɔlemetɔ siwo ade 14,000,000 ye dea Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si woɖuna ƒe sia ƒe. Yehowa Ðasefowo zãa gaƒoƒo 1,000,000,000 kple edzivɔ le ƒe ɖeka me tsɔ ɖe gbeƒã nyanyuia, eye ame yeye 300,000 ye xɔa nyɔnyrɔ. Agbalẽ siwo wonana ƒe ƒuƒoƒo ɖoa miliɔn alafa geɖe.