INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jl nusɔsrɔ̃ 22
  • Dɔ Kawoe Wowɔna Le Alɔdzedɔwɔƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔ Kawoe Wowɔna Le Alɔdzedɔwɔƒewo
  • Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Gbãtɔ Si Woɖo Ƒe Alafa Ðeka Enye Si Va Yi
    Nyɔ!—2001
  • Ðoɖo Si Nu Dziɖuha La Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Kpɔ Bubuwo
Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
jl nusɔsrɔ̃ 22

NUSƆSRƆ̃ 22

Dɔ Kawoe Wowɔna Le Alɔdzedɔwɔƒewo?

Ŋutsu siwo le ɖoɖo wɔm ɖe dɔa ŋu le alɔdzedɔwɔƒe si le Solomon Islands

Solomon Islands

Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka si le dɔ wɔm le alɔdzedɔwɔƒe le Canada

Canada

Ʋu siwo tsɔa agbalẽwo yina na hamewo

South Africa

Betel-ƒomea me tɔwo wɔa dɔ vovovo le alɔdzedɔwɔƒewo tsɔ doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔa le dukɔ si me wole kpakple ɖewohĩ dukɔ bubuwo hã me. Dɔ siwo wowɔna ƒe ɖewoe nye gbegɔmeɖeɖe, agbalẽ kple magazinewo tata, agbalẽwo dzi kpɔkpɔ, nyawo léle ɖe mɔ̃ dzi kple videowo wɔwɔ, kpakple hiahiã bubuwo gbɔ kpɔkpɔ.

Alɔdzekɔmiti ye kpɔa dɔa dzi. Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha la tsɔ alɔdzedɔwɔƒewo dzi kpɔkpɔ de asi na Alɔdzekɔmiti me tɔ siwo nye hamemetsitsi bibi siwo dze la dometɔ etɔ̃ alo esiwo wu nenema. Alɔdzekɔmitia nana Dɔdzikpɔha la nyana ŋgɔyiyi siwo wɔm wole kple ɖewohĩ kuxi siwo wodoa goe le woƒe anyigbamamawo me. Nyatakaka mawo nana Dɔdzikpɔha la nyana nyati siwo woata ɖe míaƒe agbalẽwo me alo esiwo me woadzro le míaƒe kpekpewo kple takpekpewo me. Dɔdzikpɔha la ɖoa amedɔdɔwo ɖa woyina ɖasrãa alɔdzedɔwɔƒewo kpɔna edziedzi be woana mɔfiame Alɔdzekɔmitia le woƒe dɔwo wɔwɔ me. (Lododowo 11:14) Wowɔa ɖoɖo tɔxɛ le dɔwɔƒegã ƒe amedɔdɔ la ƒe sasrãkpɔɣi, si ƒe ɖee nye be wòaƒo nuƒo na ame siwo wokpe tso hame siwo gogo afi si alɔdzedɔwɔƒea le la me.

Wonaa mɔfiame hame siwo le woƒe anyigbamamaa me. Nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le alɔdzedɔwɔƒea daa asi ɖe hame yeyewo ɖoɖo dzi. Wonaa mɔfiame mɔɖelawo, dutanyanyuigblɔlawo, kple nutome sue dzikpɔlawo hã. Wowɔa ɖoɖo ɖe takpekpe suewo kple gãwo ŋu, wokpɔa Fiaɖuƒe Akpata yeyewo tutu dzi, eye wokpɔa agbalẽwo ɖoɖo ɖe hamewo me hã dzi. Dɔ sia dɔ si wowɔna le alɔdzedɔwɔƒea la doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔa, be woate ŋu awɔe ɖe ɖoɖo nyui nu.—1 Korintotɔwo 14:33, 40.

  • Aleke Alɔdzekɔmitiwo kpena ɖe Dɔdzikpɔha la ŋui?

  • Dɔ kawoe wowɔna le alɔdzedɔwɔƒewo?

ANYO BE NÀWƆ ESIA

Wokplɔa amewo ɖia tsae le míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖe sia ɖe tso Dzoɖa va se ɖe Fiɖa. Míele kpewòm be nàva srã mí kpɔ. Ne ègbɔna la, anyo be nàdzra ɖo nyuie abe ale si nèdzrana ɖo yia míaƒe kpekpewoe ene. Nu siwo nàkpɔ le Betel la ado ŋusẽ wò xɔse.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe