INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/06 axa 1
  • Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Esia Ate Ŋu Anye Agbemedɔ Nyuitɔ Kekeake na Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Wole Ame Sia Ame Kpem!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Dɔ Nyui Siwo Womaŋlɔ Be O
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Dɔ Kawoe Wowɔna Le Alɔdzedɔwɔƒewo
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 9/06 axa 1

Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Lɔlɔ̃tɔwo:

Míeda akpe na mi katã ɖe gakpekpeɖeŋu si mieyi edzi le nanam dɔmenyotɔe hena Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔe la ta.

Míezãa miaƒe nudzɔdzɔwo le agbalẽwo kple magazinewo tata kple wo mama me, le kpekpeɖeŋu nana nɔvi siwo dzi dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ ɖo me, kple le Fiaɖuƒe Akpatawo tutu le dukɔa me godoo me. Míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be tso ƒe 2000 me la, Fiaɖuƒe Akpata Tudɔdzikpɔƒea kpe ɖe hame geɖewo ŋu wotu Fiaɖuƒe Akpata siwo wu 323 le dukɔ sia me, eye wowua Fiaɖuƒe Akpata enyi nu le ɣleti ɖesiaɖe me.

Míekafu mi ɖe alesi miekpea asi ɖe xɔtuɖoɖo siawo ŋu tso dzi blibo me to gome kpɔkpɔ le xɔtudɔawo me, kple gakpekpeɖeŋu kpakple nuɖuɖu siwo mienana be woatsɔ akpɔ dɔwɔlawo dzi ta. Míekpɔ ŋudzedze ɖe miaƒe nuwɔwɔ aduadu kpli mí le esi mielɔ̃na ɖe Fiaɖuƒe Akpata ƒe nɔnɔmetata siwo tutu mebia gazãza fũ o dzi eye wònɔa bɔbɔe hã be woalé be na wo la ŋu. Esia wɔe be míete ŋu tu Fiaɖuƒe Akpata geɖe na nɔvi bubuwo hã.

Hame geɖewo le ga si wodo na wo hena woƒe Fiaɖuƒe Akpata tutu la xem nuteƒewɔwɔtɔe. Hame siwo si Fiaɖuƒe Akpata le xoxo la yia edzi dzɔa nu dea Fiaɖuƒe Akpata tuga me ɣleti sia ɣleti ale be míate ŋu atu ɖe na hame bubuwo hã. (Kor. II, 8:14) Míeda akpe na mi katã ɖe miaƒe kpekpeɖeŋunana nyui siawo ta.

Mina míayi edzi atsɔ ‘míaƒe kesinɔnuwo anɔ bubu dem Yehowa ŋu’ le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ me tso dzi blibo me.—Lod. 3:9.

Mia nɔviwo,

Ghana Alɔdzedɔwɔƒea

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe