Ta Gbãtɔ
Daniel Ƒe Agbalẽa Ka Wò
1, 2. (a) Nudzɔdzɔ wɔmoyaa kawo ŋue woƒo nu tsoe le Biblia-gbalẽ si nye Daniel me? (b) Nyabiabia kawoe fɔ ɖe te le Daniel ƒe agbalẽa ŋu le míaƒe ŋkeke siawo me?
FIA sesẽ aɖe do ŋɔdzi na eƒe nunyalawo be yeawu wo elabena womete ŋu lĩ eƒe drɔ̃e si tɔtɔe la heɖe egɔme nɛ o. Wotsɔ ɖekakpui etɔ̃ siwo gbe be yewomade ta agu na legba kɔkɔ aɖe o la ƒu gbe ɖe kpodzo si le bibim wu gbɔgblɔ la me, gake wotsi agbe. Esi azãɖuɖu aɖe nɔ edzi yim la, ame alafa geɖe kpɔ asi aɖe wònɔ nya siwo gɔme womete ŋu se o ŋlɔm ɖe fiasã aɖe ƒe gli ŋu. Nugbeɖola vɔ̃ɖi aɖewo na wotsɔ ŋutsu tsitsi aɖe ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me, gake edo go eye nuvevi aɖeke mewɔe o. Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖe kpɔ lã ene le ŋutega me, eye nusi wofia la yi ŋgɔ ƒe akpe geɖe ɖo keke etsɔme ke.
2 Nuŋlɔɖi siwo le Biblia-gbalẽ si nye Daniel me la dometɔ aɖewo koe esiawo nye. Ðe wòhiã be míabu wo ŋu veviea? Aleke blemagbalẽ sia ate ŋu aku ɖe míaƒe ŋkekea ŋui? Nukata wòle be míatsi dzi ɖe nusiwo dzɔ le ƒe siwo ade 2,600 siwo va yi me ŋu?
DANIEL—BLEMAGBALẼ SI WOŊLƆ NA EGBEƔEYIƔIWO
3, 4. Nukata wòsɔ be ame geɖe tsi dzi ɖe ameƒomea ƒe etsɔme ŋu?
3 Xexemedziɖuɖu si nye nya vevitɔ egbea ŋue Daniel ƒe agbalẽa ƒe akpa geɖe ku ɖo. Amesiame kloe alɔ̃ ɖe edzi be míele ɣeyiɣi sesẽwo me. Míesea nyadzɔdzɔ dovoɖiname geɖe gbesiagbe siwo ɖoa ŋku edzi na mí be kuxi sesẽwo ɖe kpe na amegbetɔƒomea ɖe edzi—eye nɔnɔmea le alea togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya me hã.
4 Bu nya sia ŋu kpɔ: Amegbetɔ te ŋu zɔ dzinu dzi, gake le teƒe geɖe la, mete ŋu ɖia tsa le eya ŋutɔ ƒe anyigba ƒe ablɔwo dzi vɔvɔ̃manɔmee o. Ate ŋu atrɔ asi le aƒe ŋu ade egbegbe nuzazã ɖesiaɖe ƒomevi eme, gake le teƒe geɖe la, mete ŋu tsia ƒomewo ƒe gbagbã nu o. Eye ate ŋu ato nyatakakaxɔxɔ ƒe mɔnu yeyewo vɛ, gake mete ŋu fiaa nu amewo be woanɔ anyi ɖekae le ŋutifafa me o. Ŋutinyafialagã Hugh Thomas ŋlɔ bena: “Ŋgɔyiyi le nunyanya kple agbalẽsɔsrɔ̃ me mete ŋu fia nu boo aɖeke ameƒomea le ɖokuidziɖuɖu ŋu o eye mefia naneke wo le alesi woanɔ anyi kple ame bubuwo le nɔvilɔlɔ̃ me ŋu o.”
5. Nukae do tso amegbetɔdziɖuɖu akpa gãtɔ me?
5 Le agbagbadzedze be woana nuwo nanɔ ɖoɖo nu vaseɖe afi aɖe ta la, amegbetɔwo mã wo ɖokui de dziɖuɖu vovovo geɖe te. Gake wo dometɔ aɖeke meli si ŋu Fia Salomo ƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye medze le o, be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 4:1; 8:9) Enye nyateƒe be taɖodzinu nyuiwo nɔ dziɖula aɖewo si ya. Ke hã fia, dukplɔla, alo dzizizidziɖula aɖeke mate ŋu aɖe dɔléle kple ku ɖa o. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu ana anyigba natrɔ zu Paradiso si Mawu ɖo be wòanye la o.
6. Nukata Yehowa mehiã amegbetɔdziɖuɖuwo ƒe mɔɖeɖe hafi wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu o?
6 Ke hã Wɔla la di vevie be yeawɔ nusiawo eye ate ŋu awɔ wo hã. Mehiã amegbetɔdziɖuɖuwo ƒe mɔɖeɖe hafi wòawɔ eƒe tameɖoɖo dzi o, elabena le egbɔ la, “dukɔwo le abe tsi toŋtoŋ le ze ŋu ene, wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu ŋu ene.” (Yesaya 40:15) Ẽ, xexeame katã ƒe Dziɖulagãe Yehowa nye. Esia ta eƒe ŋusẽ gbɔ amegbetɔdziɖuɖuwo tɔ ŋu sasasã. Mawu ƒe Fiaɖuƒee ava xɔ ɖe amegbetɔdziɖuɖuwo katã teƒe eye wòahe yayra mavɔwo vɛ na ameƒomea. Ðewohĩ womena nya sia me kɔ le teƒe bubu aɖeke wòde alesi wòdze le Biblia-gbalẽ si nye Daniel me nu o.
DANIEL—AMESI MAWU LƆ̃ VEVIE
7. Amekae nye Daniel, eye aleke Yehowa bu eyamae?
7 Yehowa Mawu lɔ̃ Daniel, amesi zu eƒe nyagblɔɖila ƒe geɖe la ŋutɔ. Le nyateƒe me la, mawudɔla aɖe gblɔ le Daniel ŋu be enye ‘amesi wolɔ̃ ŋutɔ.’ (Daniel 9:23) Hebrigbe me nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be ‘amesi wolɔ̃ ŋutɔ’ la ate ŋu afia “amesi gbɔ womelɔ̃a nu le o,” “ame vevi,” kple “ame tɔxɛ” gɔ̃ hã. Mawu bu Daniel ame vevi etɔxɛe.
8. Aleke wòdzɔe be Daniel va nɔ Babilon?
8 Mina míadzro nɔnɔme tɔxɛ siwo me nyagblɔɖila sia si wolɔ̃ la to me kpuie. Le ƒe 618 D.M.Ŋ. me la, Babilon Fia Nebukadnezar ɖe to ɖe Yerusalem. (Daniel 1:1) Le ema megbe kpuie la, wozi Yuda-ɖekakpui aɖewo siwo xɔ hehe nyuie dzi kplɔ wo yi aboyo me le Babilon. Daniel nɔ wo dome. Ðewohĩ enɔ eƒe ƒewuiwo me ɣemaɣi.
9. Hehe kae wona Daniel kple ehati Hebri-viawo?
9 Daniel kple eƒe zɔhɛ siwo nye Xananya, Misael, kple Azarya nɔ Hebri-vi siwo wotia be woatsɔ ƒe etɔ̃ asrɔ̃ “Kaldeatɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ kple gbe” la dome. (Daniel 1:3, 4) Agbalẽnyala aɖewo de dzesii be anɔ eme be esia de ŋgɔ wu gbesɔsrɔ̃ ko. Le kpɔɖeŋu me, Nufialagã C. F. Keil gblɔ be: “Woɖoe be woafia Kaldea nunɔlawo kple agbalẽnyalawo ƒe nunya si wofiana le Babilon-sukuwo la Daniel kple eƒe zɔhɛwo.” Eyata hehe tɔxɛ koŋ woɖo be woana Daniel kple eƒe zɔhɛwo ɖe dziɖuɖudɔ wɔwɔ ŋu.
10, 11. Nɔnɔme sesẽ kawoe Daniel kple eƒe zɔhɛwo do goe, eye kpekpeɖeŋu kae Yehowa na wo?
10 Tɔtrɔ gã kae nye si esia nye na Daniel kple eƒe zɔhɛwo! Yehowa ƒe tadeagulawo domee wonɔ le Yuda. Fifia wova le amesiwo subɔa glitoto me mawuwo kple mawunɔwo dome. Ke hã sɔhɛ siwo nye Daniel, Xananya, Misael, kple Azarya mevɔ̃ o. Woɖoe kplikpaa be yewoavã tadedeagu vavãtɔ goŋgoŋ—togbɔ be nɔnɔmea ado xɔse kpɔ hã.
11 Esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe o. Marduk si nye Babilon-mawu gãtɔ la subɔla veviedola aɖee Fia Nebukadnezar nye. Nusiwo fia la biana ɣeaɖewoɣi mesɔna na Yehowa subɔla kura o. (Le kpɔɖeŋu me, kpɔ Daniel 3:1-7.) Ke hã Daniel kple eƒe zɔhɛwo xɔ mɔfiafia si medoa kpo nu o tso Yehowa gbɔ. Le ƒe etɔ̃ si wotsɔ xɔ hehee me la, Mawu tsɔ “nunya kple gɔmesese” yra wo “le nuŋɔŋlɔ vovovowo kple nunya gome.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wona ŋutegawo kple drɔ̃ewo gɔmesese ƒe ŋutete Daniel. Emegbe esi fia la lé ŋku ɖe ɖekakpui ene siawo ŋu la, ekpɔe be “woƒo [yeƒe] fiaɖuƒe blibo la ƒe dzotɔwo kple bokɔnɔwo katã ta zi gbɔ zi ewo.”—Daniel 1:17, 20.
MAWU ƑE GBEDASIWO GBƆGBLƆ
12. Dɔ tɔxɛ kae wode Daniel si?
12 Le ƒe geɖe siwo Daniel tsɔ nɔ Babilon me la, ezu Mawu ƒe dɔla na amewo eye wo dometɔ aɖewoe nye Fia Nebukadnezar kple Belsazar. Dɔ vevi aɖee wode Daniel si. Yehowa ɖe mɔ Nebukadnezar tsrɔ̃ Yerusalem, eye ezãe wòzu Eƒe dɔwɔnu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woatsrɔ̃ Babilon hã. Nyateƒee, Daniel ƒe agbalẽa do Yehowa Mawu ɖe dzi be enye Dziƒoʋĩtɔ kple “amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo” ƒe Dziɖula.—Daniel 4:14.
13, 14. Nukae dzɔ ɖe Daniel dzi le Babilon-fiaɖuƒea ƒe mumu megbe?
13 Daniel yi edzi wɔ dziɖuɖudɔ anɔ ƒe blaadre, vaseɖe esime Babilon-fiaɖuƒea mu. Enɔ agbe kpɔ eteƒe esime Yudatɔ geɖe trɔ yi wo denyigba dzi le 537 D.M.Ŋ. me, togbɔ be Biblia megblɔ be eyi kpli wo o hã. Enɔ dɔ dzi vevie vaseɖe Fia Kores si nye Persia Fiaɖuƒea gɔmeɖoanyila la ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me ya teti. Daniel anya xɔ ƒe si gogo 100 ɣemaɣi!
14 Le Babilon-fiaɖuƒea ƒe mumu megbe la, Daniel ŋlɔ eƒe agbemenudzɔdzɔ ɖedzesiwo ɖi. Fifia eƒe nuŋlɔɖia zu Biblia Kɔkɔea ƒe akpa ɖedzesi aɖe eye woyɔnɛ be Daniel ƒe agbalẽ. Nukata wòle be míabu blemagbalẽ sia me nyawo ŋu?
NU EVE SIWO DZE LE GBEDASI ÐEKA ME
15. (a) Nu eve kawoe dze le Biblia-gbalẽ si nye Daniel me? (b) Aleke Daniel ƒe agbalẽa ƒe akpa si nye ŋutinya ate ŋu aɖe vi na míi?
15 Nu vovovo evee dze le Daniel ƒe agbalẽ tɔxɛa ŋu—ɖekae nye ŋutinya, eye evelia nye nyagblɔɖi. Daniel ƒe agbalẽa ƒe akpa eveawo katã ate ŋu atu míaƒe xɔse ɖo. Le mɔ ka nu? Akpa siwo nye ŋutinya—siwo le Biblia me ŋutinya siwo wɔa dɔ ɖe ame dzi wu dome—la fia mí be Yehowa Mawu ayra amesiwo léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi nɛ eye wòalé be na wo. Daniel kple eƒe zɔhɛ etɔ̃awo nɔ te sesĩe esi dodokpɔ si de woƒe agbe afɔku me dze ŋgɔ wo. Amesiwo katã di be yewoanye nuteƒewɔlawo na Yehowa egbea akpɔ tutuɖo ne wodzro woƒe kpɔɖeŋua me nyuie.
16. Nukae míesrɔ̃ tso Daniel ƒe agbalẽa ƒe akpa siwo nye nyagblɔɖi me?
16 Daniel ƒe agbalẽa ƒe akpa siwo nye nyagblɔɖi la doa ŋusẽ xɔse elabena eɖee fia be Yehowa nya alesi nuwo ava yii le ŋutinya me ƒe alafa geɖe—ƒe akpe geɖe gɔ̃ hã—do ŋgɔ. Le kpɔɖeŋu me, Daniel ƒo nu tso xexemefiaɖuƒewo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ kple woƒe anyidzedze ŋu tso blema Babilon ƒe ɣeyiɣia me va ɖo keke ‘nuwuɣia’ me ke. (Daniel 12:4) Daniel he míaƒe susu yi Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Fia si Wòɖo kple ehati “ame kɔkɔewo” ƒe asi me dzi, eye egblɔ le eŋu be enye dziɖuɖu si anɔ anyi tegbee. Dziɖuɖu sia ana Yehowa ƒe tameɖoɖo na míaƒe anyigba nava eme bliboe eye wòahe yayra vɛ na amesiwo katã di be yewoasubɔ Mawu.—Daniel 2:44; 7:13, 14, 22.
17, 18. (a) Aleke Daniel ƒe agbalẽa me dzodzro tsitotsito ado ŋusẽ míaƒe xɔsee? (b) Nya kae wòle be míakpɔ ta na hafi adze Biblia me nyagblɔɖigbalẽ sia sɔsrɔ̃ gɔme?
17 Dzidzɔtɔe la, Yehowa memiãa nu ɖe etsɔme nudzɔdzɔwo dzi wònɔa nyanya na eya ɖeɖeko o. Ke boŋ enye amesi “ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go.” (Daniel 2:28) Ne míedzro nyagblɔɖi siwo woŋlɔ ɖe Daniel ƒe agbalẽa me ƒe emevava me la, ana míaxɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi ase geɖe wu. Míava ka ɖe edzi geɖe wu be Mawu ana eƒe tameɖoɖo nava eme le ɣeyiɣi kple nɔnɔme si tututu wòdi me.
18 Amesiwo katã ʋua dzime srɔ̃a Biblia-gbalẽ si nye Daniel la ƒe xɔse atsi ɖe edzi. Gake hafi míadze agbalẽ sia me dzodzro gɔme wòayi to la, ehiã be míadzro kpeɖodziwo me anya ne agbalẽ sia me nyawo nye nyateƒe ŋutɔŋutɔ. Ðikela aɖewo tso ɖe Daniel ƒe agbalẽa ŋu, eye wogblɔna be nyagblɔɖi siwo le eme va eme hafi woŋlɔ wo. Ðe ɖikelawo ƒe nyaawo le emea? Ta si kplɔe ɖo adzro nya sia me.
NUKAWO GƆMEE NÈVA SE?
• Nukata Daniel nye agbalẽ si sɔ na egbeɣeyiɣiwo?
• Aleke wòdzɔe be Daniel kple eƒe zɔhɛwo va nɔ dziɖuɖudɔ wɔm le Babilon?
• Dɔ tɔxɛ kae wode asi na Daniel le Babilon?
• Nukata wòle be míaɖo to Daniel ƒe nyagblɔɖia?
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 4]
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 11]