INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • dp ta 18 axa 306-319
  • Yehowa Do Teƒeɖoɖo Nyui Aɖe Ŋugbe Na Daniel

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Do Teƒeɖoɖo Nyui Aɖe Ŋugbe Na Daniel
  • Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “HEYI, VASEÐE ESIME NUWUWU NAÐO”
  • EDO DZI LE ESI WÒNYE MAWU ƑE NYA SRƆ̃LA TA
  • DANIEL DO GBE ÐA EDZIEDZI
  • EDO DZI LE MAWU ƑE NYA LA FIAFIA ME
  • “GBƆ ÐE EME”
  • “NAFƆ”
  • DANIEL ƑE GOME LE PARADISO ME—KPLE WÒ HÃ TƆWÒ!
  • Mawu Ƒe Dɔla Va Do Ŋusẽe
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Daniel Ƒe Agbalẽa Ka Wò
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Nya Vevi Siwo Tso Daniel Ƒe Agbalẽa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Wò Vavã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
dp ta 18 axa 306-319

Ta Wuienyilia

Yehowa Do Teƒeɖoɖo Nyui Aɖe Ŋugbe Na Daniel

1, 2. (a) Nɔnɔme vevi kae duƒula hiã be wòate ŋu aɖu dzi? (b) Aleke apostolo Paulo tsɔ agbenɔnɔ nuteƒewɔwɔtɔe le Yehowa subɔsubɔ me sɔ kple duɖimekekee?

DUƑULA aɖe le agbagba dzem be yeatso ka. Ðeɖi te eŋu ŋutɔ, gake esi wòle taɖodzinua kpɔm ta la, etsɔ eƒe ŋusẽ katã le dua ƒe akpa susɔea ƒumee. Esẽ ŋkume zã lãmeka ɖesiaɖe ale be wòte ŋu tso ka mlɔeba! Dzidzeme kple dziɖuɖukpɔkpɔ dze le mo nɛ. Dzidodo vaseɖe nuwuwu na wòkpɔ dzidzedze.

2 Le Daniel ta 12 lia ƒe nuwuwu la, míekpɔ nyagblɔɖila lɔlɔ̃a wògogo eya ŋutɔ ƒe “duɖimekeke”—si nye agbe si wònɔ tsɔ subɔ Yehowa la—ƒe nuwuwu. Esi apostolo Paulo yɔ xɔse ƒe kpɔɖeŋuɖola vovovo siwo nɔ Yehowa subɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo dome vɔ la, eŋlɔ bena: “Eyata míawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina míaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mí la ɖa, eye mina míatsɔ dzidodo anɔ duɖimekeke, si woɖo na mí la dzi, eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe [fu le fuwɔameti ŋu, NW ], eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.”—Hebritɔwo 12:1, 2.

3. (a) Nukae ʋã Daniel be ‘wòtsɔ dzidodo nɔ duɖimekekea’ dzi? (b) Nya vovovo etɔ̃ kawoe Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Daniel?

3 Daniel hã nɔ “ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã” ma me. Edze ƒã be enye amesi wòle na be wòatsɔ “dzidodo anɔ duɖimekeke” dzi, eye lɔlɔ̃ deto na Mawu ʋãe wòwɔ nenema. Yehowa ɖe nu geɖe fia Daniel le xexemedziɖuɖu siwo ava le etsɔme ŋu, gake fifia Ena wogblɔ dzideƒonya sia na eya ŋutɔ be: “Ke wò la heyi, vaseɖe esime nuwuwu naɖo, gbɔ ɖe eme, eye nafɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu naxɔ wò gome.” (Daniel 12:13) Nya vovovo etɔ̃e Yehowa ƒe dɔla la gblɔ na Daniel: (1) be Daniel ‘nayi vaseɖe esime nuwuwu naɖo,’ (2) be ‘wòagbɔ ɖe eme,’ eye (3) be ‘wòagafɔ’ le etsɔme. Aleke nya siawo ate ŋu ade dzi ƒo na Kristotɔwoe egbea be woado dzi aɖo agbeduɖimekekea ƒe nuwuwu?

“HEYI, VASEÐE ESIME NUWUWU NAÐO”

4. Nukae Yehowa ƒe dɔla la wɔnɛ esi wògblɔ be “heyi, vaseɖe esime nuwuwu naɖo,” eye nukata esia wɔwɔ ate ŋu anye kuxi na Daniel?

4 Nukae mawudɔla la wɔnɛ esi wògblɔ na Daniel be: “Ke wò la heyi, vaseɖe esime nuwuwu naɖo”? Nuka ƒe nuwuwu? Esi wònye esusɔ vie Daniel naxɔ ƒe 100 ta la, edze abe eya ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu si anye be egogo ŋutɔ lae wòwɔnɛ ene.a Mawudɔla la nɔ dzi dem ƒo na Daniel be wòado dzi nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe ku me. Gake mefia be esia wɔwɔ abɔbɔ kokoko o. Daniel nɔ agbe kpɔe womu Babilon eye Yudatɔ aboyomenɔlawo ƒe ame susɔeawo trɔ yi Yuda kple Yerusalem. Esia anya do dzidzɔ na nyagblɔɖila tsitsi la ŋutɔ. Gake nuŋlɔɖi aɖeke meli be ezɔ mɔa yi kpli wo o. Ðewohĩ etsi hegbɔdzɔ akpa ɣemaɣi. Alo ɖewohĩ Yehowa di be wòakpɔtɔ anɔ Babilon. Aleke ke wòdzɔe o, míate ŋu abu eŋu kpɔ nenye be edzro Daniel be yeadzo esi wo detɔwo dzo yi Yuda.

5. Kpeɖodzi kawoe li be Daniel do dzi vaseɖe nuwuwu?

5 Ðikeke mele eme o be nya vivi si mawudɔla la gblɔ be: “Heyi, vaseɖe esime nuwuwu naɖo” la na ŋusẽ geɖe gaɖo Daniel ŋu. Ðewohĩ ana míaɖo ŋku nya si Yesu Kristo gblɔ anɔ ƒe alafa ade megbe la dzi be: “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 24:13) Ðikeke mele eme o be nu mae Daniel wɔ. Edo dzi vaseɖe nuwuwu, eye wòƒu du le agbeduɖimekekea me va ɖo eƒe nuwuwu ŋutɔŋutɔ. Anye be esia hã tae emegbe woƒo nu nyuie tso eŋu le Mawu ƒe Nya la me. (Hebritɔwo 11:32, 33) Nukae na Daniel te ŋu do dzi vaseɖe nuwuwu? Eƒe agbenɔnɔ ŋuti nuŋlɔɖi kpe ɖe mía ŋu be míaɖo eŋu.

EDO DZI LE ESI WÒNYE MAWU ƑE NYA SRƆ̃LA TA

6. Aleke míewɔ nya be Daniel nye Mawu ƒe Nya la srɔ̃la veviedola?

6 Le Daniel gome la, dzidodo vaseɖe nuwuwu bia be wòayi edzi asrɔ̃ nu tso Mawu ƒe ŋugbedodo dodzidzɔnamewo ŋu ahade ŋugble le wo ŋu vevie. Míenya be Daniel nye Mawu ƒe Nya la srɔ̃la veviedola aɖe. Ne mele alea o la, anye ne aleke wòawɔ anya ŋugbe si Yehowa do na Yeremya be aboyomenɔnɔa axɔ ƒe 70? Daniel ŋutɔ ŋlɔe bena: ‘Melé ŋku ɖe agbalẽwo me ɖe ƒeawo ƒe xexlẽme ŋu.’ (Daniel 9:2; Yeremya 25:11, 12) Ðikeke mele eme o be Daniel dzro Mawu ƒe Nya la me gbalẽ siwo nɔ anyi ɣemaɣi me. Agbalẽ siwo Mose, Dawid, Salomo, Yesaya, Yeremya, kple Xezekiel woŋlɔ—wo dometɔ ka ke dzie eƒe asi su o—na Daniel te ŋu kpɔ nu nyui siwo wòatsɔ gaƒoƒo geɖe axlẽ ahade ŋugble le wo ŋu.

7. Ne míetsɔ míaƒe ɣeyiɣia sɔ kple Daniel ƒe ŋkekea la, nukawoe de mía dzi wu le Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ me?

7 Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ ahana wòaxɔ míaƒe susu katã le vevie hafi míate ŋu ado dzi egbea. (Romatɔwo 15:4-6; Timoteo I, 4:15) Eye Biblia bliboa si me woŋlɔ alesi Daniel ƒe nyagblɔɖi aɖewo va eme ƒe alafa geɖe megbe ɖo la le mía si. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woyra mí be míele “nuwuɣi,” si wogblɔ ɖi le Daniel 12:4 la me. Wotsɔ gbɔgbɔmegɔmesese yra amesiaminawo le mía ŋutɔwo míaƒe ŋkekea me, eye wozu nyateƒea ƒe akaɖi si le keklẽm le xexe doviviti sia me. Esia na be míeva se Daniel ƒe agbalẽa me nyagblɔɖi goglo geɖe siwo dometɔ aɖewo gɔme eya ŋutɔ mete ŋu se o la gɔme nyuie egbea. Eyata mina míayi edzi asrɔ̃ Mawu ƒe Nya la gbesiagbe, eye mígabu nusiawo nu tsɛe gbeɖe o. Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu be míado dzi.

DANIEL DO GBE ÐA EDZIEDZI

8. Kpɔɖeŋu kae Daniel ɖo le gbedodoɖa gome?

8 Gbedodoɖa hã kpe ɖe Daniel ŋu wòdo dzi vaseɖe nuwuwu. Edona ɖe Yehowa Mawu ŋkume gbesiagbe ƒoa nu nɛ kple dzi si yɔ fũ kple xɔse kple kakaɖedzi. Enya be Yehowa nye ‘Gbedodoɖasela.’ (Psalmo 65:3; tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 11:6.) Esi Israel-viwo ƒe aglãdzenuwɔnawo na Daniel ƒe dzi xa nu la, egblɔ eƒe seselelãmewo katã na Yehowa. (Daniel 9:4-19) Esime Dario de se be ye ɖeɖekoe woabia nui ŋkeke 30 gɔ̃ hã la, Daniel meɖe mɔ esia na wòdzudzɔ gbedodoɖa na Yehowa Mawu o. (Daniel 6:10) Ðe meʋãa míaƒe dzi ne míekpɔ amegãɖeɖi nuteƒewɔla ma le susu me wòtsɔ dzideƒo dze ŋgɔ do si yɔ fũ kple dzatawo la me yiyi tsɔ wu be wòaɖe asi le gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasia ŋu oa? Ðikeke mele eme o be Daniel do gbe ɖa vevie na Yehowa gbesiagbe nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe eƒe nuwuwu.

9. Nukata mele be míabu gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔa nu tsɛe o?

9 Gbedodoɖa nye nu bɔbɔe aɖe. Míate ŋu ado gbe ɖa ɣesiaɣi kloe, le afisiafi, míate ŋu adoe ɖa sesĩe alo ɖe tame. Gake mele be míabu mɔnukpɔkpɔ xɔasi sia nu tsɛe gbeɖe o. Biblia ƒoa nu tso gbedodoɖa ŋu wòdoa ƒome kple dzidodo, tenɔnɔ, kple ŋudzɔnɔnɔ le gbɔgbɔ me. (Luka 18:1; Romatɔwo 12:12; Efesotɔwo 6:18; Kolosetɔwo 4:2) Ðe menye nu ɖedzesi be mɔnu le mía si be míaƒo nu kple amesi le ɖoƒe kɔkɔtɔ kekeake le xexeame oa? Eye eɖoa to hã! Ðo ŋku esime Daniel do gbe ɖa eye Yehowa ɖo eŋu hedɔ mawudɔla aɖe ɖe egbɔ la dzi. Mawudɔla la va ɖo esime Daniel ganɔ gbea dom ɖa! (Daniel 9:20, 21) Manye ɣeyiɣi si me mawudɔlawo vaa amewo gbɔ mee míegale ya o, gake Yehowa metrɔ o. (Maleaxi 3:6) Aɖo to mí abe alesi wòse Daniel ƒe gbedodoɖa ene. Eye ne míedoa gbe ɖa la, míate ɖe Yehowa ŋu wu eye ana ƒomedodo si akpe ɖe mía ŋu míado dzi vaseɖe nuwuwu abe alesi Daniel wɔ ene la naɖo mía kplii dome.

EDO DZI LE MAWU ƑE NYA LA FIAFIA ME

10. Nukata Mawu ƒe Nya la me nyateƒea fiafia nɔ vevie na Daniel?

10 Ele na Daniel be ‘wòayi vaseɖe esime nuwuwu naɖo’ le gɔmesese bubu nu. Ele be wòado dzi le nyateƒea fiafia me. Meŋlɔe be gbeɖe o be ame tiatia siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo gblɔ nya sia le la dometɔ ɖeka yenye: “Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla, si metia.” (Yesaya 43:10) Daniel wɔ nusianu si wòate ŋui be yeawɔ dɔ ma. Anɔ eme be eƒe dɔa ƒe akpa aɖee nye be wòafia nu eya ŋutɔ detɔ siwo woɖe aboyoe le Babilon. Míenya nu boo aɖeke tso alesi wòwɔ nu kple ehati Yudatɔwo ŋu o negbe kadodo si nɔ woa kple ame etɔ̃ siwo wogblɔ be wonye “ehatiwo” dome la ko—woawoe nye Xananya, Misael, kple Azarya. (Daniel 1:7; 2:13, 17, 18) Godoo la, ƒomedodo kplikplikpli si nɔ wo dome kpe ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu wòdo dzi. (Lododowo 17:17) Nu geɖe nɔ anyi si Daniel, amesi Yehowa tsɔ gɔmesese tɔxɛ yra la, afia exɔlɔ̃wo. (Daniel 1:17) Gake ame bubu aɖewo hã nɔ anyi si wòle be wòafia nui.

11. (a) Nukae ɖe dzesi le Daniel ƒe dɔa ŋu? (b) Dzidzedze kae Daniel kpɔ le eƒe dɔdasi si tɔgbe mebɔ o la wɔwɔ me?

11 Daniel ƒe dɔe wònye be wòaɖi ɖase na Trɔ̃subɔla siwo le bubunɔƒewo eye ewɔ esia wu nyagblɔɖila bubu ɖesiaɖe. Togbɔ be ele be wòagblɔ gbedasi si mesɔ tome na dziɖula siawo o zi geɖe hã la, mebu amesiawo abe ɖe wole ŋu nyɔm alo be wonye ame tsɛwo ene o. Eƒo nu na wo le bubu kple aɖaŋu me. Ame aɖewo nɔ anyi—abe nutomedzikpɔla siwo nye ŋuʋãlawo kple nugbeɖolawo ene—siwo di be yewoagblẽ Daniel ƒe agbe dome. Ke hã amegã bubuwo va de bubu eŋu. Esi Yehowa kpe ɖe Daniel ŋu wòte ŋu ɖe nya ɣaɣla siwo do viviti ɖe fiawo kple nunyalawo gɔme ta la, ena nyagblɔɖila sia ƒe ŋkɔ de du ŋutɔ. (Daniel 2:47, 48; 5:29) Nyateƒee, magate ŋu awɔ dɔ geɖe le eƒe tsitsime abe alesi wòwɔe le eƒe sɔhɛmenɔɣi ene ya o. Gake godoo la, eyi edzi vaseɖe eƒe nuwuwu hetsɔ nuteƒewɔwɔ di mɔ ɖesiaɖe si dzi wòato anye eƒe Mawu lɔlɔ̃a ƒe ɖasefo.

12. (a) Nufiafiadɔ kawoe mí Kristotɔwo míewɔna egbea? (b) Aleke míawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo be ‘míazɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me’ la dzi?

12 Le Kristo-hamea me egbea la, míakpɔ hati nuteƒewɔla siwo akpe ɖe mía ŋu be míado dzi, abe alesi Daniel kple eƒe zɔhɛ etɔ̃awo kpe ɖe wo nɔewo ŋui ene. Míawo hã míefiaa nu mía nɔewo, ‘hedea dzi ƒo na mía nɔewo.’ (Romatɔwo 1:11, 12) Abe Daniel ene la, wode dɔ mía si be míaɖi ɖase na dzimaxɔsetɔwo. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Eyata ele be míadzi míaƒe ŋutetewo ɖe edzi ale be míate ŋu ‘amã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ’ le nuƒoƒo na amewo tso Yehowa ŋu me. (Timoteo II, 2:15) Eye akpe ɖe mía ŋu ne míewɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi be: “Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me.” (Kolosetɔwo 4:5) Nunya sia ƒe ɖee nye be míada asɔ le alesi míebua amesiwo ƒe xɔse to vovo na mía tɔ la me. Míedoa vlo amesiawo hebua mía ɖokui gã wu wo o. (Petro I, 3:15) Ke boŋ míedina be míana nyateƒea nadzro wo, eye míezãa Mawu ƒe Nya la le ŋuɖɔɖo kple aɖaŋu me ale be míate ŋu aɖo woƒe dzi gbɔ. Dzidzɔ ka gbegbee nye si míekpɔna ne míete ŋu ɖo ame aɖe ƒe dzi gbɔ! Edze ƒã be dzidzɔ sia kpena ɖe mía ŋu be míado dzi vaseɖe nuwuwu abe Daniel ene.

“GBƆ ÐE EME”

13, 14. Nukata mɔkpɔkpɔ na ku doa ŋɔdzi na Babilontɔ geɖe, eye aleke Daniel ƒe nukpɔsusu to vovoe?

13 Azɔ mawudɔla la na kakaɖedzi Daniel be: “Gbɔ ɖe eme.” Nukae nya mawo fia? Daniel nya be yegbɔna kuku ge. Kue nye amegbetɔwo katã ƒe nuwuwu si nu womate ŋu asi le o, tso Adam ƒe ŋkekea me vaseɖe mía ŋutɔwo míaƒe ɣeyiɣia me. Biblia yɔ ku wòsɔ be enye “futɔ.” (Korintotɔwo I, 15:26) Gake nusi mɔkpɔkpɔ na ku fia na Daniel to vovo tso nusi wòfia na Babilontɔ siwo dome wònɔ la tɔ gbɔ sã. Le wo amesiwo nyrɔ wo ɖokui ɖe alakpamawu siwo ade 4,000 subɔsubɔ me vĩ gome la, ku ŋu bubu dea vɔvɔ̃ ɖesiaɖe ƒomevi wo me. Woxɔe se be ne amesiwo mekpɔ dzidzɔ le agbe me o alo amesiwo ŋu wowɔ anyra le ku la, wova zua gbɔgbɔ siwo biaa hlɔ̃ henɔa fu ɖem na amewo. Babilontɔwo xɔe se hã be ŋɔliwo de dziŋɔ aɖe li, afisi nuwɔwɔ siwo si amegbetɔ kple lã ƒe nɔnɔmewo le ɣla ɖo.

14 Le Daniel gome la, ku mefia nu mawo dometɔ aɖeke o. Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Daniel ƒe ŋkekea la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Fia Salomo wògblɔ be: “Kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Eye hakpala la dzi ha le ame kuku ŋu be: “Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.” (Psalmo 146:4) Eyata Daniel nya be nya siwo mawudɔla la gblɔ na ye ava eme. Ku fia gbɔgbɔɖeme. Tamebubu, nusiwo dzɔ va yi ŋu bubu, kple funyafunyawɔame aɖeke mele afima o—eye edze ƒã be nu ɖivɔvɔ̃ ƒe nya aɖeke mele afima o. Nenema tɔgbe ye Yesu Kristo ɖe nyaa mee esime Lazaro ku. Egblɔ be: “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm.”—Yohanes 11:11.

15. Aleke kugbe ate ŋu anyo wu dzigbee?

15 Bu nu bubu si ta Daniel mevɔ̃ be yeava ku o ŋu kpɔ. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.” (Nyagblɔla 7:1) Aleke kugbe, si dzi amewo xaa nu vevie ŋutɔ la ate ŋu anyo wu dzigbe si dzi amewo kpɔa dzidzɔ? “Ŋkɔ” lae na wòdzɔna nenema. ‘Ami nyui’ ate ŋu axɔ asi ŋutɔ. Lazaro nɔvinyɔnu Maria tsɔ ami ʋeʋẽ si ƒe asi de ƒe ɖeka ƒe fetu nu kloe la si ɖe Yesu ƒe afɔ! (Yohanes 12:1-7) Aleke ŋkɔ dzro ko ate ŋu axɔ asi nenema? Woyɔe le Nyagblɔla 7:1 be “ŋkɔ nyui.” Menye ŋkɔa dzro koe xɔ asi nenema o ke amesi tɔ ŋkɔa ye. Ne wodzi ame la, ŋkɔ nyui menɔa eŋu o, dɔnyuiwɔwɔ ƒe nuŋlɔɖi aɖeke menɔa esi o, womeɖoa ŋku amesi tɔ ŋkɔa ƒe amenyenye kple nɔnɔme nyui aɖeke dzi o. Gake le eƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la, ŋkɔa tsia tre ɖi na nusiawo katã. Eye ne ŋkɔ nyui ye wònye le Mawu ŋkume la, ke exɔ asi sã wu ŋutilãmenunɔamesi ɖesiaɖe.

16. (a) Aleke Daniel dze agbagba be yeana ŋkɔ nyui nanɔ ye ŋu le Mawu gbɔ? (b) Nukata Daniel ate ŋu ava gbɔ ɖe eme kple kakaɖedzi blibo be yete ŋu na ŋkɔ nyui le ye ŋu le Yehowa gbɔ?

16 Le Daniel ƒe agbe me katã la, ewɔ nusianu si wòate ŋui tsɔ na ŋkɔ nyui nɔ eŋu le Mawu ŋkume, eye Yehowa meŋe aɖaba ƒu esia ƒe ɖeke dzi o. Elé ŋku ɖe Daniel ŋu eye wòdzro eƒe dzime. Mawu wɔ nenema ke na Fia Dawid, amesi dzi ha be: “Yehowa, èdzro menye, eye nèdze sim. Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke.” (Psalmo 139:1, 2) Enye nyateƒe be Daniel mede blibo o. Nuvɔ̃wɔla Adam ƒe dzidzimevie wònye eye dukɔ wɔnuvɔ̃ aɖe mee wòdzɔ ɖo. (Romatɔwo 3:23) Gake Daniel trɔ dzime tso eƒe nuvɔ̃menyenye me eye wòdze agbagba ɣesiaɣi be yeazɔ kple eƒe Mawu le mɔ dzɔdzɔe nu. Eyata nyagblɔɖila nuteƒewɔla la ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa atsɔ yeƒe nuvɔ̃wo ake ye eye matsɔ wo abu fɔ ye o. (Psalmo 103:10-14; Yesaya 1:18) Yehowa dina be yeaɖo ŋku ye subɔla nuteƒewɔlawo ƒe dɔnyuiwɔwɔwo dzi. (Hebritɔwo 6:10) Eyatae Yehowa ƒe dɔla la yɔ Daniel zi eve be “ame malɔ̃nugbɔa.” (Daniel 10:11, 19) Esia fia be Mawu melɔ̃a nu le Daniel gbɔ o. Daniel ate ŋu atsɔ dzidzeme ayi aɖagbɔ ɖe eme esi wònya be yena ŋkɔ nyui su ye si le Yehowa gbɔ ta.

17. Nukata wòhiã kpata be míana ŋkɔ nyui nanɔ mía ŋu le Yehowa gbɔ egbea?

17 Anyo be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui se be, ‘Ðe mena ŋkɔ nyui le ŋunye le Yehowa gbɔa?’ Xaxaɣi mee míele. Menye vɔvɔ̃ wònye be míakpɔe adze sii be ku ate ŋu akplɔ mía dometɔ ɖesiaɖe adzoe le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me o, ke boŋ enye nusi dzɔna ŋutɔŋutɔ ŋu bubu. (Nyagblɔla 9:11) Eyata ele vevie ŋutɔ be mía dometɔ ɖesiaɖe naɖoe kplikpaa be yeana ŋkɔ nyui nanɔ ye ŋu le Mawu gbɔ fifi laa, heheɖemegbemanɔmee. Ne míewɔe nenema la, ke mele be míavɔ̃ na ku o. Enye dzudzɔxɔxɔ ko—abe alɔ̃dɔdɔ ene. Eye abe alesi wòle le alɔ̃dɔdɔ gome ene la, míagafɔ godoo!

“NAFƆ”

18, 19. (a) Nukae mawudɔla la wɔnɛ esi wògblɔ ɖi be Daniel ‘atsi tre’ le etsɔme? (b) Nukata wòate ŋu anɔ eme be Daniel nya nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu?

18 Daniel ƒe agbalẽa wu enu kple nu nyuitɔ kekeake siwo ƒe ŋugbe Mawu do na amegbetɔ aɖe kpɔ la dometɔ ɖeka. Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Daniel be: “Nafɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu naxɔ wò gome.” Nukae mawudɔla la wɔnɛ? Esi wònye “gbɔ ɖe eme” si ƒe nya wògblɔ va yi fifi laa la fia ku ta la, nu ɖeka koe ŋugbe si wòdo be Daniel ‘afɔ’ le ɣeyiɣi aɖe megbe la ate ŋu afia—eyae nye tsitretsitsi!b Le nyateƒe me la, agbalẽnyala aɖewo gblɔ be Daniel ta 12 lia mee woƒo nu tso tsitretsitsia ŋu le tẽ zi gbãtɔ le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. (Daniel 12:2) Gake woda ƒu le esia gome. Daniel nya nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu nyuie.

19 Le kpɔɖeŋu me, ɖikeke mele eme o be Daniel nya Yesaya ƒe nya siawo siwo woŋlɔ ɖi ƒe alafa eve do ŋgɔ la be: “Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, . . . elabena [anyigba aɖe ame kuku siwo le eme ana, NW ].” (Yesaya 26:19) Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na ema la, Yehowa na ŋusẽ Eliya kple Elisa wofɔ amewo ɖe tsitre ŋutɔŋutɔ. (Fiawo I, 17:17-24; Fiawo II, 4:32-37) Do ŋgɔ na ema gɔ̃ hã la, Xana si nye nyagblɔɖila Samuel dada gblɔ be Yehowa te ŋu fɔa ame tso tsiẽƒe, si nye yɔdo me. (Samuel I, 2:6) Do ŋgɔ na esia hã la, nuteƒewɔla Hiob ɖe eya ŋutɔ ƒe mɔkpɔkpɔ gblɔ le nya siawo me be: “Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam. Àyɔm, eye matɔ na wò, ne wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.”—Hiob 14:14, 15.

20, 21. (a) Tsitretsitsi ka mee woafɔ Daniel le godoo? (b) Ðoɖo ka nue wòate ŋu adzɔ be tsitretsitsia ayi edzi le le Paradiso me?

20 Abe Hiob ene la, Daniel hã nya nusita wòaka ɖe edzi be Yehowa adi vevie be yeagbɔ agbe ye gbeɖeka le etsɔme. Ke hã afa akɔ nɛ ŋutɔ be wòase gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu aɖe naɖo kpe mɔkpɔkpɔ ma dzi nɛ. Ẽ, Daniel afɔ le “ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi,” si ava eme le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la me. (Luka 14:14) Nukae esia afia na Daniel? Wogblɔ eŋuti nya geɖe na mí le Mawu ƒe Nya la me.

21 Yehowa “menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.” (Korintotɔwo I, 14:33) Eyata edze ƒã be Paradiso me tsitretsitsia ayi edzi le ɖoɖo nu. Ðewohĩ ɣeyiɣi aɖe ava yi le Harmagedon megbe hafi wòava eme. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Woaɖe nuɖoanyi xoxo la ƒe nɔnɔmewo katã ɖa ɣemaɣi, eye ɖikeke mele eme o be woawɔ dzadzraɖowo be woatsɔ ado dzaa na ame kuku siwo agbɔ agbe. Biblia gblɔ ɖoɖo si nu woafɔ ame kukuwo ɖo ŋu nya be: “Amesiame le ye ŋutɔ ƒe ɖoɖo nu.” (Korintotɔwo I, 15:23) Edze abe le ‘ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo ƒe tsitretsitsia’ gome la, woafɔ ame dzɔdzɔewo gbã ene. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Ne edzɔ nenema la, ke nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema, abe Daniel ene, ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le anyigba dzi nyawo gbɔ kpɔkpɔ me, esi ƒe ɖee nye nufiafia ‘ame madzɔmadzɔ’ biliɔn geɖe siwo woafɔ ɖe tsitre.—Psalmo 45:17.

22. Biabia siwo Daniel adi kokoko be yeakpɔ ŋuɖoɖo na la dometɔ aɖewo ɖe?

22 Hafi Daniel nasu te awɔ dɔ siawo la, nya aɖewo anɔ esi wòabia godoo. Elabena egblɔ le nyagblɔɖi goglo siwo wotsɔ de esi la dometɔ aɖewo ŋu be: “Mesee, ke nyemese egɔme o.” (Daniel 12:8) Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòakpɔ ne wòva se Mawu ƒe nya ɣaɣla siawo gɔme mlɔeba! Ðikeke mele eme o be adi be yease nya sia nya si ku ɖe Mesia la ŋu. Adzɔ dzi na Daniel be yeasrɔ̃ nu tso xexemefiaɖuƒe sesẽ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo tso eƒe ŋkekea me vaseɖe mía tɔ me ŋu, anya amesi “dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo”—amesiwo yi dɔ dzi togbɔ be woti wo yome le ‘nuwuɣia’ me—la nye, kple alesi Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea tsrɔ̃ amegbetɔ ƒe fiaɖuƒewo katã mlɔeba.—Daniel 2:44; 7:22; 12:4.

DANIEL ƑE GOME LE PARADISO ME—KPLE WÒ HÃ TƆWÒ!

23, 24. (a) Aleke xexe si me woafɔ Daniel ɖo ato vovo na esi me wònɔ tsãe? (b) Ðe gome aɖe anɔ Daniel si le Paradiso mea, eye aleke míewɔ nya?

23 Daniel adi be yeanya nu tso xexe si me wòava nɔ ɣemaɣi la ŋu—xexe si to vovo na eƒe ŋkekea me tɔ sã. Aʋawɔwɔ kple ameteteɖeanyi ƒe nɔnɔme ɖesiaɖe si gblẽ nu le xexeme si wònya ŋu la ƒe ɖeke maganɔ anyi o. Konyifafa, dɔléle, kple ku maganɔ anyi o. (Yesaya 25:8; 33:24) Gake nuɖuɖu abɔ, aƒewo anɔ anyi fũ, eye amesiame akpɔ dɔ nyui awɔ. (Psalmo 72:16; Yesaya 65:21, 22) Ameƒomea azu ƒome kpɔdzidzɔ ɖeka.

24 Daniel anɔ xexe ma me godoo. Mawudɔla la gblɔ nɛ be ‘àfɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu axɔ wò gome.’ Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “gome” la ke wogazã na anyigba ŋutɔŋutɔ si wokana na ame.c Ðewohĩ Daniel nya nu tso Xezekiel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Israel-nyigba si wogbugbɔ ɖo anyi la mamã ŋu nyuie. (Xezekiel 47:13–48:35) Nukae Xezekiel ƒe nyagblɔɖia afia ne eva eme le Paradiso me? Eyae nye be gome anɔ Mawu ƒe amewo katã si le Paradiso me, eye woamã anyigba la ŋutɔ ɖe ɖoɖo nyui si sɔ nu. Le nyateƒe me la, Daniel ƒe gome le Paradiso me manye anyigba si woaka nɛ ɖeɖeko o. Akpa si wòawɔ le Mawu ƒe tameɖoɖo me le afima hã anɔ eme. Teƒeɖoɖo si ŋugbe wodo na Daniel nye nusi ŋu kakaɖedzi le.

25. (a) Agbenɔnɔ le Paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔ kawoe doa dzidzɔ na wò? (b) Nukata míate ŋu agblɔ be Paradiso mee wòle be amegbetɔ nanɔ?

25 Ke nukae anye wò gome? Ŋugbedodo mawo ke ate ŋu ava eme na wò. Yehowa di be amegbetɔ toɖolawo “nafɔ” axɔ woƒe gome, eye be nɔƒe nanɔ wo si le Paradiso me. Bu eŋu kpɔ! Dzi adzɔ wò godoo be nàdo go Daniel kple ŋutsu kpakple nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ŋkume kple ŋkume. Eye ame gbogbo aɖewo hã afɔ tso ku me, eye ahiã be woafia nu wo ne woanya Yehowa Mawu ahalɔ̃e. Kpɔ ɖokuiwò le susu me esime nànɔ anyigba si nye míaƒe aƒe la dzram ɖo anɔ kpekpeɖeŋu nam be woatrɔe wòazu paradiso si me nu vovovowo abɔ ɖo eye eƒe atsyɔ̃ mavɔ o. Bu alesi Yehowa afia nu wò be nàsrɔ̃ alesi nànɔ agbe abe alesi wòɖoe be ameƒomea nanɔ agbee ene la ŋu kpɔ. (Yesaya 11:9; Yohanes 6:45) Ẽ, gome anɔ asiwò le Paradiso me. Togbɔ be Paradiso ŋu nya masɔ tome na ame aɖewo egbea o hã la, ɖo ŋku edzi be teƒe sia tɔgbe ye Yehowa ɖo be ameƒomea nanɔ le gɔmedzedzea me. (Mose I, 2:7-9) Le gɔmesese ma nu la, Paradiso nye ame biliɔn geɖe siwo le anyigba dzi ƒe dzɔdzɔmenɔƒe. Teƒe mae wòle be woanɔ. Paradiso me nɔnɔ anɔ abe aƒemeyiyi ene.

26. Aleke Yehowa lɔ̃ ɖe edzii be mele bɔbɔe be míalala nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu o?

26 Ne míebu nusiawo katã ŋu la, ɖe medzroa mí vevie oa? Ðe wò ŋutɔ mèdi vevie be yeanɔ afima oa? Eyata mewɔ nuku o be Yehowa Ðasefowo dina vevie be yewoanya ɣeyiɣi si me nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ava! Menye nu bɔbɔe wònye be woalala o. Yehowa hã nya nenema, elabena ede dzi ƒo na mí be ‘míakpɔ mɔ’ na nuwuwua ‘ne etsi megbe hã.’ Nusi wòfia enye be ɖewohĩ awɔ na mí be etsi megbe, elabena ena kakaɖedzi mí le mawunyakpukpui ma ke me be: “Mahe ɖe megbe o.” (Xabakuk 2:3; tsɔe sɔ kple Lododowo 13:12.) Ẽ, nuwuwua ava ɖe eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi tututu.

27. Nukae wòle be nàwɔ ale be nàte ŋu atsi tre ɖe Mawu ŋkume ayi mavɔmavɔ mee?

27 Nukae wòle be nàwɔ esi nuwuwua le aƒe tum? Do dzi le nuteƒewɔwɔ me abe Daniel si nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila lɔlɔ̃a ene. Srɔ̃ Mawu ƒe Nya la veviedodotɔe. Do gbe ɖa vevie. De ha kple haxɔsetɔwo le lɔlɔ̃ me. Tsɔ veviedodo fia nyateƒea ame bubuwo. Esi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum wu gbesiagbe la, yi edzi nàɖoe kplikpaa be yeanye Dziƒoʋĩtɔ la subɔla nuteƒewɔla kple eƒe Nya la taʋlila ɖianukware. Dze agbagba ɖesiaɖe nàɖo to Daniel ƒe nyagblɔɖia! Eye neva eme be Fiagã Aƒetɔ Yehowa nana mɔnukpɔkpɔ wò be nàtsi tre ɖe eyama si nye wò Mawu Fiagã la ŋkume le dzidzɔ me yi ɖe mavɔmavɔ me!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wokplɔ Daniel yi aboyo me le Babilon le ƒe 617 D.M.Ŋ. me, eye anɔ eme be enye ƒewuivi ɣemaɣi. Exɔ ŋutega sia le Kores ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia, alo ƒe 536 D.M.Ŋ. me.—Daniel 10:1.

b The Brown-Driver-Briggs Hebrew and English Lexicon gblɔ be Hebrigbe me nya si wozã na “fɔ” le afisia fia “agbe si agaɖo ame me le ku megbe.”

c Hebrigbe me nya la do ƒome kple nya si wozãna na “kpe vi zɔzrɔ̃e,” le esi wozãa kpeviwo tsɔ dzidzea nu ta. Wotoa mɔ sia dzi mãa anyigba ɣeaɖewoɣi. (Mose IV, 26:55, 56) A Handbook on the Book of Daniel gblɔ be nusi nya la fia le afisiae nye “nusi (Mawu) ɖo ɖi na ame.”

NUKAWO GƆMEE NÈVA SE?

• Nukawoe kpe ɖe Daniel ŋu wòdo dzi vaseɖe nuwuwu?

• Nukata mɔkpɔkpɔ na ku medo ŋɔdzi na Daniel kura o?

• Aleke ŋugbe si mawudɔla la do be Daniel ‘atsi tre axɔ eƒe gome’ la ava emee?

• Viɖe kae wò ŋutɔ nèkpɔ tso Daniel ƒe nyagblɔɖia me dzodzro me?

[Nɔnɔmetata si xɔ axa 307]

[Nɔnɔmetata si le axa 318]

Ðe nèɖoa to Mawu ƒe nyagblɔɖinya la abe Daniel enea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe