INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gf nusɔsrɔ̃ 8 axa 14
  • Ame Kawoe Nye Mawu Ƒe Futɔwo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kawoe Nye Mawu Ƒe Futɔwo?
  • Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Ŋudzɔ—Satana Le Didim Be Yeavuvu Wò!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nya Wò Futɔ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Satana
    Nyɔ!—2013
  • Amekae Nye Abosam?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
Kpɔ Bubuwo
Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
gf nusɔsrɔ̃ 8 axa 14

NUSƆSRƆ̃ 8

Amekawoe Nye Mawu Ƒe Futɔwo?

Mawu ƒe futɔ gãtɔe nye Satana Abosam. Enye gbɔgbɔ me nuwɔwɔ si dze aglã ɖe Yehowa ŋu. Satana yi edzi le tsitre tsim ɖe Mawu ŋu eye wònaa amegbetɔwo kpea fu geɖe. Ame vɔ̃ɖie Satana nye. Aʋatsokala kple amewula wònye.—Yohanes 8:44.

Gbɔgbɔ vɔ̃wo

Gbɔgbɔ me nuwɔwɔ bubuwo kpe ɖe Satana ŋu le eƒe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu me. Biblia yɔ wo be gbɔgbɔ vɔ̃wo. Gbɔgbɔ vɔ̃awo nye amegbetɔwo ƒe futɔwo abe Satana ke ene. Wodina be yewoawɔ nuvevi amewo. (Mateo 9:32, 33; 12:22) Yehowa atsrɔ̃ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃awo tegbee. Ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ na wo be woagafia fu amegbetɔwo.—Nyaɖeɖefia 12:12.

Ne èdi be yeanye Mawu xɔlɔ̃ la, mele be nàwɔ nusi Satana di be nàwɔ o. Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo lé fu Yehowa. Mawu ƒe futɔwoe wonye, eye wodi be yewoana nàzu Mawu ƒe futɔ. Ele be nàtia amesi ŋu nèdi be yeadze—Satana loo alo Yehowa. Ne èdi be yeanɔ agbe tegbee la, ke ele be nàtia Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ. Ayemɔ geɖe le Satana si siwo dzi wòtona blea amewo. Ele ame akpa gãtɔ blem.—Nyaɖeɖefia 12:9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe