INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gf nusɔsrɔ̃ 11 axa 18-19
  • Tsri Alakpasubɔsubɔ!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsri Alakpasubɔsubɔ!
  • Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Alakpasubɔsubɔhawo Ƒo Ði Mawu Ƒe Ŋkɔe
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ɣeyiɣi Si Me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða La Ðo Vɔ!
    Ɣeyiɣi Si Me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða La Ðo Vɔ!
  • Ðe Subɔsubɔhawo Katã Dzea Mawu Ŋua?
    Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
  • Nu Kae Nye Nya Nyui Si Ku Ðe Subɔsubɔhawo Ŋu?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
Kpɔ Bubuwo
Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
gf nusɔsrɔ̃ 11 axa 18-19

NUSƆSRƆ̃ 11

Tsri Alakpasubɔsubɔ!

Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo medi be nàsubɔ Mawu o. Wodi be ne yewoate ŋui la, yewoatrɔ amesiame ɖa tso Mawu ŋu. Mɔ ka nue wodzea agbagba wɔa esia le? Mɔawo dometɔ ɖekae nye alakpasubɔsubɔ. (Korintotɔwo II, 11:13-15) Ne subɔsubɔha aɖe mefiaa nyateƒe si tso Biblia me o la, ke alakpasubɔsubɔe. Alakpasubɔsubɔ le abe ga manyomanyo ene—adze ga nyui, gake viɖe mele eŋu o. Ate ŋu ana nàge ɖe kuxi geɖe me.

Atsu kple asi aɖe le gbe dom ɖa le sɔleme

Subɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔwɔ mate ŋu adze Yehowa, nyateƒe Mawu la ŋu gbeɖe o. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, subɔsubɔha aɖe nɔ anyi si me nɔlawo di be yewoawui. Wosusu be yewoƒe subɔsubɔa nye nyuitɔ. Wogblɔ be: “Fofo ɖekae li na mí, eyae nye Mawu.” Ðe Yesu lɔ̃ ɖe edzi na woa? Ao! Egblɔ na wo bena: “Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me.” (Yohanes 8:41, 44) Egbea la, ame geɖe susu be yewole Mawu subɔm, gake le nyateƒe me la, Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔm wole!—Korintotɔwo I, 10:20.

Abe alesi ati manyomanyo tsea ku manyomanyoe ene la, nenema ke alakpasubɔsubɔ naa emenɔlawo nyea nugbegblẽwɔlawoe. Xaxa bɔ ɖe xexeame fũ le nu gbegblẽ siwo amewo wɔna ta. Agbegbegblẽnɔnɔ, avuwɔwɔ, fififi, ameteteɖeanyi, amewuwu, kple amewo gbɔ dɔdɔ sesẽe le edzi yim. Nugbegblẽwɔla siawo dometɔ geɖe le subɔsubɔha aɖe me, gake woƒe subɔsubɔha meʋãa wo be woawɔ nu nyui o. Womate ŋu anye Mawu xɔlɔ̃wo o negbe ɖe wodzudzɔ nugbegblẽwɔwɔ ko hafi.—Mateo 7:17, 18.

Alakpasubɔsubɔ fiaa amewo be woado gbe ɖa na legbawo. Mawu gblɔ be míagado gbe ɖa na legbawo o. Susu le nya sia me. Adzɔ dzi na wò ne ame aɖe meƒoa nu na wò gbeɖe o gake wòƒoa nu na wò nɔnɔmetataa? Ame ma ate ŋu anye xɔlɔ̃ vavã na wòa? Ao, mate ŋu anyee o. Yehowa di be amewo naƒo nu na ye ke menye na legba alo nɔnɔmetata aɖe si me agbe mele o.—Mose II, 20:4, 5.

Asrafowo lé tuwo ɖe asi

Alakpasubɔsubɔha fiaa nu be megblẽ naneke ne wowu amewo le aʋawɔwɔ me o. Yesu gblɔ be Mawu xɔlɔ̃wo alɔ̃ wo nɔewo. Míewua míaƒe lɔlɔ̃tɔwo o. (Yohanes 13:35) Menyo gɔ̃ hã be míawu nuvlowɔlawo o. Esi Yesu ƒe futɔwo va be yewoalée la, meɖe mɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ aʋa aʋli ye ta o.—Mateo 26:51, 52.

Alakpasubɔsubɔha fiaa nu be ame vɔ̃ɖiwo anɔ dzomavɔ me akpe fu. Gake Biblia ya fia nu be ku mee nuvɔ̃wɔwɔ kplɔa ame yinae. (Romatɔwo 6:23) Lɔlɔ̃ Mawue Yehowa nye. Ðe lɔlɔ̃ Mawu awɔ funyafunya amewo tegbetegbea? Le nyateƒe me la, mawɔe nenema o! Subɔsubɔha ɖeka si dzi Yehowa da asi ɖo ɖeɖekoe anɔ Paradisoa me. (Nyaɖeɖefia 15:4) Subɔsubɔ ɖesiaɖe si wotu ɖe Satana ƒe alakpanuwɔna dzi nu ayi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe