Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 37 Lia
Na Amewo Katã Le Xexeame
Ɣeyiɣi Si Me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða La Ðo Vɔ!
▪ Nukae nye alakpasubɔsubɔ?
▪ Aleke woaɖee ɖae?
▪ Aleke esia aka wòe?
Nukae nye alakpasubɔsubɔ?
Ðe nu vlo siwo amesiwo gblɔna be mawusubɔlawoe yewonye wɔna la ɖea fu na wòa? Ðe nèsena le ɖokuiwò me be amesiwo gblɔna be yewosubɔa Mawu la ƒe aʋawɔwɔ, amewo dzi dzedze ŋɔdzitɔe, kple nufitifitiwɔwɔ mesɔ oa? Nukatae wòdze abe mawusubɔsubɔe le kuxi gbogbotɔwo hem vɛ ene? Menye subɔsubɔhawo katãe wɔa nusiawo o, ke boŋ alakpasubɔsubɔhawoe. Yesu Kristo, Mawu subɔla si ŋu wodea bubui le xexeame katã, gblɔ be alakpasubɔsubɔ nana amewo wɔa nu manyomanyo, abe alesi ko “ati manyomanyo tsea ku manyomanyo” ene. (Mateo 7:15-17) Ku kae alakpasubɔsubɔ tsena?
Alakpasubɔsubɔ . . .
◼ KPƆA GOME LE AƲAWƆWƆ KPLE DUNYAHEHE ME: Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Asiaweek gblɔ be: “Esi subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo le Asia kple teƒe bubuwo, siwo le ŋusẽnɔƒe geɖe dim la, nya be mawusubɔsubɔ ƒe didi le amewo me ta la, wole wo trɔm to eme hena woa ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ.” Eyata nyadzɔdzɔgbalẽa na nyanya be: “Ewɔ abe xexeame katã atɔ zi kpuie ene.” Subɔsubɔhaŋgɔnɔla xɔŋkɔ aɖe si le Amerika gblɔ nusi wòsusu be akpɔ amewo wuwu ƒe kuxia gbɔe ale: “Ele be miawu amesiwo dzea amewo dzi ŋɔdzitɔe la katã hafi amewuwua nu natso. Miwu wo katã le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.” Gake Biblia ya gblɔ be: “Ne ame aɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye.” (Yohanes I, 4:20) Yesu gblɔ gɔ̃ hã be: ‘Milɔ̃ miaƒe ketɔwo.’ (Mateo 5:44) Subɔsubɔha nenie nènya, siwo me tɔwo kpɔa gome le aʋawɔwɔ me?
◼ FIAA ALAKPANUWO: Subɔsubɔha gbogbotɔ fiaa nu be luʋɔ alo gbɔgbɔ nye nu makpɔmakpɔ aɖe si dona le ame me, ɖanɔa agbe le teƒe aɖe ne amea ku. Subɔsubɔha siawo dometɔ geɖe toa alakpanufiafia sia dzi tafaa woƒe hameviwo hexɔa ga le wo si be yewoado gbe ɖa ɖe luʋɔ siwo do le kukuawo me la ta. Gake Biblia ya fia nu be: ‘Luʋɔ si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.’ (Xezekiel 18:4) Egblɔ hã be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Yesu fia nu be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre, si fia be ne ɖe luʋɔ si mekuna o le amegbetɔwo me la, anye ne tsitretsitsia mahiã kura o. (Yohanes 11:11-25) Ðe wofiaa nu le wò subɔsubɔha me be luʋɔ la mekuna oa?
◼ DAA ASI ÐE AGBEGBEGBLẼNƆNƆ DZI: Le dukɔ aɖewo me la, sɔlemehawo ɖoa ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo kpakple nyɔnu siwo dɔna kple nyɔnuwo la nunɔlawo alo osɔfowoe, eye woƒonɛ ɖe dziɖuɖuwo nu be woalɔ̃ ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu naɖe wo nɔewo. Sɔlemeha siwo ƒoa nu tsia tre ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu gɔ̃ hã ɖe mɔ hakplɔla siwo dɔ ɖeviwo gbɔ la gakpɔtɔ le ɖoƒe ma. Gake nukae Biblia ya fia? Egblɔe eme kɔ be: “Migana woable mi o. Ahasiwɔlawo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo . . . la, womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Ènya subɔsubɔha siwo daa asi ɖe agbegbegblẽnɔnɔ dzi la dometɔ aɖewoa?
Nukae ava dzɔ ɖe subɔsubɔha siwo tsea ku manyomanyo la dzi? Yesu na míenya be: “Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.” (Mateo 7:19) Ẽ, woatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo ɖa keŋkeŋ! Gake ɣekaɣie nusia adzɔ, eye aleke wòadzɔe? Ŋutega aɖe si nye nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖe Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia, ta 17 kple 18 me la ɖo nya siawo ŋu.
Aleke woawɔ aɖe alakpasubɔsubɔ ɖae?
Kpɔ nusia ɖa le susu me ko. Gbolo aɖe nɔ anyi ɖe lã ɖivɔvɔ̃ aɖe dzi. Lãa to ta adre kple dzo ewo. (Nyaɖeɖefia 17:1-4) Gboloa kpɔa ŋusẽ “ɖe anyigba dzi fiawo dzi.” Edo awu dzẽ, esi ami ʋeʋĩwo, eye kesinɔnuwo bɔ ɖe esi taŋ. Gakpe ɖe eŋu la, eto eƒe gbɔgbɔyɔyɔ dzi ‘ble dukɔwo katã.’ (Nyaɖeɖefia 17:18; 18:12, 13, 23) Nukae gboloa nye kpɔɖeŋu na? Biblia kpe ɖe mía ŋu míenya be gbolo sia nye xexeame katã ƒe subɔsubɔhabɔbɔ. Gake menye subɔsubɔha ɖeka aɖe koe wònye o, ke boŋ subɔsubɔha siwo katã tsea ku manyomanyo lae.
Lã si dzi gboloa nɔ anyi ɖo lae nye xexeame ƒe dunyahedziɖuɖuwo.a (Nyaɖeɖefia 17:10-13) Alakpasubɔsubɔhawo nɔ anyi ɖe dunyahedziɖuɖuwo dzi le mɔ sia nu be wokpɔa ŋusẽ ɖe woƒe nyametsotsowo kple nuwɔnawo dzi.
Gake eteƒe madidi o, nu wɔnuku aɖe adzɔ. “Dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.” (Nyaɖeɖefia 17:16) Gbeɖeka kple zãdodo ko la, xexeame dunyahedziɖuɖuwo adze alakpasubɔsubɔhawo dzi le dziku me ahatsrɔ̃ wo ɖa gbidii! Nukae ana woawɔ nusia? Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ɖo eŋu be: ‘Mawu tsɔe de woƒe dzi me, bene woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi.’ (Nyaɖeɖefia 17:17) Mawu adrɔ̃ ʋɔnu alakpasubɔsubɔ ɖe ŋukpenanu siwo wòwɔ le Mawu ƒe ŋkɔ me ta. Azã dunyahedziɖuɖu siwo wòwɔ ɖeka kpli tsã la atsɔ ahe to si wòdze na la nɛ.
Ne mèdi be afɔku si adzɔ ɖe alakpasubɔsubɔhawo me nɔlawo dzi la nadzɔ ɖe ye hã dzi o la, nukae wòle be nàwɔ? Mawu to mawudɔla aɖe dzi xlɔ̃ nu be: “Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me.” (Nyaɖeɖefia 18:4) Nyateƒee, fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be nàdo go tso alakpasubɔsubɔ me! Gake afikae nàdo go ayii? Menye mawudzimaxɔselawo dome o, elabena etsɔme nyui aɖeke meli na woawo hã o. (Tesalonikatɔwo II, 1:6-9) Afisi nàte ŋu ayi anɔ dedie le koe nye subɔsubɔha vavãtɔ me tɔwo dome. Aleke nàwɔ anya subɔsubɔha vavãtɔ la?
Alesi nàwɔ anya subɔsubɔha vavãtɔ la
Ku nyui kae wòle be subɔsubɔha vavãtɔ la natse?—Mateo 7:17.
Subɔsubɔha Vavãtɔ . . .
◼ ME TƆWO LƆ̃A WO NƆEWO: Mawu subɔla vavãwo ‘menye xexeame ƒe akpa aɖeke o,’ mama mele wo dome le woƒe ŋutigbalẽ kple dekɔnuwo ƒe vovototo ta o, ke boŋ ‘lɔlɔ̃ le wo dome.’ (Yohanes 13:35; 17:16; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Womewua wo nɔewo o, ke boŋ wolɔ̃na faa be yewoaku ɖe yewo nɔewo ta.—Yohanes I, 3:16.
◼ KANA ÐE MAWU ƑE NYA LA DZI: Subɔsubɔha vavãtɔ tua eƒe nufiafiawo ɖe Mawu ƒe Nya Biblia dzi tsɔ wu be wòanɔ ‘kɔnyinyiwo’ kple ‘amewo ƒe sededewo fiam.’ (Mateo 15:6-9) Nukatae? Elabena ‘Ŋɔŋlɔawo katã tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wonyo na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo.’—Timoteo II, 3:16.
◼ NANA ƑOMEGBENƆNƆ VIVINA EYE WÒNANA AMEWO NƆA AGBE NYUI:
Subɔsubɔha vavãtɔ naa hehe srɔ̃ŋutsuwo be ‘woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene,’ ekpena ɖe srɔ̃nyɔnuwo ŋu be ‘woade bubu deto wo srɔ̃wo ŋu,’ eye wòfiaa ɖeviwo be ‘woaɖo to wo dzilawo.’ (Efesotɔwo 5:28, 33; 6:1) Gakpe ɖe eŋu la, ele be amesiwo xɔa ŋgɔ le eme la nanye agbenyuinɔlawo.—Timoteo I, 3:1-10.
Ðe subɔsubɔha aɖe te ŋu wɔa nusiawoa? Agbalẽ si nye Holocaust Politics, si wota le ƒe 2001 me, gblɔ be: “Ne ɖe ame geɖe wɔa nusiwo Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒãe henɔa agbe ɖe enu la, anye ne Nazitɔwo metsrɔ̃ Yudatɔ gbogbo aɖewo le Xexemeʋa II lia me o, eye anye ne ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa ƒe nya magaɖi le xexeame o.”
Le nyateƒe me la, menye ɖeko Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã le dukɔ 235 me be amewo nenɔ agbe nyui ko o—woa ŋutɔwo hã wonɔnɛ. Míele dzi dem ƒo na wò be nàbia Yehowa Ðasefowo be woakpe ɖe ŋuwò nànya nusi dim Mawu le tso asiwò, ale be nàte ŋu asubɔe le mɔ nyuitɔ nu. Ewɔɣi koe nye esia. Mègahe ɖe megbe kura o. Ɣeyiɣi si woaɖe alakpasubɔsubɔ ɖa la ɖo vɔ!—Zefanya 2:2, 3.
Ne èdi be yeaxɔ nyatakaka bubuwo tso Biblia me nya siwo Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒãe ŋu la, àte ŋu azã adrɛs si le ete atsɔ aŋlɔ agbalẽ na wo faa.
□ Medi be miaɖo Minɔ Ŋudzɔ! ƒe agbalẽ ɖeka ɖem.
□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Àkpɔ nya sia ŋuti numeɖeɖe geɖe le agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, si Yehowa Ðasefowo ta, me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]
Alakpasubɔsubɔ kpɔa ŋusẽ “ɖe anyigba dzi fiawo dzi”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]
“Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me”