INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be axa 21-axa 26 mm. 5
  • Do Vevie Nuxexlẽ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Do Vevie Nuxexlẽ
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wɔ Mɔnukpɔkpɔa Ŋudɔ Nyuie
  • Xlẽ Nu Kple Nukpɔsusu Nyuitɔ
  • Ne Nuxexlẽa Le Tsɔtsɔm Alo Le Blewu
  • Srɔ̃ Alesi Wò Susu Katã Nanɔ Nuxexlẽa Ŋui
  • Dutoƒonuxexlẽ
  • Di Ɣeyiɣi na Nuxexlẽ
  • Viɖekpɔkpɔ Tso Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Biblia Xexlẽ—Viɖe Le Eŋu Eye Wòvivina
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nɔ Agbalẽxexlẽ dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Fia Nu Ame Siwo Menya Nuxexlẽ Nyuie O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be axa 21-axa 26 mm. 5

Do Vevie Nuxexlẽ

NUSI wɔm nèle fifi laa la, lãwo ya mate ŋu awɔe o. Le ame 6 ɖesiaɖe me la, ame ɖeka li si mesrɔ̃ nuxexlẽ o—zi geɖe la, esi mɔnukpɔkpɔ mesu esi wòade suku o tae—eye le amesiwo nya nuxexlẽ gome la, wo dometɔ geɖe mexlẽa nu edziedzi o. Evɔ ne ènya agbalẽxexlẽ la, esia awɔe wòanɔ abe ɖe nèle mɔ zɔm yi du bubuwo me hele go dom ame bubu siwo ƒe agbenɔnɔ ate ŋu awɔe tɔwò nagavivi nuwò geɖe wu ene, eye sidzedze adodoe asu asiwò be nàtsɔ akpɔ agbemenyawo gbɔe.

Nɔnɔmetata si le axa 22

Nusiwo nèxlẽna na viwòwo ate ŋu atrɔ asi le woƒe nɔnɔme ŋu

Alesi sɔhɛ aɖe bi ɖe nuxexlẽ mee la kpɔa ŋusẽ ɖe viɖe si wòakpɔ tso eƒe sukudede me dzi. Ne ele dɔ dim la, eƒe nuxexlẽ ŋutete ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dɔ si ƒomevi wòakpɔ awɔ kple gaƒoƒo alesinu wòatsɔ awɔ dɔe hafi akpɔ nu aɖu la dzi. Nyɔnu aƒedzikpɔla siwo nya nuxexlẽ nyuie la te ŋu léa be na woƒe ƒomewo nyuie wu le nunyiame nana wo, dzadzɛnyenye, kple mɔxexe na dɔléle gome. Vidada siwo nye nuxlẽla nyuiwo hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ tɔxɛ aɖe ɖe wo viwo ƒe agbalẽnyanya dzi.

Edze ƒã be viɖe gãtɔ kekeake si nàkpɔ le nuxexlẽ mee nye be akpe ɖe ŋuwò “wò asi atu sidzedze Mawu.” (Lod. 2:5) Mɔ vovovo siwo dzi míetona subɔa Mawu la bia be míanya nuxexlẽ. Woxlẽa Ŋɔŋlɔawo kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo le hame ƒe kpekpewo. Alesi nèxlẽa nui la kpɔa ŋusẽ deŋgɔ aɖe ɖe tsɔɖui si anɔ wò gbeadzisubɔsubɔdɔ me dzi. Eye dzadzraɖo na dɔwɔna siawo bia nuxexlẽ. Le susu ma ta, nɔnɔme si le asiwò ɖe nuxexlẽ ŋu la kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe alesi nàtsi le gbɔgbɔ mee dzi.

Wɔ Mɔnukpɔkpɔa Ŋudɔ Nyuie

Nɔnɔmetata si le axa 22

Srɔ̃ alesi nàxlẽ nu kple seselelãme le dutoƒo

Ame aɖewo siwo le nu srɔ̃m tso Mawu ƒe mɔwo ŋu la ƒe agbalẽnyanya mede ŋgɔ o. Ahiã be woafia nuxexlẽ wo be woƒe ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me nanyo ɖe edzi. Alo ahiã be ame aɖe nakpe ɖe wo ŋuti be woƒe nuxexlẽ nagayi ŋgɔ wu. Afisi wòhiã le la, hameawo tea kpɔ ɖoa agbalẽsrɔ̃sukuwo, esiwo me wozãa agbalẽ si nye Apply Yourself to Reading and Writing (Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ) le. Ðoɖo sia ɖe vi na ame akpe nanewo ale gbegbe. Le nuxexlẽ nyuie ƒe vevienyenye ta, hame aɖewo wɔa ɖoɖo hena ŋgɔdede le nuxexlẽ me ƒe suku, si wowɔna esime Teokrasi Subɔsubɔ Sukua le edzi yim. Afisiwo womewɔa suku sia tɔgbe le o kura gɔ̃ hã, ame ate ŋu awɔ ŋgɔyiyi nyui ne ezãa ɣeyiɣi aɖe gbesiagbe xlẽa nu kple gbe si kɔ dzi, eye wòdea Teokrasi Subɔsubɔ Sukua edziedzi hekpɔa gome le eme.

Ewɔ nublanui be modzakaɖegbalẽwo kple television, kpakple nu bubuwo na ame geɖe ŋe aɖaba ƒu nuxexlẽ dzi le woƒe agbe me. Television kpɔkpɔ kple nu ʋɛ aɖe ko xexlẽ ate ŋu axe mɔ na ame ƒe ŋgɔyiyi le nuxexlẽ ŋutete kpakple tamebubu ŋutete me, eye agate ŋu axe mɔ na amea ƒe ŋutete be wòaɖe susu kple ame ahaƒo nu eme nakɔ hã.

“Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” taa agbalẽ siwo kpena ɖe mía ŋu be míase Biblia gɔme na mí. Nyatakaka xɔasi gbogbo aɖewo le agbalẽ siawo me ku ɖe gbɔgbɔmenu veviwo ŋu. (Mat. 24:45; Kor. I, 2:12, 13) Wonana míedzea si xexemenudzɔdzɔ vevi siwo le edzi yim egbea kple nusi wofia, azɔ wokpena ɖe mía ŋu be míanya nu geɖe tso xexeme si ƒo xlã mí godoo la ŋu, eye wofiaa mɔ siwo dzi míato anɔ te ɖe míaƒe agbemenyawo nu mí. Ƒo wo katã ta la, wofiaa alesi míasubɔ Mawu wòadze eŋu eye wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la mí kɔte. Nuxexlẽ tuameɖo sia akpe ɖe ŋuwò nàtsi azu gbɔgbɔmeme.

Ke hã nuxexlẽ nyuie ƒe ŋutete ɖeɖe mesu o. Ele be woazã ŋutete sia ɖe mɔ nyuitɔ nu. Abe alesi wòle le nuɖuɖu gome ene la, menye nusianu koe wòle be woaxlẽ o. Nukatae nàɖu nu si me amenyinu ŋutɔŋutɔ aɖeke mele o alo nusi me aɖi le? Nenema ke neganye ɣeyiɣi kpui aɖee hã, nukata nàxlẽ nusi ate ŋu agblẽ nu le wò susu kple dzi ŋu? Biblia ƒe gɔmeɖosewoe wòle be wòanye dzidzenu si míatsɔ adzidze nusianu si míetia be míaxlẽ la ƒe nyonyo alo manyomanyoe. Hafi nàtso nya me le nusi nàxlẽ ŋu la, na mawunyakpukpui siawo nanɔ susu me na wò: Nyagblɔla 12:12, 13; Efesotɔwo 4:22-24; 5:3, 4; Filipitɔwo 4:8; Kolosetɔwo 2:8; Yohanes 1, 2:15-17; kple Yohanes II, 10.

Xlẽ Nu Kple Nukpɔsusu Nyuitɔ

Nukpɔsusu nyuitɔ si anɔ mía si ne míele nu xlẽm la ƒe vevienyenye va dzena ƒã ne míedzro Nyanyuigbalẽawo me. Le kpɔɖeŋu me, le Mateo ƒe Nyanyuia me la, míakpɔe be hafi Yesu natso Ŋɔŋlɔawo me aɖo nya ŋu na subɔsubɔhakplɔla bibi siwo bia nyae aɖaŋutɔe la, edoa ŋgɔ biana be: “Alo miexlẽe kpɔ . . . o mahã?” Egabiana hã be: “Alo miexlẽe kpɔ bena . . . oa?” (Mat. 12:3, 5; 19:4; 21:16, 42; 22:31) Nane si míesrɔ̃ le esia mee nye be ne nukpɔsusu si míetsɔ le nua xlẽmee mesɔ o la, míawɔ nyametsotso siwo mesɔ o, alo míase egɔme bubui kura. Farisitɔwo nɔa Ŋɔŋlɔawo xlẽm elabena wobu be woato wo dzi akpɔ agbe mavɔ. Yesu na eme kɔ ƒã be wometsɔa teƒeɖoɖo ma naa amesiwo melɔ̃ Mawu heda asi ɖe Eƒe mɔnuɖoɖo hena agbexɔxɔ dzi o. (Yoh. 5:39-43) Ðokuitɔdidi ƒe susue nɔ Farisitɔwo si; eyatae woƒe nyataƒoƒo geɖe mesɔ o ɖo.

Lɔlɔ̃ na Yehowa ye nye susu nyuitɔ kekeake si ate ŋu anɔ mía si hena eƒe Nyaa xexlẽ. Lɔlɔ̃ sia ʋãa mí be míasrɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, elabena lɔlɔ̃ “kple nyateƒee dzɔa dzi.” (Kor. I, 13:6) Ne nuxexlẽ medzɔa dzi na mí tsã o hã, lɔlɔ̃ na Yehowa kple míaƒe “tamesusu blibo” aʋã mí be míawɔ míaƒe susu ŋudɔ kutrikukutɔe be sidzedze Mawu nasu mía si. (Mat. 22:37) Lɔlɔ̃ nyɔa ɖetsɔleme ɖe mía me, eye ɖetsɔleme nana nusɔsrɔ̃ dzroa ame vevie.

Ne Nuxexlẽa Le Tsɔtsɔm Alo Le Blewu

Nuxexlẽ kple dzesidede nu ye zɔna aduadu. Fifi laa si nèle nu xlẽm la, èle nyawo kpɔm dze sii hele ŋku ɖom nusi nya siawo fia la dzi. Wò nuxexlẽ agatsɔ wu ne wò ŋku kpɔa nya siwo sɔ gbɔ vie zi ɖeka. Be nànɔ tɔtɔm ne èkpɔ nya ɖesiaɖe teƒe la, dze agbagba wò ŋku nakpɔ nya geɖe zi ɖeka. Ne ètea ŋu yia edzi wɔa esia la, àkpɔ be yesea nusi yexlẽna la gɔme nyuie wu.

Nɔnɔmetata si le axa 24

Nuxexlẽ ɖekae nana ƒomea tena ƒoa ƒu

Gake ne èle nusi goglo wu xlẽm ya la, viɖe siwo nàkpɔ tso wò agbagbadzedzeawo me la agade ŋgɔ wu ne èzã mɔnu bubu. Esi Yehowa nɔ nu xlɔ̃m Yosua le Ŋɔŋlɔawo xexlẽ ŋu la, egblɔ be: “Mègaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye ele be nàxlẽe kple gbe blewu.” (Yos. 1:8, NW) Woƒoa nu kple gbe blewu zi geɖe ne ame le ŋugble dem. Eyata wogaɖe Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “nàxlẽe kple gbe blewu” la gɔme hã be ‘nàde ŋugble le eŋu.’ (Ps. 63:7; 77:13; 143:5) Ne ame le ŋugble dem la, ebua tame yina eme ʋĩ; menɔa kplakplakpla dzi o. Ne míele nu xlẽm ŋugblededetɔe alea la, enana Mawu ƒe Nya la gawɔa dɔ ɖe míaƒe dzi kple susu dzi wòdea to wu. Nyagblɔɖi, nuxlɔ̃ame, lododowo, hakpanyawo, Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃nyawo, Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu nya vovovowo, kple amesiwo nɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu gbogbo aɖewo—esiawo katã le Biblia me—eye wo katã wonye viɖenu gã aɖe na amesiwo di be yewoazɔ Yehowa ƒe mɔwo dzi. Aleke gbegbe wòɖea vie nye si be nàxlẽ Biblia le mɔ si nu wòate ŋu awɔ dɔ aɖo wò susu kple wò dzi ƒe gogloeaƒe ke!

Srɔ̃ Alesi Wò Susu Katã Nanɔ Nuxexlẽa Ŋui

Nɔnɔmetata si le axa 22

Wò nɔnɔme ɖe nuxexlẽ ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe wò tsitsi le gbɔgbɔ me dzi

Ne èle nu xlẽm la, tsɔe abe ɖe nèle nusi gblɔm wole la teƒe ene. Dze agbagba nàkpɔ ameawo ɖa le susu me, eye se nusiwo le dzɔdzɔm ɖe wo dzi le agbe me le ɖokuiwò me. Míagblɔ be esia le bɔbɔe ne èle nudzɔdzɔ abe esi ku ɖe Dawid kple Goliat ŋu ene xlẽm, abe alesi woŋlɔe ɖe Samuel I, ta 17 lia me ene. Gake nya vovovo siwo wogblɔ le Mose II kple Mose III ku ɖe avɔgbadɔa tutu alo nunɔlawo ɖoɖo ŋu kura gɔ̃ hã aganye nu ŋutɔŋutɔ le susu me na wò wu ne èkpɔ avɔgbadɔa ƒe didime, kekeme, kple eƒe kɔkɔme hekpe ɖe nusiwo wotsɔ wɔe ŋu ɖa le susu me alo nèse dzudzɔ ʋeʋẽe si wodo, bli si wotɔ, kple lã siwo wotsɔ sa vɔe la ƒe ʋeʋẽ abe ɖe wòle dzɔdzɔm fifi laa ene. Bu alesi gbegbe wòahawɔ dɔ ɖe ame dzii be woawɔ nunɔladɔwo ŋu kpɔ! (Luka 1:8-10) Ne ètsɔ wò sidzenuwo kple wò seselelãme de nuxexlẽa me alea la, akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ nusi xlẽm nèle la ƒe vevienyenye adze sii, eye esiawo akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku nu dzi kaba.

Gake ne mèkpɔ nyuie o la, wò susu anɔ tsatsam ne èdi be yeaxlẽ nu. Wò ŋku anɔ agbalẽa dzi kpɔm, gake wò susu ya anɔ afi bubu. Wole ha ƒoma? Wosi television da ɖia? Ƒomea me tɔwo le nu ƒoma? Anyo ŋutɔ ne woxlẽ nu le afisi ɖoɖoezizi le, ne anya wɔ. Gake ate ŋu anɔ eme be nusi ahe wò susu la atso ememe. Ðewohĩ èwɔ dɔ geɖe le ŋkekea me. Aleke gbegbe wòle bɔbɔe be nusiwo dzɔ le ŋkekea me la natrɔ ava wò susu me bibibi enye si! Enyo be nàdzro ŋkekea ƒe nudzɔdzɔwo me le susu me ya—gake menye le ɣeyiɣi si me nèle nu xlẽm o. Ðewohĩ gbã la, wò susu le nusi xlẽm nèle la ŋu, alo ɖewohĩ èdze nuxexlẽa gɔme kple gbedodoɖa kura gɔ̃ hã. Gake esi nèle nua xlẽm azɔ la, wò susu va le tsatsam tso afii yi afii. Mègana ta o. Mla ɖokuiwò be wò susu katã nanɔ nusi xlẽm nèle la ŋu bliboe. Vivivi ànɔ ŋgɔyiyi kpɔm.

Nukae nèwɔna ne èdo go nya aɖe si gɔme mèse o? Ate ŋu anɔ eme be wokɔ nya siwo gɔme mèse o la dometɔ aɖewo me le nuxexlẽa ŋutɔ me alo be woƒo nu tso wo ŋu. Alo ate ŋu anye be wò ŋutɔ èse nyaa gɔme xoxo le alesi woƒo nu tso eŋuti le nuxexlẽa mee ta. Ema manɔmee la, ke di ɣeyiɣi nàdi nyaa le nyagɔmeɖegbalẽ me, ne ɖe li, alo be nàde dzesi nyaa ale be nàbia ame aɖe emegbe ne wòaɖe egɔme na wò. Esia awɔe nàganya nya geɖe akpee, eye ana be ne èle nu xlẽm la, àgase egɔme geɖe wu.

Dutoƒonuxexlẽ

Nɔnɔmetata si le axa 22

Yi edzi nàdo vevie dutoƒonuxexlẽ

Esi apostolo Paulo gblɔ na Timoteo be nenɔ nuxexlẽ dzi la, nusi ŋu Paulo nɔ nu ƒom le kã enye nuxexlẽ hena ame bubuwo ƒe viɖe. (Tim. I, 4:13) Dutoƒonuxexlẽ si de edeƒe la bia nu geɖe wu nyawo yɔyɔ ko tso agbalẽ me. Ele be nuxlẽlaa nase nyaawo gɔme eye wòaŋɔ ɖe nusi gblɔm nyaawo le la me. Ne ewɔ ema ko hafi wòate ŋu axlẽ nua susua nadze nyuie eye seselelãmea nasɔ pɛpɛpɛ. Edze ƒã be esia hiã na dzadzraɖo blibo kple ewɔwɔ kpɔ zi geɖe. Eyatae Paulo xlɔ̃ nu be: “Yi edzi nàdo vevie dutoƒonuxexlẽ.” (NW) Àxɔ nuxexlẽ ƒe aɖaŋu ŋuti hehe vevi le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua.

Di Ɣeyiɣi na Nuxexlẽ

“Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ; ke amesi tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.” (Lod. 21:5) Aleke gbegbe ema nye nyateƒee le míaƒe didi be míaxlẽ nu gome! Be wòanye “viɖe” na mí la, ele be míawɔ ɖoɖo moveviɖoɖotɔe ale be nu bubuwo nagaxɔ nuxexlẽ ƒe ɣeyiɣia le mía si o.

Ɣekaɣie nèxlẽa nu? Ðe nuxexlẽ ŋdi kanya ɖea vi na wòa? Alo ènɔa ŋute wu le ŋkekea mea? Ne àte ŋu àwɔ aɖabaƒoƒo 15 alo 20 ko ŋudɔ gbesiagbe atsɔ axlẽ nui la, nusi nàte ŋu awɔ le go sia me dzidzedzetɔe la awɔ nuku na wò. Ewɔwɔ edziedzie nye nyaa.

Nukatae Yehowa wɔ tiatia nenema be woaŋlɔ yeƒe tameɖoɖo wɔnukuwo ɖe agbalẽ me? Ne amewo nate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le eƒe Nya si woŋlɔ ɖi la me tae. Esia wɔnɛ be woabu Yehowa ƒe nu dzɔtsuwo ŋu ahaƒo nu tso wo ŋu na wo viwo, eye woaɖo ŋku Mawu ƒe nuwɔwɔwo dzi ɣeawokatãɣi. (Ps. 78:5-7) Míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe dɔmenyonyo ŋu le nya sia me aɖe dzesi keŋkeŋ to vevi si míado eƒe Agbenya la xexlẽ me.

NUKAWOE LE WÒ NUXEXLẼ ƑE ÐOÐOA ME?

  • Bibliae xɔ nɔƒe gbãtɔ le wò nuxexlẽɖoɖo mea?

  • Èxlẽa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! edziedzia?

  • Èxlẽa Biblia-srɔ̃gbalẽ yeyewo ne wodo teti koa?

  • Ne wotsɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ na wò la, èxlẽa nusiwo le eme be wòakpe ɖe ŋuwò le wò subɔsubɔdɔa mea?

  • Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ xoxo nenie nèxlẽ va yi?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe