INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 5/15 axa 10-15
  • Nɔ Agbalẽxexlẽ dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔ Agbalẽxexlẽ dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Dzidzɔtɔe Nye Amesi Xlẽa Nu Sesĩe’
  • Bu Eŋu Vevie Nàde Ŋugble le Eŋu
  • Tsɔ Nya Vevi Yeyewo Sɔ Kple Xoxoawo
  • Kpɔ Ŋɔŋlɔawo me Nudzɔdzɔwo le Susu Me
  • Nufiame Veviwo Sɔsrɔ̃
  • Ƒome Biblia Xexlẽ Neɖe Vi na Wò
  • Nuxexlẽ Kple Kristotɔwo ƒe Subɔsubɔdɔa
  • Do Vevie Nuxexlẽ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Viɖekpɔkpɔ Tso Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Biblia Xexlẽ—Viɖe Le Eŋu Eye Wòvivina
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Dzi Nedzɔ Wò ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu Vevie
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 5/15 axa 10-15

Nɔ Agbalẽxexlẽ dzi

“Nɔ agbalẽxexlẽ kple nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia dzi, halase esime mava.”—TIMOTEO I, 4:13.

1. Aleke Biblia xexlẽ ate ŋu aɖe vi na míi?

YEHOWA MAWU tsɔ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃ ƒe ŋutete wɔnuku na ameƒomea. Etsɔ eƒe Nya, Biblia, hã na mí ale be wòate ŋu afia nu mí nyuie. (Yesaya 30:20, 21) Le kpɔɖeŋumɔ nu la, emenyawo na míete ŋu ‘zɔna’ kple blemafofo mawuvɔ̃lawo abe Abraham, Isak, kple Yakob ene. Míete ŋu ‘kpɔa’ nyɔnu mawuvɔ̃lawo abe Sara, Rebeka, kple Moabitɔ Rut nuteƒewɔla la ene. Ẽ, eye míete ŋu ‘senɛ’ be Yesu Kristo le eƒe Todzimawunya la gblɔm. Dzidzɔ kple nufiame nyui siawo siwo tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me la katã ate ŋu asu mía si ne míenye nuxlẽla nyuiwo.

2. Nukae ɖee fia be Yesu kple eƒe apostolowo te ŋu xlẽ nu nyuie?

2 Ðikeke mele eme o be nuxexlẽ ƒe ŋutete nyui aɖe nɔ ame deblibo Yesu Kristo si, eye enye nyateƒe be enya Hebri Ŋɔŋlɔawo hã nyuie. Eyata esime Abosam te Yesu kpɔ la, eyɔ nya tso wo me enuenu hegblɔ be, “Woŋlɔ ɖi bena.” (Mateo 4:4, 7, 10) Gbeɖeka le ƒuƒoƒe le Nazaret la, exlẽ Yesaya ƒe nyagblɔɖi ƒe akpa aɖe eye wòɖe alesi wòku ɖe eyama ŋui me. (Luka 4:16-21) Ke Yesu ƒe apostolowo ya ɖe? Woyɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me zi geɖe le woƒe agbalẽwo me. Togbɔ be Yuda-dziɖulawo bu Petro kple Yohanes agbalẽmanyalawo kple ame tsɛwoe le esi womexɔ hehe le Hebritɔwo ƒe agbalẽsrɔ̃suku kɔkɔawo me o ta hã la, woƒe lɛta siwo tso gbɔgbɔ me na wòdze ƒã be wonya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuie. (Dɔwɔwɔwo 4:13) Gake ɖe nuxexlẽ ƒe ŋutete le vevie nyateƒea?

‘Dzidzɔtɔe Nye Amesi Xlẽa Nu Sesĩe’

3. Nukata wòle vevie ŋutɔ be míaxlẽ Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo?

3 Ŋɔŋlɔawo me sidzedze vavãtɔ xɔxɔ kple wo ŋudɔwɔwɔ ate ŋu ana woakpɔ agbe mavɔ. (Yohanes 17:3) Eyata Yehowa Ðasefowo kpɔe be ehiã vevie be yewoaxlẽ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo kple Kristotɔwo ƒe agbalẽ siwo Mawu nana to Kristotɔ amesiaminawo ƒe dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la dzi ahasrɔ̃ wo. (Mateo 24:45-47) Le nyateƒe me la, wozã agbalẽ siwo ŋu Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa trɔ asi le etɔxɛe tsɔ fia nuxexlẽ ame akpe geɖe eye woto ema me kpɔ Mawu ƒe Nya la me sidzedze si naa agbe.

4. (a) Nukata míekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe Nya la xexlẽ, esɔsrɔ̃, kple etsɔtsɔ wɔ dɔe me? (b) Nya kae Paulo gblɔ na Timoteo le nuxexlẽ ŋu?

4 Mawu ƒe Nya la xexlẽ, esɔsrɔ̃, kple edziwɔwɔ na wokpɔa dzidzɔ. Ele eme nenema elabena míetoa esia wɔwɔ me dzea Mawu ŋu hedea bubu eŋu, xɔa eƒe yayra, eye míekpɔa dzidzɔ. Yehowa di be ye subɔlawo nakpɔ dzidzɔ. Eyata ede se na nunɔlawo be woaxlẽ yeƒe Sea na blema Israel-dukɔa. (Mose V, 31:9-12) Esime agbalẽgbugbɔŋlɔla Ezra kple ame bubuwo xlẽ Sea na amesiwo katã kpe ta le Yerusalem la, woɖe eme wòkɔ nyuie, eye esia na ‘wokpɔ dzidzɔ geɖe.’ (Nexemya 8:6-8, 12) Emegbe Kristotɔ apostolo Paulo gblɔ na eƒe hadɔwɔla Timoteo be: “Nɔ agbalẽxexlẽ kple nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia dzi, halase esime mava.” (Timoteo I, 4:13) Gɔmeɖeɖe bubu xlẽ be: “Do vevie Ŋɔŋlɔawo xexlẽ le dutoƒo.”—New International Version.

5. Aleke Nyaɖeɖefia 1:3 tsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ku ɖe nuxexlẽ ŋui?

5 Wona alesi míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖe Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple etsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me dzii la me kɔ le Nyaɖeɖefia 1:3. Wogblɔ na mí le afima be: “[Dzidzɔtɔe nye, NW] amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la, dzram ɖo; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.” Ẽ, ele be míaxlẽ Mawu ƒe nyagblɔɖinya siwo le Nyaɖeɖefia kple Ŋɔŋlɔawo katã me wòaɖi sesĩe eye míase wo. Dzidzɔtɔ vavãe nye amesi “[kpɔa] dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòxlẽa eƒe se la zã kple keli.” Viɖe kae wòkpɔna? “Nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua enu nyuie.” (Psalmo 1:1-3, NW) Eyata susu nyui aɖewo tae Yehowa ƒe habɔbɔa ƒonɛ ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe nu be míaxlẽ eƒe Nya la ahasrɔ̃e le mía ɖokui si, míawɔe kple ƒomea, eye kple xɔlɔ̃wo.

Bu Eŋu Vevie Nàde Ŋugble le Eŋu

6. Nukae wogblɔ na Yosua be wòaxlẽ, eye vi kae esia ɖe nɛ?

6 Aleke nàwɔ akpɔ viɖe geɖe wu tso Mawu ƒe Nya kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo xexlẽ me? Ðewohĩ àkpɔe be ne yewɔ nu abe Yosua si nye blema Israel kplɔla mawuvɔ̃la la ene la, aɖe vi na ye. Wode se nɛ be: “Megaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nabu eŋu zã kple keli, ne nalé nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi; elabena eya ko hafi dzɔgbenyuie anɔ mɔ dzi na wò, eye nusianu adze dzi na wò.” (Yosua 1:8) ‘Nuxexlẽ blewu’ fia be nàbɔbɔ gbe aƒo nu na ɖokuiwò. Esia kpena ɖe ame ŋu woɖoa ŋku nu dzi, elabena enaa nusi xlẽm wole la tsia ame ƒe susu me. Wogblɔ na Yosua be wòaxlẽ Mawu ƒe Sea “zã kple keli,” alo edziedzi. Emae ana wòakpɔ dzidzedze eye wòawɔ nu nunyatɔe le dɔ siwo Mawu de esi la wɔwɔ me. Mawu ƒe Nya la xexlẽ edziedzi alea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nenema ke.

7. Nukata mele be míatsi dzi be míaxlẽ nu kabakaba ne míele Mawu ƒe Nya la xlẽm o?

7 Mègatsi dzi be yeaxlẽ nu kabakaba ne èle Mawu ƒe Nya la xlẽm o. Ne èɖoe be yeatsɔ ɣeyiɣi aɖe axlẽ Biblia alo Kristotɔwo ƒe agbalẽ aɖe la, àdi be yeagbɔ dzi ɖe eŋu. Esia le vevie ŋutɔ ne èle nua srɔ̃m kple susu be yeaɖo ŋku nyati tɔxɛ aɖewo dzi. Eye ne èle exlẽm la, bu eŋu vevie. Dzro Biblia-ŋlɔla la ƒe nyaawo me. Bia ɖokuiwò be, ‘Nuka wòdi be yeagblɔ? Aleke mawɔ nya sia ŋudɔe?’

8. Nukata wòɖea vi be míade ŋugble ne míele Ŋɔŋlɔawo xlẽm?

8 Gbɔ dzi ɖi nàde ŋugble ne èle Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo xlẽm. Esia akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku Biblia me nudzɔdzɔwo dzi ahatsɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo awɔ dɔe. Ŋugbledede le Mawu ƒe Nya la ŋu kple nya veviwo léle ɖe susu me ana hã be nàte ŋu aƒo nu tso dzime ahana ŋuɖoɖo nyui nyabiala ɖianukwarewo tsɔ wu be nàgblɔ nya aɖe si ave wò emegbe. Lododo aɖe si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.”—Lododowo 15:28.

Tsɔ Nya Vevi Yeyewo Sɔ Kple Xoxoawo

9, 10. Aleke nàto Ŋɔŋlɔawo me nya vevi yeyewo tsɔtsɔ sɔ kple esiwo nènya xoxo me ana wò Biblia xexlẽ nanyo wui?

9 Kristotɔ akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be yewomenya nu boo aɖeke tso Mawu, eƒe Nya, kple eƒe tameɖoɖowo ŋu le ɣeyiɣi aɖe si va yi me o. Gake egbea Kristotɔ subɔla siawo ate ŋu adze egɔme tso nuwo wɔwɔ kple amegbetɔ ƒe nuvɔ̃ me dzedze dzi aɖe Kristo ƒe vɔsa ƒe taɖodzinu me, woate ŋu aƒo nu tso nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu, eye woate ŋu afia alesi woatsɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi ayra ameƒomea me tɔ toɖolawoe. Nusi na wòte ŋu dzɔ alea koŋue nye be Yehowa subɔla siawo xɔ ‘Mawu ŋuti sidzedze ŋutɔŋutɔ’ to Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃ me. (Lododowo 2:1-5) Wotsɔ nya vevi yeye siwo wosrɔ̃ la sɔ kple esiwo gɔme wose xoxo la vivivi.

10 Viɖe kple teƒeɖoɖo geɖe le Ŋɔŋlɔawo me nyati vevi yeyewo tsɔtsɔ sɔ kple esiwo nènya xoxo me. (Yesaya 48:17) Ne èxlẽ nu tso Biblia me sewo, gɔmeɖosewo, alo nya siwo ŋu kpeɖodzi boo aɖeke mele o ŋu la, tsɔ wo sɔ kple nusiwo nènya xoxo. Tsɔ nya la wɔ ɖeka kple “nya, siwo le blibo” siwo nèsrɔ̃ la. (Timoteo II, 1:13) Di nya siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdo ŋusẽ wò ƒomedodo kple Mawu, esiwo ana nàtu wò Kristotɔ ƒe amenyenye ɖo, alo akpe ɖe ŋuwò nàgblɔ Biblia me nyateƒeawo na ame bubuwo.

11. Nukae nàwɔ ne èle nya aɖe si Biblia gblɔ le agbenɔnɔ ŋu xlẽm? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

11 Ne èle nane xlẽm le nusi Biblia gblɔ le agbenɔnɔ ŋu la, dze agbagba be nàde dzesi gɔmeɖose si le eme. De ŋugble le eŋu, eye wɔ nyametsotso le nusi nàwɔ ne ège ɖe nɔnɔme ma tɔgbe me ŋu. Yakob ƒe vi Yosef yi edzi gbe agbegbegblẽnɔnɔ kple Potifar srɔ̃, eye wòbia be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?” (Mose I, 39:7-9) Àkpɔ gɔmeɖose vevi aɖe le nudzɔdzɔ ʋãme sia me—eyae nye be gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ nye nuvɔ̃ wɔwɔ ɖe Mawu ŋu. Àte ŋu atsɔ gɔmeɖose sia asɔ kple nya bubu siwo Mawu ƒe Nya la gblɔ le susu me, eye àte ŋu aɖo ŋku edzi wòaɖe vi na wò ne wote wò kpɔ be nàwɔ nuvɔ̃ sia tɔgbe.—Korintotɔwo I, 6:9-11.

Kpɔ Ŋɔŋlɔawo me Nudzɔdzɔwo le Susu Me

12. Nukata wòle be nàkpɔ Biblia me nudzɔdzɔwo le susu me ne èle wo xlẽm?

12 Be nusi xlẽm nèle natsi wò susu me la, kpɔ nusi le dzɔdzɔm la le susu me. Tsɔ susu kpɔ nutoa me, aƒeawo, kple ameawo. Se woƒe gbewo. Se abolo si mem wole le kpo me ƒe ʋeʋẽ. Bu nudzɔdzɔawo abe fifiae wole dzɔdzɔm ene. Ekema wò nuxexlẽ anye nuteƒekpɔkpɔ ʋãme aɖe, elabena ‘àkpɔ’ blemadu aɖe, àlia to kɔkɔwo, nuwɔwɔ ƒe nukununyenye awɔ mo yaa na wò, alo àde ha kple ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe xɔse geɖe fia.

13. Aleke nàƒo nu tso nya si woŋlɔ ɖe Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:19-22 ŋui?

13 Tsɔe be Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:19-22 xlẽm nèle. Kpɔ nusi le dzɔdzɔm la le susu me. Ʋɔnudrɔ̃la Gideon kple Israel-kalẽtɔ alafa etɔ̃ tɔ ɖe Midiantɔwo ƒe asaɖaa ƒe mlɔenu. Anɔ zã ga ewo lɔƒo “le zãtiƒe” ƒe gɔmedzedze. Ðeko woɖe Midiantɔwo ƒe ŋudzɔnɔlawo ɖo anyi vɔe nye ma, eye viviti do ɖe afisi Israel ƒe futɔ siwo nɔ alɔ̃ dɔm ƒu asaɖa anyi ɖo la. Kpɔ ɖa! Kpẽwo le Gideon kple eƒe amewo si. Ze gãwo le wo si siwo me akakati siwo wolé ɖe mia le. Kasia aʋalɔgo etɔ̃ siwo dometɔ ɖesiaɖe nye ame alafa ɖeka la ku woƒe kpẽawo, gbã zeawo, do woƒe akakatiwo ɖe dzi, eye wodo ɣli be: “Yehowa kple Gideon tɔe nye yi la!” Kpɔ asaɖaa me ɖa. Midiantɔwo le sisim hete ɣlidodo! Esi ame alafa etɔ̃awo yi woƒe kpẽawo kuku dzi la, Mawu na Midiantɔwo trɔ woƒe yiwo ɖe wo nɔewo ŋu. Wona Midiantɔwo si, eye Yehowa na Israel ɖu aʋa dzi.

Nufiame Veviwo Sɔsrɔ̃

14. Aleke woate ŋu azã Ʋɔnudrɔ̃lawo ta 9 atsɔ afia ɖevi alesi wòhiã be wòabɔbɔ eɖokui?

14 Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe to Mawu ƒe Nya la xexlẽ me. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ èdi be yeana ye viwo nakpɔe be ehiã be woabɔbɔ wo ɖokui. Anɔ bɔbɔe be nàkpɔ nya si Gideon vi Yotam gblɔ le eƒe nyagblɔɖi me la le susu me ahase egɔme. Dze egɔme nàxlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 9:8. Yotam gblɔ be: “Gbe ɖeka atiwo be, yewoaɖo fia ɖe yewo ɖokui nu.” Amiti, gboti, kple weinka gbe be yewomaɖu fia o. Gake edzɔ dzi na ŋuve tsɛ la be yeazu fia. Ne èxlẽ nudzɔdzɔ la na viwòwo wose vɔ la, àte ŋu aɖe eme be ati veviawo tsi tre ɖi na ame ŋkuta siwo medi be yewoaɖu fia ɖe yewo havi Israel-viwo dzi o. Ŋuve si wotsɔ doa dzoe ko la tsi tre ɖi na Abimelex dadala la ƒe fiaɖuɖu, amesi nye amewula si di be yeaɖu ame bubuwo dzi gake wòku le Yotam ƒe nyagblɔɖia me vava nu la. (Ʋɔnudrɔ̃lawo, ta 9) Ðevi kae adi be yeatsi ava zu abe ŋuve ene?

15. Aleke wote gbe ɖe nuteƒewɔwɔ ƒe vevienyenye dzi le Rut ƒe agbalẽa mee?

15 Wona nuteƒewɔwɔ ƒe vevienyenye dze ƒã le Biblia-gbalẽ si nye Rut me. Tsɔe be wò ƒomea me tɔwo le nudzɔdzɔ ma xlẽm sesĩe ɖekaɖeka eye miele agbagba dzem be yewoalé emenyawo ɖe susu me. Miekpɔ Moab-nyɔnu Rut kple lɔ̃xoa Naomi ahosi la wole mɔ dzi yina Betlexem, eye miese Rut gblɔ be: “Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.” (Rut 1:16) Miekpɔ Rut, nyɔnu zãzɛ la, wòle lu fɔm le nuŋelawo yome le Boas ƒe agble me. Miesee ŋutsua de bubu eŋu gblɔ be: “Nye dukɔ ƒe du blibo la nyae bena, nyɔnu zãzɛ nènye.” (Rut 3:11) Eteƒe medidi o, Boas ɖe Rut wòzu srɔ̃a. Le ɖekawɔwɔ me kple ame nɔviŋutsu srɔ̃ ɖeɖe ƒe ɖoɖo la, wo kple Boas wodzi vi “na Naomi.” Rut va zu Dawid kple emegbe Yesu Kristo mama. Eto esia me xɔ “fetu dedie.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amesiwo xlẽ Ŋɔŋlɔa me nudzɔdzɔa srɔ̃ nu vevi aɖe be: Wɔ nuteƒe na Yehowa, eye woayra wò geɖe.—Rut 2:12; 4:17-22; Lododowo 10:22; Mateo 1:1, 5, 6.

16. Dodokpɔ ka mee Hebri-vi etɔ̃awo to, eye aleke nudzɔdzɔ sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋui?

16 Nuŋlɔɖi si ku ɖe Hebrivi siwo ŋkɔe nye Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nuteƒe na Mawu le dodokpɔ me. Kpɔ nudzɔdzɔa ɖa le susu me ne èle Daniel ta 3 lia xlẽm sesĩe. Sikalegba kɔkɔ gã aɖe le Dura-balia me, afisi Babilonia-dziɖuɖumegãwo kpe ta ɖo. Esi wose haƒonuwo ƒe ɖiɖi la, wobɔbɔ de ta agu na legba si Fia Nebukadnezar li anyi la. Efia be amesiame wɔ nenema negbe Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ko. Woɖoe kplikpaa gblɔ na fia la bubutɔe be yewomasubɔ eƒe mawuwo o eye yewomade ta agu na sikalegba la o. Wotsɔ Hebri-ɖekakpui siawo ƒu gbe ɖe kpodzo si me wodo dzo ɖo wu alesi dze la me. Gake nukae dzɔ? Esi fia la ɖe ŋku ɖe eme la, ekpɔ ŋutsu ene, eye wo dometɔ ɖeka “le abe mawuwo vi . . . ene.” (Daniel 3:25) Woɖe Hebri-vi etɔ̃awo le dzoa me, eye Nebukadnezar kafu woƒe Mawu la. Nudzɔdzɔa kpɔkpɔ le susu me ɖe vi na wò. Eye nusɔsrɔ̃ kae nye si wònye le nuteƒewɔwɔ na Yehowa le dodokpɔ me ŋu!

Ƒome Biblia Xexlẽ Neɖe Vi na Wò

17. Gblɔ nusiwo ŋu viɖe le siwo wò ƒomea ate ŋu asrɔ̃ to Biblia xexlẽ ɖekae me la dometɔ aɖewo kpuie.

17 Aɖe vi na wò ƒomea ŋutɔ ne miewɔa ɖeka xlẽa Biblia edziedzi. Ne míedze egɔme tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ la, miate ŋu akpɔ alesi wowɔ nuwoe ahalé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe Paradisoƒe gbãtɔa ŋu. Miate ŋu akpɔ nusiwo teƒe blemafofo nuteƒewɔlawo kple woƒe ƒomewo kpɔ eye miakplɔ Israel-viwo ɖo esi woto Ƒudzĩa me le anyigba ƒuƒui dzi. Miate ŋu akpɔ alesi alẽkplɔla Dawid ɖevi dzaa la ɖu Filistitɔ dzɔtsu Goliat dzii. Wò ƒomea ate ŋu akpɔ alesi wotu Yehowa ƒe gbedoxɔ lae le Yerusalem, miate ŋu akpɔ alesi Babilonia-ʋakɔwo va tsrɔ̃e, eye miate ŋu akpɔ egbugbɔgatu le Dziɖula Zerubabel ƒe mɔfiafia te. Miate ŋu ase gbeƒã si mawudɔlawo ɖe na alẽkplɔla tsɛwo le Yesu ƒe dzidzi ŋu le afisi te ɖe Betlexem ŋu. Miate ŋu anya nu tso eƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋu nyuie wu, miate ŋu akpɔe esime wòtsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe na tafee, eye miate ŋu akpɔ dzidzɔ si wòkpɔ esi wofɔe ɖe tsitre la hã kplii. Emegbe miate ŋu awɔ ɖeka kple apostolo Paulo le eƒe mɔzɔzɔ me eye miakpɔ alesi wòɖo hamewoe esime Kristotɔnyenye nɔ ta kekem. Azɔ hã wò ƒomea ate ŋu akpɔ ŋutega wɔnuku si apostolo Yohanes kpɔ le etsɔme ŋu kple Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua hã le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me.

18, 19. Aɖaŋu kawoe woɖo le ƒome Biblia xexlẽ ŋu?

18 Ne ƒomea le Biblia xlẽm wòle ɖiɖim sesĩe la, mixlẽe eme nakɔ eye dzo nanɔ eme. Ne miele Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo xlẽm la, ƒomea me tɔ ɖeka—ate ŋu anye vifofoa—naxlẽ nudzɔdzɔ la. Mi ame bubuawo miate ŋu awɔ nu abe amesiwo ƒe ŋkɔ woyɔ le Biblia me ene, eye miatsɔ seselelãme si sɔ axlẽ akpa si wode mia si.

19 Ne míexlẽa Biblia abe ƒome ene la, miaƒe nuxexlẽ ƒe ŋutete adzi ɖe edzi. Mawu ŋuti sidzedze si le mia si hã adzi ɖe edzi godoo, eye esia ana mia kplii dome nanɔ kplikplikpli wu. Asaf dzi ha be: “Nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ; meɖo ŋu [ɖe] Aƒetɔ Yehowa ŋu, ne maxlẽ eƒe dɔwɔwɔwo katã afia.” (Psalmo 73:28) Esia akpe ɖe wò ƒomea ŋu woanɔ abe Mose ene, amesi “[do] dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene,” ame mae nye Yehowa Mawu.—Hebritɔwo 11:27.

Nuxexlẽ Kple Kristotɔwo ƒe Subɔsubɔdɔa

20, 21. Aleke míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa do ƒome kple nuxexlẽ ƒe ŋutetee?

20 Ele be míaƒe didi be míade ta agu na “amesi womekpɔna o la” naʋã mí be míaku kutri azu nuxlẽla nyuiwo. Nuxexlẽ nyuie kpena ɖe mía ŋu be míaɖi ɖase tso Mawu ƒe Nya la me. Le nyateƒe me la, ekpena ɖe mía ŋu be míawɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si Yesu de asi na eyomedzelawo esime wògblɔ be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, [mianyrɔ̃, NW] wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple [gbɔgbɔ, NW] kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.” (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8) Ðaseɖiɖie nye Yehowa ƒe amewo ƒe dɔ vevitɔ, eye nuxexlẽ ƒe ŋutete kpena ɖe mía ŋu míewɔnɛ.

21 Ebia agbagbadzedze be woazu nuxlẽla nyui kple amesi bi ɖe Mawu ƒe Nya la fiafia me. (Efesotɔwo 6:17) Eyata ‘do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu, eye nàwɔ nyateƒenya la ŋudɔ wòasɔ pɛpɛpɛ.’ (Timoteo II, 2:15) Do vevie nuxexlẽ be nàdzi Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ƒe sidzedze kple Yehowa ƒe Ðasefonyenye ƒe ŋutete si le asiwò ɖe edzi.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Aleke dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖe Mawu ƒe Nya la xexlẽ dzii?

◻ Nukata wòle be nàde ŋugble le nya siwo nèxlena le Biblia me ŋu?

◻ Nukata nàtsɔ nyawo asɔ kple bubuwo eye nàtsɔ susu akpɔ nui ne èle Ŋɔŋlɔawo xlẽm?

◻ Nukae nye nusiwo míasrɔ̃ tso Biblia xexlẽ me la dometɔ aɖewo?

◻ Nukata wòle be wò ƒomea naxlẽ Biblia wòaɖi sesĩe, eye ƒomedodo kae le nuxexlẽ kple Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa dome?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Ne miaƒe ƒomea le Biblia xlẽm la, mikpɔ nudzɔdzɔawo le susu me eye miade ŋugble le nusi wofia ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe