INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be axa 27-axa 32 mm. 4
  • Teƒeɖoɖo Nyuiwo Le Nusɔsrɔ̃ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teƒeɖoɖo Nyuiwo Le Nusɔsrɔ̃ Me
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzadzraɖo Nyuitɔ Wɔwɔ le Susu Me
  • Alesi Nàsrɔ̃ Nui
  • Nusi Nàsrɔ̃
  • “Natu Xɔ”
  • Teƒeɖoɖoawo ƒe Amesisusu
  • Na Ale Si Nèsrɔ̃a Nui La Nanyo Ðe Edzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Misrɔ̃ Mawu Ƒe Nya Edziedzi Le Ƒomea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ƒomewo, Mikafu Mawu Le Eƒe Hamea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Srɔ̃ Fiawo Ƒe Kpɔɖeŋua
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be axa 27-axa 32 mm. 4

Teƒeɖoɖo Nyuiwo Le Nusɔsrɔ̃ Me

ÈLÉ ŋku ɖe eŋu kpɔ ne amewo le atikutsetse tiam be yewoaƒlea? Ame akpa gãtɔ léa ŋku ɖe eƒe amadede kple eƒe lolome ŋu be woakpɔ be eɖi hã. Ame aɖewo ʋẽa atikutsetsea sena. Ame bubuwo lénɛ kpɔ, wotenɛ kpɔ gɔ̃ hã. Ame bubuwo hã danɛ kpɔ, atsɔ atikutsetse ɖeka ada ɖe asi si me ahatsɔ bubu ada ɖe asi kemɛ me akpɔ be ka mee tsi sɔ gbɔ ɖo wu hã. Nuka ƒe susu ɖem amesiawo le? Wole nuwo me dzrom kpɔ, le dzesi dem vovototoawo, le ŋku ɖom tiatia siwo wowɔ kpɔ va yi la dzi hetsɔ nusi kpɔm wole fifia le sɔsɔm kple nusi wonya xoxo va yi. Teƒeɖoɖo si nye atikutsetse vivi ɖuɖu le wo lalam elabena wotsɔ beléle tia woe.

Edze ƒã be teƒeɖoɖo siwo míakpɔ tso Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ me ya de ŋgɔ boo wu ema. Ne nusɔsrɔ̃ sia tɔgbe xɔ nɔƒe vevi aɖe le míaƒe agbenɔnɔ me la, míaƒe xɔse gasẽa ŋu ɖe edzi, míaƒe lɔlɔ̃ ƒoa ke ɖe to, míaƒe subɔsubɔdɔ gatsea ku geɖe wu, eye nugɔmesese kple mawumenunya si su mía si la gaɖea dzesi ɖe edzi le nyametsotso siwo míewɔna la me. Lododowo 3:15 gblɔ le teƒeɖoɖo siawo ŋu be: “Wò nu veviwo katã mede enu o.” Ðe teƒeɖoɖo siawo le asiwò sum mahã? Alesi nèsrɔ̃a nui hã wɔa akpa vevi aɖe.—Kol. 1:9, 10.

Nɔnɔmetata si le axa 30

Di ɣeyiɣi nàde ŋugble

Nukae nye nusɔsrɔ̃? Menye nuxexlẽ gbadza koe wònye o. Eƒe akpa aɖee nye wò susu ŋudɔwɔwɔ abu nyatia ŋu ayi eme ʋĩ beléletɔe. Nusi wògalɔ ɖe emee nye nuxexlẽa ŋu bubu vevie, atsɔe asɔ kple nusi nènya xoxo ahade dzesi susu siwo ta wogblɔ nyaawo ɖo. Ne èle nu srɔ̃m la, bu nusiwo nèkpɔ be wonye susu yeyewo woɖe gblɔ la ŋu yi eme ʋĩ. Azɔ gabu alesi wò ŋutɔ nàtsɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe nuxlɔ̃ame agawɔ dɔe geɖe wu ŋuti. Wò amesi nye Yehowa Ðasefo la, àdi be yeabu mɔnukpɔkpɔ vovovo siwo ŋudɔ yeawɔ be yeatsɔ nusi yesrɔ̃ la akpe ɖe ame bubuwo ŋu hã ŋu. Edze ƒã be ŋugbledede hã nye nusɔsrɔ̃ ƒe akpa aɖe.

Dzadzraɖo Nyuitɔ Wɔwɔ le Susu Me

Nɔnɔmetata si le axa 30

Be ɖokuisinusɔsrɔ̃ naɖe vi na wò bliboe la, dzra wò dzi ɖo

Ne èle dzadzraɖo wɔm be yeasrɔ̃ nu la, èhea wò Biblia kple agbalẽ siwo nèɖo be yeasrɔ̃ ɖe go, ètsɔa nuŋlɔti, eye ɖewohĩ ètsɔa agbalẽ si me nàŋlɔ nu ɖo hã kpena ɖe eŋu. Gake ɖe nèdzraa wò dzi hã ɖoa? Biblia gblɔ na mí be Ezra “tsɔ eƒe dzi ɖo Yehowa ƒe se la me dzodzro ŋu, ne wòawɔ edzi, eye wòafia ɖoɖowo kple kɔnuwo le Israel.” (Ezra 7:10) Nukae dzime ƒe dzadzraɖo sia bia?

Gbedodoɖa nana míenɔa nɔnɔme nyui me hena Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃. Míedi be míaƒe dzi, amesi míenye le ememe la naxɔ nufiame si Yehowa le mía nam. Le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze la, bia Yehowa kukuɖeɖetɔe be wòatsɔ eƒe gbɔgbɔ akpe ɖe ŋuwò. (Luka 11:13) Bia eƒe kpekpeɖeŋu be nàse nusi srɔ̃ ge nàla gɔme nyuie, alesi nusɔsrɔ̃a do ƒome kple eƒe tameɖoɖo, alesi wòakpe ɖe ŋuwò nàde vovototo nyui kple vɔ̃ dome, alesi nàwɔ eƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ le wò agbe me, kple alesi nusɔsrɔ̃a kpɔ ŋusẽ ɖe mia kplii dome ƒomedodo dzii. (Lod. 9:10) ‘Yi edzi nànɔ kuku ɖem na Mawu’ be wòana nunya wò ne èle nu srɔ̃m. (Yak. 1:5) Tsɔ nusi srɔ̃m nèle la do ɖokuiwò kpɔ anukwareɖiɖitɔe esime nèle Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu dim be nàɖe tamesusu gbegblẽwo alo dzodzro vɔ̃wo ɖa. “Mixe akpedaha hena Yehowa” ɣeawokatãɣi le nusiwo wòɖena ɖe go fiana ta. (Ps. 147:7) Ne míedoa gbe ɖa le nusɔsrɔ̃ gome alea la, enana ƒomedodo kplikplikpli nɔa mía kple Yehowa dome, elabena ekpena ɖe mía ŋu be míawɔ eƒe gbe dzi esime wòle nu ƒom na mí to eƒe Nya la dzi.—Ps. 145:18.

Dzimekɔkɔ ɖe Yehowa ƒe Nya ŋu alea nye nusi dea vovototo eƒe amewo kple nusrɔ̃la bubuwo dome. Ebɔ ɖe amesiwo me mawusosroɖa mele o dome be woagbe nusi woŋlɔ ɖi dzixɔxɔse ahatsi tre ɖe eŋu. Gake ema menye míawo ya míaƒe nɔnɔme o. Míeka ɖe Yehowa dzi bliboe. (Lod. 3:5-7) Ne míese nane gɔme o la, míeƒoa nya ta dadatɔe be vodadae o. Míekpɔa Yehowa sinu esime míele ŋuɖoɖoawo dim hele nu gɔme kum. (Mixa 7:7) Enye míaƒe taɖodzinu be míawɔ ɖe nusi srɔ̃m míele hele fiafiam la dzi abe Ezra ene. Ne dzimedidi sia tɔgbe le mía me la, nusɔsrɔ̃ ƒe teƒeɖoɖo manyagblɔ geɖe ava nye mía tɔ gome.

Alesi Nàsrɔ̃ Nui

Be nàdze egɔme kple memama gbãtɔ ko axlẽ nua vaseɖe nuwuwu la, gbã, gbɔ dzi ɖi nàda ŋku ɖe nyatia me alo nya vevi siwo le ta blibo ma me. Lé ŋku ɖe tanyaa ŋutɔ me nyawo ŋu tsitotsito gbã. Nusi srɔ̃ ge nàla ƒe nyati vevitɔe nye esia. Azɔ de dzesi alesi tanya sueawo de nu nyati vevitɔ sia mee. Ne nutatawo, nyaɖoɖowo, alo nufiafiaɖakawo hã kpe ɖe nuxexlẽa ŋu la, lé ŋku ɖe esiawo katã hã ŋu. Bia ɖokuiwò se be: ‘Nukae nusiwo me meda ŋku ɖo na mate ŋu akpɔ mɔ na le nusɔsrɔ̃a me? Aleke wòaɖe vi namee?’ Esia anye mɔfiame na wò le nusɔsrɔ̃a me.

Nɔnɔmetata si le axa 30

Nya numekugbalẽ siwo le mia degbe me la zazã nyuie

Azɔ de dzesi nyatinyatiawo. Wota nyabiabiawo ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe nusɔsrɔ̃nyatiwo kple habɔbɔa ƒe agbalẽ aɖewo hã me. Enye viɖenu be nàde dzesi nyaŋuɖoɖoawo ne èle memama ɖesiaɖe xlẽm. Ne nusɔsrɔ̃biabiawo mele nuxexlẽa me o hã, medze vɔ̃ be nàyi edzi ade dzesi nu vevi siwo dzi nàdi be yeaɖo ŋkui o. Ne èdo go susu yeye aɖe la, gadi ɣeyiɣi vi aɖe kpe wò nusrɔ̃ɣeyiɣia be nàkpɔ egbɔ be yese egɔme nyuie. Nɔ klalo na kpɔɖeŋuwo alo alesi nàɖe susu kple ame viɖetɔe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me alo nànɔ klalo na nusiwo nàte ŋu ade nuƒo aɖe si nàva ƒo la me. Bu ame vovovo siwo ƒe xɔse nàtu ɖo ne ègblɔ nusi srɔ̃m nèle la me nya na wo ŋu. De dzesi nya siwo ŋudɔ nàdi be yeawɔ, eye nàgbugbɔ wo me adzro ne èwu wò nusɔsrɔ̃a nu.

Ne èle nua srɔ̃m la, xlẽ ŋɔŋlɔ siwo me nyawo womeyɔ o. Dzro nu me le alesi ŋɔŋlɔ siawo dometɔ ɖesiaɖe wɔ ɖeka kple nusi koŋ minyam memamaa le la ŋu.

Àdo go nya aɖewo siwo gɔme mèse tututu o alo esiwo gɔme nàdi be yeagase nyuie wu. Mègana woaxɔ ɣeyiɣi le asiwò o, ke boŋ de dzesi wo nàva dzro wo me emegbe. Enuenu la, nyawo me va kɔna ne èyi nua sɔsrɔ̃ dzi. Ne meva eme nenema o la, àgate ŋu awɔ numekuku emegbe. Nukawoe nàte ŋu ade dzesi ɖi ava dzro wo me emegbe? Ðewohĩ woyɔ ŋɔŋlɔ aɖe me nya si gɔme mèse tututu o. Alo ate ŋu anye be mèkpɔ alesi tututu wòsɔ kple nyati si ŋu wole nu ƒom le la o. Ðewohĩ ewɔ na wò be yese susu si dom nusɔsrɔ̃a le ɖa gɔme vie ya, gake mèse egɔme keŋkeŋ ale be nàte ŋu aɖe eme na ame bubu o. Be nàŋe aɖaba aƒu esiawo dzi ko la, nunya le eme be nàku nu me ne èwu wò nusɔsrɔ̃a nu.

Nɔnɔmetata si le axa 30

Kpɔ egbɔ be yeʋu ŋɔŋlɔawo xlẽ

Esime apostolo Paulo ŋlɔ eƒe lɛta si me wòŋlɔ nu tso nya vovovowo ŋu le ɖo ɖe Hebri Kristotɔwo la, etɔ vie le lɛta la ƒe domedome hegblɔ be: “Emenya gãtɔ enye esi.” (Heb. 8:1) Èɖoa ŋku nu dzi na ɖokuiwò nenema enuenua? Bu nusita Paulo wɔe nenema ɖo ŋu kpɔ. Le eƒe lɛta si tso gbɔgbɔ me ƒe ta siwo do ŋgɔ me la, eɖo kpe edzi xoxo be Kristo si nye Mawu ƒe Nunɔlagã la ge ɖe dziƒo ŋutɔ vɔ. (Heb. 4:14–5:10; 6:20) Ke hã esi wònye be etɔ asi nya vevia dzi hete gbe ɖe edzi le ta 8 lia ƒe gɔmedzedze ta la, Paulo to esia dzi dzra eƒe nuxlẽlawo ƒe susu ɖo be woabu alesi gbegbe wòku ɖe woƒe agbe ŋui la ŋu. Eɖee fia be Kristo do ɖe Mawu ŋkume ɖe wo ta, eye wòʋu mɔ azɔ hena woawo hã ƒe “kɔkɔeƒe” ma yiyi le dziƒo. (Heb. 9:24; 10:19-22) Kakaɖedzi si le woƒe mɔkpɔkpɔa ŋu hã aʋã wo be woawɔ ɖe aɖaŋu bubu siwo le lɛta sia me la dzi ku ɖe xɔse, dzidodo, kple Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu. Nenema ke ne míele nu srɔ̃m eye nya veviawo le susu me na mí la, akpe ɖe mía ŋu míakpɔ alesi nyati vevitɔa me le kɔkɔmee, eye esia ana susu siwo ta wòle be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoawo dzi la nalé ɖe susu me na mí.

Ðe ɖokuisinusɔsrɔ̃ aʋã wò be nàwɔ ɖe nusi nèsrɔ̃na dzia? Biabia vevi aɖee nye esia. Ne èsrɔ̃ nane vɔ la, bia ɖokuiwò be: ‘Aleke wòle be nya sia nakpɔ ŋusẽ ɖe nye nɔnɔme kple nye agbe me taɖodzinuwo dzii? Aleke mawɔ nyatakaka sia ŋudɔe atsɔ akpɔ kuxi aɖe gbɔe, le nyametsotso aɖe wɔwɔ me, alo be mate ŋu aɖo taɖodzinu aɖe gbɔe? Aleke mazãe ɖe nye ƒomea ŋui, le gbeadzisubɔsubɔdɔ mee, le hamea mee?’ Bu nyabiabia siawo ŋuti le gbedodoɖa me, nàde ŋugble le nu ŋutɔŋutɔ siwo ate ŋu adzɔ be nàwɔ sidzedze si su asiwò ŋudɔ la ŋuti.

Ne èxlẽ ta alo nyati aɖe vɔ la, di ɣeyiɣi nàdzro nu me vie. Kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo ŋku nya veviawo kple nya siwo ɖo kpe wo dzi la dzi hã? Afɔɖeɖe sia akpe ɖe ŋuwò be nusi nèsrɔ̃ la natsi tame na wò nàzã le etsɔme.

Nusi Nàsrɔ̃

Nu geɖe li mí Yehowa ƒe amewo míasrɔ̃. Afika gɔ̃e míadze egɔme tsoe? Gbawotsyogbe ele be míadze agbagba asrɔ̃ agbalẽvi si nye Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe me mawunyakpukpuiwo hekpe ɖe numeɖeɖeawo ŋu. Míedea hamea ƒe kpekpewo kwasiɖa sia kwasiɖa, eye nusɔsrɔ̃ ƒe dzadzraɖo siwo míawɔ do ŋgɔ la akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ viɖe geɖe wu le kpekpe siawo me. Hekpe ɖe esia ŋu la, ame aɖewo zã woƒe ɣeyiɣi nyuie ŋutɔ tsɔ srɔ̃ míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽ siwo wota do ŋgɔ na woƒe nyateƒea sɔsrɔ̃. Ame aɖewo tiaa woƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia xexlẽ ƒe akpa aɖe srɔ̃a nu deto le kpukpui mawo ŋu.

Ke ne nɔnɔmea meɖe mɔ na wò be nàto nusiwo katã woasrɔ̃ le hamea ƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpeawo me la me nyuie do ŋgɔ o ɖe? Nete ɖa xaa tso gbɔwò be nànɔ kplakplakpla dzi ato nusɔsrɔ̃a me ɖewoɖewoe alo, esi vɔ̃ɖi wu la, be esi wònye mète ŋu le ye katã me to ge o ta, mèle ɖeke me to ge kura o. Ke boŋ kpɔe ɖa be agbɔsɔsɔ kae yeate ŋu asrɔ̃ mahã eye nàto ema me nyuie. Nɔ ewɔwɔ dzi kwasiɖa sia kwasiɖa. Mlɔeba, dze agbagba nàkekee ɖe enu nàdzra ɖo ɖe kpekpe bubuawo hã ŋu.

“Natu Xɔ”

Yehowa nyae kɔte be ele be ƒome ƒe tawo nawɔ dɔ sesĩe be woakpɔ woƒe ƒomea me tɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Lododowo 24:27 gblɔ be: “Wɔ wò dɔwo le xexe, eye nade wò agble.” Ke hã mele be nàŋe aɖaba aƒu wò ƒomea ƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo dzi o. Eyata kpukpuia yi edzi be: “Emegbe hafi natu xɔ.” Aleke ƒomea ƒe tawo awɔ esiae? Lododowo 24:3 (NW) gblɔ be: “Nugɔmesese wotsɔna lia ke aƒea me tɔwoe.”

Aleke nugɔmesese ate ŋu aɖe vi na wò aƒemetɔwoe? Nugɔmesese enye susu ƒe ŋutete be woakpɔ nu ayi didiƒe ke, anya nusi mele dzedzem tututu o. Woate ŋu agblɔe eme nakɔ be ƒomenusɔsrɔ̃ si de edeƒe la dzea egɔme tso ŋkuléle ɖe wò ƒomea ŋutɔ ŋuti dzi. Aleke wò ƒomea me tɔwo le ŋgɔ yim le gbɔgbɔ mee? Ƒu to anyi ne èle dze ɖom kpli wo. Ðe nyatoƒoetoto ƒe gbɔgbɔ alo dzikudodo le dzedzem le wo ŋua? Ŋutilãmenudidiwoe nye nu vevitɔ na woa? Ne mia kple viwòwo miele gbeadzi la, enyea nusi le bɔbɔe na wo be woaɖe wo ɖokui afia wo hatiwo be Yehowa Ðasefowoe yewonyea? Ðe Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si le miaƒe ƒomea me la doa dzidzɔ na woa? Wole Yehowa ƒe mɔ wɔm woa ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe mɔe vavãa? Ŋkuléle ɖe wo ŋu tsitotsito aɖe nusi wò, amesi nye ƒomea ƒe ta, nàwɔ be gbɔgbɔmemenyenye nali ke ɖe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe me agba go la afia wò.

Di nyati siwo ƒo nu tso hiahiã tɔxɛ vovovowo ŋu le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me. Azɔ gblɔ nusi srɔ̃ ge miala la na ƒomea do ŋgɔ ale be woate ŋu ade ŋugble le nyaa ŋu. Lɔlɔ̃ nexɔ anyinɔ le nusɔsrɔ̃a katã me. Nusi srɔ̃m miele ƒe vevienyenye nedze ƒã, eye nàfia asi nusiwo koŋ akpɔ ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ, gake mègaka mo na ƒomea me tɔ aɖeke o, eye mègada ame aɖeke ɖe anyi hã o. Na amesiame nakpɔ gome le eme. Kpe ɖe amesiame ŋu wòakpɔ alesi Yehowa ƒe Nya la “de blibo” eye wònaa nusi tututu míehiã le agbe me mí la adze sii.—Ps. 19:8.

Teƒeɖoɖoawo ƒe Amesisusu

Amesiwo léa ŋku ɖe nu ŋu evɔ gbɔgbɔ me nugɔmesese mele wo si o la te ŋu srɔ̃a nu le xexeame godoo kple xexeame nyadzɔdzɔwo ŋu, wosrɔ̃a nu le woa ŋutɔwo ɖokui ŋu gɔ̃ hã, gake wodoa kpo nusi kpɔm wole la gɔmesese ŋutɔŋutɔ. Gake le Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kpekpeɖeŋu ta, amesiwo srɔ̃a Mawu ƒe Nyaa edziedzi ya te ŋu kpɔa Mawu ƒe asinudɔwɔwɔ dzea sii le nusiawo me, wokpɔa Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava, kple Mawu ƒe tameɖoɖo si me le kɔkɔm ɖaahe hena amegbetɔ siwo nye toɖolawo ƒe yayra la dzea sii le nusiawo me.—Mar. 13:4-29; Rom. 1:20; Nyaɖ. 12:12.

Togbɔ be ema wɔ nuku hã la, mele be wòana míado mía ɖokui ɖe dzi o. Ke boŋ Mawu ƒe Nya la me dzodzro gbesiagbe akpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ anye amesiwo bɔbɔa mía ɖokui. (Mose V, 17:18-20) Ekpɔa mía ta hã tso “nuvɔ̃ ƒe beble” si me, elabena ne Mawu ƒe Nya le dɔ wɔm ŋusẽtɔe le míaƒe dziwo me la, nuvɔ̃ ƒe dzodzro mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míatsi tre ɖe eŋu la dzi bɔbɔe o. (Heb. 2:1; 3:13; Kol. 3:5-10) Eyata míazɔ “alesi dze Yehowa hena eƒe ŋudzedze katã, esi [míeyi] edzi le ku tsem le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.” (Kol. 1:10, NW) Ema wɔwɔe nye míaƒe taɖodzinu le Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ me, eye ne eva eme alea la, esiae nyea teƒeɖoɖo gãtɔ kekeake.

BE WÒ ASI NASU TEƑEÐOÐO GÃTƆWO KEKEAKE DZI

  • Dzra wò dzi ɖo

  • Da ŋku ɖe nusi srɔ̃ ge nàla ƒe nyati veviawo me

  • De dzesi nyati veviawo

  • Kpɔ alesi ŋɔŋlɔawo ɖo kpe nusiwo wogblɔ la dzii

  • To nya veviawo me

  • De ŋugble le alesi wòle be nusɔsrɔ̃a nakpɔ ŋusẽ ɖe wò ŋutɔ wò agbe dzii ŋuti

  • Di mɔnukpɔkpɔ vovovowo be nàtsɔ nusi nèsrɔ̃ la akpe ɖe ame bubuwo ŋui

ALESI NÀDA ŊKU ÐE NUSƆSRƆ̃ MEE

  • Lé ŋku ɖe tanyaa me nyawo ŋu tsitotsito

  • Kpɔ alesi tanya sue ɖesiaɖe de nu tanyaa ŋutɔ mee ɖa

  • Lé ŋku ɖe nutatawo, nyaɖoɖowo, alo nufiafiaɖakawo ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe