INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be axa 33-axa 38 mm. 4
  • Alesi Nàwɔ Numekukui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Nàwɔ Numekukui
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia—Míaƒe Numekugbalẽ Gãtɔ, la Zazã
  • Alesi Nàzã Numekugbalẽ Bubuwoe
  • Teokrasi Gbalẽdzraɖoƒe Bubuwo
  • Nyatakakawo Dzraɖoƒe Nenɔ Asiwò
  • Ka Eta na Amewo
  • Do Wò Numekukua ƒe Nuvãnyenye Kpɔ
  • Numekugbalẽ Yeye Aɖe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Vi Kae Fiaɖuƒe Akpataa Ƒe Agbalẽdzraɖoƒe Ate Ŋu Aɖe Na Mí?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Aleke Nèɖoa Aɖaŋui?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be axa 33-axa 38 mm. 4

Alesi Nàwɔ Numekukui

FIA SALOMO ‘do nu kpɔ, edi nu gɔme, eye wòdo lo geɖewo.’ Nukatae? Elabena enye eƒe dzidzɔ be yeaŋlɔ ‘nyateƒenya siwo le eteƒe.’ (Nyagb. 12:9, 10) Luka “dzro [nuwo] katã me kpɔ tsitotsito vaseɖe egɔme ke” ale be wòate ŋu agblɔ Kristo ƒe agbemenyawo le ɖoɖo nu pɛpɛpɛ. (Luka 1:3) Mawu subɔla eve siawo wɔ numekuku.

Nukae nye numekuku? Enye nane ŋuti nyatakaka didi tsitotsito. Ebia nuxexlẽ, eye ehiã na nusɔsrɔ̃ ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ. Nyabiabia amewo hã ate ŋu anɔ eme.

Nɔnɔme kawoe ate ŋu ado mo ɖa siwo awɔe be woaku nu me? Ðewoe nye esiwo gbɔna. Ðewohĩ biabia aɖewo siwo le vevie na wò la afɔ ɖe te esime nèle nu srɔ̃m alo nèle Biblia xlẽm. Ðewohĩ ame aɖe si nèɖi ɖase na abia nya aɖe si ŋu nàdi be yeaɖo nɛ tẽ. Ðewohĩ wode nuƒo aɖe asi na wò.

Mítsɔ nuƒo ƒe dɔdasi abe kpɔɖeŋu ene. Ðewohĩ dɔ si wode asi na wò la le gbadzaa. Aleke nàtsɔe awɔ dɔe le afisi nèle? Na numekuku nawɔe wòazu nuƒo vivi. Nya aɖe si menye nya tɔxɛ hafi o la te ŋu va zua nya si me nusɔsrɔ̃ le heʋãa ame kura gɔ̃ hã ne wode akɔntabubu aɖewo alo kpɔɖeŋu aɖe si sɔ kple wò nyatia eye wòku ɖe nyaselawo ŋu tẽ la eme. Ate ŋu anɔ eme be nuxlẽlawo le xexeame godoo ye wota nuƒo si ŋu nèle dɔ wɔm le la me nyawo na, gake ehiã be nàkɔ eme, ade kpɔɖeŋu aɖewo eme, eye nàtrɔ asi le emenyawo ŋu wòasɔ na hamea alo amesi nèle nua ƒom na. Afɔɖeɖe kawoe nàwɔ?

Hafi nàdze numekukua gɔme la, bu wò nyaselawo ŋu gbã. Nukae ɖewohĩ wonya xoxo le nyatia ŋu? Nukae kpɔtɔ be woanya? Azɔ de dzesi wò taɖodzinua. Taɖodzinuae nye be woaɖe nu mea? woaɖo kpe nya dzi ne woaxɔe asea? woatsi tre ɖe susu gbegblẽ ŋua? alo woana nya la naʋã amea? Numeɖeɖe bia be woazã nyatakaka bubu siwo li be nyaa me nakɔ. Togbɔ be nyateƒenya veviawo me akɔ hã la, ahiã be nàgakɔ nu me le ɣeyiɣi si me nyaa dzɔ gome alo alesi woawɔ nusi gblɔm wole lae. Kpeɖoɖo nya dzi ne woaxɔe ase bia be woagblɔ nusiwo tae nane le nenema ɖo, eye woagblɔ ɖaseɖiɖi siwo ɖo kpe nyaa dzi hã. Tsitretsitsi ɖe susu gbegblẽ ŋu bia be sidzedze deto nasu asiwò le nyaa ƒe akpawo kple evea siaa ŋu be ele eme alo mele eme o, hekpe ɖe ɖaseɖinya siwo wozãna la dodokpɔ nyuie ŋu. De dzesii be menye tsitretsiɖeŋunya sẽŋu ko dim míele o, ke boŋ mɔ siwo dzi míato aɖo nyateƒenyaawo anyi tufafatɔe hã. Nya la ƒe ameʋaʋã ku ɖe dzia gbɔ ɖoɖo ŋu. Efia be nàgblɔ nya si anye ŋusẽdoame na wò nyaselawo, si atu didi ɖo ɖe wo me be woawɔ ɖe nusi sem wole la dzi. Amesiwo to nɔnɔme siawo me ŋutɔŋutɔ, le xaxa me kura gɔ̃ hã, ƒe kpɔɖeŋuwo zazã ate ŋu ade dzi gbɔ na ame.

Àte ŋu adze numekukua gɔme azɔa? Ao, ekpɔtɔ vie. Bu nyatakaka alesinu hiã wò la ŋu. Ɣeyiɣi didi si nàtsɔ awɔ dɔdasia hã nye nu vevi ɖeka. Ne ame aɖewoe nèle nyaa gblɔ ge na la, ɣeyiɣi didi kae li nàtsɔ agblɔe na wo? Aɖabaƒoƒo 5 yea? Aɖabaƒoƒo 45 yea? Woɖo game ɖe eŋu abe alesi wòle le hamea ƒe kpekpewo me enea, alo ɣeyiɣi ƒe didime ɖesiaɖe ko faa abe alesi wòle le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ alo le alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ me enea?

Mlɔeba numekugbalẽ kawoe li nàzã? Hekpe ɖe esiwo le asiwò le aƒeme ŋu la, bubuwo gale agbalẽdzraɖoƒe le miaƒe Fiaɖuƒe Akpata mea? Ðe nɔvi siwo le Yehowa subɔm ƒe geɖee nye esia alɔ̃ nàzã woƒe numekugbalẽwoa? Agbalẽdzraɖoƒe le du si me nèle nàyi aɖawɔ numedzodzro le agbalẽwo me ne ehiã?

Biblia—Míaƒe Numekugbalẽ Gãtɔ, la Zazã

Ne wò numekukua ku ɖe mawunyakpukpui aɖe gɔmesese ŋu la, ekema dze egɔme kple Biblia ŋutɔ.

Dzro Ŋɔŋlɔ Siwo Ƒo Xlãe la Me. Bia ɖokuiwò be: ‘Ameka alo amekawo ŋue mawunyakpukpui sia ku ɖo? Nukae ŋɔŋlɔ siwo do ŋgɔ kple esiwo do megbe na mawunyakpukpui sia ɖe fia be eyae dzɔ si ta wogblɔ nya sia ɖo, alo be eyae nye amesiwo wowɔnɛ la ƒe nɔnɔme?’ Zi geɖe la, eŋu nya siawo kpena ɖe mía ŋu be míase mawunyakpukpuia gɔme, eye woagate ŋu ade agbe yeye nuƒo si me nàzãe le hã me.

Le kpɔɖeŋu me, Hebritɔwo 4:12 nye ŋɔŋlɔ si zi geɖe míeyɔna be míatsɔ afia ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya la ŋu be wòaʋã míaƒe dzi ahakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi. Ŋɔŋlɔ siwo do ŋgɔ kple esiwo do megbe nɛ la naa míegakpɔna esia ƒe nyateƒenyenye kɔte. Eƒo nu tso nu vovovo siwo me Israel-dukɔ la to ƒe 40 le gbeadzi do ŋgɔ na woƒe yiyi ɖe anyigba si ƒe ŋugbe Yehowa do na Abraham dzi ŋuti. (Heb. 3:7–4:13) “Mawu ƒe nya,” eƒe ŋugbedodo be yeana dzudzɔ wo le ɖekawɔwɔ me kple nu si wòbla kple Abraham, la meku o; egakpɔtɔ nɔ agbe eye emevava nɔ aƒe tum. Ele kokoko be Israel-viwo naxɔ edzi ase. Ke hã esime Yehowa nɔ wo kplɔm tso Egipte heyina ɖe Sinai-toa dzi, ɖo ta Ŋugbedodonyigbaa dzi la, woɖe dzimaxɔse fia atraɖii. Eyata nusi le dzi me na wo la dze ƒã to nɔnɔme si woɖe fia ɖe alesi Mawu wɔ eƒe nya dzii ŋu la me. Nenema ke le míaƒe ɣeyiɣia me la, Mawu ƒe ŋugbedodonya ʋua go nusi le amewo ƒe dzi me.

Xlẽ Titina Ŋɔŋlɔwo. Titina ŋɔŋlɔ siwo fiaa asi mawunyakpukpui bubuwo le Biblia aɖewo me. Wole tɔwò hã mea? Ne woli la, woanye kpekpeɖeŋu. De dzesi eƒe kpɔɖeŋu ɖeka le New World Translation of the Holy Scriptures me. Petro I, 3:6 fia asi Sara be enye kpɔɖeŋu si sɔ be srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo nasrɔ̃. Titina nuŋɔŋlɔ aɖe si fia asi Mose I, 18:12 la ɖo kpe esia dzi esi wògblɔ be Sara yɔ Abraham be aƒetɔ “ɖe dɔ me.” Eyata eƒe ɖokuibɔbɔa tso dzi me ke. Hekpe ɖe numekɔkɔ siawo ɖeɖefia ŋu la, titina ŋɔŋlɔwo ate ŋu ahe wò susu ayi mawunyakpukpui siwo fia Biblia me nyagblɔɖi ƒe me vava alo Sea ƒe nubabla ŋu nya aɖe dzii. Gake de dzesii be menye numeɖeɖe siawo tae wona titina ŋɔŋlɔ aɖewo ɖo o. Ðewohĩ nusi ko woafia asii nye susu siwo sɔ kple mawunyakpukpuia alo nyatakaka siwo ku ɖe amewo kple teƒeteƒewo ko ŋu.

Di Nya Kple Biblia ƒe Nyadigbalẽ. Biblia ƒe nyadigbalẽ nye agbalẽ si me woakpɔ nya siwo wozã le Biblia me, siwo woɖo ɖe alfabeta ƒe ɖoɖo nu le. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ mawunyakpukpui siwo ku ɖe nusi me kum nèle ŋu. Ne èle wo me tom la, àsrɔ̃ nu bubu geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò. Àkpɔ ɖaseɖiɖi le nyateƒe ƒe “kpɔɖeŋu” si dze le Mawu ƒe Nya la me ŋuti. (Tim. II, 1:13) “Bible Words Indexed” (Biblia me Nya Siwo Woɖo ɖe Ðoɖo Nu) le New World Translation Biblia me. Wosɔ gbɔ fũ ɖe Comprehensive Concordance me. Le Eʋegbe me la, àkpɔ ɖewo le agbalẽ si ŋkɔe nye Nyadigbalẽ na Eʋe Biblia si Alliance Biblique Universelle ta la me. Esia hã ate ŋu aɖe vi le wò numekuku me.

Alesi Nàzã Numekugbalẽ Bubuwoe

Àkpɔ numekugbalẽ kple numekunu bubu siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” wɔ na mí la le aɖaka si le axa 33 me. (Mat. 24:45-47) Àkpɔ agbalẽawo me nyawo le afisi woɖo eme nyatiwo ɖo, eye nya siwo woɖo ɖe ɖoɖo nu le agbalẽawo ƒe nuwuwu, esiwo ƒe taɖodzinue nye be woakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe nusi dim nèle ŋu. Le ƒe ɖesiaɖe ƒe nuwuwu la, wotaa nyati siwo woɖo ɖe ɖoɖo nu ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me hena ƒe ma me nyati siwo woŋlɔ.

Ne ènya nyatakaka si ƒomevi le Biblia-srɔ̃gbalẽ siawo me nyuie la, ado tsɔtsɔe wò numekuku wɔwɔ. Mítsɔe be èdi be yeanya nu tso nyagblɔɖi, nufiafia, Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ, alo Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ ŋu. Ðewohĩ nusi dim nèle la le Gbetakpɔxɔ me. Nyadzɔdzɔwo, egbegbe kuxiwo, mawusubɔsubɔ, dzɔdzɔmeŋutinunya, kple dukɔ geɖe me tɔwo ŋuti nyawo le Nyɔ! me. Numeɖeɖe ku ɖe nusianu si dzɔ siwo woŋlɔ ɖe Nyanyuigbalẽawo me ŋuti, le ɣeyiɣi ƒe ɖoɖo nu dze le agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ me. Àkpɔ Biblia-gbalẽwo ƒe kpukpui ɖesiaɖe me ɖeɖe ɖekaɖeka le agbalẽ siwo nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!, kple agbalẽ babla eve siwo nye Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã la me. Àkpɔ Biblia me nyabiabia alafa nane siwo amewo biana enuenu le gbeadzi ƒe ŋuɖoɖo dzeameŋuwo le agbalẽ si nye Reasoning From the Scriptures me. Ne èdi be yeaganya nu geɖe wu le subɔsubɔha bubuwo, woƒe nufiafiawo kple woƒe ŋutinya ŋu la, ke xlẽ agbalẽ si nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee. Yehowa Ðasefowo ƒe egbegbeŋutinya detowo le Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom me eye wo ŋu nya aɖewo le agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? hã me. Àkpɔ gbeƒãɖeɖedɔa ƒe takeke le xexeame godoo ŋu nya le ƒe ɖesiaɖe ƒe January 1 ƒe Gbetakpɔxɔ aloYearbook of Jehovah’s Witnesses me. Insight on the Scriptures enye Biblia ŋuti numekugbalẽ ganye anyigbanɔnɔmetatagbalẽ hã. Enye agbalẽ si de to ale gbegbe eye àkpɔ nya vevi vovovowo le eme ku ɖe dukɔwo, teƒeteƒewo, gbegbɔgblɔwo, blema nyadzɔdzɔ siwo ŋu Biblia ƒo nu le, kple nu bubu vovovowo ŋuti.

“Watch Tower Publications Index” (Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Agbalẽwo ƒe Nyadigbalẽ). Wota Index sia ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 20 me, eye efia asi habɔbɔa ƒe agbalẽ gbogbo aɖewo na wò hena wo me nyatakakawo kpɔkpɔ. Nyatiwo diƒe le eme, eye ŋɔŋlɔwo diƒe hã li. Ne èdi be yeazã nyatiwo diƒe la, ke tia nya aɖe si nye nyati si me nàku la ƒe nyakui vevitɔ. Ne èdi be yeazã ŋɔŋlɔwo diƒe la, tia kpukpui si gɔme nèdi be yease nyuie la tso afisi woŋlɔ wo ɖo la. Ne wota nyatakaka aɖe le mia degbe me le nyati ma alo kpukpui ma ŋu le ƒe siwo Index la lɔ ɖe eme me la, ekema àkpɔ agbalẽ vovovo siwo ɖe nu me le wo ŋu ƒe dzesidewo le afima. Mɔfiame le Index la ƒe gɔmedzedze si akpe ɖe ŋuwò ale be ne èkpɔ agbalẽ si wowɔnɛ ƒe ŋkɔ si woŋlɔ kpuie ko la, ànya agbalẽ la ƒe ŋkɔa katã. (Le kpɔɖeŋu me, àkpɔ be ne woŋlɔ w99 3/1 15 ɖe agbalẽ ma me la, efia March 1, 1999, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 15.) Tanyaawo abe “Field Ministry Experiences” (Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo) kpakple “Life Stories of Jehovah’s Witnesses” (Yehowa Ðasefowo ƒe Agbemeŋutinyawo) ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo nuƒo ʋãmewo na hamea.

Numekuku xɔa ɣeyiɣi geɖe, eyata ɖu ɖokuiwò dzi be nyati bubuwo nagahe wò susu o. Wò susu katã nenɔ wò taɖodzinua ŋu be nàdi nusi dɔ si dze ŋgɔwò la bia. Ne Index la fia asi agbalẽ aɖe la, ʋu axa ma(wo), eye nàxlẽ tanya suewo kple memamaawo ƒe nyagbe gbãtɔwo be woakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe nyatakaka si sɔ la ŋu. Ne èle mawunyakpukpui aɖe ƒe gɔmesese me kum la, gbã, di afisi mawunyakpukpui ma dze le le axa si wofia asii. Azɔ lé ŋku ɖe numeɖeɖe siwo do ŋgɔ kple esiwo do megbe nɛ la ŋu.

“Watchtower Library” si Le CD-ROM Dzi. Ne kɔmpiuta le asiwò la, Watchtower Library si le CD-ROM dzi zazã aɖe vi na wò, elabena Habɔbɔa ƒe agbalẽ gbogbo aɖewo le edzi. Numekunu tɔxɛ sia si zazã le bɔbɔe la awɔe nàkpɔ nya alo nyawo ƒe ƒuƒoƒo, alo ŋɔŋlɔ aɖe si le míaƒe agbalẽ ɖesiaɖe si dze le Watchtower Library me la me. Ne numekunu sia mele mia degbe me o hã, ɖewohĩ ele gbe bubu si ame geɖe zãna me wò hã nàte ŋu azã wòaɖe vi.

Teokrasi Gbalẽdzraɖoƒe Bubuwo

Le Paulo ƒe lɛta evelia si tso gbɔgbɔ me si wòŋlɔ ɖo ɖe Timoteo me la, egblɔ na ɖekakpui sia be netsɔ “agbalẽawo ɖe asi vɛ” na ye le Roma, “vevietɔ lãgbalẽ la.” (Tim. II, 4:13) Paulo de asixɔxɔ tɔxɛ nuŋɔŋlɔ aɖewo ŋu eye wòdzra wo ɖo. Wò hã ate ŋu awɔ nenema. Èdzraa Gbetakpɔxɔ, Nyɔ!, kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ si nèxɔ la ɖo, ne wowɔ wo ŋudɔ le hamea ƒe kpekpewo me vɔ gɔ̃ hã? Ne èwɔnɛ la, ekema woli na wò dedie hena zazã abe numekunuwo ene hekpe ɖe Kristotɔwo ƒe agbalẽ bubu siwo nèxɔ la ŋu. Teokrasigbalẽwo le agbalẽdzraɖoƒe le Fiaɖuƒe Akpata me le hame akpa gãtɔ me. Woli na hamea katã be woawɔ wo ŋudɔ ne wova Fiaɖuƒe Akpata me.

Nyatakakawo Dzraɖoƒe Nenɔ Asiwò

Nɔ ŋudzɔ na nyatakaka vevi siwo nàte ŋu ade wò nuƒo kple nufiafia me. Ne èkpɔ nyadzɔdzɔ, akɔntabubu, alo kpɔɖeŋu aɖe le nyadzɔdzɔgbalẽ alo magazine aɖe me si nàte ŋu azã le gbeadzi la, àte ŋu asẽe adzra ɖo alo aŋlɔe ada ɖi. Nàŋlɔ ɣletiŋkekea, magazinea ƒe ŋkɔ, eye ɖewohĩ eŋlɔlaa alo etalaa ƒe ŋkɔ hã. Le kpekpeawo me la, ŋlɔ nya siwo dzi nànɔ te ɖo aɖe susu kple amewo, ŋlɔ kpɔɖeŋu siwo nèse, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖe nyateƒea me na amewo. Kpɔɖeŋu nyui aɖe va susu me na wò kpɔ gake mèkpɔ mɔnu zãe haɖe oa? Ŋlɔe da ɖi, nàdzrae ɖo ɖe asitsɔƒe. Ne èwɔ dɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me vaseɖe ɣeyiɣi aɖe la, dɔdasi vovovo siwo nèwɔ la ƒe nuƒogbalẽwo anɔ asiwò. Be nàtsɔ wo aƒu gbe teƒe la, dzra wo ɖo. Ðewohĩ numekuku si nèwɔ la ava aɖe vi emegbe.

Ka Eta na Amewo

Míesrɔ̃a nu geɖe le amewo gbɔ. Esime Luka nɔ eƒe Nyanyuia ŋlɔm la, edze le eƒe nuŋɔŋlɔwo me ƒã be eƒe asi ka nyatakaka geɖe to nyabiabia nuawo teƒe kpɔlawo me. (Luka 1:1-4) Ðewohĩ hati Kristotɔ aɖe ate ŋu akɔ nane si ƒe numekuku nèle agbagba dzem be yeawɔ la me na wò. Le Efesotɔwo 4:8, 11-16 ƒe nya nu la, Kristo zã ‘nunana siwo nye amewo’ be woakpe ɖe mía ŋu míatsi le ‘sidzedze Mawu ƒe Vi la’ me. Ne míebiaa nya amesiwo si nuteƒekpɔkpɔ su le Mawu subɔsubɔ me la, ana susu vevi aɖewo mí. Azɔ hã ne èɖoa dze kple amewo la, ana nànya woƒe susu, eye esia akpe ɖe ŋuwò nàtrɔ asi le nuƒo si aɖe vi na wo ŋutɔŋutɔ la ŋu.

Do Wò Numekukua ƒe Nuvãnyenye Kpɔ

Ne woŋe lu vɔ la, wogbɔa tsroa le nuɖuɖua ŋutɔ ŋu. Nenemae wòle le dɔ si nàtsɔ wò numekukua awɔe hã gome. Hafi nàzãe la, ele be nàɖe nusi le vevie ɖa tso esi mehiã boo o la me.

Ne nuƒo mee nàzã nyatakakaa le la, bia ɖokuiwò se be: ‘Ðe nusi meɖo be magblɔ la ana tsɔɖui nanɔ nye nuƒoa me vavã? Alo togbɔ be nusi meɖo be magblɔ la nya se hã la, meku ɖe nusi ŋu wòle be manɔ nu ƒom le ŋu tututu hafi oa?’ Ne èdi be yeazã nyadzɔdzɔwo alo dzɔdzɔmeŋutinunya alo atikewɔnunya me nya siwo nɔa tɔtrɔm edziedzi la, kpɔ egbɔ be nyatakakaa sɔ ɖe egbegbe tɔ dzi pɛpɛpɛ. De dzesii hã be nya aɖewo le míaƒe agbalẽ xoxowo me, siwo míegatsɔ le dɔ wɔmee fifia o le esi nyatakaka mawo do xoxo ta, eyata zã esi wota yeyee boŋ.

Ne wò nyatakakaa tso egodotɔwo ƒe agbalẽwo me la, ekema ele vevie ŋutɔ be nàkpɔ nyuie. Nenɔ ŋku dzi na wò be Mawu ƒe Nya lae nye nyateƒe. (Yoh. 17:17) Yesu sie nɔƒe vevitɔ le le Mawu ƒe tameɖoɖo me vava me. Eyata Kolosetɔwo 2:3 gblɔ be eyama nye “amesi me woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.” Do wò numekukua ƒe nuvãnyenye kpɔ le nyateƒenya ma nu. Le numekuku tso egodotɔwo ƒe agbalẽwo gome la, bia ɖokuiwò be: ‘Woɖe ami ɖe nyaa, ame aɖe ƒe susu si wògblɔ kpɔ koea, alo amesi mebu nu ŋu yi didiƒe o ƒe nyaea? Ðokuitɔdidi alo asitsatsa ƒe nukpɔsusue wotsɔ ŋlɔea? Nuŋlɔla bibi bubuwo hã wɔ ɖeka kpliia? Esi ƒo ye katã ta la, ewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nyateƒea?’

Lododowo 2:1-5 de dzi ƒo na mí be míayi edzi anɔ sidzedze, gɔmesese, kple nugɔmesese dim ‘abe klosalo kple kesinɔnu si le to me ene.’ Ema fia be kutrikuku hiã eye teƒeɖoɖo manyagblɔ hã ado tso eme. Numekuku hiã na agbagbadzedze, gake ewɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nàva nya Mawu ƒe susu le nya vovovowo ŋu, ale be nàɖɔ susu gbegblẽwo ɖo, eye wò nyateƒea gɔmesese nali ke. Awɔe tsɔɖui geɖe kple agbe nanɔ wò nuƒo me hã; anye dzidzɔ na wò be nàƒo nuƒoa eye eselawo asee kple dzidzɔ blibo.

NUMEKUGBALẼ SIAWO DOMETƆ KAWOE LE ASIWÒ?

  • New World Translation of the Holy Scriptures

  • Comprehensive Concordance

  • Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ!

  • Reasoning From the Scriptures

  • Jehovah’s Witnesses​—Proclaimers of God’s Kingdom

  • Insight on the Scriptures

  • Watch Tower Publications Index

  • Watchtower Library si le CD-ROM dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe