NUSƆSRƆ̃ 25
Agbalẽ Dzi Alo Susu Me Nya Kpuiwo Ŋudɔwɔwɔ
AME geɖe vɔ̃na ne wole eŋu bum be yewoazã nya vevi kpuiwo atsɔ aƒo nui. Wobunɛ be ade yewo dzi wu ne nya sia nya si yewoagblɔ la le agbalẽ dzi alo yewolé nya sia nya ɖe susu me.
Gake le nyateƒe me la, mí katã míeƒoa nu gbesiagbe agbalẽ dzi makpɔmakpɔe. Míete ŋu wɔnɛ ne míele dze ɖom kple ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo. Míewɔnɛ le gbeadzi. Eye míewɔnɛ ne míele gbe dom ɖa tso dzi me, eɖanye le mía ɖokui si loo alo ne míexɔ ŋgɔ le amehawo teƒe o.
Ne èle nuƒo ƒom na amehawo la, nya sia nyae nèŋlɔ ɖi loo alo nya veviawo koe nèŋlɔ ɖi o, ɖe wo dometɔ si ŋudɔ wɔm nèle la le veviea? Togbɔ be nya sia nya ŋɔŋlɔ ɖi axlẽ tẽ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò nyawo nasɔ pɛpɛpɛ eye nya siwo nàtia nasɔ nyuie hã la, mete ŋu ɖoa amewo ƒe dzi gbɔ wòdea edeƒe o. Ne èxlẽ nyagbewo tsiã ɖe enu didi vie la, zi geɖe wò nuƒoƒo ƒe tsɔtsɔ kple wò gbe ƒe kɔkɔme ato vovo na alesi wònɔna le wò gbesiagbe dzeɖoɖo faa me. Ne wò susu va le agbalẽa dzi kpɔkpɔ ŋu wu nyaselawo ŋkume kpɔkpɔ la, anɔ eme be ame geɖe maɖo to nyuie abe alesi wòanɔ ne wokpɔ be nèle yewo ŋu bum vavã eye nèle wò nyawo trɔm be wòasɔ ɖe yewoƒe nɔnɔme nu la ene o. Be nuƒo nawɔ dɔ ɖe ame dzi vavã la, mɔnu nyuitɔ enye esi woƒo nu faa tso dzime na amewo.
Wotrɔ asi le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu le gbesiagbegbenɔnɔ me. Ne míedo go mía xɔlɔ̃wo la, míehea agbalẽ ɖe go xlẽa nya si le mía si na wo ale be míaƒe nyawo nanye nyuitɔwo kekeake o. Le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, míeléa agbalẽ si dzi míeŋlɔ nya sia nya ɖo ɖe asi xlẽna, le vɔvɔ̃ be míava ŋlɔ nya vevi aɖewo siwo míedi be míagblɔ na amewo be ta o. Ne èle alesi míewɔa gbeƒãɖeɖedɔae le nɔnɔme siawo me ƒe wɔwɔfia wɔm le sukua me la, srɔ̃ alesi nàƒo nu faa abe alesi nèƒoa nui gbesiagbe ene. Ne èdzra ɖo nyuie la, àkpɔe be nya vevi kpuiwo ŋudɔwɔwɔ, eɖanye ɖe nèlé wo ɖe susu me loo alo nèŋlɔ wo ɖi o, sɔna zi geɖe be woaɖo ŋku nusiwo tututu me nèdi be yeadzro la dzi na wò. Gake aleke nàwɔ dzi nanɔ ƒowò ɖe etsɔtsɔ wɔ dɔe ŋu?
Ðo Nyawo ɖe Ðoɖo Nu le Susu Me. Be nàte ŋu awɔ nya vevi kpuiwo ŋudɔ le nuƒo me la, ehiã be nàɖo nyawo ɖe ɖoɖo nu le susu me. Mefia be nàtia nya sia nya si tututu nèdi be yeazã o. Nusi wòfia koe nye be nàbu nuwo ŋu hafi aƒo nu.
Le gbesiagbegbenɔnɔ me la, nukpoloeƒola agblɔ nya aɖe eŋumabumabui eye wòakpɔe emegbe be ɖe yenya ne yemegblɔe o. Ame bubu hã agblɔ nya siwo meɖo do ŋgɔ be yeagblɔ o, wòanɔ kpo tim tso nya ɖeka dzi ayi bubu kura dzi. Míate ŋu atsi nɔnɔme eve siawo nu ne míegbɔna ɖe eme vie ɖoa nyawo ɖe ɖoɖo nu le susu me hafi dzea nuƒoƒo gɔme. Gbã la, na wò susu nanɔ wò taɖodzinua dzi, eyome nàtia mɔ si dzi nàto aɖo egbɔ, eye emegbe hafi nàdze nuƒoƒo gɔme.
Ðe nèle dzadzram ɖo ɖe gbeadziyiyi ŋua? Gbɔ dzi ɖi nàkpɔ egbɔ be yeɖo nuwo ɖe ɖoɖo nu nyuie, menye le wò gbeadzidekplo me ko o ke le wò susu me hã. Ne ɖaseɖinya si ƒe kpɔɖeŋu wowɔ le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me dometɔ aɖee nètia be yeazã la, ke xlẽe to eme zi geɖe be nya veviawo natsi susu me na wò. Gblɔ nusi ŋu wòku ɖo kpuie le nyagbe ɖeka alo eve me. Trɔ asi le nya siwo nàzã ŋu wòasɔ ɖe alesi nèƒoa nui kple alesi nuwo le le wò anyigbamama me nu. Àkpɔe be akpe ɖe ye ŋu ne nya vevi kpuiawo le susu me na ye. Nukawoe esia abia? (1) Le ŋgɔdonya me la, àdi be yeagblɔ nane si ŋu ame geɖe tsi dzi ɖo le miaƒe nutoa me. Ðe mɔ na amea be wòagblɔ eƒe susu. (2) Nya tɔxɛ aɖe koŋ nenɔ susu me na wò nàgblɔ tso nyati ma ŋu, hekpe ɖe ŋɔŋlɔ ɖeka alo eve siwo fia ŋugbe si Mawu do be yeatsɔ akpɔ nya ma gbɔe ŋu. Ne woɖe mɔ na wò la, te gbe ɖe edzi be Yehowa awɔ nusia to eƒe Fiaɖuƒe si nye eƒe dziƒodziɖuɖua dzi. (3) De dzi ƒo na amea be wòawɔ afɔɖeɖe aɖewo le nusi me miedzro ŋu. Àte ŋu ana agbalẽ ahaɖo aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ anyi eye nàwɔ ɖoɖo nyui aɖe ɖi na dzeɖoɖoa dzi yiyi.
Ðewohĩ nya vevi kpui siwo nàte ŋu azã le dzeɖoɖo sia tɔgbe me koe nye esi nàlé ɖe susu me. Ne èdi be yeakpɔ nuŋlɔɖi kpui aɖe dzi hafi ayi aƒe gbãtɔ me la, ke mele be nuŋlɔɖia nasɔ gbɔ wu nya ʋɛ aɖewo siwo nàzã na ŋgɔdonya, mawunyakpukpui ɖeka alo eve, kple nya ʋɛ aɖewo siwo nàdi be yeade nyataƒonya me la ko o. Dzadzraɖo do ŋgɔ kple nya vevi kpuiawo léle ɖi awɔe be míaƒo nu legbe si manɔ ɖoɖo nu ahanɔ tramatrama o, eye wòakpe ɖe mía ŋu be míagblɔ nya siwo me kɔ siwo dzi woaɖo ŋkui bɔbɔe.
Ne èdoa go nyabiase alo taflatsedonya aɖe edziedzi le wò anyigbamama me la, numekukuwɔwɔ tso nya ma ŋu akpe ɖe ŋuwò. Zi geɖe la, nusi nàhiã koe nye nya vevi eve alo etɔ̃ aɖewo kpakple mawunyakpukpui si ɖo kpe wo dzi. Anɔ eme be àkpɔ nya vevi kpui siwo hiã le “Bible Topics for Discussion” (Biblia me Dzeɖoɖo Nyatiwo) me alo le Reasoning From the Scriptures ƒe tanya sue siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto la te. Ðewohĩ àkpɔ nya nyui aɖe tso teƒe bubu si nàdi be yeade eme. Ŋlɔ nya veviawo ɖi kpuie, tsɔ nya siwo nèkpɔ tso teƒe bubuwo ƒe fotokɔpi kpe ɖe eŋu, eye nàtsɔ wo ade wò gbeadzidekplo me. Ne aƒemenɔla aɖe do nyabiase ma ɖa alo gblɔ taflatsedonya ma la, na wòanya be anye dzidzɔ na ye be yeazã mɔnukpɔkpɔ sia atsɔ aɖe nusi dzi yexɔ se me nɛ. (Pet. I, 3:15) Zã nya vevi kpui siwo nèŋlɔ ɖi nàtsɔ aɖo eŋui.
Ne àxɔ ŋgɔ anɔ wò ƒomea, agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo, alo hamea teƒe le gbedodoɖa me la, asɔ nyuie be nàɖo nuwo ɖe ɖoɖo nu le susu me. Abe alesi wòdze le Luka 11:2-4 ene la, Yesu gblɔ nya vevi kpui aɖewo na eƒe nusrɔ̃lawo, si ŋudɔ woawɔ le gbedodoɖa si sɔ me. Le gbedoxɔa ŋukɔkɔ me le Yerusalem la, Salomo do gbe didi aɖe ɖa. Edze ƒã be ebu nya siwo ŋu wòaku ɖo ŋu le susu me do ŋgɔ. Gbã ehe susu yi Yehowa kple Eƒe ŋugbe si wòdo na Dawid dzi; eyome ehe susu yi gbedoxɔa dzi; eye emegbe wòhe susu yi nu tɔxɛ aɖewo kple ameƒomeviwo dzi ɖekaɖekae. (Fia. I, 8:22-53) Kpɔɖeŋu siawo ate ŋu aɖe vi na mí.
Na Wò Nya Veviawo Nenɔ Bɔbɔe na Zazã. Ðe nèdi be yeazã wò nya vevi kpuiawo le dutoƒonuƒo ƒoƒo mea? Nya agbɔsɔsɔme kae hiã be wòanɔ nuƒogbalẽa dzi?
Ðo ŋku edzi be agbalẽ dzi alo susu me nya vevi kpuiwo ƒe taɖodzinu enye be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku susu veviawo dzi. Ðewohĩ àdi be yeaŋlɔ nyagbe ʋɛ aɖewo siwo nàzã le ŋgɔdonyaa me ɖi. Gake le ema megbe la, trɔ ɖe susu veviawo ŋu, menye ɖe nya siwo tututu nàzã ŋu o. Ne èdi be yeaŋlɔ susu veviawo ɖi woanye nyagbewo la, ke na woanye nyagbe kpuikpuiwo ko. Na nya vevi ʋɛ siwo nèɖo be yeatsɔ aɖe nuwo mee la nadze nyuie le wò nuŋlɔɖi kpuiawo me. Àte ŋu ana nya veviawo nadze nyuie ne èŋlɔ wo kple ŋɔŋlɔdzesi gãwo, ne ète fli ɖe wo te, alo nètsɔ nuŋlɔtsi si le amadede me de dzesi woe. Le nya veviawo dometɔ ɖesiaɖe te la, ŋlɔ susu siwo nèdi be yeazã atsɔ aɖe emee ɖi. Ŋlɔ mawunyakpukpui siwo nèdi be yeaxlẽ. Asɔ wu be nàxlẽ ŋɔŋlɔa me nyawo tso Biblia ŋutɔ me tẽ. Ŋlɔ kpɔɖeŋu siwo nèdi be yeazã ɖi. Ðewohĩ nya nyui aɖewo siwo sɔ, siwo nèɖe tso agbalẽ bubuwo me hã li nèdi be yeade eme. Na wò nuŋlɔɖiwo naku ɖe nya bliboa ŋu alesi dze ale be nusiwo dzi nàte ŋu atɔ asii tẽ nanɔ asiwò nàgblɔ. Nuŋlɔɖi kpuiawo ŋudɔwɔwɔ anɔ bɔbɔe na wò ne èŋlɔ wo ɖe ɖoɖo nyui nu wo me kɔ.
Ame aɖewo zãa nuŋlɔɖi siwo le kpuie ale gbegbe. Nusiwo anɔ nuŋlɔɖi kpuiawo me ate ŋu anye nya vevi ʋɛ aɖewo, dzesidede mawunyakpukpui siwo me nya nuƒola di be yeagblɔ, kple nutata alo foto siwo akpe ɖe eŋu wòaɖo ŋku susu veviawo dzi. Ne nuŋlɔɖiawo le kpuie alea la, nuƒola ate ŋu aɖe nyatia me ɖe ɖoɖo si sɔ nu eye wòanɔ dzeɖoɖo ƒe nɔnɔme me. Esiae nye nusɔsrɔ̃ sia ƒe taɖodzinu.
Àkpɔ numedzodzro si ku ɖe “Nuƒogbalẽ Ŋɔŋlɔ” ŋu le agbalẽ sia ƒe axa 39 vaseɖe 42. Akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ ne èxlẽ tanya ma esime nèle dɔ wɔm tso nusɔsrɔ̃ sia si nye “Agbalẽ dzi alo Susu me Nya Kpuiwo Ŋudɔwɔwɔ” ŋu.
Alesi Nàwɔ Nuŋlɔɖi Kpuiawo Ŋudɔe. Le afisia la, wò taɖodzinu mese ɖe wò nuƒoa me nya veviawo ŋɔŋlɔ ɖi kpuie ko dzi o. Taɖodzinua enye be nàwɔ nuŋlɔɖi kpuia ŋudɔ nyuie.
Afɔɖeɖe gbãtɔ le nuŋlɔɖi kpuiwo ŋudɔwɔwɔ mee nye dzadzraɖo ɖe nuƒoa ƒoƒo ŋu. Lé ŋku ɖe tanyaa ŋu, xlẽ nya veviawo dometɔ ɖesiaɖe, eye nàkpɔ kadodo si le nya veviawo dometɔ ɖesiaɖe kpakple tanya la dome. Ŋlɔ ɣeyiɣi si nàte ŋu azã ɖe nya vevi ɖesiaɖe ŋu la ɖi. Azɔ gbugbɔ yi megbe nàsrɔ̃ nya vevi gbãtɔ. Dzro kpeɖodzinyawo, mawunyakpukpuiwo, kpɔɖeŋu, kple nuteƒekpɔkpɔ siwo nèdi be yeatsɔ aɖe nya vevi ma mee la me. Gbugbɔ srɔ̃e to eme zi gbɔ zi geɖe vaseɖe esime wò nuƒoa ƒe akpa ma me nakɔ na wò nyuie le susu me. Wɔe alea ke le nya vevi bubuawo katã me. Bu akpa siwo nàte ŋu aɖe le eme, ne ehiã, bene nàte ŋu awu enu ɖe game dzi ŋu. Eyome gbugbɔ to nuƒo bliboa me. Wò susu nenɔ susu veviawo dzi, menye nya siwo tututu nàzã dzi o. Mègalé nuƒo bliboa ɖe susu me o.
Ne èle nuƒoa ƒom la, ele be nàte ŋu anɔ wò nyaselawo ƒe ŋkume kpɔm nyuie alesi dze. Zi geɖe le mawunyakpukpui aɖe xexlẽ vɔ megbe la, ele be nàte ŋu akɔ eme to wò Biblia zazã me esi mahiã be nàgbugbɔ akpɔ wò nuŋlɔɖia dzi hafi o. Nenema ke ne èle kpɔɖeŋu aɖe zãm la, gblɔe abe alesi nàgblɔe ne xɔ̃wòwoe nèle egblɔm na ene, ke menye be nàxlẽe tẽ tso wò nuŋlɔɖia me o. Le nuƒoa me la, mèganɔ agbalẽa dzi kpɔm be yeakpɔ nyagbe ɖesiaɖe si yeagblɔ la o. Ƒo nu tso dzi me faa, eye esia ana nàɖo wò nyaselawo ƒe dzi gbɔ.
Ne èva bi ɖe agbalẽ dzi alo susu me nya kpuiwo ŋudɔwɔwɔ atsɔ aƒo nui me la, ke èwɔ ŋgɔyiyi vevi aɖe si ana nàva zu nuƒola nyui aɖe.