NUSƆSRƆ̃ 26
Nyawo Ðoɖo Nyuie Egɔme Nanya Se
HAFI nàte ŋu aɖo nyawo ɖe ɖoɖo si gɔme anya se nu la, ele be taɖodzinu aɖe nanɔ susu me na wò. Ðe wò taɖodzinua nye be yeana amewo nanya nu tso nyati aɖe—dzixɔse aɖe, nuwɔna aɖe, nɔnɔme aɖe, agbenɔnɔ aɖe, alo amewo ƒe zɔzɔme aɖe—ŋu koa? Ðe nèdi be yeaɖo kpe nya aɖe dzi alo atsi tre ɖe eŋua? Wò didi enye be yeatu amewo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo ɖe nane ŋu alo aʋã wo be woawɔ afɔɖeɖe aɖea? Eɖanye ame ɖeka aɖe alo ƒuƒoƒo gã aɖee nèle nu ƒom na o, be nàwɔe nyuie la, ele be nàbu nusi ameawo nya tso nyatia ŋu xoxo kple nusi nye woƒe nɔnɔme ɖe eŋu la ŋuti. Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, ɖo wò nya vevi kpuiawo ɖe ɖoɖo si akpe ɖe ŋuwò nàɖo wò taɖodzinua gbɔ la nu.
Dɔwɔwɔwo 9:22 gblɔ le Saul (Paulo) ƒe subɔsubɔdɔ le Damasko ŋu be ena “Yudatɔ, siwo le Damasko la ƒe nu tsi te, esi wòfia kɔte bena, amesiae nye Kristo.” Nukawoe nɔ nufiafia ma si dze kɔte la me? Abe alesi Paulo ƒe dɔ si wòva wɔ emegbe le Antioxia kple Tesalonika ŋuti nuŋlɔɖi ɖee fia ene la, gbã etu eƒe nyawo ɖe nyateƒe si wònye be Yudatɔwo xɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo dzi se eye wobe yewoxɔ nya siwo ŋɔŋlɔ mawo gblɔ tso Mesia la ŋu dzi se la dzi. Eyome Paulo tia Ŋɔŋlɔ mawo ƒe akpa siwo ku ɖe Mesia la ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔ ŋu. Eyɔ nya tso wo me eye wòtsɔ wo sɔ kple nusi dzɔ ŋutɔŋutɔ le Yesu gome. Mlɔeba la, eƒo nya ta si me kɔ ƒã, si nye be, Yesue nye Kristo, alo Mesia la. (Dɔw. 13:16-41; 17:2, 3) Wò hã ne ègblɔ Biblia me nyateƒea le ɖoɖo si gɔme anya se nu la, ate ŋu aʋã amewo.
Nyawo Ðoɖo ɖe Ðoɖo Nu. Woate ŋu aɖo nyawo ɖe ɖoɖo vovovo nu be egɔme nanya se. Ne èkpɔ be asɔ la, àte ŋu awɔ mɔnu geɖe ŋudɔ. Bu mɔnuawo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.
Eɖoɖo ɖe nyatiawo nu. Esia bia be nàɖo wò nyawo ɖe akpa vovovo me, eye akpa ɖesiaɖe naɖo ta wò taɖodzinua gbɔ. Akpa vovovoawo ate ŋu anye nya veviawo siwo hiã bene woase wò nyatia gɔme. Woate ŋu anye kpeɖodzinya ɖedzesi siwo de nya aɖe dzi alo tsi tre ɖe eŋu. Àte ŋu azã nya veviawo dometɔ aɖewo loo alo aɖe wo le eme togbɔ be woku ɖe nyatia ŋu hã, eye esia anɔ te ɖe wò nyaselawo alo wò taɖodzinu dzi.
Bu nyawo ɖoɖo ɖe nyatiawo nu ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Nuƒo kpui si ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋu ate ŋu ayi ale: (1) Nusita wòle vevie be woanya Mawu ƒe ŋkɔ, (2) Mawu ƒe ŋkɔa ŋutɔŋutɔ, kple (3) alesi míate ŋu ade bubu ŋkɔa ŋui.
Àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso nyawo ɖoɖo ɖe nyatia nu ŋu ne èlé ŋku ɖe agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ta na aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ŋu. (Mat. 24:45) Zi geɖe la, nyati geɖe le agbalẽ siawo me, siwo ate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu be woase Biblia me nyateƒea ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme gbadzaa. Le agbalẽ gãwo gome la, womaa nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe ƒe tanya ɖe tanya suewo me. Nyati ɖesiaɖe dzraa nusrɔ̃via ɖo ɖe nya si akplɔe ɖo ŋu eye wòdea nu nufiafia bliboa me.
Nuwɔna kple emetsonu. Numedzodzro tso nuwɔna aɖe dzi ayi emetsonu dzi nye nyawo ɖoɖo be egɔme nanya se ƒe mɔnu bubu.
Mɔnu sia asɔ nyuie ne èle nu ƒom na ame aɖe alo ƒuƒoƒo aɖe be woade ŋugble vevie tso woƒe nuwɔna aɖe alo nusi woɖo be yewoawɔ la me tsonu ŋu. Esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe le Lododowo ƒe ta 7 lia me. Eɖɔ alesi ɖekakpuivi ‘bometsila si si dzi nyui mele o,’ (nuwɔnaa) va de ha kple gbolo aɖe wòzu afɔku nɛ (emetsonua).—Lod. 7:7.
Be nàte gbe ɖe edzi nyuie wu la, àte ŋu atsɔ amesiwo gbea zɔzɔ ɖe Yehowa ƒe mɔwo dzi ƒe nuwɔna me tsonu gbegblẽawo asɔ kple nu nyui siwo dona tsoa eme na amesiwo ɖoa to Yehowa. Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Mose wòtsɔ nuwo sɔ kple wo nɔewo alea esi wònɔ nu ƒom na Israel-dukɔa hafi woaɖo Ŋugbedodonyigba la dzi.—Mose V, ta 28.
Le go aɖewo me la, anyo wu be nàdze dzeɖoɖoa gɔme kple dzesidede nɔnɔme aɖe (emetsonua) eye emegbe nàdzro kpeɖodzinya siwo fia asi nusi hee vɛ (nuwɔnaa) la me. Zi geɖe la, esia bia be wòato kuxi-kple-egbɔkpɔnu ƒe mɔnu.
Kuxi kple egbɔkpɔnu. Le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, ne èdzro kuxi aɖe si me amewo tsɔ ɖe le vevie me eye nèfia asii be egbɔkpɔnu nyui aɖe li la, esia ate ŋu aʋã amewo be woaɖo to. Kuxia ate ŋu anye esi wò ŋutɔ nèdo ɖa alo esi amea do ɖa.
Kuxi siawo ate ŋu anye alesi wònye nyateƒe be amewo tsina kua amegã hekuna, nuvlowɔwɔ ƒe bɔbɔ, alo madzɔmadzɔnyenye ƒe aƒexɔxɔ ɖe afisiafi. Mehiã be woadzro nu me yi ŋgɔe atsɔ aɖo kpe edzi be kuxi siawo li o, elabena amesiame de dzesi wo xoxo. Kpuie ko la, dze egɔme kple susu hehe yi kuxia dzii, eye eyome gblɔ egbɔkpɔnu si Biblia fia asii.
Le go bubu me la, ate ŋu anɔ eme be kuxia nye ame aɖe ŋutɔ ƒe nya, si anye dzilaɖekɛ aɖe ƒe kuxiwo, dɔ sesẽ aɖe dzedze si na dzi ɖe le ame aɖe ƒo, alo fukpekpe si me tom ame aɖe le le ame bubu ƒe ŋutasẽnuwɔna ta. Be nàte ŋu ana kpekpeɖeŋu nyuitɔ la, gbã ele be nànye toɖola nyui. Biblia na mɔfiame nyuiwo le kuxi siawo katã ŋuti. Gake ele be nàtsɔ nugɔmesese awɔ eŋudɔe. Hafi wò dzeɖoɖoa naɖe vi na amea ŋutɔŋutɔ la, ele be wò nyawo nasɔ kple nusi le dzɔdzɔm ŋutɔŋutɔ. Na eme nakɔ ne nya si gblɔm nèle la nye kuxia gbɔ kpɔnu ŋutɔŋutɔ, ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe gbɔdzɔekpɔkpɔ, alo alesi woakpe akɔ kple nɔnɔme aɖe si gbɔ womate ŋu akpɔ le nuɖoanyi sia me o ye. Ne míagblɔe bubui la, kpɔ egbɔ be Ŋɔŋlɔawo me numeɖeɖe si me dzrom nèle la su be wòaɖo kpe alesi nèƒo nya tae dzi. Ne mele nenema o la, egbɔkpɔnu si nèfia asii la gɔme manya se kura na amea o.
Ɣeyiɣi ƒe ɖoɖo si nu nuwo dzɔ ɖo. Nyati aɖewo abia be woadzro wo me le ɣeyiɣi si me wodzɔ ɖo nu. Le kpɔɖeŋu me, le Mose II, me la, woyɔ Fukpekpe Ewoawo ɖe ɖoɖo si nu wodzɔ ɖo nu. Le Hebritɔwo ƒe ta 11 la, apostolo Paulo yɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi la ƒe ŋkɔwo ɖe ɣeyiɣi si wonɔ anyi nu.
Ne èfia asi nusiwo dzɔ va yi le ɣeyiɣi si me wodzɔ le nu la, esia akpe ɖe wò nyaselawo ŋu be woase alesi nanewo wɔ va dzɔ la gɔme. Esia ku ɖe egbegbe ŋutinyawo kple Biblia me nudzɔdzɔwo siaa ŋu. Le esia me la, ànɔ numedzodzro si ku ɖe ɖoɖo si nu nuwo dzɔ ɖo kpakple nuwɔna kple emetsonu siaa ƒe mɔnuwo ŋudɔ wɔm. Ne èdi be yeafia asi nudzɔdzɔ siwo Biblia gblɔ be woadzɔ le etsɔme la, ɖewohĩ egbɔgblɔ le ɖoɖo si nu woava dzɔ ɖo nu ye ana wò nyaselawo nase egɔme ahaɖo ŋku edzi bɔbɔe wu.
Ðoɖo si nu nuwo dzɔ ɖo zazã mefia be nàdze egɔme ɣesiaɣi tso gɔmedzedzea godoo o. Le go aɖewo me la, asɔ wu be nàgblɔ nudzɔdzɔa ƒe akpa si awɔ dɔ ɖe ame dzi vevie atsɔ adze egɔmee. Le kpɔɖeŋu me, ne èle nuteƒekpɔkpɔ aɖe gblɔm la, àte ŋu aɖoe be yeagblɔ ɣeyiɣi si wodo ame aɖe ƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu kpɔ vevie. Fifia esi nètsɔ ŋutinyaa ƒe akpa ma nyɔ ɖetsɔlemee vɔ la, àte ŋu agblɔe azɔ ɖe ɖoɖo si nu nuawo dzɔ ɖo hafi wòva yi nenema nu.
Nya Siwo Do Ƒome Kplii Ko Zazã. Mɔ ka ke nue nèɖo wò nyawo ɖo o, kpɔ egbɔ be nèzã nusiwo do ƒome kple nyaa ko. Ele be wò nuƒoa ƒe tanya nakpɔ ŋusẽ ɖe nya siwo nàtia dzi. Ele be nàbu amesiwo wò nyaselawo nye hã ŋu. Nya vevi aɖe asɔ nyuie na nyasela aɖewo, eye le ƒuƒoƒo bubu gome la, anye nusi wonya xoxo la gbugbɔgagblɔ ko. Ele be nàkpɔ egbɔ be wò nyawo katã wɔ akpa aɖe le wò taɖodzinua gbɔ ɖoɖo me. Ne mele alea o la, ɖewohĩ togbɔ be wò nyawo anya se hã la, mawɔ dɔ nyuie o.
Le numekuku wɔwɔ me la, ɖewohĩ àke ɖe nya geɖe siwo nya se eye woku ɖe wò nyatia ŋu la ŋuti. Eƒe agbɔsɔsɔ kae nàzã? Ne ètrɔ nya geɖe akpa kɔ ɖe wò nyaselawo dzi la, màte ŋu aɖo wò taɖodzinua gbɔ o. Woate ŋu aɖo ŋku nya vevi ʋɛ aɖewo siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie la dzi wu nya gbogbo siwo wogblɔ kple du. Esia mefia be womate ŋu atsɔ numeɖenya nyui bubu aɖewo ade eme kura o. Gake mègana esiawo nava tsyɔ wò taɖodzinua dzi o. De dzesi alesi wotsɔ numeɖenya aɖewo de Biblia ƒe nuŋlɔɖi si le Marko 7:3, 4 kple Yohanes 4:1-3, 7-9 mee aɖaŋutɔe.
Ne ètso nya vevi ɖeka dzi yina bubu dzi la, kpɔ egbɔ be mètrɔ ɖe nya bubu ŋu kpata ale gbegbe be wò nyaselawo makpɔ kadodo si le wo dome o. Be nyawo nade nu wo nɔewo me nyuie la, ɖewohĩ ahiã be nàde nusi atsiã nya ɖeka ɖe evelia nu la eme. Nusi atsiã wo ɖe enu ate ŋu anye nyagbekɔsɔkɔsɔ aɖe alo ate ŋu anye nyagbe blibo aɖe si afia ɖekawɔwɔ si le nyaawo dome. Le gbegbɔgblɔ geɖe me la, nyateƒoƒunya alo nyagbɔgblɔ kpui siwo tsiãa nyawo ɖe wo nɔewo nu li woate ŋu azã wòafia ɖekawɔwɔ si le nya yeye aɖe kple esi wogblɔ do ŋgɔ la dome.
Nya siwo ku ɖe nyatia ŋu ko zazã kple wo ɖoɖo nyuie be egɔme nanya se akpe ɖe ŋuwò be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ.