INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 39 axa 220-axa 222 mm. 6
  • Nyataƒonya Si Awɔ Dɔ Ðe Ame Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyataƒonya Si Awɔ Dɔ Ðe Ame Dzi
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyataƒonya Si Awɔ Dɔ Ðe Ame Dzi
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Na Nya Veviawo Nadze Ƒãa
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nuƒogbalẽ Ŋɔŋlɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Ŋgɔdonya Si Anyɔ Ðetsɔleme
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 39 axa 220-axa 222 mm. 6

NUSƆSRƆ̃ 39

Nyataƒonya Si Awɔ Dɔ Ðe Ame Dzi

Nukae wòle be nàwɔ?

Le nya siwo nàtsɔ aƒo nuƒoa tae me la, gblɔ nya aɖe si ŋu nètrɔ asi le be wòaʋã nyaselawo bene woawɔ ɖe nya si wose dzi.

Nukata Wòle Vevie?

Zi geɖe la, nya si wogblɔ le nyataƒonyaa mee nye esi tsia susu me na ame ɣeyiɣi didi wu. Ekpɔa ŋusẽ ɖe alesi nuƒo bliboa awɔ dɔ ɖe ame dzii la dzi.

ÐEWOHĨ nèwɔ numekuku nyuie hekpɔ nya siwo sɔ na wò nuƒoa ŋutɔ. Anɔ eme be èdzra ŋgɔdonya si anyɔ ɖetsɔleme hã ɖo. Ke hã egakpɔtɔ nu ɖeka—nyataƒonya si awɔ dɔ ɖe ame dzi. Mègabu esia nu tsɛe o. Zi geɖe nya mamlɛtɔ siwo nàgblɔ ye tsia susu me na amewo ɣeyiɣi didi wu. Ne ŋusẽ mele etaƒoƒoa ŋu o la, nya siwo wogblɔ do ŋgɔ le nuƒoa me gɔ̃ hã ƒe dɔwɔwɔ ɖe ame dzi ate ŋu abu.

De ŋugble le nya siwo gbɔna ŋu: Le Yosua ƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la, eƒo nuƒo aɖe si dzi woaɖo ŋkui ɣeyiɣi didi na Israel-dukɔa ƒe ame tsitsiwo. Esime Yosua gbugbɔ gblɔ nusiwo Yehowa wɔ na Israel tso Abraham ƒe ɣeyiɣiawo me ke na wo vɔ la, ɖeko wòwu enu abe ŋkuɖoɖo nya veviwo dzi na wo dzro ko enea? Ao. Ke boŋ etsɔ seselelãme deto xlɔ̃ nu ameawo be: “Mivɔ̃ Yehowa, eye misubɔe blibo le nyateƒe me.” Wò ŋutɔ xlẽ Yosua ƒe nyataƒonya si woŋlɔ ɖe Yosua 24:14, 15 kpɔ.

Nuƒo ɖedzesi bubu dze le Dɔwɔwɔwo 2:14-36 si nye esi apostolo Petro ƒo na ameha siwo kpe ta ɖe Yerusalem na ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste Ŋkekenyuia ɖuɖu. Gbã eɖe eme na wo be wole Yoel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ la kɔkɔ ɖe anyi me vava teƒe kpɔm. Eyome efia alesi esia wɔ ɖeka kple Mesia la ŋuti nyagblɔɖi siwo woŋlɔ ɖe Psalmowo me ku ɖe Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi kple edodo ɖe dzi le Mawu ƒe nuɖusime ŋu. Emegbe le Petro ƒe nyataƒonya me la, egblɔ nusi dze ŋgɔ eƒe nyaselawo dometɔ ɖesiaɖe la na wo. Egblɔ be: “Eyata Israel-ƒeme katã nanyae kɔte bena, Yesu sia, si ke miawo mieklã ɖe ati ŋuti la, Mawu wɔe Aƒetɔ kple Kristo.” Amesiwo nɔ eteƒe bia be: “Ŋutsuwo kple nɔviwo! Nuka wɔ ge míala?” Petro ɖo eŋu bena: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woanyrɔe le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.” (Dɔw. 2:37, 38, NW) Le ŋkeke ma dzi eƒe nyaselawo dometɔ siwo ade 3,000, amesiwo dzi nya si wose wɔ dɔ ɖo vevie la, xɔ Yesu Kristo ŋuti nyateƒea.

Nu Vevi Siwo Anɔ Susu me na Wò. Ele be nya si nàgblɔ le etaƒoƒo me nawɔ ɖeka tẽ kple wò nuƒoa ƒe tanya. Ele be wòanye nya vevi siwo me nàdzro la taƒoƒo si me susu le. Togbɔ be àdi be yeade tanya la me nya vevi aɖewo eme hã la, nenye be nàgbugbɔ tanya la ayɔ pɛpɛpɛ loo alo màyɔe nenema o nye nusi ŋu wò ŋutɔ nàtso nya me le.

Zi geɖe wò taɖodzinu le nuƒo ƒoƒo ŋue nye be nàde dzi ƒo na amewo be woawɔ afɔɖeɖe aɖe le nya si nègblɔ na wo ta. Nyataƒonya ƒe taɖodzinu vevitɔwo dometɔ ɖekae nye be wòafia nusi woawɔ la wo. Esi nètia wò tanya kple nya veviawo la, ɖe nèbu nusita nyatia le vevie na wò nyaselawo kple nusi anye wò taɖodzinu le nuƒoa ƒoƒo me ŋu nyuiea? Ne èbu nusiawo ŋu la, ke ènya nusi nèdi be woawɔ. Azɔ ehiã be nàɖe nusi afɔɖeɖe ma nye la me kple ɖewohĩ alesi woawɔe.

Hekpe ɖe nusi wòle be wò nyaselawo nawɔ fiafia wo ŋu la, ele be wò nyataƒonya nade dzo wo me. Ele be susu nyui siwo ta woawɔ afɔɖeɖe ma kple ɖewohĩ viɖe siwo ado tso ewɔwɔ me nadze le eme. Ne èbu nyagbe mamlɛawo ŋu nyuie eye nètrɔ asi le eŋu alesi dze la, ana wò nuƒo bliboa nawɔ dɔ ɖe ame dzi geɖe wu.

Nenɔ susu me na wò be èle nuƒoa nu wum. Ele be nya si nàgblɔ naɖee afia nenema. Ele be alesi nàgblɔe ƒe tsɔtsɔme hã nasɔ ɖe enu. Mègaƒo nu kabakaba ʋuu va ɖo esime nuƒoa natɔ zi ɖeka kplo o. Le go bubu me la, mègana wò gbeɖiɖi naɖiɖi ʋuu ava tɔ hã o. Ele be wò gbeɖiɖia nasɔ gake menye be wòakɔ agbɔ eme o. Ele be wò nyagbe mamlɛ ʋɛawo nafia be nuƒoa le enu wum. Alesi nàgblɔ nya mawoe naɖe nyaa ƒe vevienyenye kple kakaɖedzi afia. Ne èle nuƒoa ƒoƒo me tom la, mègaŋlɔ nyataƒonya la sɔsrɔ̃ be o.

Aleke wòle be etaƒoƒoa ƒe didime nanɔ? Menye gaƒoɖokui dzi koŋ ye woanɔ te ɖo aɖo didime nɛ o. Mele be woanɔ etaƒoƒoa dzi ɣeyiɣi didi o. Dɔ si wòawɔ ɖe nyaselawo dzi la dzie woanɔ te ɖo anya didime si sɔ. Nyataƒonya si le bɔbɔe, si yi nyaa gbɔ tẽ, si de mɔkpɔkpɔ amewo me nye esi ŋu wokpɔa dzidzɔ ɖo ɣesiaɣi. Esi didi wu vie si me wowɔ kpɔɖeŋu kpui aɖe le hã ate ŋu awɔ dɔ ne wodzra ɖo ɖe eŋu nyuie. Tsɔ nyataƒonya kpui si le Nyagblɔla ƒe agbalẽ bliboa si, si dze le Nyagblɔla 12:13, 14, la sɔ kple Todzimawunya si le kpuie wu la ƒe nyataƒonya, si woŋlɔ ɖe Mateo 7:24-27.

Le Gbeadzi. Teƒe bubu aɖeke megali si nànɔ nya ta ƒom le wu gbeadzi o. Nu nyui geɖe ate ŋu ado tso eme ne èdzra ɖo nyuie eye nètsɔ ɖe le eme na amewo lɔlɔ̃tɔe. Àte ŋu awɔ ɖe aɖaŋu siwo woɖo le axa siwo do ŋgɔ dzi wòaɖe vi ne mi ame eve koe le dzea ɖom hã.

Dzeɖoɖo ate ŋu anɔ kpuie ŋutɔ. Ðewohĩ amea xaxa. Sasrãkpɔ bliboa ate ŋu axɔ abe aɖabaƒoƒo ɖeka ko ene. Ne asɔ la, wò nyawo ate ŋu ayi ale: “Mekpɔ be mèvo o. Gake na magblɔ nya dedziƒoname ɖeka aɖe na wò. Biblia ɖee fia be tameɖoɖo nyui aɖe le mía Wɔla si—be yeawɔ anyigba sia wòanye afisi amewo ase vivi na agbe le tegbee. Ehiã be míasrɔ̃ Mawu ƒe nudidiwo, bene míate ŋu anɔ Paradiso ma me.” Alo àte ŋu agblɔ be yeatrɔ ava le ɣeyiɣi si asɔ nɛ dzi.

Ne wotsi nya ɖe mía nu le esi aƒemenɔlaa megbɔ dzi ɖi o—alo esi wòdo dziku gɔ̃ hã—ta la, míate ŋu awɔ nusi ŋu viɖe anɔ kokoko. Na nuxlɔ̃ame si le Mateo 10:12, 13 kple Romatɔwo 12:17, 18 nanɔ susu me na wò. Wò nyaŋuɖoɖo fafɛ ate ŋu ana eƒe nukpɔsusu ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu natrɔ. Esia anye dzidzedzekpɔkpɔ nyui aɖe.

Le go bubu me la, anɔ eme be nèɖo dze kple aƒemenɔlaa wòdze edzi nyuie. Ke nukata màgbugbɔ ato nya vevi siwo nèdi be woatsi susu me nɛ la me kplii ake o? Gblɔ nya si aʋãe be wòawɔ ɖe edzi la kpee.

Ne èkpɔe be mɔnukpɔkpɔ li be miagayi dzeɖoɖoa dzi ɣebubuɣi la, gblɔ nya aɖe si ana amea nanɔ mɔ kpɔm na edziyiyi. Bia nya aɖe—ɖewohĩ nya aɖe si tso Reasoning From the Scriptures alo agbalẽ aɖe si wowɔ na aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ me. Na wò taɖodzinua, si Yesu gblɔ woŋlɔ ɖe Mateo 28:19, 20 la, nanɔ susu me na wò.

Aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ nu wumee nèlea? Tanya la yɔyɔ ake akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòaɖo ŋku nusiwo me miedzro dzi. Numetotobiabiawo zazã akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be nya veviawo natsi susu me nɛ, vevietɔ ne wogbɔ dzi ɖi ɖe numetotoa ŋu. Nyabiase aɖe tso alesi nyati si me miedzro ate ŋu aɖe vi na nusrɔ̃via alo alesi wòagblɔe na ame bubuwoe ŋu la akpe ɖe eŋu wòabu alesi wòawɔ nusi wòsrɔ̃ ŋudɔe.—Lod. 4:7.

Ðo ŋku edzi—wò nyataƒonya la kpɔa ŋusẽ ɖe numedzodzro bliboa ƒe dɔwɔwɔ ɖe ame dzi dzi.

ALESI NÀWƆE

  • Kpɔ egbɔ be wò nyataƒonya la wɔ ɖeka kple nya si me nèdzro va yi la tẽ.

  • Fia nyaselawo nusi woawɔ tso nya si wose ŋu.

  • Na nya si nàgblɔ kple alesi nàgblɔe naʋã wò nyaselawo.

DƆDASI: Dzra nyataƒonya eve ɖo na gbeadzisubɔsubɔdɔa: (1) le nya si nàgblɔ ne aƒemenɔlaa megbɔ dzi ɖi o eye ɣeyiɣi kpui aɖe koe li be nàƒo nu ŋu, kple (2) le nyabiase aɖe koŋ si nàgblẽ ɖi si me miava dzro ne ègatrɔ yi ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe