NUSƆSRƆ̃ 41
Egɔme Nanya Se Na Amewo
NE ÈLE nu ƒom la, mègana wòanye nyawo gbɔgblɔ na amewo ko o. Dze agbagba nàna nya si gblɔm nèle la gɔme nanya se na amesiwo le to ɖom. Esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu aƒo nu amewo nase egɔme nyuie, eɖanye hameae nèle nu ƒom na loo alo amesiwo menye Ðasefowo o ye o.
Nu geɖe ye nana nuƒo gɔme nya sena. Wodzro eƒe akpa aɖewo me le Nusɔsrɔ̃ 26 lia, si ƒe tanyae nye “Nyawo Ðoɖo Nyuie Egɔme Nanya Se” me. Bubuwo hã dze le Nusɔsrɔ̃ 30 lia me, le tanya si nye “Ðetsɔtsɔ Le Eme na Amewo” te. Míagadzro akpa vevi ʋɛ bubu aɖewo me akpee le nusrɔsrɔ̃ sia me.
Nya Siwo Le Bɔbɔe Kple Mɔnu si Le Bɔbɔe Zazã. Nya siwo le bɔbɔe kple nyagbe siwo le kpuie nye dɔwɔnu sẽŋuwo le nyagbɔgblɔ na ame me. Yesu ƒe Todzimawunya la nye nuƒo si gɔme amewo ate ŋu ase bɔbɔe, metsɔ le eme amesiwo wonye alo afisi wotso o, ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe. Anɔ eme be susu si wòɖe gblɔ nye nu yeye na ameawo ya. Ke hã woate ŋu ase nya siwo Yesu gblɔ la gɔme elabena eƒo nu tso nusiwo ka mí katã ŋu: alesi míawɔ akpɔ dzidzɔ, alesi míawɔ mía kple ame bubuwo dome ƒomedodo nanyo ɖe edzi, alesi míakpe akɔ kple dzimaɖitsitsii, kple alesi míawɔ aɖo ta le agbe me. Eye alesi wòɖe nyawo gblɔe la le bɔbɔe ale gbegbe. (Mat., ta 5-7) Nyateƒee, nyagbewo ƒe didime kple atsyã hamehamewo ƒe kpɔɖeŋu vovovo le Biblia me. Ele be wòanye wò taɖodzinu be yeagblɔ susuwo le mɔ si wo me akɔ eye wo gɔme nanya se nu.
Ne wò nuƒoa gɔmesese goglo hã la, egbɔgblɔ le mɔ si le bɔbɔe nu awɔe be egɔme nanya se. Aleke nàwɔ ana wòanɔ bɔbɔe? Mègatrɔ nya gbogbo siwo mehiã o kɔ ɖe wò nyaselawo dzi o. Trɔ asi le wò nyawo ŋu bene wòakpe wò nya veviawo ɖo. Tia mawunyakpukpui veviawo nyuie. Le esi nànɔ du ƒum tso mawunyakpukpui ɖeka dzi ayi bubu dzi teƒe la, xlẽ esiwo sɔ ko nàdzro wo me. Mègaƒo nu fũ ne susu nyuiawo nabu o.
Wɔ ɖe gɔmeɖose siawo ke dzi le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me. Mègate kpɔ be yeakɔ nyakui ɖesiaɖe me o. Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòase susu veviawo gɔme nyuie. Emegbe to eya ŋutɔ ƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ alo hamea ƒe kpekpewo dede me la, ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe akpee.
Ehiã dzadzraɖo nyuie be nàte ŋu agblɔ nyawo le mɔ bɔbɔe nu. Ele be wò ŋutɔ nàse nyatia gɔme nyuie hafi nàte ŋu aƒo nu le eŋu na ame bubuwo woawo hã nase egɔme. Ne èse nane gɔme vavã la, àte ŋu aɖe susu siwo ta nu ma le nɔnɔme aɖe me agblɔ. Àte ŋu aɖe eme hã le wò ŋutɔ wò nyawo me.
Ðe Nya Siwo Menye Amesiamee Se Wo Gɔme O la Me. Ɣeaɖewoɣi nana be nuwo gɔme nanya se bia be nàɖe nyagbɔgblɔ tɔxɛ aɖewo siwo gɔme amewo mase o la me na wò nyaselawo. Mègabui be sidzedze geɖe su wò nyaselawo si xoxo o, gake mègada woƒe nunyanya hã ɖe anyi o. Esi nèle Biblia srɔ̃m ta anɔ eme be àzã nyagbɔgblɔ aɖewo siwo ame bubuwo mese kpɔ o. Ne mètsɔ numeɖeɖe kpe ɖe wo ŋu o la, amesiwo menye Yehowa Ðasefowo o mase nyagbɔgblɔwo abe “amesiaminawo,” “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” “alẽ bubuawo,” kple “ameha gã” ene la gɔme be wofia amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖewo koŋ o. (Rom. 11:5; Mat. 24:45; Yoh. 10:16; Nyaɖ. 7:9) Nenema ke ne amea mele ha dem kple Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa o la, anɔ eme be mase nyagbɔgblɔ siwo nye “gbeƒãɖela,” “mɔɖela,” “nutome sue dzikpɔla,” kple “Ŋkuɖodzi” gɔme o.
Ðewohĩ ahiã be woana numeɖeɖe aɖe le Biblia me nyagbɔgblɔ aɖewo siwo ame geɖe siwo menye Ðasefowo o la zãna faa gɔ̃ hã ŋu. Ame geɖe bua “Harmagedon” be enye nukliaʋa ƒe ametsɔtsrɔ̃ gã aɖe. Wobua “Mawu ƒe Fiaɖuƒe” be enye nusi le amewo me alo be eyae nye dziƒo, ke womebunɛ dziɖuɖui o. Nuƒoƒo tso “luʋɔ” ŋu ana susu nava na amewo be enye amegbetɔ ƒe akpa si wobe enye gbɔgbɔ si dona le ŋutilã la ƒe ku megbe. Le nusi wofia ame miliɔn geɖewo ta la, wobua “gbɔgbɔ kɔkɔe” be enye ame, be enye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖe. Esi ame geɖe gblẽ Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti sewo ɖi keŋ ta la, ɖewohĩ woahiã kpekpeɖeŋu hafi woate ŋu ase nusi fiam Biblia le esi wògblɔ be, “Misi le ahasiwɔwɔ nu!” la gɔ̃ hã gɔme.—Kor. I, 6:18.
Ne ameawo menye amesiwo xlẽa Biblia edziedzi o la, woase egɔme bubui ne ègblɔ be, “Paulo ŋlɔ bena . . .” alo “Luka gblɔ be . . .” Anɔ eme be wo xɔlɔ̃wo alo ame nyanyɛ aɖewo tɔ ŋkɔ mawo. Ðewohĩ ahiã be nàtsɔ numekɔkɔ aɖewo akpee wòafia be amesi ŋu nèle nu ƒom le la nye Kristotɔ apostolo alo be enye Biblia ŋlɔla.
Egbegbe nyasela geɖe hiã kpekpeɖeŋu zi geɖe hafi woate ŋu ase ŋɔŋlɔ siwo ƒo nu tso alesi blematɔwo dzidzea nui kple alesi wowɔa nanewoe gɔme. Le kpɔɖeŋu me, ne ègblɔ be Noa ƒe aɖakaʋua ƒe didimee nye abɔklugui 300, eƒe kekeme nye abɔklugui 50, eye eƒe kɔkɔme nye abɔklugui 30 la, womanya nusi gblɔm nèle o. (Mose I, 6:15) Gake ne ètsɔ dzesidenu siwo le nutoa me ɖɔ dzidzeme mawo ke la, wò nyaselawo akpɔ aɖakaʋua ƒe lolome enumake le susu me.
Na Numeɖeɖe Siwo Hiã. Be nuwo gɔme nanya se na wò nyaselawo la, ɖewohĩ abia nu geɖe wu gɔmeɖeɖe si tututu le nyagbɔgblɔ aɖe si la gbɔgblɔ ko. Le Yerusalem le Ezra ƒe ŋkekeawo me la, wona numeɖeɖewo le Sea xexlẽ me. Bene ameawo nate ŋu ase Sea gɔme nyuie la, Lewi-viwo tsɔ emeɖeɖe kpakple alesi woawɔ edzii le nɔnɔme siwo dze ŋgɔ wo ɣemaɣi me la kpe ɖe eŋu na wo. (Nex. 8:8, 12) Le mɔ ma ke nu la, xɔ dzigbɔɖi nàɖe ŋɔŋlɔ siwo nèxlẽ la me eye nàfia alesi woawɔ wo ŋudɔe.
Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la, eɖe eme na eƒe nusrɔ̃lawo be nusi dzɔ va yi teti la nye Ŋɔŋlɔawo me vava. Ete gbe ɖe agbanɔamedzi si dze ŋgɔ wo esi wonye nu mawo teƒekpɔlawo la dzi. (Luka 24:44-48) Ne èkpe ɖe amewo ŋu wokpɔ alesi wòle be nusi wofia wo nakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzii dze sii la, woate ŋu ase nufiame si tututu le eme la gɔme bɔbɔe.
Alesi Dzi la Wɔa Akpa Aɖee. Enye nyateƒe be ne wò numeɖeɖeawo me kɔ hã la, nu bubuwo ate ŋu anɔ ŋusẽ kpɔm ɖe amea dzi be wòase egɔme loo alo mase egɔme o. Ne amea ƒe dzi ku atri la, enye mɔxenu nɛ be mase nya si gblɔm wole gɔme o. (Mat. 13:13-15) Le amesiwo ɖoe be yewoabu nuwo ŋu le ŋutilã nu dzaa ko gome la, gbɔgbɔmenuwo nye bometsinuwo na wo. (Kor. I, 2:14) Ne nɔnɔme siawo dze le ame aɖe me la, nunya anɔ eme be woatɔ numedzodzroa ɖe afima—fifia ya woatɔe ɖe afima gbɔ.
Ke hã le go aɖewo me la, agbe me nuteɖeamedzi sesẽwo tae dzia manɔ nyaa xɔm o ɖo. Ne wona mɔnukpɔkpɔ amesia ƒomevi wòyi edzi se Biblia me nyateƒea va de asi na ɣeyiɣi aɖe la, eƒe dzi ate ŋu ava xɔe. Esi Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be woaƒo ye eye woawu ye la, womese egɔme o. Nukatae? Esi menye nusiae wonɔ mɔ kpɔm na o eye menye aleae wodi be nuwo nayii hã kura o tae! (Luka 18:31-34) Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, apostolo mawo dometɔ 11 va se egɔme eye woɖee fia nenema to wɔwɔ ɖe nusi Yesu fia wo dzi me.
Dɔ si Kpɔɖeŋu Nyui Ðoɖo Wɔna. Menye míaƒe nyawo dzaa koe kpena ɖe amewo ŋu wosea nuwo gɔme o ke míaƒe nuwɔnawo hã wɔa akpa aɖe. Nusi dzi ame geɖe gblɔ be yewoɖo ŋkui le Fiaɖuƒe Akpata me vava zi gbãtɔ ŋu enye lɔlɔ̃ si woɖe fia, ke menye nya si wogblɔ o. Nenema ke dzidzɔ si míeɖena fiana hã kpe ɖe aƒemenɔla geɖe ŋu be wolɔ̃ faa be yewoase Biblia me nyateƒea. Ame aɖewo ƒo nya ta be Ðasefowoe nye subɔsubɔha vavãtɔ ne wokpɔ alesi Yehowa ƒe amewo ɖea lɔlɔ̃ fiana henyoa dɔme na wo nɔewo kpakple alesi woɖea ɖetsɔleme vavã fiaa ame bubuwo siaa le nɔnɔme sesẽwo me. Eyata esi nèle agbagba dzem be yeakpe ɖe amewo ŋu woase Biblia ƒe nyateƒea gɔme la, na wò susu nenɔ mɔ siwo dzi nàto aɖe nuwo me kpakple kpɔɖeŋu si nàɖo siaa ŋu.