INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/09 axa 1
  • Fia Nu Egɔme Nanya Se Bɔbɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fia Nu Egɔme Nanya Se Bɔbɔe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔnu Nyui Etɔ̃ Siwo Ŋu Dɔ Nàwɔ Be Wò Nufiafia Nanyo Ðe Edzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Srɔ̃ Nufiala Gã La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Egɔme Nanya Se Na Amewo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Fia Nu Kple Nugɔmesese Nàzã Nyaƒoɖeamenu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 5/09 axa 1

Fia Nu Egɔme Nanya Se Bɔbɔe

1. Nu kae nye nu vevi aɖe si nana wotea ŋu sea nu si fiam wole gɔme bɔbɔe?

1 Nu vevi si nana wotea ŋu sea nu si fiam wole gɔme bɔbɔe ye nye nya siwo gɔme nyaa sena bɔbɔe zazã. Ŋugbledede le ale si Nufiala Gã, Yesu, fia nui ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒe “nufiafiaɖaŋu” nanyo ɖe edzi.—2 Tim. 4:2; Yoh. 13:13.

2. Nu kawoe nufiafia egɔme nanya se bɔbɔe lɔ ɖe eme, eye dɔ kawoe nufiafia alea wɔna ɖe amewo dzi?

2 Zã Nya Siwo Gɔme Anya Se Bɔbɔe: Nyateƒenya siwo me goglo, siwo amegbetɔ gblɔ kpɔ la dometɔ aɖewoe nye esiwo dze le Todzimawunya la me, evɔ wogblɔ wo wo gɔme sese le bɔbɔe. (Mateo ta 5-7) Ameha siwo nɔ to ɖom Yesu la ‘lulu le ale si wòfia nui ta.’ Esia wɔ dɔ ɖe atikplɔtɔ siwo wodɔ be woaɖalée la dzi wogblɔ be: “Ame aɖeke meƒo nu alea kpɔ o.” (Mat. 7:28, 29; Yoh. 7:46) Mehiã be míazã nya gã nya gãwo, nya siwo gɔme sese sesẽ, alo kpɔɖeŋu legbeewo hafi amewo naka ɖe nyateƒe si fiam míele dzi bliboe o. Míate ŋu azã nya siwo amewo nya nyuie atsɔ aɖe nyateƒea me eme nakɔ.

3. Aleke wòate ŋu adzɔe be míatsɔ nufiafia ado agbae na míaƒe nyaselawo, eye alekee míate ŋu aƒo asa na esiae?

3 Bu Nusɔsrɔ̃a Ƒe Agbɔsɔsɔme Ŋu: Yesu bu eƒe nyaselawo ƒe ŋutete ŋu le nu agbɔsɔsɔme si wòate ŋu afia wo le ɣeyiɣi ɖeka me ŋu. (Yoh. 16:12) Ele be míanɔ ŋudzɔ ade dzesi nyaselawo ƒe ŋutete ahatrɔ asi le míaƒe nufiafiamɔnuwo ŋu, vevietɔ ne míele ɖase ɖim na ƒometɔwo, ɖetsɔlemetɔ yeyewo, alo ɖeviwo. Ele be míanɔ ŋudzɔ be míagatsɔ nyawo ado agbae na wo o, ne edze ƒãa be wole to ɖom nyuie gɔ̃ hã. Ke hã ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le adi be yewoayi edzi anɔ Yehowa, Mawu vavã la, ŋuti sidzedze xɔm.—Yoh. 17:3; 1 Kor. 3:6.

4. Nu ka tae wòɖea vi be míaƒe susu nanɔ nya veviawo dzi wu be míanɔ numeɖeɖe gbogbowo nam?

4 Wò Susu Nenɔ Nya Veviawo Dzi: Yesu mezã numeɖeɖe gbogbowo, siwo mehiã o tsɔ na nu si fiam wònɔ gɔme sese sesẽ na amewo o. Esime wògblɔ be: ‘Ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me ado go’ la, mehiã be wòana numeɖeɖe legbee tso etsɔmemɔkpɔkpɔ si asu ame siwo woafɔ ɖe tsitre si la ŋu ɣemaɣi o. (Yoh. 5:28, 29) Ne míele Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔm la, ele be míaƒe susu nanɔ nya veviawo dzi eye míaƒo asa na nuƒoƒo tso nya siwo mele vevie o eye womewɔ ɖeka kple nusɔsrɔ̃a o la ŋu.

5. Yayra kae asu mía si ne míefiaa nu egɔme nyaa sena bɔbɔe?

5 Aleke gbegbe wòdoa dzidzɔ na míi be Yehowa ɖe nu siwo katã wòle be míanya la me wo gɔme nya sena bɔbɔe enye esi! (Mat. 11:25) Mina míado vevie nu be míate ŋu afia nu egɔme nanya se bɔbɔe eye dzidzedzekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ƒe dzidzɔ nasu mía si.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe