Mɔnu Nyui Etɔ̃ Siwo Ŋu Dɔ Nàwɔ Be Wò Nufiafia Nanyo Ðe Edzi
1. Nu ka tae wòle be míadze agbagba ana míaƒe nufiafia nanyo ɖe edzi?
1 Kristotɔ gbeƒãɖelawo katã nye nufialawo. Eɖanye zi gbãtɔe míeyi aƒemenɔla aɖe gbɔ, alo tɔtrɔyi wɔm míele be míatu amea ƒe ɖetsɔleme ɖo, alo Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm míele o, míele nu fiam amewo. Eye nu siwo míefiaa amewo la menye nu dzro aɖewo ko o. Míele kpekpem ɖe wo ŋu be woanya “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo,” siwo ate ŋu ana woazu ‘nunyalawo hena ɖeɖekpɔkpɔ’ la nyuie. (2 Tim. 3:15) Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi! Mɔnu etɔ̃ siwo ana míaƒe nufiafia nanyo ɖe edzi lae nye esiwo gbɔna.
2. Aleke míate ŋu afia nu egɔme nanya se bɔbɔe?
2 Egɔme Nanya Se Bɔbɔe: Ne míese nyati aɖe gɔme nyuie la, ele bɔbɔe be míaŋlɔ ale si egɔmesese asesẽ na ame aɖe si menya naneke tso eŋu o la be. Eya ta ne èle Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm la, mègatsɔ nyatakaka bubu siwo mehiã hafi o la kpee o. Ke boŋ te gbe ɖe nyati veviawo dzi. Menye nuƒoƒo fũu ye fia be ame aɖe nye nufiala nyui o. (Lod. 10:19) Zi geɖe la, nu si le vevie wue nye be woaxlẽ mawunyakpukpui veviawo. Ne èxlẽ mawunyakpukpui aɖe vɔ la, he susu yi eƒe akpa si do ƒome kple nu si me dzrom miele la dzi. Nyateƒenya vevi geɖewo dze le Yesu ƒe Todzimawunya si woŋlɔ ɖe Mateo ta 5 va se ɖe 7 lia me, gake eƒe nufiafia gɔme sese le bɔbɔe eye meƒo nu fũu o.
3. Nu ka tae kpɔɖeŋuwo zazã le vevie, eye kpɔɖeŋu kawo ƒomeviwoe ɖea vi wu?
3 Kpɔɖeŋuwo: Kpɔɖeŋuwo naa ame bua tame, woʋãa ame, eye wokpena ɖe ame ŋu wòɖoa ŋku nya si wòse dzi. Mègasusui be ŋutinyagblɔla bibi aɖe wòle be nànye hafi ate ŋu awɔ kpɔɖeŋu nyuiwo o. Zi geɖe la, Yesu zã kpɔɖeŋu kpui siwo gɔme sese mesesẽ o. (Mat. 7:3-5; 18:2-4) Nutata ɖe pepa dzi atsɔ afia nui hã ɖea vi ŋutɔ. Ŋugbledede vi aɖe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàke ɖe kpɔɖeŋu nyuiwo ŋu.
4. Aleke míate ŋu awɔ nyabiasewo ŋu dɔ nyuie?
4 Nyabiasewo: Nyabiasewo wɔnɛ be wò nusrɔ̃via bua tame. Eya ta gbɔ dzi ɖi ne èbia nya aɖe vɔ. Ne èbia nya ko wò ŋutɔ ègaɖo eŋu enumake la, màte ŋu anya nu si tututu gɔme wò nusrɔ̃via se o. Ne meɖo nya ŋu nyuie o la, anyo wu be nàkpe ɖe eŋu kple nyabiase bubuwo be wòava na ŋuɖoɖo nyuitɔa mlɔeba, le esi teƒe be nàɖɔe ɖo ko evɔ. (Mat. 17:24-27) Nyateƒee wònye be mía dometɔ aɖeke menye nufiala deblibo o. Eya ta Biblia de dzi ƒo na mí be míalé ŋku ɖe míaƒe nufiafia ŋu ɣeawokatãɣi. Esia wɔwɔ ahe viɖe mavɔwo avae na mía kple ame siwo ɖoa to mí la siaa.—1 Tim. 4:16.