INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 8 axa 11
  • Kpɔɖeŋu Siwo Me Nufiame Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋu Siwo Me Nufiame Le
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ne Menye To Lododowo Me O La, Megblɔa Nya Aɖeke Na Wo O”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Fia Nu Kple Nugɔmesese Nàzã Nyaƒoɖeamenu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Srɔ̃ Nufiala Gã La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Wɔ Kpɔɖeŋu Siwo Aɖe Nya Veviawo Me
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 8 axa 11

NUSƆSRƆ̃ 8

Kpɔɖeŋu Siwo Me Nufiame Le

Mawunyakpukpui

Mateo 13:34, 35

NU SI NÀWƆ: Wɔ kpɔɖeŋu siwo gɔme sese le bɔbɔe, siwo sɔ na wò nyaselawo la ŋu dɔ nàtsɔ aɖe nya veviwo me be wò nufiafia nalé vi.

ALE SI NÀWƆE:

  • Zã kpɔɖeŋu siwo gɔme sese le bɔbɔe. Abe ale si Yesu wɔe ene la, wɔ nu siwo wò nyaselawo nya nyuie la ŋu dɔ nàtsɔ aɖe nyateƒenya veviwo me, eye nàzã nya siwo gɔme sese le bɔbɔe atsɔ aɖe nya goglowo me. Mègatsɔ nya siwo mehiã o la ade kpɔɖeŋua me ne egɔmesese nazu dɔ na wò nyaselawo o. Kpɔ egbɔ be kpɔɖeŋua me nya vovovoawo sɔ ɖe nu si fiam nèle la nu pɛpɛpɛ ale be nya siwo mesɔ ɖe enu o la nagahe nyaselawo ƒe susu o.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Lé ŋku ɖe nu ŋu. Tsɔ susu ɖo dzɔdzɔmenu siwo ƒo xlã wò la ŋu, srɔ̃ míaƒe agbalẽwo, eye nàlé to ɖe nufiala bibiwo ŋu. Esi nèle esia wɔm la, de dzesi kpɔɖeŋu siwo ŋu dɔ nàte ŋu awɔ be wò nufiafia naganyo ɖe edzi. Wɔ wo ŋuti nuŋlɔɖiwo da ɖi.

  • Bu nu si aɖe vi na wò nyaselawo ŋu. Zã kpɔɖeŋu siwo do ƒome kple nu siwo wò nyaselawo wɔna kple nu siwo me wotsɔ ɖe le. Ðɔ ŋu ɖo be kpɔɖeŋu siwo nàwɔ la nagawɔe be ŋu nakpe wò nyaselawo alo wòaɖia wo nu o.

  • Neku ɖe nya vevia ŋu. Kpɔɖeŋu siwo nàzã neku ɖe nya veviawo ŋu, ke menye nya kukluiwo ŋu o. Kpɔ egbɔ be menye kpɔɖeŋua dzi koe wò nyaselawo aɖo ŋkui o, ke woaɖo ŋku nufiamea hã dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe