INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 May axa 5
  • Wɔ Kpɔɖeŋu Siwo Aɖe Nya Veviawo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔ Kpɔɖeŋu Siwo Aɖe Nya Veviawo Me
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋu Siwo Me Nufiame Le
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Do Gbe Ða Na Yehowa Be Wòakpe Ðe Ŋuwò
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Kpɔ Dzidzɔ Geɖe Le Wò Subɔsubɔdɔa Me​—Zã Mawu Ƒe Nyaa
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Kpɔ Dzidzɔ Geɖe Le Wò Subɔsubɔdɔa Me—Bia Nyawo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 May axa 5
Nyɔnu aɖe kple vianyɔnuvi le ŋku lém ɖe xeviwo kple seƒoƒowo ŋu esime wonɔ to ɖom Yesu ƒe Todzimawunya.

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI | KPƆ DZIDZƆ GEÐE LE WÒ SUBƆSUBƆDƆA ME

Wɔ Kpɔɖeŋu Siwo Aɖe Nya Veviawo Me

Ne míele tɔtrɔyi alo Biblia nusɔsrɔ̃ wɔma, ele be míakpe ɖe amewo ŋu woase nya veviawo gɔme. Kpɔɖeŋuwo ate ŋu ana nyaa nawɔ dɔ ɖe wo dzi eye wòanɔ bɔbɔe na wo be woaɖo ŋku nya veviawo dzi.

Ne èle dzadzram ɖo ɖe tɔtrɔyi alo Biblia nusɔsrɔ̃ aɖe ŋua, di kpɔɖeŋu siwo aɖe nya veviawo koŋ me. Kpɔɖeŋuawo nenɔ bɔbɔe eye woaku ɖe nu siwo amewo wɔna gbe sia gbe ŋu. (Mt 5:14-16; Mr 2:21; Lk 14:7-11) Dze agbagba nàbu ame si ƒomevi amea nye kple dɔ siwo wòwɔna ŋu. (Lk 5:2-11; Yh 4:7-15) Ne èkpɔe be ese nufiame aɖe gɔme wòdo dzidzɔ nɛa, dzi adzɔ wò hã godoo.

MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE KPƆ DZIDZƆ LE NUSRƆ̃LAWƆWƆDƆA ME—NA WÒ NUFIAFIAÐAŊU NAGANYO ÐE EDZI—WƆ KPƆÐEŊU SIWO AÐE NYA VEVIAWO ME, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Foto si tso video si nye ‘Kpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me—Na Wò Nufiafiaɖaŋu Naganyo Ðe Edzi—Wɔ Kpɔɖeŋu Siwo Aɖe Nya Veviawo Me’ me. Dzidzɔ le nya aɖe biam Rut.

    Nu ka tae wòahiã be míakpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu woase mawunyakpukpuiwo gɔme?

  • Foto si tso video si nye ‘Kpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me—Na Wò Nufiafiaɖaŋu Naganyo Ðe Edzi—Wɔ Kpɔɖeŋu Siwo Aɖe Nya Veviawo Me’ me. Rut le kpɔɖeŋu aɖe wɔm na Dzidzɔ.

    Kpɔɖeŋu kae Rut wɔ tsɔ ɖe nya vevi si dze le Romatɔwo 5:12 me?

  • Foto si tso video si nye ‘Kpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me—Na Wò Nufiafiaɖaŋu Naganyo Ðe Edzi—Wɔ Kpɔɖeŋu Siwo Aɖe Nya Veviawo Me’ me. Rut le video aɖe ɖem na Dzidzɔ

    Kpɔɖeŋu nyuiwo dea dzi gbɔ na amewo

    Aleke kpɔɖeŋu nyuiwo ate ŋu aɖe vi na míaƒe nyaselawo?

  • Nu ka tae wòle be míazã videowo kple dɔwɔnu bubu siwo Yehowa ƒe habɔbɔa na mí la le nufiafiadɔa me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe